INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 19
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Sea Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã La Ƒe Ɣlidodowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mina Míaƒo Kpli Ado Yehowa Ƒe Ŋkɔ Ðe Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa, ‘Akɔfafawo Katã Ƒe Mawu’ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 19

Te Ðe Mawu Ŋu

Akɔfafa Na Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã

‘YEHOWA mate ŋu alɔ̃m gbeɖe o.’ Nya siae Kristotɔ nyɔnu aɖe si blanuiléledɔ ɖe fu na ƒe geɖe la gblɔ. Esusui be Yehowa le adzɔge tso ye gbɔ. Ðe Yehowa le adzɔge tso esubɔla siwo lé blanui la gbɔ vavã? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo si faa akɔ na ame la dze le nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã hakpala David wòŋlɔ ɖe Psalmo 34:19 lia me.

David nya ale si Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la sena le wo ɖokui me. David zu sisila esime wònye ɖekakpui, elabena Fia Saul ʋã ŋui heɖoe kplikpaa be yeawui, eya ta eti eyome vevie. David si yi futɔwo ƒe du Gat, si nye Filistitɔwo ƒe dugã aɖe la me, elabena esusui be mava ta me na Saul gbeɖe be wòadi ye le afi ma o. Ke esi futɔwo kpɔ David dze sii la, ebu eƒe agbe kloe, ke hã, edo tsu eɖokui, si wɔe be wòte ŋu do le wo si me. David da akpe na Mawu le ale si wòɖee ta, eye nu si me wòto la na wòkpa Psalmo 34 lia.

Ðe David xɔe se be Mawu le adzɔge tso ame siwo buna be yewomeɖi naneke le Mawu ŋkume o alo léa blanui le nɔnɔme sesẽwo ta la gbɔa? David ŋlɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Kpukpui 19) Na míakpɔ ale si nya siawo ate ŋu afa akɔ na mí ahana mɔkpɔkpɔ míi ɖa.

‘Yehowa tsɔ ɖe wo gbɔ.’ Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “nya siawo fia be Aƒetɔ la tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo, eƒe ŋku nɔa wo ŋu, eye ele klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe wo ŋu ahaɖe wo.” Enyanya be Yehowa léa ŋku ɖe eƒe amewo ŋu faa akɔ na mí. Enya nu siwo me tom wole le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me, eye wònya ale si wosena le wo ɖokui me le ememe.—2 Timoteo 3:1; Dɔwɔwɔwo 17:27.

“Ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu.” Le teƒe aɖewo la, nya “dzi gbã gudugudu” fia veve si ame aɖe ase ne elɔ̃ ame aɖe evɔ amea ya melɔ̃e o. Gake agbalẽnyala aɖe gblɔ be hakpalaa ƒe nya siawo he susu yi “nuxaxa kple konyifafa dzi geɖe wu.” Ɛ̃, Mawu subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã toa kuxi sesẽ siwo nana woƒe dzi gbana la me ɣeaɖewoɣi.

“Ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” Ame siwo ƒo dzi ɖe le la ate ŋu abui be yewomeɖi naneke kura o si ana be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wo keŋkeŋ. Biblia gɔme ɖelawo ƒe mɔfiagbalẽ aɖe gblɔ be nya sia ate ŋu afia “ame siwo mele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖeke o.”

Aleke Yehowa wɔa nu ɖe ame siwo ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” la ŋu? Ðe wònɔa adzɔge tso wo gbɔ hesenɛ le eɖokui me be medze be yealɔ̃ wo ahatsɔ ɖe le eme na wo oa? Kura o! Abe ale si dzila lɔ̃ame léa via si le veve sem la ɖe akɔnu hefaa akɔ nɛ ene la, Yehowa tsɔ ɖe esubɔla siwo yɔnɛ be wòakpe ɖe yewo ŋu la gbɔ. Edi vevie be yeafa akɔ na ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi siwo ƒe dzi gbã la ahafa dzi na wo. Ate ŋu ana wo nunya kple ŋusẽ si wohiã bene woate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si woado goe nu.—2 Korintotɔwo 4:7; Yakobo 1:5.

Ðe manyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ ale si nàwɔ ate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli oa? Mía Mawu si sea veve ɖe ame nu la do ŋugbe be: “Mele ame si wogbã gudugudu, kple ame si ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ ɖe anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame siwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.”—Yesaya 57:15.

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le June me:

◼ Psalmo 26-59

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe