INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 6/15 axa 7-11
  • Nya Nyui Aɖe Si Ame Sia Ame Hiã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Nyui Aɖe Si Ame Sia Ame Hiã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ame Siwo Nɔ Roma La Hiã
  • Ehiã Be Amewo Nalɔ̃ Ðe Edzi Be Yewonye Nu Vɔ̃ Mewo
  • ‘Ðaseɖiɖi Bubu’ Aɖe
  • Yesu Ŋuti Nya Nyui La
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Gbeƒã Le Gaglãgbe Hena Ðeɖekpɔkpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Àte Ŋu Axɔ Fiaɖuƒea ƒe Yayrawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • ‘Eɖia Ðase Tsitotsito’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 6/15 axa 7-11

Nya Nyui Aɖe Si Ame Sia Ame Hiã

‘Le nyateƒe me la, nya nyui la nye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame ɖe agbe.’—ROM. 1:16.

1, 2. Nu ka tae nèɖea gbeƒã ‘fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia,’ eye eƒe akpa kawo dzie nètea gbe ɖo?

‘NYA nyuia gbɔgblɔ na amewo gbe sia gbe doa dzidzɔ nam ŋutɔ.’ Nya sia anya va susu me na wò kpɔ, alo ègblɔe kpɔ gɔ̃ hã. Esi nènye Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe ta la, ènya ale si gbegbe wòle vevie be “woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia.” Ðewohĩ àte ŋu agblɔ nya si Yesu gblɔ ɖi le dɔ sia ŋu la tso susu me.—Mat. 24:14.

2 Ne èɖea gbeƒã ‘fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la,’ ke dɔ si gɔme Yesu dze la dzi yimee ma nèle. (Mixlẽ Luka 4:43.) Ðikeke mele eme o be, nya aɖe si dzi nètea gbe ɖoe nye be Mawu ava de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me kpuie. Ato “xaxa gã” la dzi aɖe alakpasubɔsubɔ ɖa, eye wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi. (Mat. 24:21) Kakaɖedzitɔe la, ètea gbe ɖe edzi hã be Mawu Fiaɖuƒea agbugbɔ awɔ anyigba la wòanye Paradiso ale be ŋutifafa kple dzidzɔ naxɔ aƒe ɖi. Le nyateƒe me la, “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la nye “nya nyui [si wogblɔ] na Abraham do ŋgɔ be, ‘Dziwòe woato ayra dukɔwo katã’” la ƒe akpa aɖe.—Gal. 3:8.

3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be apostolo Paulo te gbe ɖe nya nyui la dzi le Romatɔwo ƒe agbalẽa me?

3 Gake ɖe wòate ŋu adzɔ be míaŋe aɖaba aƒu nya nyuia ƒe akpa vevi aɖe si amewo hiã la dzia? Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, zi ɖeka pɛ ko wòzã nya “fiaɖuƒe,” gake ezã nyagbɔgblɔ si nye “nya nyui” ya zi 12 sɔŋ. (Mixlẽ Romatɔwo 14:17.) Nya nyuia ƒe akpa ka dzie Paulo he susu yi enuenu le agbalẽ ma me? Nu ka tae nya nyui ma koŋ le vevie ɖo? Eye nu ka tae wòle be ema nanɔ susu me na mí ne míele gbeƒã ɖem “Mawu ƒe nya nyui la” na amewo le míaƒe anyigbamama me?—Mar. 1:14; Rom. 15:16; 1 Tes. 2:2.

Nu Si Ame Siwo Nɔ Roma La Hiã

4. Esime wode Paulo gaxɔ me zi gbãtɔ le Roma la, nu kawo ŋuti wòɖe gbeƒã le?

4 Míasrɔ̃ nu geɖe tso nu siwo ŋu Paulo ƒo nu tso esi wodee gaxɔ me zi gbãtɔ le Roma la me. Míexlẽ be, esime Yudatɔ aɖewo yi ɖasrãe kpɔ la, ‘eɖe gbeƒã na wo tsitotsito tso (1) Mawu fiaɖuƒe la ŋu, eye wòna kpeɖodziwo woamawo tso (2) Yesu ŋu.’ Nu kae do tso eme? ‘Wo dometɔ aɖewo xɔ nya siwo wògblɔ la dzi se; bubuawo mexɔ wo dzi se o.’ Le esia megbe la, Paulo ‘xɔa ame siwo vaa egbɔ la nyuie, henɔa gbeƒã ɖem tso (1) Mawu fiaɖuƒe la ŋu na wo, eye wònɔ nu siwo ku ɖe (2) Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la fiam wo.’ (Dɔw. 28:17, 23-31) Edze ƒãa be Paulo he susu yi Mawu Fiaɖuƒea dzi. Gake nu ka hã dzie wògate gbe ɖo? Nu vevi aɖe si ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu—eyae nye akpa si Yesu wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me.

5. Hiahiã vevi ka ŋue Paulo ƒo nu tso le Romatɔwo ƒe agbalẽa me?

5 Ehiã be amewo katã nanya nu tso Yesu ŋu ahaxɔ edzi ase. Paulo ƒo nu tso hiahiã sia ŋu le Romatɔwo ƒe agbalẽa me. Do ŋgɔ la, eŋlɔ nu tso ‘Mawu, ame si wòtsɔa eƒe gbɔgbɔ blibo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na le Via ŋuti nya nyui la gbɔgblɔ me’ ŋu. Egblɔ kpee be: “Nya nyui la mekpea ŋu nam o; le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame sia ame si si xɔse le la ɖe agbe.” Emegbe la, eƒo nu tso gaƒoƒo si dzi “Mawu ato Kristo Yesu dzi adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo ƒe nu ɣaɣlawo, le nya nyui si [wòle] gbeƒã ɖemee nu” la ŋu. Eye wògblɔ be: “Tso Yerusalem kple eƒe nutoa me godoo va se ɖe keke Iliriko ke la, meɖe gbeƒã nya nyui si ku ɖe Kristo la ŋu tsitotsito.”a (Rom. 1:9, 16; 2:16; 15:19) Le wò nukpɔkpɔ nu la, nu ka tae Paulo ɖe gbeƒã tso Yesu Kristo ŋu na Romatɔwo tsitotsito alea?

6, 7. Nya kae míate ŋu agblɔ tso Roma hamea ƒe gɔmedzedze kple ame siwo nɔ eme ŋu?

6 Míenya ale si tututu wowɔ ɖo Roma hamea anyi o. Ðe wòanye be Yudatɔwo alo ame siwo trɔ dzime zu Yudatɔwo, siwo nɔ ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekenyuia ɖuƒe, siwo zu Kristotɔwoe trɔ yi Roma ɖaɖo hamea anyia? (Dɔw. 2:10) Alo Kristotɔ asitsalawo kple mɔzɔlawoe tsɔ nyateƒea yi Roma? Aleke kee wòɖadzɔ o, le ɣeyiɣi si me Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, woɖo Roma hamea anyi xoxoxo. (Rom. 1:8) Ame ka ƒomeviwoe nɔ hame sia me?

7 Wo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Paulo ɖo eƒe gbedoname ɖe Andronika kple Yunia, siwo nye ‘eƒe ƒometɔwo,’ si anya fia eƒe ƒometɔ siwo nye Yudatɔwo. Avɔgbadɔwɔla Akwila kple srɔ̃a Priskila, siwo nɔ Roma hã nye Yudatɔwo. (Rom. 4:1; 9:3, 4; 16:3, 7; Dɔw. 18:2) Gake anɔ eme be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo siwo Paulo ɖo gbedoname ɖe la menye Yudatɔwo o. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo nye ‘Kaisaro ƒe aƒe me tɔwo,’ siwo ate ŋu anye Kaisaro ƒe kluviwo alo eƒe dɔdzikpɔlawo.—Flp. 4:22; Rom. 1:6; 11:13.

8. Nɔnɔme wɔnublanui ka mee ame siwo nɔ Roma la nɔ?

8 Kristotɔ siwo katã nɔ Roma la nɔ nɔnɔme wɔnublanui aɖe, si me mía dometɔ ɖe sia ɖe hã le la me. Paulo ɖe eme ale: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Rom. 3:23) Eme kɔ ƒãa be, ehiã be ame siwo katã Paulo ŋlɔ agbalẽa na la nalɔ̃ ɖe edzi be yewonye nu vɔ̃ mewo eye ehiã be woaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe wo tso nu vɔ̃ me la dzi ase.

Ehiã Be Amewo Nalɔ̃ Ðe Edzi Be Yewonye Nu Vɔ̃ Mewo

9. Nu nyui aɖe si ate ŋu ado tso nya nyui la me ka dzie Paulo he susu yi?

9 Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ƒe gɔmedzedze la, eƒo nu tso nu nyui aɖe si ate ŋu ado tso nya nyui si wònɔ gbeƒã ɖem la me ŋu ale: “Nya nyui la mekpea ŋu nam o; le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame sia ame si si xɔse le la ɖe agbe, Yudatɔ gbã, kple Helatɔ hã.” Ɛ̃, woate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. Ke hã le ɖekawɔwɔ me kple nyateƒenya vevi aɖe si Paulo yɔ tso Xabakuk 2:4 be, “Ame dzɔdzɔe la—xɔsee ana wòanɔ agbe” la, xɔse ƒe amesinɔnɔ le vevie. (Rom. 1:16, 17; Gal. 3:11; Heb. 10:38) Gake alekee nya nyui ma, si ate ŋu axɔ ame ɖe agbe la do ƒome kple nyateƒe si nye be ‘amewo katã wɔ nu vɔ̃’ lae?

10, 11. Nu ka tae ame aɖewo sea nya si le Romatɔwo 3:23 la gɔme gake ame aɖewo ya mesea egɔme o?

10 Hafi xɔse si ate ŋu axɔ ame ɖe agbe nasu ame aɖe si la, ele be wòalɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ mee yenye. Lɔlɔ̃ ɖe nya sia dzi masesẽ na ame siwo xɔe se tso woƒe ɖevime be Mawu li eye wonya nu tso Biblia ŋu xoxo la o. (Mixlẽ Nyagblɔla 7:20.) Wolɔ̃ ɖe edzi alo womelɔ̃ ɖe edzi o, wonya nane ya teti tso nu si Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be, “wo katã wɔ nu vɔ̃” la ŋu. (Rom. 3:23) Ke hã ne míele gbeƒã ɖem la, míate ŋu ado go ame geɖe siwo menya naneke tso nya sia ŋu o.

11 Le dukɔ aɖewo me la, womefia ame akpa gãtɔ be wodzi wo ɖe nu vɔ̃ me eye wonyi nu vɔ̃ ƒe dome o. Enye nyateƒe be wodea dzesii be yewowɔa vodadawo, nɔnɔme manyomanyo aɖewo le yewo si, eye ɖewohĩ yewowɔa nu gbegblẽ aɖewo. Eye wokpɔnɛ be ame bubuwo hã le nɔnɔme ma ke me. Ke hã le afi si wotso ta la, womesea nu si tae woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo le nenema la gɔme tututu o. Le nyateƒe me la, ne wogblɔ le gbe aɖewo me be ame aɖe nye nu vɔ̃ me la, wo ate ŋu asusu be wole gbɔgblɔm be enye amewula, alo ne mede ɖeke o la, enye ame si daa se aɖewo dzi. Edze ƒãa be ame aɖe si tsi le nuto mawo tɔgbi me la mabu eɖokui be yenye nu vɔ̃ me le gɔmesese si le Paulo ƒe nyaa si la nu enumake o.

12. Nu ka tae ame geɖe mexɔnɛ sena be nu vɔ̃ mewoe amegbetɔwo katã nye o?

12 Le dukɔ siwo me Kristodukɔa xɔ aƒe ɖo me gɔ̃ hã la, ame geɖe mexɔe se be yewonye nu vɔ̃ mewo o. Nu ka tae? Nenye be wodea sɔleme ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã la, wobua Biblia me ŋutinya si ku ɖe Adam kple Xawa ŋu la be enye glitoto alo nyakpakpa dzro ko. Ame aɖewo tsi le nuto siwo me amewo mexɔ Mawu dzi se le o la me. Wokea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ, eye le esia ta womesea egɔme be Nuwokatãtaƒola aɖe ɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo na amegbetɔwo, eye be, ne womewɔ wo dzi o la, ezu nu vɔ̃ na wo o. Le mɔ aɖewo nu la, wole abe ƒe alafa gbãtɔ me tɔ siwo ŋu Paulo gblɔ le be “mɔkpɔkpɔ aɖeke” menɔ wo si o, eye “Mawu menɔ [wo] si le xexea me o,” la ene.—Ef. 2:12.

13, 14. (a) Susu siwo tae ame siwo mexɔ Mawu alo nu vɔ̃ ƒe anyinɔnɔ dzi se o la mate ŋu ado taflatsɛ o la dometɔ ɖeka ɖe? (b) Nu ka mee nya sia dzi maxɔse kplɔ ame geɖe de?

13 Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, egblɔ susu eve siwo tae womate ŋu atsɔ teƒe si ame aɖe tsi le la ado taflatsɛ ɣemaɣi kple egbea siaa o. Susu gbãtɔae nye be nuwɔwɔwo ŋutɔ ɖoa kpe edzi be Wɔla aɖe li. (Mixlẽ Romatɔwo 1:19, 20.) Esia wɔ ɖeka kple nyateƒenya aɖe si Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo esime wònɔ Roma la me be: “Nyateƒee, aƒe sia aƒe la, ame aɖee tsonɛ, gake ame si wɔ nuwo katã lae nye Mawu.” (Heb. 3:4) Nya si wògblɔ la fia be Wɔla aɖee wɔ xexe bliboa katã, alo be eyae na wòva dzɔ.

14 Eya ta kpeɖodzi sẽŋu aɖe dzie Paulo nɔ te ɖo hafi ŋlɔ na Romatɔwo kple blema Israel vi siwo subɔa nu siwo me agbe mele o la be “womate ŋu ado taflatsɛ o.” Woagate ŋu agblɔ nya sia ke le ŋutsu alo nyɔnu siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ si mele dzɔdzɔme nu o me la ŋu. (Rom. 1:22-27) Esi Paulo nɔ susu hem yi nya ma ke dzi la, eƒo nya ta wòsɔ nyuie be “Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa le nu vɔ̃ te.”—Rom. 3:9.

‘Ðaseɖiɖi Bubu’ Aɖe

15. Ame kawo sie dzitsinya le, eye aleke wòkpena ɖe wo ŋu?

15 Romatɔwo ƒe agbalẽa ɖe susu bubu aɖe si tae wòle be amewo nalɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ mewoe yewonye eye wòhiã be woaɖe wo tso nɔnɔme wɔnublanui ma me la ɖe go. Paulo ŋlɔ tso se siwo Mawu tsɔ na blema Israel viwo la ŋu be: “Ame siwo katã wɔ nu vɔ̃ le se te la, woatsɔ se adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Rom. 2:12) Le eƒe numeɖeɖea dzi yiyi me la, eɖee fia be, zi geɖe la, dukɔwo alo to vovovowo me tɔ siwo menya naneke le Mawu ƒe sea ŋu o la “[wɔa] nu si se la bia le dzɔdzɔme nu.” Nu ka tae ame siawo dea se ɖe dadaviwo alo fofoviwo ƒe gbɔdɔdɔ, amewuwu, kple fififi ŋu ɖo? Paulo gblɔ susu si tae be: Dzitsinya le wo si.—Mixlẽ Romatɔwo 2:14, 15.

16. Nu ka tae dzitsinya ƒe amesinɔnɔ mefia kokoko be aƒo asa na nu vɔ̃ o?

16 Gake ɖewohĩ ède dzesii be dzitsinya si wɔa dɔ abe ɖaseɖila ememetɔ ene ƒe amesinɔnɔ mefia kokoko be awɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi o. Blema Israel viwo ƒe ŋutinya ɖo kpe esia dzi. Togbɔ be Mawu na dzitsinya kple se siwo le tẽe, siwo tsi tsitre ɖe fififi kple ahasiwɔwɔ ŋu Israel viwo hã la, wowɔa nu siwo tsi tsitre ɖe woƒe dzitsinya kple Yehowa ƒe Sea siaa ŋu enuenu. (Rom. 2:21-23) Wodze na fɔbubu zi gbɔ zi eve, eye esia ɖee fia kɔtɛ be wonye nu vɔ̃ me siwo metea ŋu ɖoa Mawu ƒe dzidzenuwo gbɔ o, eye wometea ŋu wɔa eƒe lɔlɔ̃nu o vavã. Esia gblẽ woa kple wo Wɔlaa dome ƒomedodo me vevie.—3 Mose 19:11; 20:10; Rom. 3:20.

17. Dzideƒonya kae le Romatɔwo ƒe agbalẽa me na mí?

17 Nu si me míedzro le Romatɔwo ƒe agbalẽa me na míekpɔe be amegbetɔwo le nɔnɔme wɔnublanui aɖe ŋutɔ me le Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume, míawo hã míele eme. Ke hã, Paulo metɔ nyaa ɖe afi ma o. Apostoloa yɔ nya tso David ƒe nya siwo dze le Psalmo 32:1, 2 me heŋlɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe sedzimawɔmawɔ nuwɔnawo wotsɔ ke, siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nu la; dzidzɔtɔe nye ame si ƒe nu vɔ̃ Yehowa mabu nɛ kura o.” (Rom. 4:7, 8) Ɛ̃, Mawu wɔ ɖoɖo aɖe si sɔ le se nu be yeatsɔ nu vɔ̃wo ake.

Yesu Ŋuti Nya Nyui La

18, 19. (a) Nya nyui la ƒe akpa ka dzie Paulo te gbe ɖo le Romatɔwo ƒe agbalẽa me? (b) Nu kawo dzie wòle be míalɔ̃ ɖo hafi Fiaɖuƒea ƒe yayrawo nasu mía si?

18 Àgblɔ be, “Nya nyui aɖee esia nye vavã!” Esia gakplɔ mí yi nya nyuia ƒe akpa si dzi Paulo te gbe ɖo le Romatɔwo ƒe agbalẽa me gbɔ ake. Abe ale si míegblɔe ene la, Paulo ŋlɔ bena: ‘Nya nyui la mekpea ŋu nam o; le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame ɖe agbe.’—Rom. 1:15, 16.

19 Akpa si Yesu wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me la nye nya nyui ma ƒe akpa vevi aɖe. Esia tae Paulo nɔ mɔ kpɔm na “ŋkeke si dzi Mawu ato Kristo Yesu dzi adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo ƒe nu ɣaɣlawo, le nya nyui” la nu. (Rom. 2:16) Esi wògblɔ nya ma la, menye ɖe wònɔ “Kristo la kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la,” alo nu si Mawu awɔ to Fiaɖuƒea dzi la, ƒe vevienyenye dzi ɖem kpɔtɔ o. (Ef. 5:5) Gake eɖee fia be hafi míanɔ agbe ase vivi le yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vae me la, (1) ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míenye nu vɔ̃ mewo le Mawu ŋkume, eye (2) míalɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase hafi woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ne ame aɖe va se Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa siawo gɔme hexɔe de eme eye wòkpɔ etsɔme nyui si ƒe mɔnukpɔkpɔ esia ʋu ɖi nɛ dze sii la, ekema ate ŋu agblɔ wòasɔ be, “Ɛ̃, nya nyui aɖee esia nye vavã!”

20, 21. Ne míele gbeƒã ɖem la, nu ka tae wòle be nya nyui si dzi wote gbe ɖo le Romatɔwo ƒe agbalẽa me la nanɔ susu me na mí, eye nu kae ate ŋu ado tso eme?

20 Ele be nya nyuia ƒe akpa sia nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi ne míele Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Esi Paulo nɔ susu hem yi Yesu dzi la, eyɔ Yesaya ƒe nya siawo hegblɔ be: “Ame sia ame si ziɔ eƒe xɔse ɖe eŋu la maɖu ŋukpe o.” (Rom. 10:11; Yes. 28:16) Gbedeasi vevi si ku ɖe Yesu ŋu la mawɔ nuku na ame siwo nya nu tso nya si Biblia gblɔ tso nu vɔ̃ ŋu la o. Gake nya sia anye nya yeye kura na ame bubuwo ya, anye nane si ŋu womenya naneke le o, eye ame geɖe mexɔ edzi se le afi si wotsi le o. Ne ame siawo va xɔ Mawu kpakple Ŋɔŋlɔawo dzi se la, ahiã be míaɖe akpa si Yesu wɔna la me na wo. Nyati si kplɔe ɖo la aɖe ale si Romatɔwo ta 5 lia ƒo nu tso nya nyuia ƒe akpa sia ŋu yi ŋgɔe la me. Àkpɔe godoo be nyati ma aɖe vi na wò le wò gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

21 Yayra ka gbegbee nye esi wònye be míakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu woase nya nyui si ŋu woƒo nu tso enuenu le Romatɔwo ƒe agbalẽa me la gɔme, nya nyui si, “le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame sia ame si si xɔse le la ɖe agbe”! (Rom. 1:16) Yayra si gagbɔ teƒeɖoɖo ma ŋue nye be, míakpɔ eteƒe ame bubuwo alɔ̃ ɖe nya si Paulo gblɔ le Romatɔwo 10:15 la dzi be: “Ame siwo ɖea gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyui la ƒe afɔwo nya kpɔ loo!”—Yes. 52:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Nyagbɔgblɔ siawo tɔgbi dze le Biblia gbalẽ bubuwo me.—Mar. 1:1; Dɔw. 5:42; 1 Kor. 9:12; Flp. 1:27.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nya nyui la ƒe akpa ka dzie Romatɔwo ƒe agbalẽa te gbe ɖo?

• Nyateƒenya ka gɔmee wòhiã be míakpe ɖe amewo ŋu woase?

• Yayra kae “Kristo la ŋuti nya nyui” la ate ŋu ahe vae na míawo ŋutɔwo kpakple ame bubuwo?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Nya nyui si dzi wote gbe ɖo le Romatɔwo ƒe agbalẽa me la lɔ akpa si Yesu wɔna le Mawu ƒe tameɖoɖo me la ɖe eme

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Wodzi mí katã ɖe nu vɔ̃ si nye ku na mí la me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe