INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/15 axa 20-21
  • ‘Mina Míatsɔ Nunanawo Vae Na Yehowa’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Mina Míatsɔ Nunanawo Vae Na Yehowa’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Dzi Kple Luʋɔ Ðeka’ Tsɔtsɔ Subɔ Mawui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nunana Dzidzɔtɔe Tso Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàna Nu Dɔmenyotɔe’ La Doa Dzidzɔ Na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Yehowa ƒe Yayra—Eyae Wɔa Ame Kesinɔtɔe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/15 axa 20-21

‘Mina Míatsɔ Nunanawo Vae Na Yehowa’

NE AME aɖe nyo dɔme na wò hena nane wò la, alekee nèɖea wò ŋudzedzekpɔkpɔ fianae? Bu ale si aʋakplɔla siwo nɔ Israel viwo dome la ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le aʋa aɖe si wowɔ kple Midiantɔwo megbe la ŋu kpɔ. Esi Israel viwo wɔ nu vɔ̃, le esi wosubɔ Baal-Peor ta, megbee wowɔ aʋa sia. Mawu na eƒe amewo ɖu aʋaa dzi, eyome woma aboyonuawo na asrafo 12,000 siwo de aʋa la kple Israel vi mamlɛawo. Le Yehowa ƒe mɔfiafia te la, asrafoawo tsɔ aboyonu siwo woxɔ la ƒe akpa aɖe na nunɔlawo, eye Israel vi bubuawo hã tsɔ wo tɔwo ƒe akpa aɖe na Lewi viwo nenema ke.—4 Mose 31:1-5, 25-30.

Ke hã, aʋakplɔlawo di be yewoana nu geɖe wu ema. Wogblɔ na Mose be: “Wò dɔlawo xlẽ aʋawɔla, siwo wode asi na mí la, eye wo dometɔ aɖeke meto le eme o.” Wotso nya me be yewoatsɔ sika kple atsyɔ̃ɖonu bubu vovovowo ana Yehowa. Sikanu siwo katã wona la ƒe kpekpeme wu kilogram 190.—4 Mose 31:49-54.

Egbea ame geɖe ƒe dzi ʋãa wo woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wo la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menye Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo koe ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ sia tɔgbi fiana o. Le kpɔɖeŋu me, bu ʋukula aɖe si kɔ nɔviwo yi dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Bologna, Italy, ƒe kamedefefewɔƒe la le ƒe 2009 me, eye wogakɔ wo gbɔe la ŋu kpɔ. Esi ʋukulaa ku ʋua ŋuɖɔɖotɔe eye wòɖe tufafa fia ta la, nɔvi siwo ɖo eƒe ʋua wɔ ɖoɖo ŋlɔ akpedalɛta aɖe si ŋu wotsɔ ga vi aɖe kple Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa kpe ɖo la nɛ. Esi nɔviawo ɖe afɔ sia la, ʋukulaa gblɔ be: “Enye dzidzɔ nam be maxɔ akpedalɛta la kple agbalẽa, ke hã, metrɔ le ga la tsɔm na mi, elabena medi be matsɔe adzɔ nui bene miate ŋu ayi dɔ si wɔm miele la dzi. Togbɔ be nyemenye Yehowa Ðasefo o hã la, medi be madzɔ nu sia, elabena mekpɔe be miewɔa nu le lɔlɔ̃ me.”

Ne èkpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na wò ŋu la, mɔ ɖeka aɖe si dzi nàto ada akpe nɛ ye nye be nàdzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefo le la ŋu. (Mat. 24:14) Àkpɔ mɔ siwo dzi ame aɖewo tona dzɔa nu la le aɖaka si le ete la me.

MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU

NUDZƆDZƆ HENA XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽe, alo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. (Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖo siwo dze le ete me la hã ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me.) Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woaɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watchtower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be wòazã ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe anae. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame alo nàzã telefonxexlẽdzesi si nye (718) 560-7500 atsɔ aƒo ka na dɔwɔƒea.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexe:

Ame ate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo be eyae woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe:

Ame ate ŋu ana Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania naxɔ ga si wòda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo; alo habɔbɔa naxɔ amea ƒe dzudzɔxɔxɔ le dɔ me ƒe ga esime amea gakpɔtɔ le agbe loo, alo le eƒe ku megbe, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo:

Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ alo woagblɔ be woaxee na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania le nudzɔlaa ƒe ku megbe.

Aƒewo Kple Anyigbawo:

Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu woɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be nunalaa nana alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me nanya hafi wòawɔ aƒe alo anyigba siawo tsɔtsɔ na ŋuti gbalẽwo.

Nunanaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe:

Nunanaɖoɖo sia nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo si le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo na ame si nunalaa tia la, ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunana la teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ:

Ame ate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wòwɔ le setɔwo gbɔ, dzi ana eƒe nunɔamesi alo ga nazu Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania tɔ le eƒe ku megbe, alo woate ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania wòanɔ ame siwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nu siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.

Abe ale si nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na ame siwo di be yewoado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa, to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi ame ate ŋu ato ana nu fifia alo awɔ ɖoɖo be woatsɔ yeƒe kesinɔnu aɖewo ana habɔbɔa le yeƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woawo ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu la ŋu, eye wokpɔ viɖe geɖe le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽe.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo me loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe