Yehowa Ðasefowo ƒe Dukɔwo Dome Takpekpe Gbãtɔ si Wowɔ le Russia
WONYA St. Petersburg, Russia, la nyuie le nusi afimatɔwo yɔna be “dzinuɖiɖizã”—esi nye kwasiɖa abe etɔ̃ ene le June me si me yame medo viviti keŋkeŋ o la ta. Gake ƒe 1992 ƒe June 26 vaseɖe 28 nye etɔxɛ.
Le ŋkeke mawo dzi la, Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpe si menye akaɖi ŋutɔŋutɔ si nɔ keklẽm ɖe St. Petersburg ƒe dugã dzi ɣesiaɣi dzie wòhe susu yii o, ke boŋ gbɔgbɔmekaɖi si Kristotɔ vavãtɔwo nana wòklẽna dzie wòhe susu yii. Eyata takpekpea ƒe tanyae nye: “Kekeliviwo.”
Esiae nye Ðasefoawo ƒe dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ si wowɔ le teƒe si woyɔna tsã be Soviet Union. Takpekpevalawo tso dukɔ abe 30 ene me le xexeame katã, esiwo dometɔ aɖewoe nye Britania, Kanada, Denmark, Finland, Germania, Italia, Japan, Netherlands, Norway, Sweden, Switzerland, kple United States.
Hekpe ɖe eŋu la, Ðasefowo siwo ade 29,000 tso teƒe si nye Soviet Union tsã la hã va. Wo dometɔ aɖewo tso Estonia, Georgia, Latvia, Lithuania, Moldova, kple Ukraine. Xexlẽme sia wɔ nuku ŋutɔ elabena ganyawo nɔ sesẽm na Russia. Russiatɔ takpekpevala siwo zɔ mɔ kilometa 8,000 tso Vladivostok kple teƒe bubu siwo le Russia ƒe ɣedzeƒe gome ƒugo ŋu ƒe vava ɖe dzesi ŋutɔ.
Takpekpevala siwo tso dukɔ bubuwo me ƒe akpa gãtɔ tso Finland si tsɔ ɖe Russia gbɔ, eye wonye ame 10,000 kple vɔ. Womã bɔlƒoƒea ɖe akpa eve me—Russia- kple Finlandgbe, eye wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nuƒolanɔƒe le vovo si woƒo nuƒoawo tsoe.
Dzadzraɖowo
Takpekpea wɔƒee nye Kirov-bɔlƒoƒe si xɔ ƒe 42, si le Krestovsky-ƒukpoa dzi, si didi tso St. Petersburg titina kilometa ʋee aɖewo ko. Ame abe 60,000 ene ye nɔnɛ eye wònye bɔlƒoƒe gãtɔ kekeake evelia le teƒe si woyɔna tsã be Soviet Union. Àte ŋu akpɔ Neva-tɔsisi ƒe tsi siwo de nu Finland-ƒua me ɖaa le afima.
Gake ehiã be woadzra bɔlƒoƒea ɖo. Wodzra pɔmpi siwo me tsi gbegblẽwo sina tona la ɖo, eye wotu nugododeƒe bubuwo kpee. Ehiã be woasi aŋɔ na bɔlƒoƒea ƒe anyinɔƒe si tsiã ɖe enu abe kilometa 30 ene la. Hekpe ɖe eŋu la, woƒo bɔlƒoƒea ŋu. Exɔ kwasiɖa geɖe hafi wowu dɔ sia nu.
Mɔzɔzɔ Kple Dzeƒewo
Esi wokpe ame abe 17,000 ene tso dukɔ bubuwo me va takpekpeae ta la, eva hiã be woawɔ mɔzɔzɔ kple dzeƒe ƒe ɖoɖowo. Menye amedɔdɔnɔƒe vovovoawo koe Russia-dziɖuɖumegãwo na kpekpeɖeŋu geɖe le o, ke wona kpekpeɖeŋu hã le dewo dzi le St. Petersburg ƒe dukɔwo dome yameʋudzƒe hã.
Wowɔ ɖoɖo kple amedzrodzeƒe 32 be woana dzeƒe takpekpevala 17,000 siwo tso dukɔ bubuwo me ƒe akpa gãtɔ. Wona dzeƒe takpekpevala 29,000 siwo tso teƒe si nye Soviet Union tsã ƒe akpa vovovowo ɖe suku kple abɔdzokposuku 132. Egahiã be woaku takpekpevalawo gbesiagbe ayi takpekpea wɔƒee, eye woda bɔsu siwo ade 390 be woatsɔ aku woe.
Takpekpevala siwo tso dukɔ bubuwo me la dometɔ geɖe ɖua nu le amedzrodzeƒe siwo wodze la. Gake dzinu geɖe do ŋgɔ na takpekpea wɔwɔ la, St. Petersburg ƒe dziɖuɖu-megãwo xa nu le afisi woakpɔ nuɖuɖu le anyi takpekpevala akpe geɖe siwo tso teƒe si woyɔna tsã be Soviet Union ƒe akpa vovovowo ƒe kuxi la ŋu. Wogblɔ be womakpɔ nuɖuɖu si asu le dua me o eye be ahiã be Ðasefoawo nadi nuɖuɖu tso teƒe bubuwo vɛ.
Eye nu ma tututue wowɔ. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe geɖewo dzɔ nuɖuɖu gbogbo aɖewo ɖo ɖa. Finland ƒe alɔdzedɔwɔƒea dzɔ nuɖuɖu tɔn 200 ɖo ɖe takpekpea! Hekpe ɖe eŋu la, takpekpevala siwo tso dukɔ bubuwo me ƒe akpa gãtɔ tsɔ gomelã, atikutsetse kple nuɖuɖu ƒuƒuwo, kple nuɖuɖu bubu siwo nɔ nubablɛ suewo me ɖe asi vɛ. Le takpekpea ƒe ŋkeke mamlea dzi la, womã nuɖuɖu siwo nɔ aɖaka me wode agbatsɔʋuwo la le bɔlƒoƒea na takpekpevala siwo tso teƒe si woyɔna be Soviet Union tsã ale be woate ŋu akpɔ nuɖuɖu ne wotrɔ yina wo de.
Gbeƒãɖeɖedɔ si Keke Ta
St. Petersburg ye nye Russia ƒe dugã evelia si me ame abe miliɔn atɔ̃ ene le. Zi gbãtɔ le ƒe gbogbo siwo va yi me la, woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woaɖe gbeƒã wòade du.
Wodze gbeƒãɖeɖe si womeɖe nenema kpɔ o la gɔme kwasiɖa geɖe do ŋgɔ na takpekpea. Wota amekpegbalẽvi abe miliɔn ɖeka ene ɖe Russiagbe me hemã wo. Memleɖagbe ŋdɔ ƒe dutoƒonuƒoa sese ƒe amekpekpe nɔ amekpegbalẽvia ƒe akpa dzi. Woƒo nu tso Kwasiɖagbe ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu le amekpegbalẽvia megbe. Hekpe ɖe eŋu la, womã trakt si nye Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se? si ade 750,000 kloe na St. Petersburgtɔwo. Esia na wonya nu tso Ðasefowo ƒe nufiafiawo ŋu.
Takpekpevala akpa gãtɔ ɖo St. Petersburg ŋkeke ɖeka vaseɖe ene do ŋgɔ na takpekpea ƒe gɔmedzedze. Le ŋkeke mawo dzi la, takpekpevala akpe geɖewo nɔ ablɔwo dzi nɔ amekpegbalẽviwo, traktwo kple agbalẽ bubu siwo wota ɖe Russiagbe me la mãm. Hekpe ɖe eŋu la, wowɔ ʋuƒo siwo dzi woɖe gbeƒã takpekpea ɖo hetu wo ɖe St. Petersburg ƒe anyimeblɔ siwo dzi ame geɖewo tona la xa. Wokɔkɔ abe meta 3 ene hekeke abe meta 1.5 ene, eye woŋlɔ amekpekpe be woava se dutoƒonuƒoa ɖe amadede si nya kpɔ me le eŋgɔ kple megbe. Wotu ɖewo ɖe ketekeɖoƒe si amewo sɔa agbɔ ɖo fũ ƒe mɔnuwo.
Nuƒoawo
Mlɔeba la, takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ ɖo, eye ame 45,000 kple edzivɔ va. Wotrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòaɖe vi na takpekpevala geɖe siwo medoa Russia- alo Finlandgbe o la. Le kpɔɖeŋu me, woƒo nuƒo geɖe ɖe Eŋlisigbe me eye woɖe wo gɔme ɖe Finland- kple Russiagbe me. Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ adre ƒo nuƒo geɖewo.
Le takpekpea ƒe ŋkeke ɖesiaɖe dzi la, nyatakakawo kple nuteƒekpɔkpɔwo tsoa dukɔ bubuwo me siwo hea susu yia alesi Yehowa le gbeƒãɖeɖedɔ yramee le anyigba mawo dzie la dzi. Wogblɔ nyatakaka siawo kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe siawo hã ɖe Eŋlisigbe me heɖe wo gɔme ɖe Russia- kple Finlandgbe me.
Russiagbe me takpekpea ƒe dutoƒonuƒoa bia nya aɖe si me Russiatɔ geɖewo tsɔa ɖe le vevie egbea. Eƒe tanyae nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” Le nuƒoa megbe la, edzɔ dzi na takpekpevalawo be yewoaxɔ agbalẽ gbadza yeye si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa le Russia- kple Finlandgbe me.
Hadzigbalẽ si Yehowa Ðasefowo zãna le woƒe kpekpewo me mele Russiagbe me haɖe o. Eyata Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza tɔxɛ aɖe si me ha siwo katã woadzi le takpekpea me ƒe nyawo le. Russiatɔ takpekpevalawo xɔ wo tɔ esi wova bɔlƒoƒea. Dzidzɔ ka gbegbee nye si be woase ame 46,000 siwo tso dukɔ abe 30 ene me ƒe kafukafuhawo dzidzi na Yehowa le woƒe gbegbɔgblɔ vovovowo, si me Russiagbe hã le la me!
Wofia nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la le xexeame ƒe akpa geɖe kple anyigbamamã siwo nɔ dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union ƒe geɖee nye sia. Wobla akpa na Yehowa Ðasefo siwo le anyigba siawo dzi azɔ be woaklo nu le nufiafia sia ƒe aʋatsonyenye ŋu eye woakaka nyateƒe si ku ɖe agbe Wɔla la ŋu. Takpekpevalawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Kwasiɖagbe ŋdikpekpea ƒe nuwuwu esi Dziɖuha me tɔ aɖe ɖe agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? ɖe go le Russiagbe me! Wona ɖeka amesiame.
Wona takpekpevala siwo tso duta nya do ŋgɔ be Biblia mele Ðasefo siwo le Russia la dometɔ geɖe si o. Eyata wotsɔ Russiagbe me Biblia akpe geɖe ɖe asi vɛ abe nunanawo ene. Woƒo Bibliawo nu ƒu ɖe agbalẽwo xɔƒe gã be woalɔ wo emegbe ayi Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo mee amã na amesiwo hiã ɖe.
Woƒe Nu Ku!
Le Memleɖagbe ŋdi me katã kple ŋdɔ me la, amedzro siwo menye Ðasefowo o la yi edzi nɔ bɔlƒoƒea vam bibibi. Wonɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu tsitotsito eye wodi be yewoatsɔ yewoƒe ŋku akpɔ nusi nɔ edzi yim la. Wo dometɔ geɖe ƒe nu ku. Wo dometɔ akpa gãtɔ mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ hafi wokpe wo be woava se dutoƒonuƒoa o. Wo dometɔ aɖewo se nu tso takpekpea ŋu le television dzi.
Ðetugbi aɖe si le Russiatɔwo ƒe Orthodoks-sɔlemeha me la gblɔ be: “Ðasefowo ƒe nu wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Wonye ame fafawo, nudzeamewɔlawo eye bubu le wo ŋu.” Amedzro bubu gblɔ be: “Míaƒe didie nye be Yehowa Ðasefowo nawɔ takpekpe geɖe wu le St. Petersburg afisia.” Russia-kpovitɔwo alo dumevi siwo wona hehee abe asrafowo ene ƒe amegã aɖe si wodɔ ɖa be wòawɔ dɔ le takpekpea wɔƒe la gblɔ be enye “dzidzɔ na ye be yeava takpekpe sia.”
Dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be ‘ame aɖewo bua Yehowa Ðasefowo be wonye adzame kɔmamã ƒomevi aɖe si nɔa anyi ɖe viviti me nɔa funyafunya wɔm ɖeviwo kple wo ɖokui. Gake ame tagbɔnɔsitɔ siwo ɖo nukomo eye wonyo kura gɔ̃ hã wu ame geɖe siwo menya la kpɔm mele. Wofa tu eye womewɔa gidigidi o, eye wolɔ̃ wo nɔewo vevie.’ Egblɔ kpee be: “Nyemese nusita tututu amewo gblɔa aʋatsonyawo ɖe mia ŋu la gɔme o.”
Le Memleɖagbe la, tsitretsiɖeŋula aɖewo te kpɔ be yewoagblẽ takpekpea me. Wotsɔ avɔ gã aɖe si dzi woŋlɔ aʋatsonutsotsowo ɖe Ðasefowo ŋu ɖo la ɖe asi. Esi tsitretsiɖeŋulawo ƒe ha la nɔ lolom ɖe edzi eye woƒe hoowɔwɔ nu nɔ sesẽm ɖe edzi la, kpovitɔwo yɔ dumevi siwo wona hehee abe asrafowo ene be woava kpɔ takpekpea valawo ta. Tsitretsiɖeŋulaawo meto agboawo ŋkume yi o. Le ŋkekea ƒe nuwuwu la, ɖeko wodzo kple dziɖeleameƒo.
Nuwɔwɔ aduadu ƒe nɔnɔme si dumevi siwo wona hehee abe asrafowo ene ɖe fia la wɔ dɔ ɖe takpekpevalaawo dometɔ ɖeka si kpɔ nusi dzɔ teƒe la dzi vevie ŋutɔ. “Esi mekpɔ dumevi siwo wona hehee abe asrafowo ene nɔ agbagba dzem vevie be yewoakpɔ mía ta la wɔ nuku nam ŋutɔ. Ƒe eve ko enye si va yi la, wobua Yehowa Ðasefowo be wonye Dziɖuɖua ƒe futɔwo. Gake fifia asrafo siawo le mía ta kpɔm ŋutɔŋutɔ!” Dumevi siwo wona hehee abe asrafowo ene ƒe amegã aɖe ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ nyateƒetɔe esime wògblɔ na takpekpevalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Míedi be mianɔ mía vɔ̃m o. Mia ta kpɔƒee míeva le afisia eye be míakpɔ egbɔ be nusianu zɔ nyuie.”
Nusianu zɔ nyuie hã vavã. Yame ƒe nɔnɔme gɔ̃ hã de ame dzi. Le takpekpea ƒe ŋkeke ɖesiaɖe dzi la, yame kɔ nyuie eye dzoxɔxɔ nɔ eme.
Ame Akpe Geɖe Xɔ Nyɔnyrɔ̃
Le ame geɖe gome la, takpekpea me nu vevitɔe nye alesi wonyrɔ̃ ame akpewoe. Ame 108 ye xɔ nyɔnyrɔ̃ le hame aɖe si le St. Petersburg si me gbeƒãɖela 254 nɔ la me! Gbɔgblɔ mele alesi gbegbe wòdzɔ dzi na takpekpevalawo esi wokpɔ ame 3,256 siwo axɔ nyɔnyrɔ̃ tsi tre la ŋu o. Nuƒola bia nya eve ku ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ŋu, eye woɖo eŋu sesĩe be “da” (ẽ).
Esi wodo gbe ɖa vɔ la, wofia mɔ nyɔnu siwo axɔ nyɔnyrɔ̃ la yi ɖe xɔ siwo me woaɖɔ li awu le la me eye ŋutsu siwo axɔ nyɔnyrɔ̃ hã to mɔ bubu yi xɔ siwo me woaɖɔ li awu le la me. Esi wo dometɔ alafa geɖe nɔ dzodzom le fefewɔƒea la, woawo kple nyaselawo nɔ gbe dom na wo nɔewo esi wonɔ asi ʋuʋum na wo nɔewo.
Nyaselawo dometɔ geɖe fa dzidzɔvi. Ame bubuwo nɔ akpesisi dzi eye wotɔna gayia edzi hena aɖabaƒoƒo 45 kple edzivɔ sɔŋ. Finlandtɔ takpekpevalawo dometɔ ɖeka mete ŋu lé eɖokui o eye wòde asi avifafa me. Eɖe nu me be: “Le ƒe 1943 me la, woxɔm ɖe Finland-srafowo dome be mawɔ aʋa kple Russiatɔwo. Aʋa dziŋɔe wònye míewɔ. Eye fifia mekpɔ Russiatɔ akpe geɖe le takpekpe sia me wotsɔ woƒe agbe le adzɔgbe ɖem na Yehowa! Esi mekpɔ wo dometɔ aɖewo nɔ bunɔwo ƒe keke me eye bubuwo le tɔtɔm ɖe ata dzi la, mefa avi. Mebia ɖokuinye be: ‘Amesiwo de aʋa gbɔe amesiawo hã nyea? Finland-srafowoe de abi wo ŋua? Ðewohĩ Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋunye fifia be makpe ɖe nɔvinye Russiatɔwo ŋu.”
Ðe nɔvi siwo doa Russiagbe la kpɔ ŋudzedze ɖe ŋkeke etɔ̃ gbɔgbɔmekplɔ̃ si Yehowa ɖo na wo ƒe ɖoɖo sia si nye St. Petersburg ƒe takpekpe gã gbãtɔ sia ŋua? Esi nuƒola mamlea nɔ eƒe nya mamleawo gblɔm la, egblɔ be: “Ƒo wo katã ta la, míeda akpe na Yehowa Mawu ɖe takpekpe wɔnuku sia ta.” Nyaselawo tsi tre eye wotsɔ dzonɔameme ƒo akpee wu aɖabaƒoƒo atɔ̃. Enye tsitrenukpedada na Yehowa!
Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu si nye Kekelitsoƒe le kpekpem ɖe kekelivi akpe geɖe siwo le anyigba siawo siwo nɔ Soviet Union te tsã la ŋu. Le mɔxeɖenuwo kple yometiti ƒe 70 kple edzivɔ megbe la, eme va kɔ keŋ azɔ be Yehowa nɔ eƒe ŋugbedodo si le Yesaya 60:22 dzi wɔm le ɣeyiɣi mawo katã me, afisi wògblɔ le be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.”
[Aɖaka si le axa 26]
Takpekpe Bubuwo
Ne woƒo wo katã nu ƒu la, wowɔ takpekpe ade le dzomeŋɔli si va yi me le dukɔ si woyɔ tsã be Soviet Union me. Vavalawo ƒe xexlẽme nye 91,673 eye ame 8,562 xɔ nyɔnyrɔ̃. Esia fia be vavalawo dometɔ 9.3 le alafa ɖesiaɖe me xɔ nyɔnyrɔ̃ le takpekpe siawo me. Gake xexlẽme sia asɔ gbɔ wu esia hafi ne ɖe takpekpevala 17,000 siwo tso dukɔ bubuwo me meva dukɔwo dome takpekpea le St. Petersburg o.
Visoki Zamok si wotana le Lviv (woyɔnɛ tsã be Lvov) gblɔ be: “Dɔmenyonyo kple mokɔɖeameŋu xɔ aƒe ɖe bɔlƒoƒea vavã le takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo me. Togbɔ be vavalawo sɔ gbɔ fũ hã la, teƒeawo kpɔtɔ le dzadzɛ abe alesi wonɔ do ŋgɔ na takpekpea ene. Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple ŋutifafa si dze na sɔsrɔ̃ nɔ afisiafi.”
Esi tadede agu na Mawu le gaglãgbe ƒe ablɔɖe su Yehowa Ðasefowo si azɔ le dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me ta la, mɔnukpɔkpɔ su afimatɔ geɖewo si be woakpɔ amesiwo tututu Ðasefowo nye la tẽ. Krasnoyarskii Komsomolets si nye Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Woƒe dzedzeme nya kpɔ, xɔlɔ̃wɔwɔ le wo me ŋutɔ eye womedea nu dunyahehe me kura o; wodea veviedodo ƒe dzi ƒo, ke menye ‘ga si woato mɔ bɔbɔe dzi akpɔ’ yome titi o.”
Takpekpe Siwo Wowɔ le Dukɔ si Woyɔna tsã be Soviet Union Me
ƔLETIŊKEKE DUA AGBƆSƆSƆ GBOGBOTƆ NYƆNYRƆ̃XƆXƆ
June 26-28 St. Petersburg, Russia 46,214 3,256
July 10-12 Lviv, Ukraine 15,011 1,326
Alma-Ata, Kazakhstan 6,605 829
July 17-19 Kharkov, Ukraine 17,425 2,577
July 24-26 Irkutsk, Siberia 5,051 536
Tallinn, Estonia 1,367 38
YE KATÃ 91,673 8,562
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Woɖe gbeƒã takpekpea le gbeƒãɖeʋuƒowo dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]
Russiatɔ takpekpevala sia xɔ Biblia la ɖeka wònye etɔ
Wozã agbalẽ gbadza tɔxɛ si me hadzidziwo nɔ la
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Wona nyɔnyrɔ̃ ame 3,256 sɔŋ wòwɔ dɔ ɖe ame dzi