Ðe Biblia Ƒo Nu Tsi Tre Ðe Tsatsadada Ŋua?
LE TELEVISION dzi wɔna kple fefe xɔŋkɔwo me la, zi geɖe wonana tsatsadada, vevietɔ esi yia edzi le tsatsadaƒewo la, dzena abe enye nu si ame dzeɖekɛwo, kesinɔtɔwo, kple tagbɔɖaɖɛtɔwo tsɔna ɖea modzakae ene. Ke hã, ame akpa gãtɔ dea dzesii be esiawo nyea nyakpakpawo alo fefewo ko.
Gake nu si le dzɔdzɔm ŋutɔŋutɔe nye be tsatsadada ƒe mɔnu vovovowo li na ame siwo di be yewoadae, abe lotodada, gbetsotso ɖe fefewɔlawo ƒe hoʋiʋli dzi, esiwo wodana le Internet dzi, kple esiwo wodana le tsatsadaƒewo. Agbalẽ si nye Internet Gambling gblɔ be tsatsadada nye “nuwɔna aɖe si xɔ xexea katã kloe, eye wòkeke ta abe ale si dzo dzea ave ene.” Le kpɔɖeŋu me, tsatsa ƒomevi si woyɔna be poker la va zu fefe si bɔ ŋutɔ le television kple Internet dzi. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be, akɔntabubu aɖe si wowɔ le Amerika la ɖee fia be ame siwo daa poker la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi teƒe eve le ɣleti 18 aɖewo me nyitsɔ laa.
Woɖe tsatsadada gɔme be enye gbetsotso ɖe nu si ŋu kakaɖedzi mele o dzi. Ame geɖe ƒe susue nye be ne gaa nye tsatsadalaa ŋutɔ tɔ, eye meva zu numame nɛ o ko la, ke naneke megblẽ le eŋu o. Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia hã gblɔ tso tsatsadada ŋu be “ne mexe mɔ na amea be wòagatsɔ eƒe agbanɔamedziwo o ko la, womabui be enye nu vɔ̃ o.” Ke hã, womeyɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖeke tsɔ ɖo kpe nya ma dzi o. Ekema aleke wòle be Kristotɔ nabu nya siae? Ðe Biblia ɖe mɔ ɖe enu loo alo eƒo nu tsi tre ɖe eŋu?
Ele be míade dzesii be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo meyɔ tsatsadada tẽe o. Ke hã, mefia be Biblia mena mɔfiame aɖeke mí le nya sia ŋu o. Biblia mede se ɖe nu sia nu ŋu o, ke boŋ edea dzi ƒo na mí be ‘míayi edzi akpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.’ (Efesotɔwo 5:17) Biblia ŋutinunyala E. W. Bullinger gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘miakpɔ adze sii’ la fia be woada susu vovovowo akpɔ le nya aɖe ŋu to “tamebubu dzi eye woadze si nu to ŋugbledede kple nuŋububu dzi.” Eya ta Kristotɔ ate ŋu akpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nya sia me adze sii ne eda gɔmeɖose vovovo siwo le Biblia me ku ɖe tsatsadada ŋu la kpɔ hebu wo ŋu. Ne èle mawunyakpukpui siwo dze le nyati sia me xlẽm la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòasɔ le mawunyakpukpui sia ƒe nya nu be woada tsatsa? Nu kae Mawu ƒe Nya la ɖe fia be eyae nye eƒe lɔlɔ̃nu le nya sia me?’
Dzɔgbese Ƒe Amebleŋusẽ
Esi wònye be tsatsadada bia be woatso gbe ɖe nu si ŋu kakaɖedzi mele o dzi ta la, dzɔgbese, alo dzixɔse si nye be ŋusẽ aɖe le megbe na nu siwo dzɔna le vo me la, wɔa akpa vevi aɖe, vevietɔ ne wotso gbe ɖe ga dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne amewo le lototikiti tsom la, wotiaa ŋɔŋlɔdzesi siwo woxɔ se be wonana ame ɖua dzi; tsatsa si ƒomevi woyɔna be mah-jongg dalawo ƒoa asa na nya aɖewo yɔyɔ, le aʋatsodzixɔse ta; eye amewo ɖoa ƒuƒu ɖe luɖukpe dzi hafi danɛ. Nu ka tae? Tsatsadala geɖe xɔe se be ne dzɔgbese mawɔe be ame naɖu dzi godoo o hã la, ate ŋu ana wòaɖu dzi gbe ɖeka.
Ðe míagblɔ be megblẽ naneke be ame naɖo ŋu ɖe dzɔgbese ŋu oa? Le blema Israel la, ame aɖewo susui nenema. Woxɔe se be dzɔgbese ana nu nadze edzi na yewo. Aleke Yehowa Mawu se le eɖokui me ɖe nya sia ŋu? Mawu gblɔ na wo to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Miegblẽ Yehowa ɖi, eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mieɖo kplɔ̃ na aklama, eye mieku aha tre banaa na dzɔgbe.” (Yesaya 65:11) Le Mawu gbɔ la, dzɔgbese dzi xɔxɔ se nye trɔ̃subɔsubɔ, eye mewɔ ɖeka kple tadedeagu vavãtɔ o. Ame si xɔ edzi se la ɖenɛ fiana be yeɖoa ŋu ɖe ŋusẽ aɖe si wòsusu be eli ŋu, ke menye ɖe Mawu vavã la ŋu o. Ðikeke mele eme o be Mawu ƒe susu le nya sia ŋu metrɔ o.
Ale Si Wowɔna Ðua Dzii
Eɖanye Internet dzie wotso gbe ɖe nane dzi le, lototikiti ƒlemee amea le, gbe tsomee wòle ɖe hoʋiʋli aɖe dzi, alo tsatsadaƒe aɖee wòle edam le o, zi geɖe la, tsatsadalawo mebua afi si ga si wole didim be wòasu yewo si la tso ŋu o. Tsatsadada le vovo na asitsatsa alo nuƒeƒle, elabena tsatsadala dina be ame bubuwo ƒe ga nava zu ye tɔ.a Lãmesẽdɔwɔƒe aɖe (Canada’s Centre for Addiction and Mental Health) gblɔ be: “Ne ame ɖeka ɖu loto hezu gatɔ gã la, ame miliɔn bubuwo ya ƒe ga fiana!” Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòanya Mawu ƒe susu le nya sia ŋu?
Se Ewo si Yehowa tsɔ na Israel viwo ƒe mlɔetɔ gblɔ be: ‘Mègabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Mègabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nu sia nu, si nye hawòvi tɔ la ƒe ɖeke dzi o.’ (2 Mose 20:17) Ŋubiabiã ɖe ame havi ƒe nuwo, abe eƒe kesinɔnuwo, nunɔamesiwo, kple ga ene ŋu, nye nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya, eye woyɔe kpe ɖe ŋubiabiã ɖe ame havi srɔ̃ ŋu. Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo gate gbe ɖe se sia dzi na Kristotɔwo esi wògblɔ be: “Mele be nàbiã ŋu o.” (Romatɔwo 7:7) Ðe manye ŋubiabiã ne Kristotɔ di be ame bubu ƒe nu nasu ye si to tsatsadada me oa?
Nyadzɔdzɔŋlɔla J. Phillip Vogel ŋlɔ bena: “[Tsatsadala akpa gãtɔ] ɖalɔ̃ ɖe edzi alo womelɔ̃ ɖe edzi o, hafi wɔnaa nadze egɔme la, wonɔa drɔ̃e kum ale si woatsɔ ga si le wo si, ne enye dɔlar ʋɛ aɖewo kura gɔ̃ hã, la atsɔ aɖu ho gbogboe.” Ame siawo ƒe didie nye be yewoazu gatɔwo le ŋkeke ɖeka kple eƒe zãdodo me to mɔ bɔbɔe aɖe dzi. Edze ƒãa be esia tsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be ele be Kristotɔ nawɔ ‘dɔ sesẽ, wòatsɔ eƒe asi awɔ dɔ nyui, ne wòakpɔ nane ana ame si nu hiã.’ (Efesotɔwo 4:28) Eye apostolo Paulo gblɔ tẽe be: “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.” Eye wògblɔ kpee be: “Woaɖu nu siwo woawo ŋutɔwo wowɔ dɔ kpɔ la.” (2 Tesalonikatɔwo 3:10, 12) Gake ɖe míate ŋu abu tsatsadada be enye dɔ nyuia?
Togbɔ be tsatsadada ate ŋu abia hoʋiʋli vevie hã la, ɖe woɖua ame bubuwo dzi hafi gaa sua ame si, ke menye ɖe wowɔa dɔ kpɔnɛ o. Le tsatsadada me la, wotsoa gbe ɖe nu si ŋu kakaɖedzi mele o dzi, ame mate ŋu anya gbeɖe nenye be yeaɖu dzi o, eye edala nɔa mɔ kpɔm be yeaɖu dzi gbe ɖeka godoo. Kpuie ko la, tsatsadala dina be nane nasu ye si to naneke mawɔmawɔ me. Ke hã, woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woakpɔ woƒe ga to dɔ nyui wɔwɔ me. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo [alo dɔ sesẽ, NW] ŋu oa?” Eyome egblɔ be: ‘Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona.’ (Nyagblɔla 2:24) Ɛ̃, Mawu subɔlawo metua woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe nu siwo ŋu kakaɖedzi mele dzi o, eye womedia ga to mɔ bɔbɔetɔ dzi o, ke boŋ wokpɔa Mawu sinu hena yayra kple dzidzɔkpɔkpɔ.
‘Mɔ̃’ Si Wòle Be Woaƒo Asa Na
Ne tsatsadala te ŋu ɖu dzi gɔ̃ hã la, anyo be wòade ŋugble le nu si dona tsoa eme mlɔeba hã ŋu, ke menye dzidzɔ si wòakpɔ le ga si wòkpɔ la ta ko o. Lododowo 20:21 (NW) gblɔ be: “Wotoa ŋukeklẽ dzi kpɔa domenyinu gbã, ke womayrae le etsɔme o.” Loto kple tsatsa ƒomevi bubu dala geɖe se veve alo xa nu esi wokpɔe be kesinɔnu si su yewo si to tsatsadada me la mena yewokpɔ dzidzɔ o. Aleke gbegbe wòanyo wui enye esi be míaɖo to Biblia ƒe mɔfiame si nye be míagatu míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe “kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la [dzi] o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu hena míaƒe zazã la dzi.”—1 Timoteo 6:17.
Ne ame aɖe ɖu dzi alo meɖu dzi o gɔ̃ hã la, tsatsadada me tsonu gbegblẽ bubu aɖe gali. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me.” (1 Timoteo 6:9) Wotrɔa asi le kamɔ ŋu be wòbla nulélea. Ame geɖe siwo ɖoe be yewoatsɔ ga vi aɖe atso gbee alo ada tsatsa zi ɖeka alo eve aɖewo ko kpɔ la, va kpɔe be tsatsadada va tsi yewo si, abe ale si nuléle tsia mɔ̃ me ene. Ena dɔ ge le amewo si, egblẽ nu le woƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu, eye wòna ƒomewo gbã.
Esi míedzro mawunyakpukpui vovovo siwo ku ɖe tsatsadada ŋu me alea vɔ la, ède dzesi nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nya sia ŋua? Apostolo Paulo gblɔ na nɔvia Kristotɔwo be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, bene miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.” (Romatɔwo 12:2) Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wòle be wòafia mɔ Kristotɔwo le agbe me, ke menye ame hahoowo ƒe susue o. Esi Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ” ta la, edi be míase vivi na agbea, eye míavo tso vevesese si tsatsadada ƒe mɔ̃a hena vaa ame dzi la si me.—1 Timoteo 1:11.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le October 8, 2000, ƒe Nyɔ!, axa 25 va se ɖe 27 la, woɖe vovototo si le tsatsadada kple ga tsɔtsɔ de adzɔha aɖe me la dome. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]
Mawu subɔlawo kpɔa woƒe ga to dɔ nyui wɔwɔ me
[Aɖaka si le axa 13]
Vivi Si Wosena Ne Woɖu Dzi
Ðe asiɖeɖe le tsatsadada ŋu sesẽna, eye wòva zua numame na ame bɔbɔea? Esi susuŋutinunyala Ðɔkta Hans Breiter lé ŋku ɖe ale si tsatsadalawo wɔa nui ne woɖu dzi alo woƒe ga tsi eme ŋu vɔ la, egblɔ be “ne ame aɖe ɖu ga to tsatsadada ƒomevi aɖe dzi la, dɔ si esia wɔna ɖe eƒe susu dzi la le ko abe ale si wònɔna le kokein nola gome ene.”
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ame kawo ƒe gae tsatsadalawo kpɔa mɔ be yewoaɖu?