INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 3/1 axa 30-31
  • Ʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Si Tsri Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Wode Dɔ Tɔxɛ Aɖe Asi Na Mose
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 3/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Ʋli Tadedeagu Vavãtɔ Ta!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Eliya, Axab, kple Baal nyagblɔɖila 450 aɖewo

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Eliya ɖee fia be Yehowa tri akɔ wu Baal.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 FIAWO 18:17-40.

Le pepa bubu dzi la, ta afi si nèsusu be Eliya, Baal ƒe nyagblɔɖilawo, kple vɔsamlekpuiawo anɔ.

Nu kawoe nèsusu be yeanɔ sesem esime howɔwɔ si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 26 va se ɖe 29 la nɔ edzi yim?

․․․․․

Nɔnɔme ka mee nède dzesii be Eliya ƒo nu na Baal ƒe nyagblɔɖilawo le?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Nu ka tae wòahiã be dzi nanɔ Eliya ƒo be wòayi Axab gbɔ, eye emegbe wòawɔ dodokpɔ si ana ŋu nakpe Baal ƒe nyagblɔɖila alafa geɖewo? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 1 Fiawo 18:4, 13, 14.)

․․․․․

Zã agbalẽ kple dɔwɔnu bubu siwo wotsɔ wɔa numekukui, siwo le mia si la, nàtsɔ aku nu me tso Baal subɔsubɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nuwɔna kawo mee Baal subɔlawo ƒoa wo ɖokui ɖo? Nu kae do tso eme na Israel viwo le esi wosubɔ Baal ta?

․․․․․

Èsusu be nu ka tae Eliya ɖe ʋe ƒo xlã Yehowa ƒe vɔsamlekpuia hena wokɔ tsi ɖe eme?

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Ale si wòle be dzi nanɔ ame ƒo be wòaʋli tadedeagu vavãtɔ ta.

․․․․․

Viɖe siwo dona tsoa eme na ame siwo si dzinɔameƒo sia tɔgbi le.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Nɔnɔme ka(wo) mee wòahiã le be dzi nanɔ ƒowò geɖe wu be nàʋli tadedeagu vavãtɔ ta?

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

[Adaka si le axa 31]

Nutome Gã Takpekpe Ŋuti Nyatakaka

Tso ƒe sia dzi la, ɣletiŋkeke kple teƒe siwo míewɔa ƒe sia ƒe ƒe nutome gã takpekpewo le la magadze le Gbetakpɔxɔ me azɔ o. Àte ŋu akpɔ nyatakaka sia le jw.org ƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe