INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 12
  • Kristotɔ Wɔnuteƒewo Katãe Ayi Dziƒoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristotɔ Wɔnuteƒewo Katãe Ayi Dziƒoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawoe Ayi Dziƒo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ame Nyuiwo Katãe Ayi Dziƒoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 12

Exlẽlawo Bia Be . . .

Kristotɔ Wɔnuteƒewo Katãe Ayi Dziƒoa?

▪ Ame geɖe xlẽ Yesu ƒe nya fakɔname siawo kpɔ: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be nuteƒewɔla siwo katã dea ta agu na ye Fofo, Yehowa Mawu, ye anɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le dziƒoa?

De dzesi Yesu ƒe nya wɔdɔɖeamedzi siawo: “Ame aɖeke melia yi dziƒo o, negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko, si nye Amegbetɔvi la.” (Yohanes 3:13) Esia fia be mawusubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema, abe Noa, Abraham, Mose, kple David ene, meyi dziƒo o. (Dɔwɔwɔwo 2:34) Ke afi kae woyi? Kpuie ko la, nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la le alɔ̃ dɔm le ku me, womeganya naneke o, eye wole lalam be woava fɔ yewo ɖe tsitre.—Nyagblɔla 9:5, 6; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Yesue nye ame si ƒo nu tso ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre be woava nɔ agbe le dziƒo ŋu zi gbãtɔ le Biblia me. Egblɔ na eƒe apostolowo be yeayi aɖadzra teƒe ɖo ɖi na wo le dziƒo. (Yohanes 14:2, 3) Esia nye nya yeye na Mawu ƒe amewo. Emegbe apostolo Paulo gblɔ be le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi yi dziƒo megbe la, ‘eɖo mɔ aɖe anyi na eƒe nusrɔ̃lawo abe mɔ yeye gbagbe ene,’ si fia be enye mɔ si dzi ame aɖeke meto kpɔ o.—Hebritɔwo 10:19, 20.

Ðe esia fia be tso ekema dzi la, nuteƒewɔlawo katã ayi dziƒoa? Ao, elabena amewo fɔfɔ ɖe tsitre be woayi dziƒo do ƒome kple dɔ tɔxɛ aɖe si wode asi na ame aɖewo ko. Le zã mamlɛtɔ si me Yesu nɔ anyi kple eƒe apostolowo la, egblɔ na wo be ‘woanɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu’ le Dziƒofiaɖuƒea me. Eya ta woƒe dɔdeasie nye be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo.—Luka 22:28-30.

To vovo na apostoloawo la, ame bubuwo hã akpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me. Le ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes kpɔ Yesu kple ameha aɖe siwo wofɔ ɖe tsitre le dziƒo, siwo ŋu wogblɔ le be ‘wonye fiaɖuƒe kple nunɔlawo, eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.’ (Nyaɖeɖefia 3:21; 5:10) Wo ame nenie wòkpɔ? Le dziɖuɖu ɖe sia ɖe me la, ame xexlẽme aɖe si nu koe ɖua dzi. Nenema kee wòle le Dziƒofiaɖuƒea hã gome. Yesu, Mawu ƒe Alẽvi la, aɖu fia kple ame 144,000, siwo ‘woƒle tso amegbetɔwo dome.’—Nyaɖeɖefia 14:1, 4, 5.

Nyateƒee, ame 144,000 la mesɔ gbɔ kura o, ne wotsɔ wo sɔ kple nuteƒewɔla gbogbo siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li fifia. Gake gɔmesese le nya sia ŋu, elabena dɔ kɔkɔe aɖe koŋ ye ame 144,000, siwo woafɔ ɖe tsitre hena dziƒoyiyi, la yina wɔwɔ ge. Ne èbe yeatu xɔ la, ɖe nàhaya xɔtula bibi siwo katã le miaƒe nutoa mea? Kpao. Ame ale si nu hiã la koe nàhaya. Nenema kee menye nuteƒewɔlawo katãe Mawu tia na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nye be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo la o.

Dziƒodziɖuɖu sia ana tame si Mawu ɖo na amegbetɔwo le gɔmedzedzea me la nava eme. Yesu kple hatidziɖula 144,000 la akpɔ egbɔ be wotrɔ anyigba bliboa katã wòzu paradiso, afi si nuteƒewɔla gbogbo siwo xexlẽme meli na o la anɔ agbe le dzidzɔ me tegbee le. (Yesaya 45:18; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ame siawo dometɔ aɖewoe nye ame siwo dzi Mawu aɖo ŋkui ahafɔ ɖe tsitre.—Yohanes 5:28, 29.

Agbe tegbee ƒe nunana xɔasi sia ate ŋu asu Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã si, esiwo nɔ anyi le blema kple esiwo li fifia siaa. (Romatɔwo 6:23) Ame ʋɛ aɖewo ayi dziƒo hena dɔdeasi tɔxɛ aɖe wɔwɔ, ke ame akpa gãtɔ ya anɔ agbe le anyigba dzi paradisoa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe