INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/15 axa 21-23
  • “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ŋutɔ Tia Ame Si Aɖu Fia
  • Saul Ƒe Kalẽwɔwɔ
  • ‘Èwɔ Bometsinu!’
  • Yehowa Gbe Saul
  • Saul—Israel Fia Gbãtɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Israel-fia Gbãtɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yesu Tia Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • David Kple Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/15 axa 21-23

“Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”

SAUL ye nye Israel fia gbãtɔ. Togbɔ be Mawu vavã la ŋutɔe tiae hã la, Saul va gbe toɖoɖoe mlɔeba.

Nu gbegblẽ kawoe Saul wɔ? Ðe wòanye be ate ŋu aƒo asa na wo hafia? Viɖe kae míate ŋu akpɔ tso eƒe kpɔɖeŋua me dzodzro me?

Yehowa Ŋutɔ Tia Ame Si Aɖu Fia

Hafi Saul nava zu fia la, nyagblɔɖila Samuel nɔ subɔsubɔm abe Mawu ƒe teƒenɔla ene le Israel. Fifia, Samuel ku amegã, eye viawo menɔ eƒe ʋe me o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, futɔwo nɔ ŋɔdzi dom na dukɔa. Esi Israel ame tsitsiwo bia Samuel be wòaɖo fia si adrɔ̃ ʋɔnu na yewo ahaxɔ ŋgɔ na yewo le aʋa me la, Yehowa fia mɔ eƒe nyagblɔɖila la be wòasi ami na Saul wòazu amegã eye wògblɔ be: ‘Eya naɖe nye dukɔ tso Filistitɔwo si me.’—1 Sam. 8:4-7, 20; 9:16.

Saul ‘nye ɖekakpui eye wòdze ɖeka ŋutɔ.’ Nɔnɔme nyui bubuwo ganɔ esi to vovo na eƒe ɖekadzedze la. Ebɔbɔa eɖokui. Le kpɔɖeŋu me, Saul bia Samuel be: ‘Ðe menye Benyamintɔ menye tso Israel ƒe to suetɔ me, eye nye ƒome enye gblɔetɔ le Benyamin-to la ƒe ƒomeawo me oa? Nya ka enye esi gblɔm nèle nam?’ Togbɔ be Saul fofoe nye Kis eye ‘alɔme le esi’ kura gɔ̃ hã la, nukpɔsusu si sɔ nɔ esi ku ɖe eɖokui kple eƒe ƒomea ŋu.—1 Sam. 9:1, 2, 21.

Bu ale si Saul wɔ nui esi Samuel ɖe ame si Yehowa tia be wòanye Israel fia la gblɔ le dutoƒo la hã ŋu kpɔ. Gbã la, Samuel si ami na Saul le dukɔa ƒe manyamanya me eye wògblɔ nɛ be: ‘Wɔ nu si tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!’ Le esia megbe la, nyagblɔɖilaa na dukɔ la ƒo ƒu ɖekae be yeana woanya ame si Yehowa tia. Gake esi wodi Saul la, womekpɔe o. Saul ame si ŋu kpena ŋutɔ la ɣla eɖokui. Yehowa na wonya afi si Saul be ɖo eye woɖoe fia.—1 Sam. 10:7, 20-24.

Saul Ƒe Kalẽwɔwɔ

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Saul ɖee fia ame siwo anya ke ɖi eƒe fianyenye la be yedze aɖu fia. Esi Amonitɔwo do ŋɔdzi na Israel duawo dometɔ aɖe la, ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ dze [Saul dzi].’ Eɖe gbe be woaƒo dukɔa ƒe aʋawɔlawo nu ƒu eye wòwɔ ɖoɖo na wo, emegbe enɔ ŋgɔ na wo woɖu dzi. Gake Saul gblɔ be Mawu ye na yewoɖu dzi, elabena egblɔ be: ‘Egbe Yehowa na dziɖuɖu le Israel!’—1 Sam. 11:1-13.

Nɔnɔme nyuiwo nɔ Saul si eye Mawu ƒe yayra hã nɔ edzi. Eya ŋutɔ hã kpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ dze sii. Ke hã, be Israel viwo kple woƒe fia la nayi edzi anɔ dzidzedze kpɔm la, anɔ te ɖe nane si le vevie ŋutɔ la dzi. Samuel gblɔ na Israel viawo be: ‘Ne mievɔ̃ Yehowa, eye miesubɔe, mieɖo to eƒe gbe, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu o, eye mia kple miaƒe fia, si le mia dzi ɖu ge, miedze Yehowa, mia Mawu la yome la, ekema aɖe mi.’ Nu ka dzie Israel viwo ate ŋu aka ɖo nenye be wowɔ nuteƒe na Mawu? Samuel ɖo nya sia ŋu be: ‘Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.’—1 Sam. 12:14, 22.

Ɣemaɣi la, toɖoɖo ye nye nu vevi si nana Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu eye nenema kee wòle egbea hã. Ne Yehowa subɔlawo ɖo to eƒe gbe la, eyraa wo. Ke ne womeɖo to Yehowa o ya ɖe?

‘Èwɔ Bometsinu!’

Ale si Saul wɔ nu kple Filistitɔwo emegbe la na woawo hã tso ɖe eŋu kple dziku. Aʋakɔ si ‘sɔ gbɔ abe ƒutake ene’ la ho ɖe Saul ŋu. ‘Esi Israel ŋutsuwo kpɔ be, woɖo hiã me, eye dukɔ la ɖo xaxa me la, woɣla ɖe dowo kple ŋuvegoewo, agadowo, mɔ̃wo kple ʋewo me.’ (1 Sam. 13:5, 6) Nu kae Saul awɔ?

Samuel gblɔ na Saul be wòayi aɖakpe ye le Gilgal, afi si nyagblɔɖila la asa vɔ le. Saul lala gake Samuel meva kaba o, eye Saul ƒe asrafowo nɔ kakam le eŋu. Eya ta Saul tso nya me be ye ŋutɔ yeasa vɔ la. Esi wònya sa vɔa vɔ teti ko la, Samuel va ɖo. Esi Samuel se nu si Saul wɔ la, egblɔ nɛ be: ‘Èwɔ bometsinu! Ðe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee. Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa di ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena mèlé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.’—1 Sam. 10:8; 13:8, 13, 14.

Esi xɔse megava nɔ Saul si o ta la, eŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe se si wòde be wòalala Samuel nava sa vɔa la dzi dadatɔe. Aleke gbegbee Saul ƒe nuwɔna to vovo na Gideon ame si nye Israel ʋafia si nɔ anyi do ŋgɔ nɛ tɔ enye esi! Yehowa gblɔ na Gideon be wòaɖe eƒe asrafo 32,000 la dzi kpɔtɔ wòasusɔ 300, eye Gideon ɖo to. Nu ka tae? Elabena exɔ Yehowa dzi se. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, eɖu futɔ 135,000 sɔŋ dzi. (Ʋɔn. 7:1-7, 17-22; 8:10) Anye ne Yehowa akpe ɖe Saul hã ŋu hafi. Gake le Saul ƒe tomaɖomaɖo ta la, Filistitɔwo ha Israel viwo.—1 Sam. 13:17, 18.

Ne míedo go kuxiwo la, alekee míewɔa nui? Le xɔsemanɔsitɔwo gome la, awɔ na wo be esɔ be yewoaŋe aɖaba aƒu mawumegɔmeɖosewo dzi. Esi Samuel mekpɔ va ɖo haɖe o la, Saul anya susui be nunya le nu si yewɔ la me. Gake le ame siwo dina vevie be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu ya gome la, wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe nya si do mo ɖa ŋu dzie nye afɔɖeɖe nyuitɔ.

Yehowa Gbe Saul

Le aʋa aɖe si wowɔ kple Amalekitɔwo me la, Saul gawɔ vodada gã bubu aɖe. Mawu tso nya me be woatsrɔ̃ Amalekitɔwo gbidii, elabena wodze Israel viwo dzi esime woʋu tso Egipte evɔ womedze agɔ aɖeke le wo dzi o hafi. (2 Mose 17:8; 5 Mose 25:17, 18) Gawu la, Amalekitɔwo kpe ɖe dukɔ bubuwo ŋu wodze Mawu ƒe dukɔ tiatia la dzi ake le Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia me. (Ʋɔn. 3:12, 13; 6:1-3, 33) Eya ta Yehowa ɖo ŋku nu siwo Amalekitɔwo wɔ dzi, eye wòde se na Saul be wòatsrɔ̃ wo.—1 Sam. 15:1-3.

Le esi Saul nawɔ ɖe se si Yehowa de be wòatsrɔ̃ Amalekitɔ ŋutasẽlaawo kple woƒe nunɔamesiwo katã dzi teƒe la, elé woƒe fia la eye wòkpɔ woƒe lã damiwo ta. Nu kae dzɔ esi Samuel ka mo na Saul ɖe eƒe nuwɔna sia ta? Saul dze agbagba be yeatsɔ vodada la ada ɖe ame bubuwo dzi hegblɔ be: ‘Dukɔ la kpɔ alẽ kple nyi nyuiwo ta, be woatsɔ asa vɔ na Yehowa.’ Saul ɖaɖoe nyateƒe be yeatsɔ lãwo asa vɔe, alo menye nenemae o, meɖo to o. Saul ‘megabu eɖokui ame gblɔetɔ o.’ Le esia ta la, Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔ kã be Saul meɖo to Mawu o. Eyome Samuel gblɔ be: ‘Ã, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa . . . Esi nègbe Yehowa ƒe gbe la, eya ta eya hã gbe wò be, màgaɖu fia o.’—1 Sam. 15:15, 17, 22, 23.

Esi Yehowa ɖe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖa le Saul dzi eye eƒe yayra hã meganɔ edzi o la, “gbɔgbɔ vɔ̃e” aɖe va te fuɖeɖe na Israel fia gbãtɔ sia. Saul va te nazã bubu ɖe David—ame si Yehowa va ɖo fia emegbe la—ŋu henɔ ŋu ʋãmee. Saul te kpɔ wu zi ɖeka be yeawu David. Biblia gblɔ be, esi Saul kpɔ be ‘Yehowa li kple David’ la, ‘Saul lé fui ŋkekeawo katã.’ Saul ti David yome be yealée eye wòde se wowu nunɔla 85 kple ame bubuwo siaa. Mewɔ nuku o be Yehowa gbe Saul!—1 Sam. 16:14; 18:11, 25, 28, 29; 19:10, 11; 20:32, 33; 22:16-19.

Esi Filistitɔwo gadze Israel viwo dzi ake la, Saul di kpekpeɖeŋu tso gbɔgbɔyɔlawo gbɔ gake meɖe vi aɖeke nɛ o. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Saul xɔ abi vevie le aʋa me eye wòwu eɖokui. (1 Sam. 28:4-8; 31:3, 4) Ŋɔŋlɔawo gblɔ le Israel fia gbãtɔ maɖoto la ŋu be: ‘Saul ku le eƒe vodada ɖe Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me melé ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se, ke mebia gbe Yehowa ya se o.’—1 Kron. 10:13, 14.

Saul ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ la ɖee fia kɔtɛ be toɖoɖo Yehowa nyo wu nu sia nu si míatsɔ asa vɔ nɛ. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yoh. 5:3) Mina míagaŋlɔ nyateƒenya matrɔmatrɔ sia be gbeɖe o be: Toɖoɖo Mawu le vevie be míayi edzi anye exɔlɔ̃wo ɖaa.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Saul nye ɖokuibɔbɔla esime wòdze dziɖuɖu gɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nu ka tae Samuel gblɔ na Saul be ‘toɖoɖo nyo wu vɔsa’?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe