INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/1 axa 10-13
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia La Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/1 axa 10-13

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

ALEKE nyɔnu aɖe si dzraa aha le ahanoƒe, eye wòdzua ame, noa aha tsu hezãa atike vɔ̃ɖiwo la wɔ va trɔ eƒe agbenɔnɔ? Nu kae na ame aɖe si nye dunyahela tsã, eye melɔ̃na kura be yeade nu subɔsubɔnyawo me o la, wɔ va zu Mawu subɔla? Esi Russia ŋutsu aɖe si fiaa kpovitɔwo ale si woalé avui ne ʋunyaʋunya dzɔ la nɔ didim be yeazu Yehowa Ðasefo la, kuxi kawoe dze ŋgɔe? Xlẽ ame siawo ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Fifia mía kple danye dome le nyuie.”—NATALIE HAM

ƑE SI ME WODZII: 1965

DUKƆ SI ME WÒTSO: AUSTRALIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ATIKE VƆ̃ÐI ZÃLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Robe, si nye du sue aɖe le South Australia, si me tɔ akpa gãtɔ nye tɔƒodelawo la mee menɔ tsi. Le nuto mawo me la, amedzrodzeƒea ye nye afi si ame akpa gãtɔ va bɔa ha le. Dzilawo gblẽa ɣeyiɣi geɖe le amedzrodzeƒea, eya ta wo viwo tsina le afi si aha tsu nono, nya madzetowo gbɔgblɔ, kple atamanono yia edzi le.

Mete atamanono esi mexɔ ƒe 12, medzua ame ŋutɔ, eye menɔa dzre dzi kple danye gbe sia gbe. Esi mexɔ ƒe 15 la, dzinyelawo dome klã, eye ƒe ɖeka kple afa megbe la, meʋu le aƒe me. Meƒo ɖokuinye ɖe aha tsu nono, atike vɔ̃ɖi zazã, kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Dzi nɔ kuyem, eye metɔtɔ. Ke hã, esi wònye be metsɔ ƒe atɔ̃ srɔ̃ kɔdada kple ale si nyɔnuwo aʋli wo ɖokui tae ta la, mesusui be nye ŋutɔ mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi. Gake ne nye ɖeɖe meli, eye meyi ŋugble me la, mexaa nu, eye medoa gbe ɖa na Mawu hebianɛ be wòakpe ɖe ŋunye. Ke megblɔna kpee be, “Ðeko mègagblɔ nam be mayi sɔleme o.”

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, xɔ̃nye aɖe si doa vevie mawusubusubɔ gake medea sɔleme aɖeke o la, nam Biblia. Eya hã zãa atike vɔ̃ɖiwo, abe mía xɔlɔ̃ bubuawo ke ene. Ke hã, eka ɖe edzi vevie be yexɔ Mawu dzi se, eye wòna mese egɔme be ele be maxɔ nyɔnyrɔ. Ekplɔm yi ta aɖe to le nutoa me, eye wònyrɔm. Tso ekema dzi la, mese le ɖokuinye me be mele ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Mawu. Ke hã, nyemekpɔ vovo xlẽ Biblia ya kpɔ o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ƒe 1988 me la, Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nam. Wo dometɔ ɖeka biam be, “Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?” Ðasefoa xlẽ Psalmo 83:19 le eƒe Biblia me. Afi ma gblɔ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” Nyaa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ! Esi wodzo la, meku ʋu kilometa 56 yi afi si wodzraa Kristotɔwo ƒe agbalẽwo le, be maɖadi ale si Biblia bubuwo ɖe kpukpui ma gɔmee, eye medi ŋkɔa le nyagɔmeɖegbalẽ aɖe me. Esi meva ka ɖe edzi azɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, ena mekpɔe be nu geɖe li nyemenya o.

Do ŋgɔ la, danye gblɔ nam be Yehowa Ðasefowo ƒe nuwɔna to mɔ bubu kura. Togbɔ be nyemenya nu boo tso wo ŋu o hã la, mesusui be wonye tsigãdzitɔwo, eye womenya ale si woɖua agbee o. Meɖoe be ne wogava la, mabe ɖe wo. Ke hã, esi wova la, nye susu trɔ. Mexɔ wo, eye enumake míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Ɣesiaɣi si míesrɔ̃ nu vɔ la, megblɔa nu siwo mesrɔ̃ la na nye ahiãvi Craig. Gbe ɖeka dzi kui, eye wòdu nusrɔ̃gbalẽa le asinye hedze exexlẽ gɔme. Le kwasiɖa etɔ̃ pɛ ko me la, ekpɔe dze sii be yeke ɖe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la ŋu. Mlɔeba mía kple Craig míedzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã kple aha tsu nono, eye medzudzɔ dɔwɔwɔ le ahadzraƒea. Míeva tso nya me be míaɖe mía nɔewo bene míaƒe agbe nasɔ ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Hafi Yehowa Ðasefowo nate Biblia sɔsrɔ̃ kpli mí la, nu vi aɖe koe susɔ mía kple Craig míaklã tso mía nɔewo gbɔ. Gake egbea Craig nye srɔ̃ŋutsu nyui aɖe nam, eye viŋutsu dzeɖekɛ eve le mía si. Xɔlɔ̃ nyuiwo hã le mía si, eye mía kpli wo ƒe dzixɔsewo le ɖeka.

Gbã la, danye do dziku be mele ha dem kple Yehowa Ðasefowo. Ke hã, nanewo gɔme masemasee na wòtsi dzi. Fifia mía kple danye dome le nyuie. Nyemegasena le ɖokuinye me be nane bu ɖem le agbe me o. Menya ale si manɔ agbee azɔ, taɖodzinu le nye agbe ŋu, eye nu siwo hiã be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome la le asinye sum.—Mateo 5:3.

“Mesrɔ̃ nu geɖe le Biblia me siwo wɔ nuku nam.”—ISAKALA PAENIU

ƑE SI ME WODZII: 1939

DUKƆ SI ME WÒTSO: TUVALU

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: DUNYAHELA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Pasifik ƒukpo dzeani aɖe si ŋkɔe nye Nukulaelae, si nye Tuvalu ƒe akpa aɖe fifia la dzi. Nunɔla siwo xɔ subɔsubɔ ƒe hehe le suku aɖe le Samoa lae kpɔ ŋusẽ ɖe ƒukpoawo dzi nɔlawo dzi. Woƒe agbae wònye be woanyi nunɔlawo kple woƒe ƒomewo gbe sia gbe, ana xɔ wo, eye kura gɔ̃ hã, be woatsɔ nu sia nu si le wo si la ƒe nyuitɔ kekeake ana woamawo. Ne nuɖuɖu si le woawo ŋutɔwo ƒe ƒomewo si masu na wo o gɔ̃ hã la, enɔ na wo be woakpɔ nunɔlawo dzi.

Nunɔla si nɔ míaƒe ƒukpoa dzi lae nye sukutatɔ le kɔƒea me, eye wòfiana mawusɔbɔsubɔ, akɔnta, kple anyigbaŋutinunya. Meɖo ŋku edzi be nunɔlaa tea ŋu ƒoa sukuviwo vevie ale gbegbe be wo ŋuti katã ƒoa ʋu. Ke hã, atse meble ame aɖeke be wòake nu o, ɖeviawo dzilawo gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o. Wodea bubu nunɔlaa ŋu abe ɖe wònye Mawu ene.

Esi mexɔ ƒe ewo la, meʋu le aƒe me be made dziɖuɖusuku ɖeka kolia si nɔ nutoa me, si nɔ ƒukpo bubu dzi la. Esi mewu sukua nu la, meva nɔ dziɖuɖudɔ wɔm. Ɣemaɣi la, ƒukpoawo nye nuto, si woyɔna be Gilbert and Ellice Islands, si nɔ Britain ƒe dziɖuɖu te la ƒe akpa aɖe. Mewɔ dɔ le dziɖuɖudɔwɔƒea ƒe akpa vovovowo va se ɖe esime mezu agbalẽ me tola le dziɖuɖua ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe taƒe. Nuwo nɔ afɔ tsɔm nyuie va se ɖe esime mena wota lɛta si nuxlẽla aɖe ŋlɔ tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe ale si wonɔ ga zãm ɖe Britain fiaƒomea me tɔ aɖe (Prince of Wales) ƒe vava ŋu la ŋuti. Lɛtaa ŋlɔla mezã eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o, eye nye amegã di tso asinye be mayɔ amea ƒe ŋkɔ na ye. Megbe, eye wòva zu nya gã si ŋu nya ame geɖewo se nu tsoe.

Ema megbe kpuie la, meɖe asi le dɔ ŋu le dziɖuɖudɔwɔƒea heƒo ɖokuinye ɖe dunyahehe me. Meɖu dzi le akɔdada aɖe me le Nukulaelae hezu Asitsatsa Kple Dzɔdzɔmenuwo Ƒe Dudɔnunɔla. Emegbe esi ame siwo le Kiribati (si woyɔna tsã be Gilbert) kple Tuvalu (si woyɔna tsã be Ellice) ƒukpowo dzi la nɔ ɖokuisinɔnɔ xɔm tso Britain si la, nutoa dzi ɖula di be yeaɖom Tuvalu ƒe tatɔe. Ke hã, nyemedi be kadodo aɖeke nanɔ mía kple Britain dziɖuɖua dome o. Eya ta megbe ɖoƒea xɔxɔ, eye togbɔ esia wɔe be womeda megbe nam o hã la, menɔ ame siwo di be woada akɔ na yewo la dome, bene maxɔ ɖoƒe si kɔkɔ wu le dziɖuɖua me. Gake nyemeɖu dzi o. Ema yome, mía kple srɔ̃nye míetrɔ yi ƒukpo si dzi metso la heɖoe be manɔ agbe abe kɔƒea me tɔwo ke ene.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Kwasiɖagbee nye Sabat na ƒukpoa dzi nɔlawo, eye ame sia ame bunɛ ŋkeke kɔkɔe, negbe nye ko. Ŋkeke ma dzie meyia tɔ dzi heɖea lã. Nyemedi be woabum be menye mawusubɔla o. Fofonye na menya be nye nuwɔnawo medo dzidzɔ na ye kple ame bubuwo kura o. Ke hã, meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ sɔlemea nakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye o.

Gbe ɖeka esi megayi Funafuti, si nye ƒukpo si dzi Tuvalu ƒe fiadua le dzi la, nye tsea kpem be mava míade Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe. Emegbe Ðasefo aɖe nam Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine gbogbo aɖewo be maxlẽ. Enam agbalẽ aɖe hã, si klo nu le nufiafia siwo dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me, siwo sɔleme geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye, fiana la dzi. Mexlẽ agbalẽ ma zi gbɔ zi geɖe. Mesrɔ̃ nu geɖe le Biblia me siwo wɔ nuku nam, eye nyateƒenya si nye be mele be Kristotɔwo nalé kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat ɖoɖoa me ɖe asi o la hã le eme.a Esi meƒo nu tso nu siawo ŋu na srɔ̃nye la, edzudzɔ sɔlemedede enumake.

Gake nya lae nye be meɖoe kplikpaa be nyemanɔ subɔsubɔha aɖeke me o. Ƒe eve kloe va yi, gake nu siwo mesrɔ̃ la gakpɔtɔ nɔ susu me nam. Mlɔeba meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dutanyanyuigblɔla si le Funafuti la, hegblɔ nɛ be medi be mawɔ tɔtrɔ azɔ. Enumake eɖo tɔdziʋu va gbɔnye va kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me. Dzi ku fofonye vevie esi wòse be medi be mazu Yehowa Ðasefo. Ke hã, megblɔ nɛ be mesrɔ̃ nu geɖe le Biblia me tso Ðasefowo gbɔ ale gbegbe be nye susu mate ŋu atrɔ o.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Le ƒe 1986 me la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo, eye ƒe ɖeka megbe la, srɔ̃nye hã xɔ nyɔnyrɔ. Mía vinyɔnuvi eveawo hã srɔ̃ Biblia, eye wotso nya me be yewoazu Yehowa Ðasefowo.

Fifia dzi le dzɔyem be mele subɔsubɔha si me womedea vovototo nunɔlawo kple hameviwo dome o, abe ale si wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo gome ene, la me. (Mateo 23:8-12) Wobɔbɔa wo ɖokui srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu, eye woɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. (Mateo 4:17) Meda akpe na Yehowa Mawu ŋutɔ be eɖe mɔ nam mesrɔ̃ nyateƒea ku ɖe eya amea kple eƒe amewo ŋu!

“Ðasefowo mezi woƒe dzixɔsewo ɖe dzinye o.”—ALEXANDER SOSKOV

ƑE SI ME WODZII: 1971

DUKƆ SI ME WÒTSO: RUSSIA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: KPOVITƆWO ƑE NUFIALA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Moscow, si nye Soviet Union ƒe fiadu ɣemaɣi. Míaƒe ƒomea nɔ dziƒoxɔ gã aɖe si me xɔhayala geɖe nɔ la me, eye aƒelikawo dometɔ geɖe wɔa dɔ le adzɔnuwɔƒe aɖe. Meɖo ŋku edzi be aƒelikawo nɔ gbɔgblɔm be menye ɖevi si medzea kɔ anyi o, eya ta maku kaba alo be woalém ade mɔ. Eye eva eme nenema hã. Esi mexɔ ƒe ewo la, medze nya me le kpovitɔwo gbɔ.

Esi mexɔ ƒe 18 la, wozi dzinye de asrafoha me, eye meva zu deŋudzɔla. Le ƒe eve megbe la metrɔ yi aƒe, eye meva wɔ dɔ le adzɔnuwɔƒe aɖe, gake dɔa va tim. Eya ta, meva ge ɖe Moscow kpovitɔwo ƒe hatsotso aɖe me, eye mefiaa kpovitɔwo ale si woalé avui. Nye hã menɔa eme míeléa nu vlo wɔlawo le Moscow, eye mezɔa mɔ yia teƒe siwo ʋunyaʋunya le le dukɔa me. Nye mo medze anyi kura o. Ɣeaɖewoɣi ne megbɔ va aƒe me la, mía kple srɔ̃nye míemlɔa aba ɖeka dzi o, elabena mevɔ̃na be mava wɔ nuvevii le alɔ̃ me.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Esi Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim la, meva dze sii be ale si mewɔa anyranu la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o. Meva kpɔe hã be ele be madzudzɔ atamanono, eye maɖu ɖokuinye dzi le ahanono me. Ke hã, menɔ esusum be nyemate ŋu aɖe asi le dɔ si wɔm menɔ ŋu o, le esi nyemesrɔ̃ dɔ bubu aɖeke si mawɔ atsɔ akpɔ nye ƒomea dzi o ta. Azɔ hã mese le ɖokuinye me be manya wɔ gbeɖe be manɔ gbeƒã ɖem abe ale si Ðasefowo wɔnɛ ene o.

Mlɔeba meva ka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe. Nya siwo le Xezekiel 18:21, 22 la fa akɔ nam. Afi ma gblɔ be: ‘Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nu vɔ̃, siwo katã wòwɔna me la, womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o.’

Edzɔ dzi nam be Ðasefowo mezi woƒe dzixɔsewo ɖe dzinye o, ke boŋ wonɔ te ɖe nu si srɔ̃m mele dzi ɖe susu kplim. Metsɔ woƒe magazine 40 alo esi wu ema hexlẽ wo le kwasiɖa etɔ̃ me. Nu siwo mesrɔ̃ la na meka ɖe edzi be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Hafi madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, mía kple srɔ̃nye míede mía nɔewo gbe ge kloe. Fifia nuwo nyo wu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Esi mete Biblia sɔsrɔ̃ la, srɔ̃nye va wɔ ɖeka kplim le esɔsrɔ̃ me, eye míetso nya me be míasubɔ Yehowa ɖekae. Fifia nye ƒomea le dzidzɔ geɖe wu kpɔm. Mete ŋu va kpɔ dɔ aɖe si metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

Zi gbãtɔ si medze aƒe me yi aƒe me dɔa gɔme la, metsia mavomavo abe ale si ko mesena le ɖokuinye me ne meyina avu lé ge le afi si ʋunyaʋunya le la ene. Gake fifia meka ɖe edzi be mate ŋu alé ɖokuinye kpoo, ne ame aɖe di ge le ŋunye gɔ̃ hã. Ete ɖe dzinye be megblẽ ɣeyiɣi geɖe le agbe me, gake fifia mele nu siwo ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ le agbe me la wɔm. Edzɔa dzi nam be matsɔ nye ŋusẽ katã asubɔ Yehowa Mawu ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne àdi be yeaxlẽ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ðe Wòle Be Míalé Sabat Ðoɖoa Me Ðe Asia?” le Gbetakpɔxɔ, February 1, 2010 me, axa 11-15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe