INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/1 axa 28-31
  • Edzrom Be Manye Fefewɔla Xɔŋkɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Edzrom Be Manye Fefewɔla Xɔŋkɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Medze Agbe Yeye Gɔme
  • Meda Vo Gã Aɖe
  • Dzi Le Dzɔyem Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã
  • Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Kpɔ Dzidzedze Le Bulgaria
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Bulgaria
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • ‘Mati Kpo abe Zi Ene’
    Nyɔ!—2006
  • Metia Dɔ Si Nyo Wu
    Nyɔ!—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/1 axa 28-31

Edzrom Be Manye Fefewɔla Xɔŋkɔ

Abe ale si Zoya Dimitrova gblɔe ene

Esi mexɔ ƒe 15 la, didi vevi si nɔ menye tso ɖevime be manye kamedefefewɔla si anɔ fefe wɔm le teƒeteƒewo la va eme, eye menɔ vivi sem. Gake le September 4, 1970 dzi la, medze afɔku. Le fefea me la, wodam ɖe ya me, eye menɔ atsyã ɖem le ya me, gake kaka makpɔ la, mege kpɔ̃!

W ODZIM le December 16, 1952 dzi, eye mía kple dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu míenɔ teƒe ɖeka le Sofia le Bulgaria. Ɣemaɣi la, Bulgaria nye Kɔmiunist dukɔ si me woɖe mɔ ɖe subɔsubɔhawo nu le, gake dziɖuɖua ƒoa nu tsia tre ɖe subɔsubɔha me nɔnɔ ŋu. Ame akpa gãtɔ mexɔ Mawu dzi se o, eye ame siwo xɔ Mawu dzi se la dometɔ akpa gãtɔ mekɔa nu le woƒe dzixɔsewo dzi o. Togbɔ be míaƒe ƒomea gblɔna be Orthodɔkstɔwoe yewonye hã la, dzinyelawo menam mawusubɔsubɔ ŋuti hehe aɖeke o, eye nye hã nyemetsɔ ɖeke le mawunya me o.

Tso nye ɖevime ke la, eva dze kɔtɛ be kamedefefewɔwɔwo mee metsɔ ɖe le wu, vevietɔ esi me amewo ɖea atsyã le ya me le. Esi mexɔ ƒe 13 la, ŋutsu aɖe va míaƒe suku va nɔ nyɔnuvi si woate ŋu ana hehee ɖe fefe sia tɔgbi wɔwɔ ŋu la dim. Míaƒe kamedefefefiala kafum nɛ. Dzi nɔ dzɔyem be wokɔm ɖe dɔmemegã la ƒe ʋu si nye Amerikatɔwo ƒe ʋu aɖe me míeyi be woabia gbem ne hehenalawo hã nadom akpɔ. Dzi dzɔm ŋutɔ be wotiam. Tso ekema dzi la, mede asi hehexɔxɔ me vevie ƒe eve. Esi mexɔ ƒe 15 la, mewu hehexɔxɔa nu, eye mía kple kamedefefewɔhaa míeyi ɖanɔa fefewo wɔm le teƒeteƒewo. Gbã la, mezɔ mɔ yi Bulgaria ƒe teƒe vovovowo kple tsã Soviet Union ƒe dukɔwo me hekpe ɖe dukɔ bubuwo ŋu, abe Algeria, Hungary, kple Yugoslavia si nɔ anyi tsã la gɔ̃ hã ene me.

Le ƒe etɔ̃ me la, menɔ vivi sem ale gbegbe le esi nye didia va eme nam ta. Ke esi menɔ fefe wɔm le Titov Veles le Macedonia la, afɔku si ŋu meƒo nu tsoe va yi la dzɔ. Menɔ goglomi ɖem le ya me ʋĩi le nukpɔla gbogbo aɖewo ŋkume. Ame si mía kplii míenɔ fefea wɔm la ku eƒe afɔwo ɖe nane ŋu le ya me ʋĩi hetrɔ ta gbo, eye wòdam ɖe ya me bene yagalém. Gake nyemete ŋu lé eƒe asi o, eye ka si wotsi ɖe ŋunye be wòakpɔ tanye la hã tso, si wɔe be mege tso ya me meta 6 va dze anyigba. Wowɔ kaba kɔm yi kɔdzi. Le afi ma la, wode dzesii be nye abɔ ɖeka, nye agbaƒutiwo dometɔ aɖewo, kpakple nye dzimeƒu ŋe. Nyemenɔ ame me o hena ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye nyemeɖo ŋku nu si dzɔ ɖe dzinye la hã dzi o. Esi meɖo ame me la, mede dzesii be metu tso ali gbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Gake esi wònye be nyemetsi o ta la, mexɔe se be ne wowɔ dɔ alo atike nam la, magate ŋu azɔ ake, alo ayi kamedefefea dzi gɔ̃ hã.

Le ƒe eve kple afa siwo kplɔe ɖo me la, wonɔ asi trɔm le ŋunye le dɔdaƒe vovovowo, eye meganɔ mɔ kpɔm vevie be mava haya gbe ɖeka. Gake mlɔeba la, ɖeko wòle be mava lɔ̃ ɖe edzi be manya wɔ be mayi kamedefefewɔwɔ dzi o. Fifia ele be manɔ bunɔwo ƒe keke me le nye agbemeŋkekewo katã me, si to vovo sãa na mɔkpɔkpɔ si nɔ asinye esi menɔ ɖevime.

Medze Agbe Yeye Gɔme

Le ale si menɔ agbee va yi ta la, mesusui be manya wɔ be matrɔ ɖe nye nɔnɔme yeyea ŋu o. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖem ta la, melé blanui vevie. Emegbe le ƒe 1977 me la, ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Stoyan va ƒo ʋɔ nam. Esi mede dzesii be xɔnye aɖe si mía kplii míewɔ dɔ kpɔ la foe wònye la, mena wòge ɖe eme enumake. Esi míenɔ dzea ɖom la, ebiam nenye be mɔkpɔkpɔ le asinye be mava haya hã. Esi metɔtɔ, eye dzi ɖe le ƒonye vevie ta la, meɖo eŋu nɛ be mɔkpɔkpɔ aɖeke megale asinye o. Esi wògblɔ nam be Mawu koe ate ŋu akpe ɖe ŋunye la, metsɔ vevesese ɖo eŋu nɛ be, “Ne Mawu li ɖe, ke nu ka tae mele fu sia kpem?”

Esia megbe la, Stoyan, si zu Yehowa Ðasefo ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ema esi wònɔ dɔ wɔm le United States abe kamedefefewɔla ene la, ƒo nu tso nu nyui siwo ƒe ŋugbe Biblia do la ŋu nam veveseseɖeamenutɔe. Dzi dzɔm ŋutɔ esi mesrɔ̃e be eteƒe madidi o anyigba azu paradiso. Ŋugbe si Biblia do be “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o” la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Nyaɖeɖefia 21:4) Aleke gbegbee wòdzrom enye si be nye lãme nagasẽ glã! Enumake melɔ̃ be woanɔ Biblia srɔ̃m kplim edziedzi. Ale medze agbe yeye gɔme. Azɔ ko mɔkpɔkpɔ gasu asinye!

Mekpɔa mɔ vevie na Biblia sɔsrɔ̃a kwasiɖa sia kwasiɖa. Stoyan ye dze nua sɔsrɔ̃ gɔme kplim, emegbe Totka, si nye Ðasefo nyɔnu aɖe si nyoa dɔme ŋutɔ la, yi nusɔsrɔ̃a dzi kplim. Ekpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. Ɣemaɣi la, ame aɖeke menɔ Sofia si ate ŋu anyrɔm o, eya ta enɔ nam be malala va se ɖe esime Ðasefo ŋutsu aɖe natso Macedonia ava. Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe tso esime mete Biblia sɔsrɔ̃ la, wonyrɔm ɖe tsilezɔ me le nye aƒe me le September 11, 1978 dzi. Esi mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo la, dzi dzɔm ŋutɔ, eye tameɖoɖo va nɔ nye agbe ŋu.

Biblia me nyateƒe si mesrɔ̃ la na dzo nɔ menye vevie. Menɔa nu ƒom tso mɔkpɔkpɔ yeye si su asinye la ŋu dzonɔamemetɔe na ame sia ame si va gbɔnye le aƒe me. Nublanuitɔe la, ame aɖeke mebu nye nyawo nya veviwoe o, ɖewohĩ le esi wosusui be afɔkua na nu gblẽ le nye susu ŋu vie ta.

Meda Vo Gã Aɖe

Esia dzɔ esi dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le Bulgaria, eye Ðasefo ʋɛ aɖewo koe nɔ dukɔ bliboa me. Hame ƒe kpekpe aɖeke menɔ anyi si mate ŋu ade o, eye ƒãa hafi metea ŋu dea ha kple haxɔsetɔwo. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, nyemete ŋu de dzesii be hadede kple ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu o ate ŋu agblẽ nu le ŋunye o, si wɔe be meda vo gã aɖe.

Nye dzitsinya ɖe fu nam vevie, eye mese veve le dzi me le esi mía kple Yehowa Mawu dome gblẽ ta. Metsɔ dzigbagbã kple ŋukpe gblɔ nye dzimenyawo na Yehowa le gbedodoɖa me heɖe kuku nɛ be wòatsɔe akem. Emegbe hamemetsitsiwo kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe medzra mía kple Yehowa dome ɖo, eye dzi gava nɔ dzɔyem ake le esubɔsubɔ me. Medea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mele Yehowa subɔm kple dzitsinya nyui hele ha dem kple eƒe habɔbɔ dzadzɛ la ŋu ale gbegbe!

Dzi Le Dzɔyem Togbɔ Be Menye Nuwɔametɔ Hã

Afɔku si medze ƒe 40 ye nye esi va yi la wɔe be nye agbemetaɖodzinu si nye be manɔ kamedefefe wɔm tso teƒe yi teƒe la tsi akpo dzi, eye metsi bunɔwo ƒe keke me. Ke hã, ne mede ŋugble le nye agbe ŋu la, nyemeléa blanui alo nana nu tena ɖe dzinye abe ke ɖe medo kpo nu le agbe me ene o. Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ na mekpɔe be dzidzɔ kple dzidzeme si dim menɔ to kamedefefe me la do ƒome kple nu siwo ŋu viɖe boo mele o. Mekpɔ ale si gbegbe dzi ɖe le ame siwo mía kpli wo míewɔ dɔ tsã siwo tsɔ kamedefefewɔwɔa ɖo dɔe la ƒo vevie. Ke nye ya la, kesinɔnu nyuitɔ kekeake su asinye, si nye be ƒomedodo kplikplikpli le mía kple Yehowa Mawu, si nye Wɔla la, dome. Dzidzɔ si esia he vae nam la ƒo dzidzɔ si makpɔ tso kamedefefe me la ta sãsãsã.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzi le dzɔyem be ame geɖe va le Biblia me nyateƒea srɔ̃m, eye wotsɔ woƒe agbe le adzɔgbe ɖem na mía Mawu lɔlɔ̃a, Yehowa. Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le ƒe 1977 me la, Yehowa Ðasefo ʋɛ aɖewo koe nɔ Bulgaria. Nyitsɔ laa, si nye le ƒe 1991 me, esi Kɔmiunist dziɖuɖua mu, eye woda asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu la, Ðasefo siwo le dukɔ bliboa me la ƒe xexlẽme gbɔ alafa ɖeka ŋu vie ko. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mekpɔ ale si Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi vivivi va ɖo ame 1,800 kloe!

Ame geɖe gali siwo ŋu wòle be woakpe ɖo le Bulgaria. Ame geɖe le didim be yewoasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la. Ame 3,914, siwo va Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa teƒe le ƒe 2010 me la ɖo kpe esia dzi. Ne mede ŋugble le ale si ame ʋɛwo zu akpe le Bulgaria ŋu la, dzi dzɔnam elabena esia nye kpeɖodzi be Yehowa le dɔa yram. Nye ŋutɔ mekpɔ eteƒe ‘ame ʋɛwo zu dukɔ sesẽ’ abe ale si wogblɔe ɖi le Yesaya 60:22 ene.

Nu bubu aɖe si doa dzidzɔ nam, eye wònye nye agbemenudzɔdzɔ vevi aɖee nye New World Translation of the Holy Scriptures Biblia si woɖe ɖe go le Bulgariagbe me. Nu sia dzɔ le August 2009 ƒe “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Sofia. Biblia sia ɖeɖe ɖe go le mía degbe me nye nu si menɔ mɔ kpɔm na vevie, eye wòva eme hã! Ðikeke mele eme o be anye dɔwɔnu vevi aɖe si woatsɔ akpe ɖe ame geɖe ŋu le Bulgaria be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea.

Togbɔ be nye lãmesẽkuxia meɖea mɔ nam be mawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me o hã la, Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na nye aƒelikawo kpakple ame siwo vaa gbɔnye la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Gbe ɖeka esi menɔ nye xɔxɔnu hekpɔ nye aƒelika aɖe wòtso eme va yina la, meyɔe. Eva, eye esi megblɔ nya tuameɖo geɖewo nɛ tso Biblia me vɔ la, elɔ̃ enumake be manɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Esi wòxɔ nyɔnyrɔ emegbe va zu nɔvinyenyɔnu le Kristo me la, dzi dzɔm wu gbɔgblɔ. Dzidzɔ gãe wònye nam be mete ŋu kpe ɖe ame ene ŋu wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa.

Magblɔ be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple haxɔsetɔ alafa ɖeka kple edzivɔ siwo le abe ƒometɔwo ene nam edziedzi ye nana mekpɔa dzidzɔ kple tutuɖo geɖe wu le agbe me. Esi wònye be dukɔ si me mele la mewɔa ʋuɖoɖo ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖeke na ame tsitsiwo kple nuwɔametɔwo o ta la, hame ƒe kpekpewo dede menɔa bɔbɔe nam o. Ke hã, medaa akpe ɖe ɖekakpui aɖe si léa be nam lɔlɔ̃tɔe la ƒe agbagbadzedzewo ta. Ɣesiaɣi si míade kpekpea la, eva kɔnam tso nye aƒe me dea eƒe ʋu me, eye wògakɔnam tso eƒe ʋu me yia Fiaɖuƒe Akpataa me hegakplɔnam vaa aƒe mee. Aleke gbegbe medaa akpe na Yehowa ye nye esi be menye Kristotɔwo ƒe ƒome lɔ̃ame sia me tɔ!

Ne mede ŋugble le nye agbe ŋu la, mekpɔnɛ be nuwo meva yi abe ale si menɔ mɔ kpɔm nɛ esime menɔ ɖevime la ene kura o. Gake Yehowa subɔsubɔ na mele dzidzɔ geɖe kpɔm fifia, eye wòna mele mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe hã. Ŋugbe si Mawu do be le paradisoa me la, “xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene” la me vava le vevie nam ŋutɔ. (Yesaya 35:6) Metsɔ kakaɖedzi blibo le mɔ kpɔm na ŋkeke si mati kpo tso nye kekea me ahanɔ lãmesẽ blibo me la vevie.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

‘Magblɔ be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzie nana mekpɔa dzidzɔ kple tutuɖo geɖe wu le agbe me’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]

‘Nye agbemenudzɔdzɔ vevi aɖee nye New World Translation of the Holy Scriptures Biblia si woɖe ɖe go le Bulgariagbe me’

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Medze kamedefefea wɔwɔ gɔme esime mexɔ ƒe 15

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe