INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/1 axa 11-15
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Shinto—Japantɔwo ƒe Mawu Didi
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nayi Aɖasubɔ Le Teƒe Kɔkɔewoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/1 axa 11-15

Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm

NU KA TAE nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me dzudzɔ trɔ̃subɔsubɔ ɖo? Nu kae ʋã Shintoha la ƒe nunɔla aɖe wòdzudzɔ dɔwɔwɔ le woƒe gbedoxɔ me heva zu Kristotɔ? Nu kae kpe ɖe nyɔnu aɖe si woxɔ nyi tso esime wònye vidzĩ la ŋu be megava nɔ sesem le eɖokui me be wogblẽ ye ɖi o? Xlẽ ame siawo ŋutɔ ƒe numenyawo nàkpɔ.

“Nyemeganye kluvi na trɔ̃wo azɔ o.”—ABA DANSOU

ƑE SI ME WODZII: 1938

DUKƆ SI ME WÒTSO: BENIN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: TRƆ̃SUBƆLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Kɔƒe aɖe si woyɔna be So-Tchahoué ye me menɔ tsi. Enye tsiteƒe si te ɖe ta aɖe ŋu. Kɔƒea me tɔwo nye tɔƒodelawo, eye wonyia gbɔ̃wo, nyiwo, alẽwo, hawo, kple xewo hã. Mɔdodowo mele nutoa me o, eya ta tɔdziʋu kple akrowoe amewo ɖona. Ame akpa gãtɔ tsɔa ati kple bè tua woƒe xɔwoe, ke ame aɖewo hã tunɛ kple kpe. Ameawo dometɔ geɖe da ahe. Ke hã, nu vlo wɔwɔ mebɔ ɖe afi ma abe ale si wòle le dugãwo me ene o.

Le nye ɖevime la, fofonye kplɔ mía kple nɔvinyenyɔnu yi trɔ̃ƒe, afi si míeɖu trɔ̃ le. Esi metsi la, mexɔ Dudua (Oduduwa), si nye Yorubatɔwo ƒe trɔ̃ aɖe, wòzu nye mawu. Metu xɔ aɖe na trɔ̃ sia, eye metsɔa te, dzomi, abɔbɔ, koklowo, ahɔnɛwo kple lã bubuwo saa vɔe nɛ edziedzi. Ale si vɔsanu siawo xɔ asii la wɔnɛ be ga vɔna le asinye zi geɖe.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Biblia sɔsrɔ̃ na meva kpɔe be Yehowa ye nye Mawu vavã ɖeka kolia la. Mesrɔ̃e hã be trɔ̃subɔsubɔ medzea eŋu o. (2 Mose 20:4, 5; 1 Korintotɔwo 10:14) Menya nu si wòle be mawɔ azɔ. Eya ta metsɔ nye legbawo katã ƒu gbe, eye meɖe nu sia nu si do ƒome kple trɔ̃subɔsubɔ la ɖa le nye aƒe me. Nyemegayia nukaƒe o, eye nyemeganyia kɔwo alo kpɔa gome le kukɔnuwo me o.

Menɔ nye ƒe 60-awo me ɣemaɣi, eye tɔtrɔ mawo wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o. Xɔ̃nyewo, ƒonyemetɔwo, kple nye aƒelikawo tsi tre ɖe ŋunye heɖe alɔme le ŋunye. Gake medo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm be mawɔ nu si le eteƒe. Nya siwo le Lododowo 18:10 fa akɔ nam. Afi ma gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afi ma ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.”

Nu bubu si kpe ɖe ŋunyee nye Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede. Woɖe Kristotɔwo ƒe nɔvilɔlɔ̃ fiam le kpekpeawo me, eye ale si wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Nu siwo teƒe mekpɔ la na meka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe nye subɔsubɔha vavãtɔ.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na mía kple vinyewo dome va le kplikplikpli. Azɔ hã, mese le ɖokuinye me be agba kpekpe aɖe do le dzinye, elabena tsã la, megblẽa ga geɖe ɖe trɔ̃ siwo me agbe mele o, siwo meɖe vi aɖeke nam o la ŋu. Fifia mele Yehowa, Mawu si aɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa keŋkeŋ la, subɔm. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Dzi le dzɔyem ŋutɔ be nyemeganye kluvi na trɔ̃wo azɔ o, ke boŋ na Yehowa! Mekpɔ dedienɔnɔ kple ametakpɔkpɔ vavãtɔ tso eyama gbɔ.

“Menɔ Mawu dim tso nye ɖevime ke.”—SHINJI SATO

ƑE SI ME WODZII: 1951

DUKƆ SI ME WÒTSO: JAPAN

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: SHINTOHA ƑE NUNƆLA

AGBE SI MENƆ TSÃ: Kɔƒedu si nye Fukuoka Prefecture mee menɔ tsi. Dzinyelawo doa vevie mawusubɔsubɔ; tso nye ɖevime ke la, wofiam be made bubu Shinto mawuwo ŋu. Esi menye ɖevi dzaa la, mebua ale si mawɔ akpɔ ɖeɖe ŋu zi geɖe, eye medi vevie be makpe ɖe ame siwo nɔ xaxawo me tom ŋu. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖeka esi menɔ gɔmedzesuku la, nufiala aɖe bia mí be dɔ kae míadi be míawɔ ne míetsi hã. Taɖodzinu nyuiwo nɔ nye sukuhatiwo si, le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo di be yewoava zu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo. Megblɔ be nye taɖodzinue nye be masubɔ Mawu. Tete ame sia me kom hahaha.

Esi medo go le sekɛndrisuku (lycée) la, mede mawusubɔsubɔ ŋuti nufialawo ƒe suku. Esi menɔ sukua la, medo go Shinto nunɔla aɖe si tsɔa eƒe vovoɣiwo xlẽa agbalẽ aɖe si ƒe akpa le yibɔe. Gbe ɖeka ebiam be, “Sato, ènya agbalẽ si wònyea?” Esi melé ŋku ɖe akpaa ŋu xoxo ta la, meɖo eŋu be, “Bibliae.” Egblɔ be, “Ele be ame sia ame si di be yeazu Shinto nunɔla la naxlẽ agbalẽ sia.”

Enumake medo go yi ɖaƒle Biblia. Medae ɖe nye agbalẽdzraɖoƒea ƒe teƒe vevitɔ, eye melé be nɛ etɔxɛe. Gake nyemekpɔ vovo xlẽe o, elabena sukua dede menana vovo nɔa ŋunye o. Esi mewu sukua nu la, mezu Shinto nunɔla henɔ dɔ wɔm le gbedoxɔ aɖe me. Taɖodzinu si minyam menɔ tso nye ɖevime la va eme.

Gake eteƒe medidi o, meva de dzesii be Shinto nunɔla nyenye mele abe ale si mesusui ene o. Nunɔla akpa gãtɔ melɔ̃a amewo ƒe nya o, eye wometsɔa ɖeke le eme na ame hã o. Azɔ hã, wo dometɔ geɖe nye xɔsemanɔsitɔwo. Nunɔla siwo le ŋgɔ nam la dometɔ ɖeka gblɔ nam gɔ̃ hã be: “Ne èdi be yeakpɔ dzidzedze le afi sia la, ele be nànɔ nu ƒom tso xexemenunya ɖeɖe ko ŋu. Womeƒoa nu tso xɔse ŋu le afi sia o.”

Nya siawo tɔgbi sese wɔe be Shintohaa me nɔnɔ megatsɔ fu le lã me nam o. Togbɔ be menɔ dɔ dzi le gbedoxɔa me hã la, meganɔ subɔsubɔha bubuwo gɔme kum kpɔ. Ke hã, nyemekpɔ ɖeke si nyo wu o. Zi ale asi menɔ subɔsubɔhawo gɔme kum la, zi nenemae dzi ɖena le ƒonye. Mese le ɖokuinye me be subɔsubɔha aɖeke meli si ɖia anukware o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le ƒe 1988 me la, medo go Buddhatɔ aɖe si de dzi ƒo nam be maxlẽ Biblia. Esia na nye susu dze Shinto nunɔla si gblɔ nam ƒe aɖewo do ŋgɔ be manɔ Biblia xlẽm la dzi. Eya ta meɖoe be mawɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Esi mete Biblia xexlẽ la, nye dzi va ku ɖe eŋu enumake. Ɣeaɖewoɣi la, menɔa zã dzi nɔa exlẽm va se ɖe esime agu dze.

Nu si xlẽm menɔ la ʋãm medi be mado gbe ɖa na Biblia me Mawu la. Medze egɔme kple kpɔɖeŋugbedodoɖa si dze le Mateo 6:9-13. Medoa gbe sia ɖa gaƒoƒo eve sia gaƒoƒo eve, ne mele dɔ wɔm le Shinto gbedoxɔa me gɔ̃ hã.

Biabia geɖe nɔ asinye ku ɖe nu siwo xlẽm menɔ ŋu. Ɣemaɣi la meɖe srɔ̃, eye menyae be Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo, elabena wova ɖe gbeƒã na srɔ̃nye kpɔ. Meva ke ɖe Ðasefo nyɔnu aɖe ŋu, eye mebia nya gbogbo aɖewoe. Ale si wòtsɔ Biblia ɖo nyabiaseawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu nam la wɔ dɔ ɖe dzinye. Ewɔ ɖoɖo be Ðasefowo nava nɔ Biblia srɔ̃m kplim.

Ema megbe kpuie la, mete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede. Le nye manyamanya me la, Ðasefo siwo ŋu mewɔ nu ɖo amemabumabutɔe kpɔ la dometɔ aɖewo nɔ kpekpea valawo dome ɣemaɣi. Ke hã, woxɔm nyuie hedo vivi ɖe ŋunye.

Mesrɔ̃e le kpekpeawo me be Mawu di be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ woƒe ƒomea me tɔwo ahade bubu wo ŋu. Do ŋgɔ na esia la, nye nunɔladɔa ŋu koe mevu ɖo ale gbegbe be nyemekpɔ vovo ɖe srɔ̃nye kple mía vi eveawo ŋu o. Ɣemaɣie mede dzesii be meléa to ɖe tadeagula siwo vaa gbedoxɔa me la ƒe nyawo ŋu nyuie, ke nyemelé to ɖe srɔ̃nye ya ƒe nyawo ŋu kpɔ o.

Esi nusɔsrɔ̃a nɔ ŋgɔ yim la, mesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu siwo na eƒe nu lé dzi nam. Mawunyakpukpuiwo abe Romatɔwo 10:13 ene wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Afi ma gblɔ be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” Menɔ Mawu dim tso nye ɖevime ke, eye azɔ meke ɖe eŋu mlɔeba!

Azɔ meva nɔ sesem le ɖokuinye me be mele be maganɔ dɔ wɔm le gbedoxɔa me o. Gbã la, metsi dzi ɖe nu si amewo asusu tso ŋunye ne medo le Shintohaa me ŋu. Ke hã, menɔ egblɔm na ɖokuinye tso ɣeaɖeɣi ke be ne meke ɖe Mawu vavãa ŋu la, mado le ha sia me. Eya ta le ƒe 1989 ƒe adame la, metso nya me be mawɔ ɖe nu si nye dzitsinya gblɔ nam la dzi. Meɖe asi le dɔ ŋu le gbedoxɔa me hetsɔ ɖokuinye de Yehowa si me.

Menɔ bɔbɔe nam be maɖe asi le gbedoxɔa me dɔa ŋu o. Nunɔla siwo nɔ ŋgɔ nam la he nya ɖe ŋunye vevie henɔ eƒom ɖe nunye be magadzo o. Gake egbɔgblɔ na dzinyelawoe nɔ sesẽm nam wu. Esi menɔ mɔ dzi yina woƒe aƒe me la, metɔtɔ le ɖokuinye me ale gbegbe be nye akɔta nɔ veyem, eye nu te nye afɔwo ŋu belibeli! Menɔ tɔtɔm le mɔ dzi enuenu nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm.

Esi meva ɖo dzinyelawo ƒe me teti la, menɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ be makɔ nu le nyaa dzi. Gaƒoƒo geɖe va yi. Mlɔeba le gbedodoɖa agbadre vɔ megbe la, meɖe nya sia nya dzi na fofonye. Megblɔ nɛ be meke ɖe Mawu vavã la ŋu, eya ta mele dzodzom le Shintohaa me aɖasubɔ Eyama. Esia wɔ mo yaa na fofonye ŋutɔ, eye wòxa nu. Ƒometɔ bubuwo va aƒea me hete kpɔ be yewoana matrɔ susu. Togbɔ be nyemedi be mado vevesese na nye ƒometɔwo o hã la, menyae be Yehowa subɔsubɔ ye nye nu nyuitɔ si wòle be mawɔ. Emegbe nye ƒometɔwo va de bubu ŋunye ɖe nye nyametsotso sia ta.

Dzodzo le gbedoxɔa me menɔ bɔbɔe o, ke susu ɖeɖeɖa le eŋu ya gasesẽ wu. Nunɔladɔ wɔwɔ ƒo ke ɖe to ɖe menye vevie. Medzea agbagba vevie be maŋlɔe be, gake ɖeko wòdze abe afi sia fi si metrɔ ɖo la, mekpɔa nu siwo ɖoa ŋku ale si menɔ agbee tsã dzi nam ene.

Nu evee kpe ɖe ŋunye be mete ŋu ɖu edzi. Gbã la, metsa nye nuwo katã me le aƒea me nɔ nu siwo katã mezã le ha si me menɔ tsã la dim. Metɔ dzo nu siwo ŋu meke ɖo la katã, agbalẽwo, fotowo, kple ŋkuɖodzinu xɔasiwo gɔ̃ hã. Evelia, ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, medzea agbagba be made ha kple Ðasefoawo. Ale si wodze xɔ̃m hedo ŋusẽm la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Vivivi la, nye susu va dzo le nye tsãgbenɔnɔa dzi.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Tsã la, nyemekpɔa vovo ɖe srɔ̃nye kple vinyewo ŋu o, si wɔnɛ be metsia akogo ŋutɔ. Ke esi meva nɔ vovo kpɔm ɖe wo ŋu abe ale si Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔe ene la, mía dome va le kplikplikpli azɔ. Emegbe srɔ̃nye va wɔ ɖeka kplim le Yehowa subɔsubɔ me. Mía kple mía viŋutsua, kpakple mía vinyɔnua kple srɔ̃a míewɔ ɖeka le subɔsubɔm le tadedeagu vavãtɔ me.

Ne meɖo ŋku taɖodzinu si nɔ asinye le ɖevime be masubɔ Mawu ahakpe ɖe amewo ŋu dzi la, mekpɔnɛ be meke ɖe nu si tututu dim menɔ la ŋu hegakpɔ bubuwo kpee. Ale si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ nam ŋu la wu gbɔgblɔ.

“Menyae be nane gakpɔtɔ nam.”—LYNETTE HOUGHTING

ƑE SI ME WODZII: 1958

DUKƆ SI ME WÒTSO: SOUTH AFRICA

AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: ESE LE EÐOKUI ME BE WOGBLẼ YE ÐI

AGBE SI MENƆ TSÃ: Wodzim le Germiston, si nye du aɖe si me wokua tomenuwo le. Ganyawo de ame dzi vie le afi ma, eye nu vlo wɔwɔ mebɔ o. Esi dzinyelawo se le wo ɖokui me be yewomate ŋu akpɔ dzinye o ta la, wowɔ ɖoɖo be ame bubuwo naxɔm anyi. Esi mexɔ ŋkeke 14 pɛ ko la, atsu kple asi lɔ̃ame aɖe xɔm nyi, eye wova nɔ nam abe fofonye kple danye ene. Ke hã, esi meva nyae be menye woawoe dzim o la, mese le ɖokuinye me abe ame si wogblẽ ɖi ene. Mese le ɖokuinye me be nyemenye wo tɔ o, eye wònɔ wɔwɔm nam be womenɔ nu gɔme sem nam ŋutɔŋutɔ o.

Esi mexɔ ƒe 16 la, mía kple xɔ̃nyewo míeyia ahanoƒewo ɖaɖua ɣe heɖoa to hadzilawo esime wole ha dzim. Mete atamanono esi mexɔ ƒe 17. Medi be manɔ tsralɛ abe nyɔnu siwo mekpɔna le atamanono ƒe boblododowo me ene. Esi mexɔ ƒe 19 la, mekpɔ dɔ nɔ wɔwɔm le Johannesburg. Eteƒe medidi hafi meva te ha gbegblẽ dede o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mete nya madzetowo gbɔgblɔ henɔ atama kple aha tsu nom vevie le kwasiɖa nuwuwuwo.

Ke hã, meƒo ɖokuinye ɖe dɔwɔna geɖe me. Menɔ kame dem edziedzi, meƒoa nyɔnuwo ƒe bɔl, tsɔ kpe ɖe fefe bubuwo ŋu. Medo vevie nye dɔwɔɖuia hã, eye meva zu kɔmpiuta ŋu dɔ wɔla xɔŋkɔ. Esia wɔe be ganyawo de dzinye, eye ame geɖe bum ame si kpɔ dzidzedze le agbe me. Evɔ le nyateƒe me la, dzi menɔ dzɔyem kura o, metɔtɔ, eye dzi ɖe le ƒonye. Le ememe la, menyae be nane gakpɔtɔ nam.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ: Le nye Biblia sɔsrɔ̃ me la, meva nyae be Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu. Mesrɔ̃e hã be eɖe lɔlɔ̃ sia fia to eƒe Nya, Biblia si wòna mí dzi. Ðeko wòle abe lɛta si wòŋlɔ na mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòafia mɔ mí le agbe ene. (Yesaya 48:17, 18) Mede dzesii be hafi mɔfiame siwo Yehowa naa mí lɔlɔ̃tɔe naɖe vi nam la, ele be mawɔ tɔtrɔ gã aɖewo le nye agbe me.

Nu siwo ŋu wòle be mawɔ tɔtrɔ le dometɔ ɖekae nye ame siwo medea ha kplii. Lododowo 13:20 me nyawo wɔ dɔ ɖe dzinye. Afi ma gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Gɔmeɖose ma kpe ɖe ŋunye medzudzɔ hadede kple xɔ̃nye siwo medea ha kplii tsã, eye medze xɔlɔ̃ yeyewo le Yehowa Ðasefowo dome.

Tɔtrɔ si wɔwɔ sesẽ nam wue nye ale si madzudzɔ atamanono; emam ale gbegbe. Esi mete ŋu va ɖu edzi mlɔeba la, kuxi bubu gado mo ɖa. Asiɖeɖe le atamanono ŋu na mekpɔ lãme. Nye kpekpeme dzi ɖe edzi kilogram 13.6! Esia kpe ŋu nam, eye ƒe ewo va yi hafi mete ŋu gaɖo nye nɔnɔme tsãtɔ me. Ke hã, menyae be enyo be medzudzɔ. Medo gbe ɖa na Yehowa edziedzi, eye edo ŋusẽm be mete ŋu kpɔ dzidzedze.

VIÐE SIWO MEKPƆ: Lãmesẽnyawo de dzinye fifia wu tsã. Azɔ hã, nye dzi dze eme, eye nyemegale yeaɖi dzidzɔkpɔkpɔ minyam to dɔwɔɖui, ɖoƒe, kple kesinɔnuwo didi me o. Ke boŋ mele dzidzɔ kpɔm le esi mele Biblia me nyateƒea fiam amewo ta. Esia wɔe be srɔ̃nye kpakple ame siwo mewɔa dɔ kplii tsã la dometɔ etɔ̃ va le Yehowa subɔm kplim fifia. Hafi atsu kple asi siwo xɔm nyi naku la, mete ŋu gblɔ ŋugbe si Biblia do be woafɔ amewo ɖe tsitre be woava nɔ paradiso me le anyigba dzi la ŋu nya na wo.

Tete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wɔe be nyemegale sesem le ɖokuinye me be wogblẽm ɖi o. Ale si wòhem va xexea me godoo ƒe ƒome si me haxɔsetɔwo le la wɔe be mese le ɖokuinye me be mele vevie na amewo. Dadawo, fofowo, nɔviŋutsuwo, kple nɔvinyɔnu geɖewo le asinye le ƒome sia me.—Marko 10:29, 30.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yehowa Ðasefowo ɖe Kristotɔwo ƒe nɔvilɔlɔ̃ fiam

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Shinto gbedoxɔ si me mede ta agu le kpɔ va yi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe