INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/15 axa 29-32
  • Aleke ‘Nàwɔ Wò Mɔwo Nadze Edzi Na Wò’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke ‘Nàwɔ Wò Mɔwo Nadze Edzi Na Wò’?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔna Siwo Wotsɔ Kpena Ðe Sukunusɔsrɔ̃wo Ŋu Kpakple Modzakaɖedɔwo
  • Suku Kɔkɔ Dede
  • Ame Ðokui Ƒoƒo Ðe Dɔwɔɖui Me Fũu Akpa
  • Àte Ŋu Ana Agbea Nadze Edzi Na Wò
  • Mègadi ‘Nu Gãwo’ Na Ðokuiwò O
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Sɔhɛwo, Miɖo Ŋku Mia Wɔla Gã La Dzi Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yehowa Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hena Míaƒe Nyui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Ka Ta Wòle Be Nàtsɔ Yehowa Subɔsubɔ Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/15 axa 29-32

Aleke ‘Nàwɔ Wò Mɔwo Nadze Edzi Na Wò’?

AME sia ame dina be ‘yeakpɔ dzidzedze’! Ame aɖewo wɔ ŋgɔyiyi le woƒe dɔwo me eye wokpɔ dzidzedze hezu kesinɔtɔwo, eye woxɔ ŋkɔ. Ame aɖewo hã di vevie be nu nadze edzi na yewo, gake wodo kpo nu nublanuitɔe.

Be ame nakpɔ dzidzedze la, akpa gã aɖe nɔ te ɖe nu si ŋu wòtsɔ eƒe susu katã ɖo le agbe me la dzi. Nu eve bubu siwo hã wɔa akpa vevi aɖe le go sia mee nye ale si nèzãa wò ɣeyiɣi kple wò ŋusẽ kpakple ale si nètsona ɖe nu ŋu.

Kristotɔ geɖe kpɔe be gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me bliboe na yewoƒe dzi dze eme. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ wɔ agbemedɔe kpe ɖe sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa ŋu wokpɔ dzidzedze. Ke hã ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be yewomele dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me o, eye woatsɔe aɖo nɔƒe evelia ahati taɖodzinu bubuwo yome. Nu ka tae nu sia ate ŋu adzɔ? Nu kae nàte ŋu awɔ be wò ŋku nagadzo le nu si nye nu xɔasi ŋutɔŋutɔ la dzi o? Nu kae nàwɔ ‘wò mɔwo nadze edzi na wò?’—Yos. 1:8.

Wɔna Siwo Wotsɔ Kpena Ðe Sukunusɔsrɔ̃wo Ŋu Kpakple Modzakaɖedɔwo

Ehiã be sɔhɛ Kristotɔwo nada asɔ le Mawu vavã la subɔsubɔ kpakple gomekpɔkpɔ le dɔwɔna bubuwo me me. Agbea adze edzi na ame siwo wɔnɛ alea, eye edze be woakafu wo vevie.

Gake sɔhɛ Kristotɔ aɖewo va ƒoa wo ɖokuiwo ɖe wɔna siwo wotsɔ kpena ɖe sukunusɔsrɔ̃wo ŋu kpakple modzakaɖedɔwo me vĩi. Anɔ eme be naneke megblẽ le wɔna mawo ŋu ya o. Gake ele be sɔhɛ Kristotɔwo nabia wo ɖokuiwo be: ‘Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae wɔna mawo xɔna le asinye? Ke ame siwo medea ha kpli ya ɖe? Nɔnɔme ka ƒomeviwoe gomekpɔkpɔ le wɔna mawo me ate ŋu aƒã ɖe menye? Nu kae ate ŋu ava zu nye agbemetaɖodzinu?’ Àkpɔe be àva tsi dzi ɖe sukuwɔna mawo ŋu ale gbegbe be ɣeyiɣi kple ŋusẽ sue aɖe koe asusɔ ɖe asiwò be nàtsɔ awɔ dɔ siwo Mawu de asi na wò. Fifia la, àte ŋu akpɔ susu si tae nu siwo le vevie wu tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le vevie.—Ef. 5:15-17.

De ŋugble tso Wiktora ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Meva ge ɖe volleyball ƒoha aɖe me esi mexɔ ƒe 12. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mexɔ ga kple nunana geɖewo. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be mazu ame xɔŋkɔ aɖe.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ale si Wiktor ƒe kamedefefe si yome tim wònɔ la nɔ nu gblẽm le eŋu le gbɔgbɔ me la va ɖe fu nɛ. Gbe ɖeka, alɔ̃ fii esime wònɔ agbagba dzem be yeaxlẽ Biblia. Eye ekpɔe hã be yemegakpɔa dzidzɔ tututu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. Egblɔ be: “Kamedefefea naa ɖeɖi tea ŋunye, eye eteƒe medidi o, mekpɔe be ena dzo si nɔ menye le gbɔgbɔ me hã nɔ tsitsim. Menyae be nyemenɔ nye ŋutete katã wɔm o.”

Suku Kɔkɔ Dede

Le Ŋɔŋlɔawo nu la, agba le Kristotɔwo dzi be woakpɔ woƒe ƒomea dzi, eye esia lɔ ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ hã ɖe eme. (1 Tim. 5:8) Ke hã ɖe esia bia kokoko be woade yunivɛsiti hafia?

Anyo be míadzro ale si suku kɔkɔ dede ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le ame aɖe kple Yehowa dome dzii me. Na míadzro Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ aɖe me atsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui.

Barux nye nyagblɔɖila Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla. Ɣeaɖeɣi la, Barux va nɔ nu gãwo dim le esi teƒe be wòatsɔ eƒe susu aɖo mɔnukpɔkpɔ si su esi le Yehowa subɔsubɔ me la dzi. Yehowa kpɔ esia dze sii eye wòto nyagblɔɖila Yeremiya dzi xlɔ̃ nui be: “Wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Mègadi wo o.”—Yer. 45:5.

Nu kawoe nye ‘nu gã’ siwo dim Barux nɔ? Ate ŋu anɔ eme be didi be yeaxɔ ŋkɔ le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me zu tetekpɔ nɛ. Alo ate ŋu anye be ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ ye nye nu gã siwo yome tim wònɔ. Aleke kee nyaa ɖale o, eƒe susu dzo le nu siwo nɔ vevie wu, nu siwo akpe ɖe eŋu wòakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli, la dzi. (Flp. 1:10) Ke hã edze ƒãa be Barux se nuxlɔ̃amenya si Yehowa gblɔ nɛ to Yeremiya dzi la, eye esia wɔe be eƒe agbe zu aboyonu nɛ.—Yer. 43:6.

Nufiame kae le ŋutinya sia me na mí? Aɖaŋu si woɖo na Barux ɖee fia be nane gblẽ le eƒe nuŋububu ŋu. Enɔ nu gãwo dim na eɖokui. Ne dɔwɔɖui aɖe le asiwò xoxo la, ɖe wòhiã ŋutɔŋutɔ be nàzã ɣeyiɣi, ga, kple ŋusẽ geɖe ɖe suku kɔkɔ dede ŋu kple susu be wò asi nasu nu siwo dim wò ŋutɔ alo dziwòlawo alo wò ƒometɔ bubuwo le la dzi ɖeɖe ko ta?

Bu Grzegorz si nye kɔmpiutadɔwɔla ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Eƒe dɔwɔhatiwo ƒo nya ɖe enu wòƒo ta ɖe hehe tɔxɛ aɖe si axɔ ɣeyiɣi geɖe la hã me. Eteƒe medidi o, megakpɔa ɣeyiɣi aɖeke ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Menɔa kplakplakpla dzi ɣesiaɣi. Nye dzitsinya va nɔ fɔ bumem, elabena nyemete ŋu ɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu si meɖo na ɖokuinye la gbɔ o.”

Ame Ðokui Ƒoƒo Ðe Dɔwɔɖui Me Fũu Akpa

Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na Kristotɔ vavãwo be woanye dɔ sesẽ wɔlawo eye woanye dɔtɔ kple dɔwɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amegbetɔwo o.” (Kol. 3:22, 23) Gake togbɔ be dɔ sesẽ wɔwɔ nyo hã la, nane si le vevie wu la hiã—eyae nye ƒomedodo nyui si le mía kple mía Wɔla dome. (Nyagb. 12:13) Ne Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe eƒe dɔwɔɖui me vĩi la, anɔ bɔbɔe be wòatutu gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe evelia.

Ne Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe ŋutilãmedɔ me akpa la, ate ŋu ate ɖeɖi eŋu ale be magate ŋu ada asɔ le gbɔgbɔ me o, eye mate ŋu akpe ɖe eƒe ƒomea hã ŋu o. Fia Salomo kpɔe be zi geɖe la, ‘agbagbadzedze asiʋlo eve’ nyea “dagbadagba ɖe ya me.” Ne Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe ŋutilãmedɔ aɖe me fũu akpa la, nu ate ŋu ava te ɖe edzi vevie ɣeyiɣi didi aɖe. Ame sia ƒomevi ate ŋu ava zu kluvi na eƒe dɔwɔɖuia ale gbegbe be wɔna avɔ le eƒe ŋutilã ŋu. Ne edzɔ alea la, ɖe wòate ŋu ‘akpɔ dzidzɔ ɖe eƒe agbagbadzedzewo katã ŋu’ vavã. (Nyagb. 3:12, 13; 4:6) Gawu la, ɖe ŋusẽ geɖe aganɔ eŋu le ŋutilã kple seselelãme gome wòakpɔ eƒe ƒomegbanɔamedziwo gbɔ ahakpɔ gome le gbɔgbɔmedɔwo mea?

Janusz si le Ɣedzeƒe Europa la va ƒo eɖokui ɖe abɔdɔ si nye eƒe dɔwɔɖui la me vĩi. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Xexemetɔwo kafuam, elabena mebi ɖe dɔa me ale gbegbe be metea ŋu wua dɔ ɖe sia ɖe si wodɔm la nu nyuie. Gake nu nɔ gbegblẽm le ŋunye le gbɔgbɔ me, eye meva dzudzɔ gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Eteƒe medidi o, medzudzɔ kpekpewo dede. Dada va ge ɖe menye ale gbegbe be medo toku hamemetsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo, eye meɖe ɖokuinye ɖe aga tso hamea gbɔ.”

Àte Ŋu Ana Agbea Nadze Edzi Na Wò

Míedzro nu etɔ̃ siwo me wòate ŋu adzɔ be Kristotɔ naƒo eɖokui ɖo fũu akpa eye wòagblẽ nu le eŋu le gbɔgbɔ me la me. Ðe nèkpɔ ɖokuiwò le nu etɔ̃ siawo dometɔ aɖe mea? Ne nenemae la, nyabiase, mawunyakpukpui, kple numeɖeɖe siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ne èle mɔ si nàto akpɔ dzidzedze la dzi loo alo mèle edzi o.

Wɔna siwo wotsɔ kpena ɖe sukunusɔsrɔ̃wo ŋu kple modzakaɖedɔwo: Aleke gbegbee nèƒo ɖokuiwò ɖe dɔwɔna siawo me? Ðe nu siawo le ɣeyiɣi siwo nèzãna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu tsã la xɔm le asiwòa? Ðe nèkpɔe be hadede kple haxɔsetɔwo megavivia nuwò tututu oa? Ne nenemae la, ɖe manyo be nàsrɔ̃ Fia David, ame si ƒo koko na Yehowa be, “Ðe mɔ, si mato la fiam,” oa?—Ps. 143:8.

Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpe ɖe Wiktor si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la ŋu. Dzikpɔlaa gblɔ nɛ be: “ȃoa nu tso wò volleyball ƒoƒo ŋu kple seselelãme sẽŋu aɖe.” Wiktor gblɔ be: “Nya ma de keke nye dzi gbɔ ke. Mekpɔe dze sii be meƒo ɖokuinye ɖe kamedefefe sia me fũu akpa. Eteƒe medidi o, medzudzɔ hadede kple xɔ̃nye xexemetɔawo le bɔlƒohaa me eye medze xɔlɔ̃ le hamea me.” Fifia, Wiktor le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe le hamea me. Eɖo aɖaŋu be: “Bia xɔ̃wòwo, dziwòlawo, alo hamemetsitsiwo woagblɔe na wò ne wokpɔe be wò sukudɔwo na nèle tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli loo alo wole hewòm ɖa le eŋu hã.”

Ðe manyo be nàgblɔe na miaƒe hamemetsitsiwo be yedi be yeadze axɔ agbanɔamedzi geɖewo le Mawu subɔsubɔ me oa? Ðe nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ame tsitsi siwo hiã hadede alo ame aɖe ƒe kpekpeɖeŋu, ɖewohĩ be amea nade asi me na wo alo akpe asi ɖe wo ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ mea? Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, anya wɔ be nàƒo ɖokuiwò ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ahagblɔ nya nyui si naa nèkpɔa dzidzɔ la na ame bubuwo.

Suku kɔkɔ dede: Yesu xlɔ̃ nu mí be ‘míaganɔ míawo ŋutɔwo ƒe kafukafu dim’ o. (Yoh. 7:18) Nyametsotso ka kee nèɖawɔ ku ɖe afi si nàde suku ase ɖo ŋu o, ɖe ‘nèkpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuiea’?—Flp. 1:9, 10.

Grzegorz, si nye kɔmpiutadɔwɔla la wɔ tɔtrɔ aɖewo le eƒe agbe me. Egblɔ be: “Mebu hamemetsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu vevie, eye metso nya me be manɔ agbe tsɛ. Mekpɔe be mehiã be magade suku akpee o. Ðeko ema agblẽ ɣeyiɣi kple ŋusẽ dome nam.” Grzegorz va ƒo eɖokui ɖe hamea me dɔwo me geɖe wu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva de trewo ƒe suku si yɔm míele fifia be Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku la. Ɛ̃, ‘eƒle ɣeyiɣia’ tsɔ de Mawu ƒe hehenasuku geɖe wu.—Ef. 5:16.

Dɔwɔɖui: Ðe nèva ƒo ɖokuiwò ɖe wò dɔwɔɖuia me fũu ale gbegbe be mègava kpɔa ɣeyiɣi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu oa? Ðe nèzãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖoa dze kple wò ƒomea? Eye ɖe nuƒo siwo nèƒona le hamea me la le nyonyom ɖe edzia? Ke gomekpɔkpɔ le dzeɖoɖo tuameɖowo me kple ame bubuwo ya ɖe? “Vɔ̃ Mawu [vavã la], eye nalé eƒe seawo me ɖe asi,” eye Yehowa ayra wò geɖe eye ‘àkpɔ dzidzɔ ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu.’—Nyagb. 2:24; 12:13.

Janusz, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, mete ŋu kpɔ dzidzedze le eƒe abɔdɔa me o; ke boŋ ɖe wòdo kpo nu. Mekpɔ viɖe aɖeke o, ke ɖe wòkpɔ eɖokui le fe gã aɖe me hafi va trɔ ɖe Yehowa ŋu. Janusz ɖɔ eƒe nɔnɔmeawo ɖo, eye fifia, enye gbesiagbe mɔɖela, eye wòle subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene. Egblɔ be: “Ne mekpɔ ŋudzedze ɖe agbemenu veviwo ŋu eye le ɣeyiɣi ma ke me mezãa nye ŋusẽ le gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ me la, susu me ƒe akɔdzeanyi kple dzidzeme sua asinye.”—Flp. 4:6, 7.

Di ɣeyiɣi nàdzro wò dzimedidiwo kple nu siwo le vevie na wò wu la me kpɔ anukwaretɔe. Yehowa subɔsubɔ nana ame ƒe agbe bliboa dzea edzi nɛ. Na wò susu katã naku ɖe eŋu.

Ðewohĩ anɔ na wò be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo eye nàɖe asi le nu siwo mehiã o ŋu gɔ̃ hã ale be nàdo “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la” kpɔ na ɖokuiwò. (Rom. 12:2) Ke hã ne èsubɔ Mawu tso luʋɔ blibo me la, àte ŋu ‘ana wò mɔwo nadze edzi na wò.’

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nu Kae Nàwɔ Be Wò Mɔwo Nadze Edzi Na Wò?

Esi nu geɖewo li siwo ate ŋu ahe wò ta la, nu kae nàwɔ be wò ŋku nagadzo le nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ la dzi o? Di ɣeyiɣi nàdzro wò dzimedidiwo kple nu siwo le vevie na wò wu la me to ŋugbledede le nyabiase siwo gbɔna ŋu me:

WƆNA SIWO WOTSƆ KPENA ÐE SUKUNUSƆSRƆ̃WO ŊU KPLE MODZAKAÐEDƆWO

▪ Nɔnɔme ka ƒomeviwoe gomekpɔkpɔ le wɔna siawo me ate ŋu aƒã ɖe mewò?

▪ Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae woxɔna le asiwò?

▪ Ðe nu siawo ate ŋu ava zu wò agbemetaɖodzinua?

▪ Ðe nu siawo le ɣeyiɣi siwo nèzãna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu tsã la xɔm le asiwòa?

▪ Ke ame siwo nèdea ha kpli ya ɖe?

▪ Ðe wòwɔna na wò be ame siawo nyo wu haxɔsetɔwoa?

SUKU KƆKƆ DEDE

▪ Ne dɔwɔɖui le asiwò xoxo la, ɖe wòhiã ŋutɔŋutɔ be nàzã ɣeyiɣi, ga, kple ŋusẽ geɖe ɖe suku kɔkɔ dede ŋua?

▪ Ðe wòhiã be nàde suku kɔkɔ axɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ kokoko hafi nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò dzia?

▪ Aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe wò kpekpewo dede dzi?

▪ Ðe nèkpɔ ‘nu siwo le vevie wu la dze sia’?

▪ Ðe wòhiã be nàna kakaɖedzi si le asiwò be Yehowa akpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ na wò la me nasẽ ɖe edzia?

DƆWƆÐUI

▪ Ðe nèkpɔa vovo ‘kpɔa dzidzɔ ɖe agbagba siwo katã nèdzena la ŋua’?

▪ Ne ègbɔ tso dɔ me la, ɖe ŋusẽ ganɔa ŋuwò le ŋutilã kple seselelãme gome nèkpɔa wò ƒomegbanɔamedziwo gbɔ hegakpɔa gome le gbɔgbɔmedɔwo mea?

▪ Ðe nèzãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖoa dze kple wò ƒomea?

▪ Ðe nèva ƒo ɖokuiwò ɖe wò dɔwɔɖuia me fũu ale gbegbe be mègava kpɔa ɣeyiɣi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu oa?

▪ Ðe esia kpɔa ŋusẽ ɖe nuƒo siwo nèƒona le kpekpeawo me ƒe nyonyome dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Yehowa xlɔ̃ nu Barux tso nu gã didi ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe