Nu Ka Tae Wòdze Abe Ðe Viɖe Mele Agbea Ŋu O Ene?
FIA SALOMO gblɔ tso amegbetɔwo ƒe agbe ŋu be enye ‘nu ƒuƒlu si va yina abe vɔvɔli ene.’ Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be menye aleae wòanɔ ɖaa o? (Nyagblɔla 6:12) Mawu ƒe Nya, Biblia, do ŋugbe be agbe si míanɔ le etsɔme la nye esi ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ le, eye esi wònye Mawu ƒe Nya la nye nyateƒe ta la, kakaɖedzi le nya siawo ŋu.—2 Timoteo 3:16, 17.
Biblia na míenya Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba la. Egblɔ nu si tae nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, teteɖeanyi, kple fukpekpe xɔ aƒe ɖi hã. Nu ka tae wòle vevie be míase nu siawo gɔme? Eyae nye be, susu si koŋ ta amewo buna be viɖe aɖeke kura mele agbea ŋu o ye nye be womenya nu si nye Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba kple amegbetɔwo o, alo be wotiae be yewoaŋe aɖaba aƒu edzi.
Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba?
Yehowa Mawua wɔ anyigba be wòanye paradisoƒe deblibo na amegbetɔwo, eye wòanye afi si ŋutsu kple nyɔnu siwo de blibo la ase vivi na agbe si me dzidzeme le tegbee. Nyateƒenya vevi sia tsi tre ɖe nukpɔsusu si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o si nye be Mawu wɔ anyigba be wòanye afi si woado amegbetɔwo le akpɔ be wodze na agbe si ŋu viɖe le wu la nɔnɔ le gbɔgbɔmenuto aɖe me hã.—Kpɔ aɖaka si le axa 6 lia si ƒe tanyae nye “Ðe Wòle Be Míadzo Le Anyigba Dzi Hafi Anɔ Agbe Si Ŋu Viɖe Lea?”
Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu ɖe Eƒe nɔnɔme me, si fia be ŋutete le wo ŋu be woaɖe Eƒe nɔnɔme nyuiwo afia. (1 Mose 1:26, 27) Ewɔ wo wode blibo. Nu sia nu si ana woase vivi na agbe si ŋu viɖe le tegbee la nɔ wo si. Le kpɔɖeŋu me, enɔ na wo be woadzi ayɔ anyigba dzi, anye agbo ɖe edzi ahatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso, abe ale si ko Eden bɔa nɔ ene.—1 Mose 1:28-31; 2:8, 9.
Nu Kae Meva Yi Nyuie O?
Edze ƒãa be nane meva yi edzi nyuie kura o. Ame akpa gãtɔ menɔa agbe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu o. Eye anyigba hã menye paradiso o. Nu kae dzɔ? Mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, mewɔ tiatiawɔblɔɖe si le wo si la ŋu dɔ nyuie o. Wodi be yewoanɔ “abe Mawu ene” ahawɔ “nyui kple vɔ̃” ŋuti nyametsotsowo na wo ɖokui. Woto esia dzi ɖee fia be yewode Satana Abosam ƒe aglãdzedzea dzi.—1 Mose 3:1-6.
Eya ta menye Mawue do ŋgɔ wɔ ɖoɖo manyatalenu aɖeke ɖi be vɔ̃ɖinyenye nanɔ anyi o. Nu si gbɔ wòtsoe nye be, Satana dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu, eye emegbe Adam kple Xawa hã wɔ ɖeka kplii. Esia wɔe be Paradiso me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ge le mía dzila gbãtɔwo si, wozu ame madeblibowo, eye esia he nu vɔ̃ kple ku va woawo ŋutɔ kple ameƒomea katã, siwo nye woƒe dzidzimeviwo la, dzi. (1 Mose 3:17-19; Romatɔwo 5:12) Esiae he nɔnɔme madeamedzi siwo na wòdze abe ɖe viɖe aɖeke mele agbea ŋu o ene la vae.
Nu Ka Tae Mawu Meɖe Vɔ̃ɖinyenye Ða Enumake O?
Ame aɖewo biana be, ‘Nu ka tae Mawu metsrɔ̃ Satana kpakple Adam kple Xawa ɖa hewɔ ame bubuwo ɖe wo teƒe bene vɔ̃ɖinyenye nu nayi enumake o?’ Ðe nunya anɔ eme be wòawɔ esia? Aleke nàbu dziɖuɖu sẽŋu aɖe si nana wowua ame sia ame si tsi tsitre ɖe eŋu la enumake lae? Ðe esia mana ame siwo bua nu ŋu nyuie la nakpɔ kpɔtsɔtsɔ le ale si wòzãa eƒe ŋusẽe ŋu oa?
Mawu tiae be yematsrɔ̃ aglãdzela mawo ɖa enumake o. Nunyatɔe la, elala va se ɖe esime woakpɔ nya siwo fɔ ɖe te le Eden bɔa me ku ɖe ale si wòɖua dzii ŋu la gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.
Woaɖe Vɔ̃ɖinyenye Katã Ða
Nu vevi si dzi wòle be míaɖo ŋkui ye nye esi: Mawu maɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye nu ɖaa o. Enya be yeate ŋu aɖɔ nɔnɔme wɔnublanui si mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye nu he vae la ɖo keŋkeŋ nenye be wokpɔ nya vevi siwo aglãdzedze ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu fɔ ɖe te la gbɔ vɔ.
Mawu meŋlɔ tameɖoɖo si le esi na anyigba kple amegbetɔwo la be o. Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi ka ɖe edzi na mí be yee nye anyigba Wɔla, ame si ‘mewɔe be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’ (Yesaya 45:18) Eteƒe madidi o adze asitɔtrɔ le anyigbaa ŋu be wòade blibo abe ale si wòɖoe be wòanɔ le gɔmedzedzea me ene. Ne wova ɖo kpe edzi bliboe be eɖua dzi le mɔ nyuitɔ nu vɔ la, etɔ adzɔ azɔ be wòazã eƒe ŋusẽ triakɔ la atsɔ akpɔ egbɔ be wole yeƒe lɔlɔ̃nu wɔm, eye wòaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa keŋkeŋ. (Yesaya 55:10, 11) Yesu Kristo ɖe kuku na Mawu le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me be wòaɖe afɔ sia. Yesu fia mí be míado gbe ɖa ale: ‘Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.’ (Mateo 6:9, 10) Aleke esia ava emee?
Nu Si Nye Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Na Anyigba
Wo dometɔ ɖekae nye be, “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:9-11, 29; Lododowo 2:21, 22) Yesu Kristo ‘aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔwo.’ Aɖe wo “tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.” (Psalmo 72:12-14) Aʋawɔwɔ maganɔ anyi o; ku, avifafa, vevesese, alo fukpekpe maganɔ anyi o. (Psalmo 46:10; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Mawu afɔ ame gbogbo siwo ku le ɣeyiɣi si me wòɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye nu la ɖe tsitre be woava nɔ agbe le anyigba dzi afi sia, eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woaxɔ yayra siawo kple bubu geɖewo.—Yohanes 5:28, 29.
Vavãe, Yehowa aɖɔ nu siwo gblẽ le Satana ƒe aglãdzedzea ta la ɖo. Aɖɔ wo ɖo keŋkeŋ ale gbegbe be ‘ŋku adzo le gbaɖegbe xaxawo [fukpekpe kple xaxa siwo katã me tom míele egbea] dzi.’ (Yesaya 65:16-19) Nya siawo ava eme godoo. Mawu mekaa aʋatso o. Eƒe ŋugbedodowo katã vaa eme. Agbea maganye “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me” o. (Nyagblɔla 2:17) Viɖe anɔ míaƒe agbemenuwɔna ɖe sia ɖe ŋu.
Ke fifia ya ɖe? Ne míenya nu si Biblia fia, eye míese tameɖoɖo si le Mawu si na anyigba gɔme la, ɖe wòana viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu fifia gɔ̃ hã? Nyati siawo ƒe mlɔetɔ adzro nya sia me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yehowa ye nye Mawu ƒe ŋkɔ, abe ale si wòdze le Biblia me ene.
[Aɖaka si le axa 6]
Ðe Wòle Be Míadzo Le Anyigba Dzi Hafi Anɔ Agbe Si Ŋu Viɖe Lea?
Ƒe alafa geɖee nye esia la, ame siwo menya naneke le Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ŋu o la fia nu be ele be míadzo le anyigba dzi hafi ate ŋu anɔ agbe si ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ le.
Ame aɖewo gblɔ be luʋɔwo “nɔ agbe deŋgɔ le teƒe aɖe hafi va ge ɖe amegbetɔ ƒe ŋutilã me.” (New Dictionary of Theology) Ame bubuwo gblɔ be “ɖe wotsɔa luʋɔwo dea ŋutilãwo me wònye tohehe ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ esime wonɔ dziƒo la ta.”—Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature.
Hela xexemenunyalawo, abe Socrates kple Plato, ƒe nufiafiae nye be: Ne luʋɔ la do go tso amegbetɔŋutilã madebliboa me ko hafi “wòavo tso eƒe hloloetsotsowo, agbagbadzedze ƒuƒluwo, dzimaɖitsitsiwo, dzodzro vɔ̃wo kple nu madeamedzi bubu siwo vaa amegbetɔwo dzi la si me” aɖanɔ “mawuawo dome tegbee.”—Plato’s Phaedo, 81, A.
Emegbe ame siwo be yewonye Kristotɔwo ƒe kplɔlawo la xɔ Hela xexemenunyalawo “ƒe nukpɔsusu siwo ku ɖe luʋɔ makumaku” ŋu la de woƒe hamenufiafiawo me.—Christianity—A Global History.
De dzesi vovototo si le nya mawo kple nyateƒenya vevi etɔ̃ siwo dze le Biblia me la dome:
1. Mawu ɖoe be anyigba nanye amegbetɔƒomea nɔƒe tegbee, ke menye afi si woado wo le akpɔ be wodze anɔ agbe le egbɔ le dziƒo hã o. Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Mawu ƒe sewo la, anye ne wogale agbe le anyigba sia dzi le paradiso me.—1 Mose 1:27, 28; Psalmo 115:16.
2. Nu si Biblia fia tso luʋɔ ŋu la gɔme sese le bɔbɔe wu subɔsubɔha akpa gãtɔ ƒe nufiafia si nye be luʋɔ, si nye gbɔgbɔ aɖe si nɔa ame me la, le amegbetɔ si. Amegbetɔ nye “luʋɔ gbagbe” si wowɔ tso ‘anyi me.’ (1 Mose 2:7) Biblia ƒe afi aɖeke megblɔ be luʋɔ la mekuna o. Ke egblɔ boŋ be woate ŋu awu luʋɔ la alo atsrɔ̃e, si fia be maganɔ anyi azɔ o. (Psalmo 146:4; Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4, 20) Luʋɔ gbãtɔ, si nye Adam la, ku eye wògatrɔ zu anyi si me woɖee tsoe. Etrɔ yi anyimanɔmanɔ me.—1 Mose 2:17; 3:19.
3. Menye luʋɔ makumaku si ado go le ame me aɖanɔ gbɔgbɔmenuto aɖe me dzie amegbetɔwo ƒe etsɔmemɔkpɔkpɔwo nɔ te ɖo o, ke boŋ ŋugbe si Mawu do be yeafɔ kukuawo woava nɔ agbe le paradisonyigba dzi la dzie.—Daniel 12:13; Yohanes 11:24-26; Dɔwɔwɔwo 24:15.