Nu Nyuiwo Do Tso Dzomeŋɔli Takpekpe Gã Siwo Wowɔ Le Russia Me
NE DZOMEŊƆLI ɖo le Russia la, ame geɖe siwo dzɔdzɔmenuwo kpɔkpɔ doa dzidzɔ na la gblẽa woƒe aƒewo ɖi le dugãwo me ɖaɖua mɔkeke le kɔƒexɔ siwo woyɔna be dacha me le kɔƒenutowo me. Le woawo gome la, esiae nye mɔ si dzi wotona kpɔa gbɔdzɔe tso dugã me ƒe hloloetsotsowo me. Le dzomeŋɔli siwo va yi nyitsɔ laa me la, Yehowa Ðasefo siwo le Russia hã yi kɔƒenutowo me le agbɔsɔsɔ gã me, gake le susu bubu aɖe ta.
Togbɔ be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le dugã aɖewo me hã la, Ðasefo siwo le Russia la yia edzi kpea ta le dutoƒo subɔna, elabena gome le wo si le dukplɔsea nu be woasubɔ Mawu faa. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, dumegã siwo wogblẽ Ðasefowo ŋu na, kple Russia Orthodɔks nunɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋu nana wòsesẽna be woakpɔ teƒe siwo sɔ be woawɔ nutome gã takpekpe siwo wowɔna ƒe sia ƒe le dzomeŋɔli la. Eya ta Ðasefowo wɔa takpekpe siwo woyɔna be “gbe dzi takpekpewo” le dogba dzi. Tso ƒe 2007 va ɖo 2009 me la, wowɔ takpekpe siawo ƒomevi abe 40 ene le teƒe vovovo 25 le Russia godoo.
Ðasefo aɖe si de takpekpewo le Russia ƒe geɖewoe nye esia la gblɔ be: “Le ƒe siwo va yi me esime míehaya bɔlƒoƒewo kple xɔwo le dugãwo me wɔ takpekpewo la, dzinyuitɔ geɖe kple dumegãwo ŋutɔwo va nya ale si habɔbɔa le, esi wokpɔ míaƒe dzadzɛnyenye kple ale si míewɔa nu ɖe ɖoɖo nui. Fifia gbemelãwo koe nɔa mía kpɔm le esi nɔnɔmewo ƒoe ɖe mía nu be míakpe le gbe dzi ta. Ewɔ nublanui be amewo mete ŋu le takpekpe nyui siawo, siwo ameƒomevi, dukɔ, kple subɔsubɔha vovovo me tɔwo dena la, teƒe kpɔm o.”
Togbɔ be dzidzɔɣie kpekpe siawo nyena hã la, Ðasefo aɖe gblɔ be: “Dzidzɔe wònyena ne míekpɔ nɔvi Ðasefowo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple nuteƒewɔwɔ teƒe esime wole tɔtrɔm ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. Gake le nyateƒe me, ne dukplɔlawo na wòle sesẽm na mí be míawɔ takpekpewo la, ɖeɖi tea mía ŋu le ŋutilã me kple seselelãme gome siaa. Eye enana wòsesẽna hã be míade ta agu na Mawu ŋusẽkatãtɔ la le mɔ si ade bubu eŋu nu.” Aleke Yehowa Ðasefo siwo le Russia te ŋu nɔ te ɖe kuxia nu?
Wowɔ Gbe Dzi Takpekpewo Le Dukɔa Me Godoo
Ale si wotea fli ɖe ɖoɖo si wowɔ be woahaya teƒewo awɔ takpekpewo la me le gaƒoƒo mamlɛtɔ dzi zi geɖe la, wɔnɛ be ŋkeke ʋɛ aɖewo koe susɔna na takpekpe dzi kpɔlawo be woawɔ ɖoɖo bubu na ame akpe geɖe siwo ade takpekpea. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2008 me la, eva hiã be Ðasefo siwo le Cheboksary Chuvash Republic la be woawɔ takpekpe le gbadzaƒe gã aɖe si me ati aɖewo (birch) le, si te ɖe Volga Tɔsisia ŋu. Dɔ gã aɖe ŋutɔ dze ŋgɔ wo. Le ame 1,930 siwo wole mɔ kpɔm be woade takpekpea dome la, ehiã be woadi dzeƒe na wo dome ame 1,700 le takpekpewɔƒea. Ehiã be woawɔ tsileƒe kple asiklɔƒe siwo me tsi fafɛ kple tsi dzodzoe anɔ dodom le, tsɔ kpe ɖe nugododeƒewo ŋu, eye wohiã na elɛktrikkaɖi hã. Eye ehiã be woana nuɖuɖu vavalawo katã.
Nɔviawo te ŋu kpɔ kuxia gbɔ. Wodi atikpalawo, elɛktrikmɔɖaŋudɔwɔlawo, kple pɔmpiŋutidɔwɔlawo. Ðasefo 350 tsɔ wo ɖokui na ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu, eye wo dome ame 14 tsi takpekpewɔƒea dɔ ŋkeke ewo. Wotso ati, wosi bè, wotu agbadɔwo, tsileƒewo, kple nugododeƒewo. Nɔvi bubuwo hã nɔ dua me yim edziedzi ɖanɔ nuhiahiãwo ƒlem. Esi wònye be nufamɔ meli woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o ta la, nɔviawo wɔ ɖoɖo be woanɔ nu ɖam zi etɔ̃ gbe ɖeka le takpekpewɔƒea ama na nɔviawo dzodzoe. Takpekpewɔƒea dzi kpɔlawo kpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu esi wohaya dɔwɔlawo be woanɔ nu ɖam na takpekpea valawo. Le wo katã me la, takpekpevala 500 tsɔ agbadɔ si me woamlɔ la ɖe asi vae, ame 150 haya xɔ le afi si te ɖe takpekpewɔƒea ŋu, ame 15 lɔ̃ faa be yewoamlɔ bè dzi le lãkpɔ me, eye ame susɔeawo mlɔ agbadɔ siwo nɔviwo tu la me.
Esi takpekpea valawo va ɖo la, wokpɔ aŋezikpui blɔ gbogbo siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu nyuie, si na wòdze abe atsiaƒue le teƒea ene. Wowɔ nuƒolanɔƒe kpokploe eve ɖe ŋgɔgbea hetsɔ seƒoƒowo ɖo atsyɔ̃ na wo—woazã ɖeka na Russiagbe dolawo, evelia na Chuvashgbe dolawo. Ame sia ame se vivi na Biblia me nufiameawo, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ ŋu. Nu siwo nuɖalawo dometɔ ɖeka kpɔ wòwɔ dɔ ɖe edzi la na wògblɔ be, “Ne ɖe nyemekpɔe kple nye ŋutɔ nye ŋku o la, anye ne nyemaxɔe ase akpɔ gbeɖe be habɔbɔ aɖe ate ŋu anɔ anyi abe mia tɔ ene si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye eƒe dɔwo dzea edzi alea gbegbe o!” Ame aɖewo tsɔ ɖoɖo si nu wowɔ takpekpea le la sɔ kple Agbadɔŋkekenyui si Israel dukɔa ɖuna le blema.
Le dugã bubuwo me la, edzɔna zi geɖe be ŋkeke ɖeka koe susɔna na Ðasefowo be woadi teƒe bubu na takpekpea wɔwɔ ahadzrae ɖo. Aleae wòdzɔ le Nizhniy Novgorod. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖɔa li wo nɔewo wɔa dɔ zã kple keli le teƒe si woawɔ takpekpea le. Enɔ na wo be woalã atiwo, aŋlɔ anyigba, aƒo gbewo ahadzra teƒea ɖo ale be axɔ̃ kple anyidiwo nagaɖe fu na wo o. Kaka takpekpea valawo nava ɖo le Fiɖa ŋdi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tsɔ aŋezikpui 2,000 kple nugodeƒe siwo wotea ŋu tsɔna yia teƒeteƒewoe la vae, wowɔ asiklɔƒewo, wotu nuƒolanɔƒe, eye wotsiã elɛktrikkawo kple nuƒomɔwo na elɛktrikŋusẽnamɔ. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Nu si wɔ nuku wue nye be nɔviŋutsu siwo wɔ dɔ zã kple keli la mebu wo ɖokui ame tɔxɛwo o. Ke boŋ wobɔbɔ wo ɖokui yi edzi nɔ amewo subɔm le takpekpea me. Wowɔ dɔ kple woƒe ŋusẽ katã, bene wo nɔviwo naɖe dzi ɖi ase vivi na Biblia me nufiamewo.”
Nɔviŋutsu bubu gblɔ be: “Wowɔ dɔ aduadu kple wo nɔewo. Togbɔ be emae nye zi gbãtɔ nɔviawo wɔ takpekpe le dogba dzi, eye ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔ anyi hã la, wobu nu sia nu ŋu nyuie, ale be ne kpekpea le edzi yim la, susuhenu boo aɖeke manɔ anyi o. Esi míewɔ dɔa vɔ la, míese le mía ɖokui me be ɖeɖi te mía ŋu o. Ðeko wònɔ abe ɖe Yehowa na aʋala mía dome ame sia ame ene!”
Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Nɔ Dɔ Dzi
Le go geɖe me la, agbagba siwo dzem Ðasefoawo nɔ be yewoakpɔ kuxiwo gbɔ be takpekpea nadze edzi la te wo ɖe wo nɔewo ŋu, eye wòɖee fia be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dɔ dzi. Le Smolensk la, hafi ŋu nake woawɔ takpekpea la, wote fli ɖe ɖoɖo siwo wowɔ ɖe dzeƒe ŋu na takpekpea valawo la dometɔ geɖe me. Hamemetsitsi aɖe gblɔ be: “Esi takpekpevala gbogboawo le bɔs me va ɖo fɔŋli ga ɖeka la, míekpɔ dzeƒe na wo o. Mefa avi, elabena kpekpeɖeŋu aɖeke meli mana wo o. Medo gbe ɖa na Yehowa heɖe kuku nɛ be wòakpɔ kuxia gbɔ. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, míekpɔ dzeƒe na wo katã, eye dzi dzɔm ale gbegbe! Ewɔ nuku ŋutɔ, eye wòɖo kpe edzi be Yehowa magblẽ ame dzɔdzɔe la ɖi gbeɖe o!” Esi nɔviwo gawɔ gbe dzi takpekpe bubu la, wodi dzeƒe le kɔƒe si te ɖe wo ŋu la me, eye esi wònye be ŋkɔ nyui le Ðasefowo ŋu le afi ma ta la, kɔƒea me tɔwo lɔ̃ faa xɔ takpekpevala 2,000 ɖe woƒe aƒewo me le takpekpea wɔɣi.
Ðasefo aɖe gblɔ be: “Ale si míete ŋu wɔ takpekpea ɖeɖe dzaa la te gbe ɖe ale si wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la dzi.” Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ɖekae nye esi ame tutɔwo va do be yewoagblẽ takpekpea me. Le Novoshakhtinsk la, Russia Orthodɔks nunɔlawo kple tsitretsiɖeŋulawo va nɔ sɔlemehawo dzim henɔ ɣli dom ɖe nuƒomɔwo me, bene takpekpea me nuƒola ƒe gbe nagaɖi woase o. Ke hã, kpovitɔwo xe mɔ na wo be woagagblẽ ɖoɖoa me o. Esi nyɔnu Orthodɔkstɔ aɖe si le tsitretsiɖeŋulawo dome ku ƒenyi le dzogbɔgbɔa ta la, nɔviawo kplɔe yi takpekpea ƒe Atikexɔƒe hewɔ atike nɛ. Esia wɔ nuku nɛ ale gbegbe.
Nu Si Wokpɔ La Wɔ Nuku Na Wo
Esi nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze dzi ɖe edzi le Russia ta la, ne ameha gã aɖe kpe ta le afi aɖe la, kpovitɔwo kple nutoa me tɔ siwo di be yewoanya nu si le edzi yim la, vaa teƒea. Le kpɔɖeŋu me, esi wowɔ gbe dzi takpekpe aɖe le Volzhskiy la, kpovitɔ siwo xea mɔ ɖe nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze nu la va afi ma. Wo dometɔ ɖeka ƒe asitelefon bu esi wɔnaa nɔ edzi yim, ke nɔviawo kpe ɖe eŋu wòke ɖe eŋu le takpekpea ƒe Nu Bubúwo Daɖoƒe Kple Wo Diƒe. Ema megbe kpuie la, eƒe amegã ƒo ka nɛ, eye wòdi be yeanya nenye be nu vlo wɔwɔ alo anyranuwɔwɔ aɖe le edzi yim le takpekpea me. Kpovitɔa ɖo eŋu nɛ be: “Nu sia nu le edzi yim nyuie; ame 5,000 sɔŋ ƒo ƒu, gake ame aɖeke mele se dzi dam o. Nyuiwɔwɔ ka gbegbee nye esi! Ewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Nye asitelefon bu, ke wokpɔe hegbugbɔe nam!”
Ale si takpekpewɔƒea nɔ dzadzɛ la wɔ dɔ ɖe dzɔla aɖe dzi, eye ewɔ nuku nɛ be togbɔ be ɖevi geɖe nɔ teƒea hã la, mekpɔ aŋe si me woblaa kpetike ɖo la ƒe ɖeka teti hã le anyigba o. Ame si tɔ takpekpeawɔƒe nye la do go kpovitɔa aɖe si se be ameha gã aɖe kpe ta hena subɔsubɔwɔna aɖe. Ekplɔ kpovitɔwo ƒe amegã la yi ɖe dziƒoxɔ aɖe si gogo teƒea la ƒe dzisasrã etɔ̃lia dzi hegblɔ nɛ be: “Kpɔ wo ɖa ko! Wò ŋutɔ kpɔ ale si gbegbe wole nu wɔm ɖe ɖoɖo nui ɖa!” Ewɔ nuku nɛ be Ðasefowo meno aha sesẽ alo atama o, eye wodzra teƒea ɖo nyuie abe ke ɖe ame aɖeke meva afi ma o ene, wotsɔ gbeɖuɖɔ si wowɔ la gɔ̃ hã dzoe. Egblɔ kpee be: “Ðeko wònɔ abe paradiso mee ene!”
Ðekawɔwɔ Ðe Dzesi Le Mawu Ƒe Amewo Dome
Esi wowɔ gbe dzi takpekpe aɖe vɔ la, kɔƒe si te ɖe takpekpewɔƒea ŋu ƒe tatɔ gblɔ be: “Menyae be ame fafawo mienye, ke meva kpɔe hã be miesẽ ŋu ŋutɔ. Esime mía dome ame sia ame lé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ la, miawo ya miete ŋu na amewo wɔ ɖeka!” Tso Kaliningrad yi Kamchatka la, ɖekawɔwɔ si nɔa Mawu ƒe amewo dome ne wokpe ta hena Biblia me nufiamewo xɔxɔ la wɔa dɔ ɖe dukɔ gã sia me tɔwo dzi ŋutɔ. Ne nɔnɔmeawo trɔ kpata, eye wòhiã be woatrɔ ɖe eŋu enumake gɔ̃ hã la, nu ɖeka aɖe ya metrɔna o—eyae nye ale si wodea bubu dziɖuɖu kple wo havi amegbetɔwo ŋu.
Aleke kee nɔnɔmeawo ava nɔ le etsɔme o, Yehowa Ðasefo siwo le Russia la yi edzi le ƒu ƒom hena Biblia me nufiamewo xɔxɔ le dzidzɔ me. Wodoa gbe ɖa “ɖe fiawo kple ame siwo katã le ɖoƒe kɔkɔ la ta; bene [yewoayi] edzi anɔ anyi kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu kple moveviɖoɖo me.”—1 Timoteo 2:2.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]
Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe si le asi kpem ɖe takpekpe wɔwɔ le dogba dzi ŋu
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Yehowa Ðasefo siwo le Russia la li ‘kpoo le tomefafa me le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me’
[Nɔnɔmetatawo si le axa 28]
Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ dɔ ɖekae hedzra teƒe ɖo na takpekpea wɔwɔ, eye wokpɔ takpekpevala akpe geɖeawo ƒe nuɖunyawo gbɔ
[Nɔnɔmetatawo si le axa 29]
Ame sia ame se vivi na Biblia me nufiameawo, eye wokpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ ŋu