INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 39 axa 96
  • Israel-fia Gbãtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Israel-fia Gbãtɔ
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Saul—Israel Fia Gbãtɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nuwo Meyi Abe Ale Si Wòkpɔ Mɔe Ene O, Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Dzigbãnyawo Tui, Gake Edo Dzi
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 39 axa 96
Fia Saul lé Samuel ƒe awu toga eye wòvuvu

NUSƆSRƆ̃ 39

Israel-fia Gbãtɔ

Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na Israel-viwo be woakplɔ wo gake wobia be woaɖo fia na yewo. Wogblɔ na Samuel be: ‘Fia le dukɔ siwo katã ƒo xlã mí la si. Míawo hã fia nenɔ mía si.’ Samuel kpɔe be esia mesɔ o eya ta edo gbe ɖa tso eŋu na Yehowa. Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Menye wòe dukɔ la gbe o. Nye gbem wole. Gblɔ na wo be fia ate ŋu anɔ wo si, gake fiaa abia nu geɖe tso wo si.’ Ke hã, dukɔ la gblɔ be: ‘Mesesẽ o. Fia nenɔ mía si!’

Yehowa gblɔ na Samuel be ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saul anye woƒe fia gbãtɔ. Esi Saul yi Samuel gbɔ le Rama la, Samuel kɔ ami ɖe tame nɛ tsɔ ɖoe fia.

Emegbe la, Samuel ƒo Israel-viwo nu ƒu be yeaɖe woƒe fia yeye la afia wo. Gake wodi Saul ʋuu do kpoe. Ènya nu si taea? Elabe eyi vae be ɖe agbawo dome. Esi wokpɔ Saul mlɔeba la, wokplɔe do goe va tɔ ɖe ameawo titina. Saul kɔ wu ame sia ame eye wòdze ɖeka hã ŋutɔ. Samuel gblɔ be: ‘Mikpɔ ame si Yehowa tia la ɖa.’ Dukɔ la do ɣli be: ‘Fia nenɔ agbe tegbee!’

Le gɔmedzedzea me la, Fia Saul ɖo to Samuel kple Yehowa siaa. Gake eva trɔ. Le kpɔɖeŋu me, mele be fia nasa vɔ o. Gbe ɖeka la, Samuel gblɔ na Saul be wòalala yeava, gake Samuel meva kaba o. Eya ta Saul tso nya me be ye ŋutɔ yeasa vɔa. Aleke Samuel wɔ nui? Egblɔ na Saul be: ‘Mele be nàgbe toɖoɖo Yehowa hafi o.’ Ðe Saul asrɔ̃ nu tso eƒe vodadaa mea?

Emegbe esi Saul yi aʋa wɔ ge kple Amalektɔwo la, Samuel gblɔ nɛ be megana wo dometɔ aɖeke natsi agbe o. Gake Saul tiae be yemawu Fia Agag o. Yehowa gblɔ na Samuel be: ‘Saul gblẽm ɖi eye meɖoa tom o.’ Ete ɖe Samuel dzi vevie wògblɔ na Saul be: ‘Esi mègaɖoa to Yehowa o ta la, atia fia bubu ɖe tewòƒe.’ Esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé eƒe awu sesĩe eye Samuel ƒe awu la toga dze. Ale Samuel gblɔ na Saul be: ‘Yehowa dze fiaɖuƒe la le asiwò me.’ Yehowa atsɔ fiaɖuƒea ana ame si alɔ̃e ahaɖo toe.

“Toɖoɖo nyo wu vɔsa.”—1 Samuel 15:22

Nyabiasewo: Nu kae Israel-viwo bia? Nu ka tae Yehowa gbe Saul be wòganye fia o?

1 Samuel 8:1-22; 9:1, 2, 15-17; 10:8, 20-24; 13:1-14; 15:1-35

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe