INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 11/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Kristotɔ Wɔnuteƒewo Katãe Ayi Dziƒoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ame Nyuiwo Katãe Ayi Dziƒoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 11/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ame kawoe ayi dziƒo, eye nu ka tae?

Ame miliɔn geɖe ƒe didie nye be ne yewoku la, yewoayi aɖanɔ agbe le dziƒo. Yesu gblɔ be yeƒe apostolo wɔnuteƒewo anɔ agbe le dziƒo. Hafi Yesu naku la, edo ŋugbe be yeayi aɖadzra teƒe ɖo ɖi na wo le ye Fofo si le dziƒo la gbɔ.​—Xlẽ Yohanes 14:2.

Nu ka tae woafɔ amewo tso anyigba dzi be woaɖanɔ agbe le dziƒo? Nu kae woava wɔ le afi ma? Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be woava nye fiawo. Woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.​—Xlẽ Luka 22:28-30; Nyaɖeɖefia 5:10.

Ame nyuiwo katãe ayi dziƒoa?

Le dukɔ geɖe me la, ame ʋɛ aɖewo koe nyea dziɖulawo. Esi wònye be Yesu afɔ ame aɖewo be woava nɔ agbe le dziƒo eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi ta la, míakpɔ mɔ be ame tiatia mawo anɔ ʋɛ. (Luka 12:32) Biblia yɔ ame xexlẽme si tututu aɖu fia kple Yesu.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:1.

Yesu dzra teƒe ɖo ɖi na eyomedzela aɖewo le dziƒo. Ènya nu si woava wɔ le afi ma?

Menye dziƒoyilawo koe axɔ teƒeɖoɖo o. Yesu ƒe Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo anɔ agbe tegbee le paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi le anyigba dzi la me. (Yohanes 3:16) Ame aɖewo atsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ayi ɖe Paradisoa me. Eye woafɔ ame bubuwo hã tso ku me be woanɔ agbe le Paradisoa me.​—Xlẽ Psalmo 37:29; Yohanes 5:28, 29.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe