Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Nuwo Meyi Abe Ale Si Wòkpɔ Mɔe Ene O, Gake Edo Dzi
ALE si amewo le nu xam le Silo la te ɖe Samuel dzi. Edze abe dua me nyɔnuwo kple ɖeviwo katã le avi fam ene. Aƒe neni mee wole nyɔnuwo kple ɖeviwo ƒe avifafa sem le, esi wose be yewo fofowo, srɔ̃ŋutsuwo, viŋutsuwo, kple nɔviŋutsuwo matrɔ agbɔ ava aƒe o? Nu si míenya koe nye be Filistitɔwo wu Israel vi 4,000 le aʋa me, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wogasi wo vevie le aʋa bubu me, eye aʋawɔla 30,000 sɔŋ bu woƒe agbe.—1 Samuel 4:1, 2, 10.
Afɔku siwo dzɔ ɖe wo dzi la dometɔ ɖeka koe esia nye. Viŋutsu vɔ̃ɖi eve nɔ nunɔlagã Eli si, woƒe ŋkɔwoe nye Xofni kple Pinehas, eye wotsɔ nubablaɖaka kɔkɔe la tso Silo yi aʋagbedzii. Zi geɖe la, aɖaka vevi sia nɔa avɔgbadɔa, si nye gbedoxɔ si wotu wòle abe agbadɔ ene la, ƒe kɔkɔeƒea, eye wònyea dzesi be Mawu le wo dome. Dukɔa tsɔ Aɖakaa yi aʋagbedzi, elabena woble wo ɖokui henɔ esusum be anɔ abe akpoxɔnu ene na yewo, eye wòana woaɖu aʋa dzi. Gake Filistitɔwo xɔ Aɖakaa le wo si, eye wowu Xofni kple Pinehas.—1 Samuel 4:3-11.
Ƒe alafa geɖee nye ema Aɖakaa nɔ Silo, eye wònye bubu na dua me tɔwo. Gake, eyae nye ema wotsɔ dzoe. Esi Eli, si xɔ ƒe 98, se nya sia la, emu le eƒe zikpui dzi dze anyi ɖe megbe, eye wòku. Lɔ̃xoayɔvi zu ahosi gbe ma gbe ke, eye wòku esime wònɔ vi dzim. Hafi wòamia nu la, egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel.” Nya madzɔgbeɖee wònye dzɔ le Silo vavã.—1 Samuel 4:12-22.
Esi nuwo mele yiyim nyuie kura o alea ɖe, aleke Samuel awɔ anɔ te ɖe nɔnɔmea nu? Ðe xɔse si le esi la ate ŋu akpe ɖe dukɔ sia, si ŋu Yehowa megale ŋudzedze kpɔm ɖo o, eye megale wo ta kpɔm o la, ŋua? Egbea la, mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi, eye nuwo meyina abe ale si míekpɔ mɔ nɛ ene o, eye esia ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ. Eya ta na míakpɔ ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel gbɔ hã.
‘Edo Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Ðe Ŋgɔ’
Le afi sia la, Biblia megaƒo nu tso Samuel ŋu boo o, ke boŋ eƒo nu tso ale si Filistitɔwo tsɔ Aɖaka la dzoe, si wɔe be wokpe fu geɖe, eye wòƒoe ɖe wo nu wotrɔe gbɔe la ŋu. Esi Biblia gaƒo nu tso Samuel ŋu la, ƒe 20 va yi vɔ. (1 Samuel 7:2) Nu ka wɔm wònɔ le ƒe mawo me? Ŋuɖoɖoa dze le Biblia me.
Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia la, ‘Samuel ƒe nya dea Israel blibo la gbɔ.’ (1 Samuel 4:1) Nuŋlɔɖia ɖee fia be le ƒe mawo megbe la, Samuel tsana le Israel du etɔ̃ me ƒe sia ƒe ɖanɔa nyawo drɔ̃m henɔa masɔmasɔwo gbɔ kpɔm. Ne ewɔ vɔ la, etrɔna yia wo de, Rama. (1 Samuel 7:15-17) Edze ƒãa be dɔ geɖe nɔ Samuel dzi wònɔ wɔwɔm le ƒe 20 mawo me.
Eli viŋutsuawo ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ na amewo ƒe xɔse gbɔdzɔ. Edze abe le esia ta ame geɖe trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Ke hã, esi Samuel dze agbagba le wo ŋu ƒe 20 sɔŋ vɔ megbe la, egblɔ nya siawo na wo: “Ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu kple miaƒe dzi blibo la, ekema miɖe mawu bubuwo kple Astartewo ɖa le mia dome; mitsɔ miaƒe tame ɖo Yehowa ŋu, eye misubɔ eya ɖeɖeko, ne wòaɖe mi tso Filistitɔwo si me!”—1 Samuel 7:3.
‘Filistitɔwo ƒe asi’ sẽ ɖe dukɔ la dzi. Esi wònye be Filistitɔwo ƒe alɔ kpe Israel ƒe aʋakɔa dzi keŋkeŋ ta la, dzi ɖo wo ƒo be woate Mawu ƒe amewo ɖe anyi ale si dze wo ŋu. Gake Samuel ka ɖe edzi na wo be ne wogatrɔ ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ gbɔdzɔe. Ðe wolɔ̃ faa be yewoawɔ esia? Ɛ̃, woɖe woƒe mawuwo katã ɖa, eye “wosubɔ Yehowa ɖeɖeko,” eye esia dze Samuel ŋu ŋutɔ. Samuel na woƒo ƒu ɖe Mizpa, si le Yerusalem ƒe dziehe tonutowo me. Dukɔ la kpe ta, tsi nu dɔ, eye wotrɔ dzi me tso trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ geɖe si wonɔ wɔwɔm la me.—1 Samuel 7:4-6.
Ke hã, Filistitɔwo se be Israel vi gbogbo aɖewo kpe ta, eye wobui be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoaho ɖe wo ŋu. Woɖo woƒe asrafowo ɖe Mizpa be woadze Yehowa subɔla mawo dzi. Israel viwo se be Filistitɔwo gbɔna yewo dzi dze ge. Vɔvɔ̃ ɖo wo, eya ta wobia tso Samuel si be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta. Edo gbea ɖa, eye wòsa vɔ hã. Esi tadeagu ƒe wɔna vevi sia nɔ edzi yim la, Filisti ʋakɔa gogo Mizpa. Enumake Yehowa ɖo Samuel ƒe gbedodoɖaa ŋu. Yehowa na dzi ɖe gbe le eƒe dziku me. Nuŋlɔɖia gblɔ be eɖe “gbe sesĩe ɖe Filistitɔwo dzi gbemagbe.”—1 Samuel 7:7-10.
Ðe wòle be míasusui be Filistitɔ mawo le abe ɖevi sue siwo sina bena ɖe wo dada megbe le vɔvɔ̃ ta ne wose dziɖegbe ŋkɔa? Ao, ŋutsu siawo nye aʋawɔla sesẽwo kple kalẽtɔwo. Eya ta anye be dziɖegbe sia nye esi tɔgbi womese kpɔ o. Ale si gbegbe dzia ɖe gbe “sesĩe” la ko tae wovɔ̃ ɖoa? Ŋdɔkutsu dzatsɛe dzia ɖe gbea, alo ɖe ale si wose dziɖegbea ŋkɔ le towo dzi lae na wovɔ̃a? Aleke kee wòɖale o, ena Filistitɔ mawo tɔtɔ, eye ŋɔdzi lé wo ale gbegbe. Esi amedzidzela siawo tɔtɔ alea ta la, wova zu sisilawo boŋ. Israel ŋutsuwo lɔ hoo ti wo yome tso Mizpa, eye wowɔ aʋa kpli wo ɖu wo dzi hekplɔ wo ɖo agbadroƒe geɖe va se ɖe Yerusalem ƒe anyieheɣetoɖoƒe ke.—1 Samuel 7:11.
Aʋa vevi aɖee wònye wowɔ gbe ma gbe. Le ŋkeke siwo katã me Samuel nye ʋɔnudrɔ̃la la, Filistitɔwo nɔ tetem ɖa le Israel viwo ŋu. Mawu ƒe amewo va nɔ duwo xɔm le wo si ɖekaɖeka.—1 Samuel 7:13, 14.
Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo yɔ Samuel ŋkɔ kpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la kple nyagblɔɖila wɔnuteƒe siwo “do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔ” la ŋu. (Hebritɔwo 11:32, 33) Nyateƒee, Samuel kpe ɖe dukɔa ŋu wowɔ nu si dze Mawu ŋu. Ete ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu, elabena ekpɔ Yehowa sinu, eye wòganɔ eƒe dɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe, togbɔ be nu geɖe meyi edzi abe ale si wòkpɔ mɔ nɛ ene o. Eɖee fia be yekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖu aʋa dzi le Mizpa la, Samuel na wotu ŋkuɖodzikpe be woatsɔ aɖo ŋku ale si Yehowa ɖe eƒe amewoe la dzi.—1 Samuel 7:12.
Àdi be ye ŋutɔ hã ‘yeado nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ŋgɔa’? Ne nenemae la, anyo ŋutɔ be nàsrɔ̃ Samuel ƒe dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu ƒe nɔnɔmea. Ðe mía dometɔ aɖe li si mahiã be wòaɖe nɔnɔme siawo afia oa? Ede Samuel dzi be wòsrɔ̃ nɔnɔme siawo heɖe wo fia esime wònye ɖekakpui, elabena edo go dziɖeleameƒonya sesẽwo esi wòtsi.
“Viwòwo Mele Wò Ʋe Me Tom O”
Esi Biblia gaƒo nu tso Samuel ŋu la, ‘etsi’ ku amegã. Viŋutsuvi tsitsi eve nɔ Samuel si—Yoel kple Abiya. Ede dɔ asi na wo be woakpe ɖe ye ŋu le ʋɔnudrɔ̃nyawo me. Gake nublanuitɔe la, togbɔ be eka ɖe wo dzi hã, womewɔ nuteƒe o. Samuel ŋutɔ nye anukwareɖila kple nuteƒewɔla, gake viaŋutsuwo ya wɔ woƒe ɖoƒea ŋu dɔ tsɔ di wo ɖokui tɔ, eye wote nya dzɔdzɔe ɖe to hexɔ zãnu.—1 Samuel 8:1-3.
Gbe ɖeka Israel metsitsiwo va gblɔ nya aɖe, si te ɖe wo dzi la, na nyagblɔɖila tsitsi sia. Wogblɔ be: “Viwòwo mele wò ʋe me tom o.” (1 Samuel 8:4, 5) Ðe Samuel nya nu tso nya sia ŋu hafia? Biblia megblɔe o. Gake Samuel ya mele abe Eli ene o, menye vifofo si wɔa vi o. Yehowa ka mo na Eli, eye wòhe to nɛ le esi mewɔ naneke tsɔ ɖɔ viawo ƒe nu baɖa wɔwɔ ɖo o, eye wòde bubu viawo ŋu wu Mawu ta. (1 Samuel 2:27-29) Samuel meɖi fɔ le Yehowa ŋkume le nya sia me o.
Nuŋlɔɖia meƒo nu tso ale si nyaa dze ŋukpe dzi na Samuel vevie, ale si wòte ɖe edzi, alo ale si wòtsi dzimaɖii esi wòse nu tso viawo ƒe nu baɖa wɔwɔ ŋu o. Ke hã, dzila geɖe nya ale si Samuel anya se le eɖokui mee. Le egbexexe gblẽku sia me la, ale si ɖevi geɖewo megabua wo dzilawo ƒe tanyenye kple hehe ɖe ɖeke me o la, va nye nu si xɔ aƒe ɖi abe dɔvɔ̃ ene. (2 Timoteo 3:1-5) Dzila siwo le nɔnɔme sesẽ sia tɔgbi me tom la ate ŋu asrɔ̃ nu tso Samuel ƒe kpɔɖeŋua me, eye ate ŋu afa akɔ na wo hã. Meɖe mɔ viawo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo na wòtra ɖa le mɔ dzɔdzɔetɔ dzi vie gɔ̃ hã o. Ðo ŋku edzi be ne nyawo kple tohehe mete ŋu na ɖevi si sẽ dzi me la trɔ o gɔ̃ hã la, dzilawo ƒe kpɔɖeŋu gawɔa akpe vevi aɖe kokoko. Eye mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na dzilawo ŋutɔ hã be woadze wo Fofo Yehowa Mawu ŋu, abe ale si Samuel wɔe ene.
“Ðo Fia Na Mí”
Samuel vi ŋutsuwo menya nu si gbegbe woƒe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi nuwɔnawo agblẽ o. Israel metsitsiwo gblɔ na Samuel be: “Eya ta ɖo fia na mí, ame si adrɔ̃ ʋɔnu na mí, abe ale si wòle le dukɔwo katã dome ene!” Ðe woƒe nya sia ana Samuel nase le eɖokui me be wogbe yea? Ƒe geɖewoe nye ema Samuel le Yehowa teƒe le ʋɔnu drɔ̃m wo. Fifia wodi be yewoaɖo fia si anye yewoƒe ʋɔnudrɔ̃la, ke menye nyagblɔɖila tsɛ aɖe abe Samuel ene o. Fia nɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la si, eya ta Israel viwo hã di be fia nanɔ yewo si! Aleke Samuel se le eɖokui me? “Nya la medze Samuel ŋu o.”—1 Samuel 8:5, 6.
De dzesi nya si Yehowa gblɔ tsɔ ɖo eŋu na Samuel esi wòtsɔ nyaa ɖo Eŋkume le gbedodoɖa me: “Ðo to dukɔ la ƒe gbe le nu sia nu, si woagblɔ na wò la me; elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.” Nya siawo anya fa akɔ na Samuel, ke hã, dukɔ sia ƒe nuwɔna ɖee fia be womede bubu Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu kuraa o! Yehowa gblɔ na nyagblɔɖilaa be wòaxlɔ̃ nu Israel viwo ne woanya nu si gbegbe wòagblẽ le wo ŋu ne amegbetɔ ɖu fia ɖe wo dzi. Esi Samuel xlɔ̃ nu wo la, wote tɔ ɖe edzi be: “Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu.” Esi Samuel ɖoa to eƒe Mawu ɖaa ta la, eyi ɖasi ami na fia si Mawu tia la.—1 Samuel 8:7-19.
Ke aleke Samuel ɖo toe? Ðe wòte ɖe edzi, si na wòwɔ dɔa kple dzi afãafã? Togbɔ be menye aleae wòkpɔ mɔ be nuwo nanɔ o hã la, ɖe esia na wòlé dziku ɖe dɔ mea? Ame geɖe awɔ nu nenema, gake menɔ nenema le Samuel ya gome o. Esi ami na Saul, eye wòxɔe de eme be eyae nye ame si Yehowa ŋutɔ tia. Egbugbɔ nu na Saul, si fia be elɔ̃ ɖe edzi be eyae nye fia yeyea, eye be yeabɔbɔ ɖe ete. Azɔ egblɔ na dukɔ la be: “Miele ame si Yehowa tia na mi la kpɔma? Ame aɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o!”—1 Samuel 10:1, 24.
Samuel ƒe susu menɔ vodadawo dzi o, ke boŋ enɔ nɔnɔme nyui siwo le ame si Yehowa tia ŋu la ŋu. Ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la, eƒe susu nɔ ale si wòwɔ nuteƒe na Mawu tso ɣeaɖeɣi ke la dzi, eye meɖoe eɖokui dzi be yeadze Israel ƒe dzimevesusulawo ŋu o. (1 Samuel 12:1-4) Ewɔ nuteƒe le dɔ si Mawu de asi nɛ la hã me, enɔ nu xlɔ̃m Mawu ƒe amewo ku ɖe nu siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu, henɔ dzi dem ƒo na wo be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. Eƒe nuxlɔ̃amewo de dzi gbɔ na wo, eye woɖe kuku na Samuel be wòado gbe ɖa ɖe yewo ta. Ale si wòɖo eŋu na woe la wɔ dɔ ɖa ame dzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Nede megbe xaa tso nye hã gbɔnye, be matasi kukuɖeɖe ɖe mia ta, eye magbe mɔ nyui kple mɔ dzɔdzɔe fiafia mi ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu!”—1 Samuel 12:21-24.
Ðe wòdzɔ kpɔ be wòte ɖe dziwò esi wotsɔ ɖoƒe alo agbanɔamedzi aɖe de ame bubu sia? Samuel ƒe kpɔɖeŋua nye ŋkuɖodzinya vevi aɖe na mí be míagaʋã ŋu gbeɖe, alo ana ameléleɖedɔme naƒo ke ɖe to ɖe míaƒe dzi me o. Dɔ nyui geɖe, siwo naa dzidzeme ame la, le Mawu si na esubɔla wɔnuteƒewo katã.
“Ŋkeke Nenie Nànɔ Konyi Fam Le Saul . . . Ŋu?”
Samuel tɔ dzɔ be wòkpɔ nyui le Saul ŋu, elabena Saul nye ame ɖedzesi aɖe. Ekɔkɔ hedze ɖeka, enye kalẽtɔ, eye wòwɔa susu ŋu dɔ, ke hã, le gɔmedzedzea me la, ebɔbɔ eɖokui, eye mekpɔa eɖokui o. (1 Samuel 10:22, 23, 27) Nunana xɔasi aɖe hã nɔ esi kpe ɖe nunana mawo ŋu—eyae nye tiatiawɔblɔɖe, si fia be ate ŋu atia ale si wòdi be yeanɔ agbee, ahawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotsowo. (5 Mose 30:19) Ðe wòwɔ nunana ma ŋu dɔ nyuiea?
Nublanuitɔe la, ne wodo ame ɖe dzi wòkpɔ ŋusẽ la, zi geɖe la, ɖokuibɔbɔe nyea nɔnɔme gbãtɔ si ŋu wòɖea asi le. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, Saul de asi dada me. Esẽ to, esi Yehowa de se nɛ to Samuel dzi. Gbe ɖeka Saul mete ŋu lé eɖokui o, eye wòsa vɔ aɖe si Samuel koe nye ame si dze asae hafi. Eya ta Samuel gbe nya nɛ vevie, eye wògblɔe ɖi be woaxɔ fianyenye le Saul ƒe ƒomea si. Le esi teƒe be Saul nasrɔ̃ nu tso tohehe sia me la, eyi edzi sẽ to wu esia.—1 Samuel 13:8, 9, 13, 14.
To Samuel dzi la, Yehowa gblɔ na Saul be wòawɔ aʋa kple Amalekitɔwo. Yehowa gblɔ le mɔfiame si wòna Saul la me be wòawu fia vɔ̃ɖi, Agag. Ke hã, Saul na Agag tsi agbe, eye metsrɔ̃ aboyonuawo ƒe nu nyuitɔwo hã o. Esi Samuel va be yeagbe nya nɛ la, Saul ɖee fia be yetrɔ keŋ vavã. Le esi teƒe be wòabɔbɔ eɖokui woagbe nya nɛ la, eɖe eɖokui nu, edo taflatse, ede axa nyaa, eye wòte kpɔ be yeada fɔbubua ɖe dukɔa dzi. Esi Samuel nɔ nya gbem na Saul, eye wòte kpɔ be yeaɖe ye ɖokui nu hegblɔ be ɖe yewodi be yewoatsɔ aboyonuawo ƒe ɖe asɔ vɔe na Yehowa la, Samuel gblɔ nya nyanyɛ siawo bena: “Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa.” Samuel ka mo na Saul dzinɔameƒotɔe, eye wògblɔ Yehowa ƒe afiatsotso nɛ: Woaxɔ fiaɖuɖua le Saul si, eye woatsɔe ana ame bubu, si nyo wui.—1 Samuel 15:1-33.
Ale si Saul do kpo nui la te ɖe Samuel dzi vevie. Enɔ avi fam na Yehowa le nya sia ŋu zã bliboa. Efa konyi le Saul ŋu gɔ̃ hã. Samuel de dzesii tsã be ŋutete kple nɔnɔme nyui geɖe le Saul si, ke azɔ la, nu siwo wònɔ mɔ kpɔm na la meva eme kura o. Meganye ame si wònye tsã o, eɖe asi le eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu, eye wòtsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Samuel gbe be yemagakpɔ Saul ŋkume azɔ o. Gake eva hiã be Yehowa naɖɔ Samuel ƒe nukpɔsusu ɖo lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ nɛ be: “Ŋkeke nenie nànɔ konyi fam le Saul, ame si megbe be, megaɖu fia ɖe Israel dzi o la ŋu? De ami wò lãdzo la me, eye nayi; kpɔ ɖa, mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.”—1 Samuel 15:34, 35; 16:1.
Be Yehowa ƒe tameɖoɖo nava eme la, menye amegbetɔ madeblibowo, siwo ƒe nuteƒewɔwɔ melia ke, dzie wòanɔ te ɖo o. Ne ame aɖe mewɔ nuteƒe o la, Yehowa atia ame bubu be wòawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta Samuel dzudzɔ konyifafa le Saul ŋu. Yehowa dɔ Samuel ɖe Isai ƒe me le Betlexem, afi si wòkpɔ viaŋutsu dzeɖekɛwo le. Tso gbãtɔ dzi la, Yehowa ɖo ŋku edzi na Samuel be: “Mègakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o . . . Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (1 Samuel 16:7, 8) Mlɔeba wokplɔ ɖevitɔ vae na Samuel, ko wòzu be eyae Yehowa tia—eyae nye David!
Le Samuel ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, eva kpɔ ale si Yehowa tɔ dzɔ be wòtia David ɖe Saul teƒe la dze sii kɔtɛ. Saul va zu ŋuʋãla, si na be wòdi be yeawu David, eye wòzu xɔsegbela hã. Ke David ya ɖe nɔnɔme nyuiwo abe kalẽ, fɔmaɖimaɖi, xɔse, kple nuteƒewɔwɔ ene fia. Esi Samuel ƒe kuɣi nɔ gogom gɔ̃ hã la, eƒe xɔse ganɔ sesẽm ɖe edzi. Ede dzesii be dziɖeleameƒonya aɖeke meli si gbɔ Yehowa mate ŋu akpɔ, alo aɖɔ ɖo o, eye be kura gɔ̃ hã, ate ŋu atrɔe wòazu yayra. Mlɔeba Samuel ku. Le eƒe agbenɔƒe siwo ade ƒe alafa ɖeka kloe me la, eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi wòɖe dzesi. Mewɔ nuku o be Israel blibo la fa na ŋutsu nuteƒewɔla sia! Egbea hã, anyo ŋutɔ be Yehowa subɔlawo nabia wo ɖokui be, ‘Ðe nye hã masrɔ̃ Samuel ƒe xɔsea?’
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Nu kae Samuel awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ƒe ƒometɔwo ku, eye dzi ɖe le wo ƒo la ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Samuel viŋutsuwo mewɔ nuteƒe o, aleke Samuel awɔ anɔ te ɖe dziɖeleameƒonya sia nu?