INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/1 axa 3-4
  • Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alea Koe Agbea Anɔ Ðaa?
  • Wò Agbe—Tameɖoɖo Kae Le Eŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • ‘Amegbetɔ ƒe Agbanɔamedzi Blibo La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nu Kae Naa Viɖe Nɔa Ame Ƒe Agbe Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Ka Tae Wòdze Abe Ðe Viɖe Mele Agbea Ŋu O Ene?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/1 axa 3-4

Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?

“VIÐE kae le agbea ŋu fifia?” Ame geɖe biaa nya sia. Nublanuitɔe la, ame geɖe kpɔe be aleke kee yewoɖanɔ agbeae o, yewosenɛ le yewo ɖokui me be “agbea nye tofloko, eye viɖe mele eŋu o,” abe ale si Austriatɔwo ƒe susuŋutinunyala Viktor E. Frankl gblɔe ene.

Nu ka tae ame geɖe sena le wo ɖokui me nenema ɖo? Susuawo dometɔ ɖekae nye be ame miliɔn geɖe le nɔnɔme wɔnublanui gbãdzinamewo me tom. Nu siwo teƒe wokpɔna gbe sia gbee nye ahedada, dɔléle, nu vlo wɔwɔ manyatalenuwo, kple ameteteɖeanyi. “Fuɖeɖe ti kɔ” na wo vavã, abe ale si ko Hiob, si nɔ anyi le blema, hã se le eɖokui me esime wònɔ fu kpem ene. (Hiob 14:1) Nu si woakpɔ aɖu hafi ŋu nagake la koe wominyana le agbe me.

Nu dze edzi na ame miliɔn bubu geɖewo ya. Edze abe nu sia nu de wo dzi le agbe me, si ta wòle be woƒe dzi nadze eme ene hafi. Gake mele nenema o. Nu ka tae? Elabena “fuɖename kple hiã” ɖea kpe na wo edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, gakuxi sesẽwo tea ŋu ɖea fu na wo alo vi kuna na wo, si wɔnɛ be woƒe mɔkpɔkpɔ kple tameɖoɖowo tsia akpo dzi.—Psalmo 90:10.

Nu bubu aɖe hã gali si tae ame geɖe sena le wo ɖokui me be “agbea nye tofloko, eye viɖe mele eŋu o.” Nu kae? Eyae nye ale si gbegbe agbea le kpuie. Ame geɖe mesea nu si tae ŋutete nyuiwo le amegbetɔwo si, gake woƒe agbenɔƒewo le kpuie alea gbegbe ɖo la gɔme o. Womesea nɔnɔme wɔnublanui si nye be ne míete ŋu ƒo asa na agbemekuxi sesẽtɔwo gɔ̃ hã la, ku va gblẽa nu sia nu dome na ame mlɔeba la gɔme o.—Nyagblɔla 3:19, 20.

Alea Koe Agbea Anɔ Ðaa?

Blema Israel Fia Salomo ƒo nyaa ta nyuie. Ekpɔ ale si eŋɔlimetɔwo wɔa woƒe ŋutete kple woƒe ŋusẽ katã ŋu dɔ le agbledede, xɔtutu, kple ƒomedzikpɔkpɔ me, abe ale si ko wòle egbea ene. Ne míagblɔe la, ebia be, ‘Viɖe kae le nu siawo katã ŋu?’ Eƒo nya ta be nu siwo katã amewo wɔna la nye “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.”—Nyagblɔla 2:17.

Ðe wòfia be Fia Salomo xɔe se be nu sia nu si amegbetɔwo wɔna la anye “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me” ɖaa? Ao. Ale si nuwo le le xexe madeblibo sia me la ŋuti nyateƒea ko gblɔmee wònɔ. Ke hã, Mawu ƒe Nya, si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la, ate ŋu ana nàka ɖe edzi be menye aleae nuwo anɔ ɖaa o!

Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe nya sia dzi? Míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ nyati eve siwo kplɔe ɖo. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nu si tae wòdze abe viɖe mele agbea ŋu o ene la gɔme, hekpe ɖe eŋu la, àkpɔ ale si woava ɖɔ nɔnɔme sia ɖoe, kpakple nu si nàte ŋu awɔ be viɖe ŋutɔŋutɔ nanɔ wò agbe ŋu fifia gɔ̃ hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe