Mègagblẽ Nɔviwò Xɔsetɔwo Ði Gbeɖe O
JAROSŁAW kple srɔ̃a Beataa gblɔ be: “Míeɖe mɔ míaƒe susu katã nɔ nu nyui siwo míate ŋu akpɔ tso xexe sia me asitsadɔwo me la ŋu ƒe ewo sɔŋ, eye míekpɔ ga geɖe hã. Togbɔ be nyateƒea mee wohe mí le hã la, míeva te mía ɖokui ɖa tso Yehowa ŋu ale gbegbe be esesẽ na mí ŋutɔ be míatrɔ agbɔ va egbɔ.”
Nɔvi bubu aɖe hã, si ŋkɔe nye Marek, gblɔ be: “Le tɔtrɔ siwo va le agbenɔnɔ kple dunyahehe me le Poland ta la, dɔ ge le asinye zi gbɔ zi geɖe. Esia na dzi va ɖe le ƒonye. Medi be nye ŋutɔ maɖo nye asitsadɔwɔƒe, gake menɔ vɔvɔ̃m, elabena esia ŋuti nuteƒekpɔkpɔ aɖeke menɔ asinye o. Mlɔeba la, metso nya me be maɖo dɔwɔƒea hesusui be esia akpe ɖe ŋunye makpɔ nye ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo nyuie wu, eye magblẽ naneke le ŋunye le gbɔgbɔ me o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be meble ɖokuinye kura.”
Esi nuwo ƒe asi yi edzi le dzi yim eye dɔmakpɔwɔe hã le dzidzim ɖe edzi le xexea me ta la, ame geɖewo tsi dzimaɖi, eye esia wɔe be wowɔa nyametsotso siwo me nunya mele o. Nɔvi aɖewo lɔ̃ be yewoawɔ dɔ le kpakpã le dɔ me megbe, alo be yewoawɔ dɔ bubu akpe ɖe esi wɔm yewole la ŋu, alo yewoaɖo yewo ŋutɔ yewoƒe asitsadɔwɔƒe togbɔ be esia ŋuti nuteƒekpɔkpɔ aɖeke mele wo si o hã. Wosusui be ga si yewoakpɔ tso eme la akpe ɖe yewoƒe ƒomea ŋu, eye be magblẽ naneke le yewo ŋu le gbɔgbɔ me o. Ke hã, ne ame aɖe bu nuwo nyuie le ɖoɖo siawo tɔgbi wɔwɔ me hã la, nudzɔdzɔ siwo mele mɔ kpɔm na o kple ganyawo ƒe tɔtɔ ate ŋu agblẽ eme nɛ. Esia na ame aɖewo zu ŋuklẽlawo, eye wotsɔ ŋutilãmenuwo yome titi ɖɔ li Yehowa subɔsubɔ.—Nyagb. 9:11, 12.
Nɔvi aɖewo ti xexemenuwo yome ale gbegbe be womegatea ŋu kpɔa ɣeyiɣi aɖeke tsɔ srɔ̃a nu o, womegadea kpekpeawo o, eye womegayia gbeadzi hã o. Eme kɔ ƒãa be, nu siawo mawɔmawɔ gblẽa nu le wo ŋu le gbɔgbɔ me eye wògblẽa woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me. Ðewohĩ esia ate ŋu agblẽ woƒe ƒomedodo vevi aɖe hã me—eyae nye kadodo si le ‘woa kple ame siwo do ƒome kpli wo le xɔse me’ la dome. (Gal. 6:10) Nɔvi aɖewo nɔa tetem ɖa le wo nɔvi Kristotɔwo ŋu vivivi. Bu nya la ƒe akpa sia ŋu ŋkubiãtɔe.
Agba Si Le Mía Dzi Le Mía Nɔvi Xɔsetɔwo Gbɔ
Abe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ene la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo. (Rom. 13:8) Ðewohĩ, èkpɔ ‘ame dahe, siwo le ɣli dom’ hele xɔnametɔ dim la le miaƒe hamea me. (Hiob 29:12) Ðewohĩ, wo dometɔ aɖewo mekpɔa nu si woaɖu o. Apostolo Yohanes ɖo ŋku mɔnukpɔkpɔ si esia ʋuna ɖi na mí la dzi na mí. Egblɔ be: “Ame sia ame si si xexe sia me nunɔamesiwo le, eye wòkpɔ nɔvia le hiã me, gake wògbe nublanuikpɔkpɔ nɛ la, mɔ ka nue Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa eme le?”—1 Yoh. 3:17.
Ðewohĩ, èɖe afɔ aɖe tsɔ kpɔ hiahiã ma gbɔ eye ènyo dɔme na nɔvi bubuwo to kpekpeɖeŋunana wo me. Gake menye ŋutilãmekpekpeɖeŋu koe wòle be míana mía nɔviwo o. Ðewohĩ nɔvi aɖewo le ɣli dom hele xɔnametɔ dim le esi wotsi akogo alo dzi ɖe le wo ƒo ta. Ate ŋu anye be wole sesem le wo ɖokuiwo me be yewomedze asubɔ Yehowa o, alo wole dɔ lém vevie, alo woƒe ame vevi aɖe ku. Mɔ aɖe si dzi míate ŋu ato ade dzi ƒo na wo ye nye be míaɖo to wo ahaɖo dze kpli wo. Ne míewɔ esia la, míate ŋu afa akɔ na wo, eye míakpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ nagaɖo wo ŋu le gbɔgbɔ me. (1 Tes. 5:14) Nuwɔna siawo tea ŋu nana lɔlɔ̃ si le mía kple mía nɔviwo dome la me sẽna ɖe edzi.
Hamemetsitsiwo koŋ ye wòle na be woaɖo to nɔvi siawo veveseɖeamenutɔe, ase nu gɔme na wo, eye woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖo aɖaŋu na wo lɔlɔ̃tɔe. (Dɔw. 20:28) Ne dzikpɔlawo wɔe alea la, ke wole apostolo Paulo, ame si ‘melɔ̃a nu le’ eƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ‘gbɔ o,’ la srɔ̃m.—1 Tes. 2:7, 8.
Ke hã, ne Kristotɔ aɖe ɖe eɖokui ɖe aga tso alẽha la gbɔ la, aleke wòawɔ atsɔ agba si le edzi le nɔvia xɔsetɔwo gbɔ la? Xexea me nunɔamesiwo yome titi ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe dzikpɔlawo gɔ̃ hã. Ke ne Kristotɔ aɖe ɖe mɔ ale be mɔ̃ sia ɖee ya ɖe?
Agbe Me Dzimaɖitsitsi Te Woƒe Dzi Ðe To
Abe ale si míekpɔe va yi ene la, zi geɖe la, ne míevu ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu be míatsɔ akpɔ míaƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ la, ɖeko wònana míetsia dzimaɖi eye wònana míegbɔdzɔna le gbɔgbɔ me. (Mat. 13:22) Marek, si ŋu míeƒo nu tso va yi la gblɔ be: “Esi dɔ ge le asinye la, meɖoe be mazɔ mɔ ayi duta aɖadi dɔ si me ga geɖe le la awɔ. Gbã la, meyi ɖanɔ duta ɣleti etɔ̃ ko. Eyome megayi ɣleti etɔ̃ ake, eye megava yi zi gbɔ zi geɖe, gake ne megbɔ la, nyemenɔa anyi wòdidina hafi trɔ yina o. Esia te ɖe srɔ̃nye, si menye haxɔsetɔ o la, dzi vevie.”
Menye ƒomea koe kpea fu ne ame aɖe ɖe afɔ sia o. Marek gblɔ yi edzi be: “Menye ɖeko menɔ dɔ wɔm le ŋdɔ ganagana gbe ko evɔ o, ke menɔ dɔ wɔm kple ame gblẽku siwo nɔa agbagba dzem ɣesiaɣi be yewoaba amewo la. Wowɔa nu abe adzodalawo ene. Eɖea fu nam eye wòtena ɖe dzinye vevie. Esi wònye be nyemegakpɔa vovo ɖe nye ŋutɔ ɖokuinye ŋu gɔ̃ hã o ta la, nyemegava ka ɖe edzi be mate ŋu asubɔ nɔviwo o.”
Ele be nu wɔnublanui si do tso Marek ƒe nyametsotsoa me la naʋã mí be míatɔ sẽe abu tame. Ne ewɔ na mí be ne míezɔ mɔ yi duta la, ana míakpɔ míaƒe gakuxiwo gbɔ hã la, ɖe esia mahe kuxi bubuwo ava mía dzi oa? Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ kae esia akpɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome? Ðe mɔzɔzɔ ayi duta ana míaɖe ɖe aga le hamea ŋua? Ðe esia mana mɔnukpɔkpɔ si sua mía si be míasubɔ míaƒe haxɔsetɔwo la nato mía ŋu oa?—1 Tim. 3:2-5.
Gake ànya de dzesii be menye mɔzɔzɔ aɖawɔ dɔ le duta koe nana ame zãa eƒe ŋusẽ katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu o. Bu Jarosław kple Beata ŋu kpɔ. Jarosław gblɔ be: “Esi míedze míaƒe asitsadɔa gɔme la, míenyae be kuxiwo ado tso eme o. Esi míeɖe mía nɔewo teti la, míeɖo nudzraƒe sue aɖe ɖe teƒe aɖe si woƒlea nu le ŋutɔ la, eye míemea lã dzrana le afi ma. Esi míenɔ viɖe geɖe kpɔm ta la, míeɖoe be míakeke míaƒe nudzraƒea ɖe enu. Ke hã, le vovo manɔameŋu o ta la, míetea ŋu dea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo edziedzi o. Eteƒe medidi kura hafi meɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu heɖe asi le subɔsubɔdɔwɔla ƒe dɔa hã ŋu o. Viɖe si kpɔm míenɔ la nɔ mía nu vivim, eya ta míeʋu fiase gã aɖe, eye mía kple dzimaxɔsetɔ aɖe míete dɔwɔwɔ ɖekae. Eteƒe medidi o, mete mɔzɔzɔ yi duta; meyina ɖawɔa dɔ ŋuti ɖoɖo aɖe si na mekpɔa dɔlar akpe geɖe. Ɣemaɣi la, ƒãa hafi menɔa aƒe me, eya ta nyemekpɔa vovo ɖe srɔ̃nye kple vinyewo ŋu o. Mlɔeba la, ale si míaƒe dɔwɔɖuia nɔ dzidzedze kpɔm la he mí vivivi ale be míedzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Esi míegadea ha kple hamea o ta la, míegabua mía nɔviwo ŋu kura o.”
Nu kae míate ŋu srɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ sia me? Ne Kristotɔ aɖe di be ye ŋutɔ yeawɔ yeƒe “paradiso” la, esia ate ŋu anye mɔ̃ aɖee, wòanɔ enu vivim nɛ ʋuu va se ɖe esime eƒe “awudziwuiwo”—nu si dea dzesii be enye Kristotɔ la—nage le eŋu. (Nyaɖ. 16:15) Esia ate ŋu ana míaɖe mía ɖokuiwo ɖe aga tso nɔvi, siwo ŋu míetea ŋu kpena ɖo tsã la gbɔ.
Dzro Ðokuiwò Me Anukwaretɔe
Ðewohĩ, míanɔ gbɔgblɔm na mí ɖokuiwo be, ‘Nye ya la, nu sia mate ŋu adzɔ ɖe dzinye o.’ Ke hã, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble le nu si wòhiã ŋutɔŋutɔ le agbe me la ŋu moveviɖoɖotɔe. Paulo ŋlɔ bena: “Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o. Eya ta esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” (1 Tim. 6:7, 8) Ele eme baa be du sia du kple ale si eƒe ganyawo ƒe nɔnɔme le. Nu siwo anɔ ame aɖe si le du aɖe si me nuwo de amewo dzi le me eye woabui be enɔa agbe tsɛ la, nu mawo ke ƒe amesinɔnɔ le du bubu geɖewo me ana woabui be alɔme le esi.
Aleke kee nuwo ɖale le du si me míele la me o, mina míade ŋugble le Paulo ƒe nya si gbɔna la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame, siwo nyrɔa ame ɖe tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ me, la me.” (1 Tim. 6:9) Ne amewo ɖo mɔ̃ la, woɣlanɛ ɖe nu si wodi be yewoalé la. Wotrɔa asi le mɔ̃a ŋu be wòalé nua le vo me. Nu kae míawɔ be ‘nudzodzro, siwo wɔa nuvevi ame’ la ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o?
Ne míede dzesi nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ le agbe me la, ate ŋu aʋã mí míadi ɣeyiɣi geɖe ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo, siwo dome ɖokuisinusɔsrɔ̃ hã le la ŋu. Nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu ‘wòadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ’ be wòana kpekpeɖeŋu ame bubuwo.—2 Tim. 2:15; 3:17.
Hamemetsitsi lɔ̃amewo zã ƒe ʋɛ aɖewo tsɔ dze agbagba tu Jarosław ɖo le gbɔgbɔ me hede dzi ƒo nɛ hã. Esia ʋãe wòwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Egblɔ be: “Le dze tuameɖo siwo mía kple hamemetsitsiwo míeɖo la dometɔ ɖeka me la, hamemetsitsiawo he nye susu yi kpɔɖeŋu aɖe si le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si di be yeanɔ agbe tegbee evɔ menɔ klalo be yeatsɔ yeƒe kesinɔnuwo asa vɔe o la dzi. Eyome wobiam aɖaŋutɔe be, ɖe nya ma ate ŋu aku ɖe ŋunye hã. Esia ʋu ŋku nam mekpɔ nu si wòle be mawɔ!”—Lod. 11:28; Mar. 10:17-22.
Jarosław dzro eɖokui me anukwaretɔe, eye wòtso nya me be yeaɖe asi le asitsadɔ gã si wɔm yenɔ la ŋu. Eya kple eƒe ƒomea wogaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me le ƒe eve megbe. Fifia la, enye hamemetsitsi eye wòle nɔviawo subɔm. Jarosław gblɔ be: “Ne nɔviwo va vu ɖe dɔwɔwɔ ŋu ale gbegbe be wogblẽ woƒe gbɔgbɔmedɔwo ɖi la, mezãa nu si dzɔ ɖe dzinye la tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na wo hefia wo be, nunya mele eme be mía kple dzimaxɔsetɔwo míanɔ kɔkuti ɖeka te o. Mele bɔbɔe be ame nagbe dɔ si me wòate ŋu akpɔ ga geɖe le la wɔwɔ eye wòaƒo asa na anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo o.”—2 Kor. 6:14.
Marek hã kpɔ etɔnua. Togbɔ be dɔ si wònɔ wɔwɔm le duta la na wòtea ŋu kpɔa eƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo hã la, ƒomedodo si nɔ woa kple nɔviwo dome kple esi nɔ woa kple Mawu dome ya me gblẽ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ewɔ asitɔtrɔ heva tsɔ nu siwo le vevie wu la ɖo nɔƒe gbãtɔ. Egblɔ be: “Le ƒe aɖewo siwo va yi me la, ɖeko nɔnɔme si me menɔ la nɔ abe esi me Baruk, si nɔ anyi le blema, si ‘nɔ nu gãwo dim’ la, nɔ ene. Mlɔeba la, meɖe nye dzimenyawo kpakple dzimaɖitsitsiwo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me, eye fifia, mekpɔe be megada sɔ le gbɔgbɔ me ake.” (Yer. 45:1-5) Egbea la, Marek le “dɔwɔwɔ nyui” si nye dzikpɔladɔ minyam le hamea me.—1 Tim. 3:1.
Marek gblɔ nuxlɔ̃amenya sia na ame sia ame si adi be yeazɔ mɔ ayi duta aɖadi dɔ si me ga geɖe le wu awɔ la be: “Ne èɖo duta la, ele bɔbɔe be xexe vɔ̃ɖi sia ƒe mɔ̃ naɖe wò. Dua me ƒe gbe masemase nyuie ana be màte ŋu aɖo dze kple amewo o. Ðewohĩ, àhe ga geɖe ava aƒe ya, gake àxɔ abi le gbɔgbɔ me hã, eye axɔ ɣeyiɣi didi ŋutɔ hafi aku.”
Ne míeda sɔ le míaƒe dɔwɔɖuiwo kple agba si le mía dzi le mía nɔviwo gbɔ gome la, akpe ɖe mía ŋu míadze Yehowa ŋu. Eye míaƒe agbenɔnɔ anye kpɔɖeŋu nyui aɖe si ate ŋu aʋã ame bubuwo be woawɔ nyametsotso si me nunya le. Ame siwo ƒo dzi ɖe le la hiã na kpekpeɖeŋu, veveseɖeamenu, kple kpɔɖeŋu nyui siwo wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖona. Hamemetsitsiwo kple ame bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me la ate ŋu akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woada asɔ le gbɔgbɔ me eye woagaɖe mɔ agbemedzimaɖitsitsi nate wo ɖe to o.—Heb. 13:7.
Ɛ̃, migana wòadzɔ gbeɖe be míavu ɖe míaƒe ŋutilãmedɔwo wɔwɔ ŋu ale gbegbe be míagblẽ mía nɔvi xɔsetɔwo ɖi o. (Flp. 1:10) Ke boŋ, mina míanye “kesinɔtɔ le Mawu gbɔ” esi míeyi edzi tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Luka 12:21.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 21]
Ðe wò dɔwɔɖui wɔe be mègatea ŋu dea kpekpeawo oa?
[Nɔnɔmetatawo si le axa 23]
Ðe nèdea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàkpe ɖe nɔviwò xɔsetɔwo ŋu la ŋua?