INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 102
  • Ðe Tsatsadada Nye Nu Vɔ̃a?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Tsatsadada Nye Nu Vɔ̃a?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nukae Gblẽ Le Tsatsadada Ŋu?
    Nyɔ!—2002
  • Ƒo Asa Na Tsatsadada Ƒe Mɔ̃ La
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Biblia Ƒo Nu Tsi Tre Ðe Tsatsadada Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tsatsadada
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 102
Tsatsadala aɖe le eƒe tsatsadagbalẽvi dzi kpɔm esime wole xexlẽdzesi siwo ɖu la yɔm le television dzi

Ðe Tsatsadada Nye Nu Vɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Togbɔ be Biblia meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o hã la, míate ŋu anɔ te ɖe Biblia me nyawo dzi aƒo nya ta be Mawu bua tsatsadada be enye nu vɔ̃.​—Efesotɔwo 5:17.a

  • Ŋukeklẽe dɔa ame wòdaa tsatsa, evɔ Mawu lé fu ŋukeklẽ. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; Efesotɔwo 5:3, 5) Tsatsadalawo kpɔa mɔ be ame bubuwo ƒe ga nafiã ne yewoaɖu, evɔ Biblia de se be ame aɖeke megabiã ŋu ehavi ƒe nunɔamesiwo o.​—2 Mose 20:17; Romatɔwo 7:7; 13:9, 10.

  • Tsatsa viviwo dada gɔ̃ hã ate ŋu awɔe be nɔnɔme gblẽnuleameŋu si nye galɔlɔ̃ nanyɔ ɖe ame me.​—1 Timoteo 6:​9, 10.

  • Zi geɖe la, aʋatsodzixɔsewo alo dzɔgbe nyui ŋue tsatsadalawo ɖoa ŋu ɖo. Gake Mawu ya bua aʋatsodzixɔse mawo be wonye trɔ̃subɔsubɔ, eye mesɔ kura be esubɔlawo nakpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ me o.​—Yesaya 65:11.

  • Le esi míadi be kesinɔnuwo nasu mía si agbagba aɖeke madzemadze teƒe la, Biblia ya de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ sesĩe. (Nyagblɔla 2:24; Efesotɔwo 4:28) Ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la ɖua “nu siwo woawo ŋutɔwo wɔ dɔ kpɔ.”—2 Tesalonikatɔwo 3:10, 12.

  • Tsatsadada nana hoʋiʋli manyomanyo ɖoa amewo dome, Biblia de se be míatsri hoʋiʋli sia tɔgbi.​—Galatiatɔwo 5:26.

a Zi ɖeka ko wozã nya si fia tsatsadada le Biblia me wòku ɖe Roma-srafowo ŋu esi wodzidze nu alo “da akɔ” ɖe Yesu ƒe awu dzi.​—Mateo 27:35; Yohanes 19:23, 24; Agbenya La.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe