Gbeƒãɖeɖedɔ Tɔxɛ Aɖe Kpɔ Dzidzedze Le Bulgaria
“Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—MAT. 9:37, 38.
ALEKE gbegbe Yesu ƒe nya siawo wɔ ɖeka kple nɔnɔme si le Bulgaria, si nye dukɔ dzeani aɖe si le Balkan nutoa, si le anyiehe Europa, me la enye esi! Wohiã na dɔwɔla geɖe wu be woatsɔ nya nyuia ayi na dukɔ ma me tɔwo, siwo wu miliɔn adre la. Gbeƒãɖela 1,700 aɖewoe le Bulgaria, ke womete ŋu kpe woƒe anyigbamama blibo la ɖo o. Eya ta Dziɖuha la da asi ɖe edzi be woakpe Ðasefo siwo doa Bulgariagbe la tso Europa ƒe dukɔ vovovowo me be woava kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe ŋu le ƒe 2009 me. Wowɔ ɖoɖo be gbeƒãɖeɖedɔ sia naxɔ kwasiɖa adre le dzomeŋɔlia me, eye wòava de nu “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã Takpekpe si woawɔ le Sofia, le August 14-16, 2009 me.
Nɔvi Gbogbo Aɖewo Tsɔ Wo Ðokuiwo Na
Nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒe si le Sofia la menya nɔviwo ƒe agbɔsɔsɔme siwo atso France, Germany, Greece, Italy, Poland, kple Spain ava o. Woƒe Bulgaria vava abia be woawo ŋutɔwo nazã woƒe ga azɔ mɔa, eye woatsɔ woƒe mɔkeɣiwo aɖe gbeƒã. Aleke gbegbee wòdo dzidzɔ na nɔviawoe enye esi be kwasiɖa sia kwasiɖa la, nɔvi siwo biana be yewoava kpe asi ɖe dɔa ŋu la ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi va se ɖe esime woɖo ame 292! Esi wokpɔe be amewo ava le agbɔsɔsɔme alea ta la, wokpɔe be yewoate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo ɖe Bulgaria ƒe dugã vovovo etɔ̃ me: Kazanlak, Sandanski, kple Silistra. Nutome sue dzikpɔla siwo le Bulgaria la mia asi mɔɖela kple gbeƒãɖela siwo le nutoa me la be woawo hã woava kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa ŋu. Mlɔeba la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 382 va nɔ gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe le anyigbamama siwo me wometea ŋu ɖea gbeƒã nya nyuia le edziedzi o la me.
Wodɔ nɔvi siwo le hame siwo te ɖe anyigbamamawo ŋu me la be woaɖadi dzeƒe ada ɖi na amedzroawo. Wohaya xɔwo, eye wodi teƒe le amedzrodzeƒe siwo ƒe asiwo bɔbɔ. Nɔvi siwo le nutoa me la nɔ dɔ dzi vevie nɔ kpekpem ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nɔ duta tsom nɔ vavam la ŋu be woakplɔ wo ayi afi si woadze, eye woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Wohaya teƒe siwo woanɔ kpekpewo wɔm le la le dugã etɔ̃awo katã me. Wowɔ ɖoɖo be nɔvi siwo tso duta la nakpɔ hamea ƒe kpekpewo dzi. Dzidzɔnyae wònye be, le teƒe siwo Ðasefo ɖeka pɛ hã menɔ o la, gbeƒãɖela 50 sɔŋ va ƒoa ƒu kafua Yehowa.
Dzonɔameme si gbegbe nɔvi siwo tso dukɔ bubuwo me la tsɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa la wu gbɔgblɔ. Yame tea ŋu xɔa dzo le Bulgaria le dzomeŋɔli wòwua Celsius 40. Ke hã, naneke mete ŋu na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo siwo me dzo le la ƒe alɔ do agblɔ o. Woɖi ɖase tsitotsito le Silistra, si nye dugã aɖe si le Danube Tɔsisia to, si me nɔlawo wu ame 50,000 la, le kwasiɖa etɔ̃ gbãtɔawo me. Eya ta nɔviawo keke dɔa ɖe enu yi kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu la me, eye woɖo Tutrakan, si didi tso Silistra kilometa 55 le ɣetoɖoƒe gome gɔ̃ hã. Zi geɖe la, wodzea gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ŋdi ga 9:30. Le ŋdɔnuɖuɖu vɔ megbe la, woyia dɔa dzi va se ɖe fiẽ ga 7:00 alo wu ema gɔ̃ hã. Aleae wònɔ le dugã bubuawo hã gome, le dzonɔameme si gbegbe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tsɔ wɔ dɔe ta la, wokeke gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le Kazanlak kple Sandanski la ɖe enu yi kɔƒe kple dugã siwo te ɖe wo ŋu la me.
Nu Kawoe Do Tso Eme?
Wowɔ ɖaseɖiɖidɔ ɖedzesi aɖe le kwasiɖa adre mawo me. Abe ale si amewo gblɔ le apostoloawo ŋɔli ene la, dugã siwo me nɔviwo wɔ dɔ le la me tɔwo hã ate ŋu agblɔ be: ‘Mietsɔ miaƒe nufiafia yɔ míaƒe dua me.’ (Dɔw. 5:28) Ðasefo siwo kpɔ gome le dɔa me la na magazine 50,000 aɖewo, eye wodze Biblia nusɔsrɔ̃ 482 gɔme. Dzidzɔnyae wònye be, kaka September 1, 2009 naɖo la, woɖo hame aɖe ɖe Silistra, eye woɖo ƒuƒoƒowo ɖe Kazanlak kple Sandanski. Ame siwo se nya nyuia zi gbãtɔ to gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ sia dzi la le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo wɔm, eye esia teƒe kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ.
Le dɔ tɔxɛ sia ƒe kwasiɖa gbãtɔ me la, nɔvinyɔnu Bulgariagbedola aɖe si nye mɔɖela vevi si tso Spain la ɖe gbeƒã na Karina, nyɔnu aɖe si le Silistra, si nɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo dzram le mɔ to. Karina tsɔ ɖe le gbedeasia me, wokpee na míaƒe kpekpe aɖe eye wòva. Elɔ̃ enumake be woava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Srɔ̃a nye mawudzimaxɔsela, eya ta Karina bia be woava nɔ Biblia la srɔ̃m kpli ye le modzakaɖebɔ aɖe me. Vianyɔnu eveawo hã nɔ gome kpɔm le Biblia nusɔsrɔ̃a me. Tsitsitɔ, si ŋkɔe nye Daniela, ƒe ɖetsɔtsɔ le Biblia me nyateƒea me la ɖe dzesi ŋutɔ. Exlẽ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa le kwasiɖa ɖeka ko me, eye enumake wòtsɔ nu siwo wòsrɔ̃ le Biblia me ku ɖe ale si mele be woazã nɔnɔmetatawo le tadedeagu me o la de dɔwɔwɔ me. Ete nyateƒea ŋu nya gbɔgblɔ na exɔlɔ̃wo. Kwasiɖa etɔ̃ ko megbe, tso esime wòde hame ƒe kpekpe gbãtɔ la, egblɔ na nɔvinyɔnu si nɔ nua srɔ̃m kplii la be: “Ðeko mese le ɖokuinye me be menye mia dometɔ ɖeka. Nu kae wòle be mawɔ be nye hã madze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme?” Daniela gakpɔtɔ le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm, eye nenema kee nye dadaa kple nɔvianyɔnu ɖevitɔa hã.
Le Kazanlak la, nɔviŋutsu aɖe si nye Bulgariatɔ si ŋkɔe nye Orlin, si tso Italy va ɖe dɔ tɔxɛa ta la kpã tso gbeadzi trɔ yina afi si wòdze. Esi Orlin nɔ mɔa dzi la, eɖi ɖase na ɖekakpui eve aɖewo siwo nɔ anyi ɖe bentsi aɖe dzi le abɔ aɖe me. Etsɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa ɖeka na wo eye wòwɔ ɖoɖo be ne ŋu ke la, yeatrɔ ava wo gbɔ. Esi Orlin trɔ yi la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Svetomir, eye wogayi nusɔsrɔ̃a dzi le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Orlin srɔ̃ Biblia kple Svetomir zi enyi le ŋkeke asieke me. Svetomir gblɔ nɛ be: “Ŋkeke eve hafi mado go wò la, medo gbe ɖa na Mawu biae be wòakpe ɖe ŋunye madze sii. Eye medo ŋugbe nɛ be, ne ekpe ɖe ŋunye la, matsɔ ɖokuinye aɖe adzɔgbe nɛ.” Esi Orlin trɔ yi Italy la, nɔvi siwo le nuto ma me la yi nusɔsrɔ̃a dzi kple Svetomir, eye ele nyateƒea wɔm etɔe.
Yayra Geɖewo Do Tso Eme Na Ame Siwo Tsɔ Woƒe Nuwo Sa Vɔe
Alekee ame siwo zã woƒe mɔkekewo dɔmenyotɔe eye wozã woawo ŋutɔwo ƒe ga tsɔ zɔ mɔ yi dukɔ bubu me ɖaɖe gbeƒã nya nyuia la se le wo ɖokuiwo me? Hamemetsitsi aɖe si le Spain la ŋlɔ bena: “Gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa wɔe be ɖekawɔwɔ kplikplikpli aɖe va le nɔvi siwo le Bulgariagbedolawo ƒe anyigbamama me le Spain la dome. Dɔ tɔxɛa kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe nɔvi siwo kpɔ gome le eme la dzi.” Atsu kple asi aɖe siwo tso Italy la ŋlɔ bena: “Ɣleti siae nye ɣleti si me míekpɔ dzidzɔ wu le míaƒe agbe me!” Wogblɔ kpee be: “Gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa trɔ míaƒe agbe! Fifia míezu ame bubuwo kura.” Atsu kple asi sia te ŋugbledede vevie ne anya wɔ na yewo be yewoaʋu aɖatsi Bulgaria koŋ ne yewoasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le. Carina, si nye ɖetugbui aɖe si meɖe srɔ̃ haɖe o, si nye gbesiagbe mɔɖela tso Spain la, kpe asi ɖe dɔ tɔxɛa ŋu le Silistra. Esia megbe la, eɖe asi le eƒe dɔ ŋu le Spain eye wòʋu yi Bulgaria be yeaɖakpe asi ɖe hame yeye si woɖo le dugã ma me la ŋu. Edzra ga si asu nɛ be wòate ŋu anɔ Bulgaria ƒe blibo ɖeka la ɖo. Carina gblɔ tso eƒe nyametsotsoa ŋu be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be Yehowa ɖe mɔ nam be masubɔ le Bulgaria afi sia, eye mele mɔ kpɔm be mate ŋu anɔ afi sia eteƒe nadidi. Biblia nusrɔ̃vi atɔ̃ su asinye xoxo, eye wo dometɔ etɔ̃ le kpekpeawo dem.”
Nɔvinyɔnu aɖe si nye Italytɔ la di be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa me, gake esi wònye be edze dɔ yeye aɖe gɔme eteƒe medidi o ta la, mɔnukpɔkpɔ mesu esi haɖe be wòayi mɔkeke o. Gake dzi meɖe le eƒo o, ebia mɔ le dɔ me be woana ɣleti ɖeka ye eye womaxe fe na ye le ɣleti ma me o. Eye eɖoe kura gɔ̃ hã be, ne womeɖe mɔ na ye o la, yeaɖe asi le dɔa ŋu. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ esi eƒe dɔtɔa gblɔ nɛ be: “Enyo, gake nu ɖeka ko medi tso asiwò: Ele be nàɖo Bulgariatɔwo ƒe fotogbalẽvi aɖe ɖem.” Nɔvinyɔnua ase le eɖokui me godoo be Yehowa ye ɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu na ye.
Stanislava, nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si tso Bulgaria ƒe dugã si nye Varna me, si nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ aɖe si ƒe fetu nyo wɔm la, xɔ mɔkeke be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa me le Silistra. Esi wòkpɔ ale si gbegbe mɔɖela geɖe siwo tso didiƒewo va woƒe dukɔa me be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia la nɔ dzidzɔ kpɔmee la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be efa avi. Esia na wòte ŋugbledede le ale si wòle eƒe agbe zãm tsɔ le ŋutilãmedɔ yome tim la ŋu. Esi wòtrɔ yi aƒe me le kwasiɖa eve megbe la, eɖe asi le eƒe dɔa ŋu eye wòzu gbesiagbe mɔɖela. Fifia ele dzidzɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ, elabena ele ŋku ɖom Ewɔla dzi le eƒe sɔhɛme.—Nyagb. 12:1.
Yayra kawo gbegbee nye esi míekpɔna ne míele geɖe wɔm le subɔsubɔdɔ si Yehowa de mía si la me! Dɔ nyui bubu aɖeke meli nàwɔ wu be nàzã wò ɣeyiɣi kple wò ŋusẽ le nya nyui gbɔgblɔ kple nufiafia dɔ vevi la me o. Ðe mɔ aɖewo li siwo dzi nàte ŋu ato awɔ geɖe wu le agbeɖeɖe ƒe subɔsubɔdɔ sia mea? Ðewohĩ teƒe aɖewo le miaƒe dukɔa me si hiahiã geɖe wu le. Ðe nàte ŋu aʋu ayi teƒe mawo tɔgbia? Ðewohĩ àkpɔe be ahiã be nàsrɔ̃ gbe bubu aɖe be nàte ŋu akpe ɖe ame siwo Biblia me nyateƒea ƒe tsikɔ le wuwum le miaƒe dukɔa me la ŋu. Asitɔtrɔ ka kee wòahiã be nàwɔ be nàdzi wò gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi o, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra wò geɖe.—Lod. 10:22.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 32]
Ŋkeke Aɖe Si Womaŋlɔ Be O
Ame siwo tso Europa dukɔ bubuwo me va kpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛa ŋu le Bulgaria la dometɔ geɖe wɔ ɖoɖo be yewoade “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Sofia. Dzideƒo gã aɖee wònye na nɔvi siwo le nutoa me la be wokpɔ nɔvi gbogbo siwo tso dukɔ vovovowo me va. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na vavala 2,039 lae, esi Nɔviŋutsu Geoffrey Jackson, si nye Dziɖuha me tɔ la ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa ɖe go ɖe Bulgariagbe me! Vavala siwo katã nɔ takpekpea me Fiɖa ma gbe la ƒo asikpe dzidzɔtɔe ɣeyiɣi didi aɖe tsɔ ɖe ale si gbegbe wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu tso dzi blibo me la fia. Wo dometɔ geɖe fa dzidzɔvi gɔ̃ hã. Biblia gɔmeɖeɖe sia si gɔme woɖe wòde pɛpɛpɛ eye egɔmesese le bɔbɔe la akpe ɖe Bulgariatɔwo ŋu be woate ŋu anya Yehowa.
[Anyigbatata si le axa 30, 31]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
BULGARIA
SOFIA
Sandanski
Silistra
Kazanlak
[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]
Wowɔ ɖaseɖiɖidɔ gã aɖe le kwasiɖa adre mawo me