Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Èyi Ðe Emea?
“Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”—HEB. 4:12.
1. Mɔ siwo dzi míato ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me egbea dometɔ ɖekae nye ka, gake nu ka tae esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o?
LE NYATI si do ŋgɔ me la, míekpɔe be míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me ne míeɖo toe eye míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖowo. Menɔa bɔbɔe be míaɖo to o. Le kpɔɖeŋu me, ne míesrɔ̃e be Yehowa lé fu nane si ŋu míekpɔa dzidzɔ ɖo la, etea ŋu dzɔna be míedzea aglã gbã. Ema ɖee fia be ehiã be míasrɔ̃ ale si ‘míalɔ̃ faa aɖo to’ enumake. (Yak. 3:17) Le nyati sia me la, míadzro nɔnɔme aɖewo, siwo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia nenye be míelɔ̃na faa ɖoa to Mawu ɣesiaɣi vavã la me.
2, 3. Avu kae wòle be míayi edzi awɔ be míate ŋu ayi edzi awɔ nu siwo dzea Yehowa ŋu?
2 Ðe Biblia me aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ nɔa bɔbɔe na wòa? Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be Mawu ƒe didie nye be wòahe ‘dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo’ va eɖokui gbɔ. (Xag. 2:7) Enye nyateƒe be esi míedze Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme la, mía dometɔ geɖe wɔa nu siwo menyo o. Ke hã lɔlɔ̃ na Mawu kple lɔlɔ̃ na Via malɔ̃nugbɔa ʋã mí míewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo me ale be míadze Mawu ŋu bliboe. Mlɔeba la, le gbedodoɖa kple agbagbadzedze geɖe megbe la, míete ŋu tsɔ mía ɖokui na hexɔ nyɔnyrɔ eye esia he yayra geɖe vae na mí.—Mixlẽ Kolosetɔwo 1:9, 10.
3 Gake aʋa si wɔm míele kple blibomademade la mewu enu esi míexɔ nyɔnyrɔ o. Aʋaa yi edzi va de asi na fifia eye wòanɔ edzi yim zi ale si míekpɔtɔ nye ame madeblibowo. Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeayra mí ne míeyi avua dzi eye míeɖoe kplikpaa be míawɔ nu siwo dzea eŋu.
Ne Eva Hiã Be Woaɖo Aɖaŋu Na Mí
4. Mɔ etɔ̃ kawo dzie míate ŋu axɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo toe?
4 Hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbe me la, ehiã be míanya nu siwo ŋu wòhiã be míawɔ tɔtrɔ le. Nuƒo ʋãme aɖe si woƒo le Fiaɖuƒe Akpata me sese alo nyati wɔdɔɖeamedzi aɖe xexlẽ le míaƒe agbalẽwo me ate ŋu aklo nu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Gake nenye be le nuƒoa alo agbalẽa xexlẽ megbe gɔ̃ hã, míete ŋu kpɔe dze sii be ehiã be míawɔ tɔtrɔwo o la, Yehowa ate ŋu azã nɔvi Kristotɔ aɖe le hamea me wòaɖɔ mí ɖo dɔmenyotɔe.—Mixlẽ Galatiatɔwo 6:1.
5. Gblɔ mɔ manyomanyo aɖewo, siwo nu míetea ŋu wɔa nu le ne woɖo aɖaŋu na mí, eye ɖe nu si tae wòle be Kristotɔ alẽkplɔlawo nayi edzi adze agbagba akpe ɖe mía ŋu la me.
5 Mele bɔbɔe be míaxɔ aɖaŋu si amegbetɔ madeblibo aɖe ɖo na mí la ade eme o, aleke kee amea ɖaƒo nu na mí le ŋuɖɔɖo kple lɔlɔ̃ me o. Ke hã abe ale si Galatiatɔwo 6:1 gblɔe ene la, Yehowa de se na ame siwo dze le gbɔgbɔ me la be ‘woadze agbagba’ aɖɔ mí ɖo, eye woawɔ esia “le tufafa ƒe gbɔgbɔ me.” Ne míewɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, míazu ‘nu veviwo’ na Mawu, alo ade asixɔxɔ mía ŋu. Ewɔ nuku be, ne míele gbe dom ɖa la, míelɔ̃na ɖe edzi faa be míede blibo o. Ke hã ne ame aɖe he míaƒe susu yi míaƒe vodada aɖe koŋ dzi la, nu si míelɔ̃a wɔwɔe nye be míeɖea mía ɖokui nu, eye míegblɔna be nu si míewɔ la menye ŋkubiãnya aɖeke o. Alo ɖewohĩ míagblɔ be ame si ɖo aɖaŋua na mí la melɔ̃ míaƒe nya o, alo be meƒo nu na mí tufafatɔe o. (2 Fia. 5:11) Ne aɖaŋuɖoɖoa ku ɖe nanewo siwo ŋu míadi be ame aɖeke naƒo nu le o—abe afɔ gbegblẽ aɖe si míaƒe ƒometɔ aɖe ɖe, míaƒe awudodo kple dzadzraɖo, míaƒe ŋutilã me dzadzɛnyenye, alo nanewo, siwo míetsɔ ɖea modzakae evɔ Yehowa ya lé fu wo ene—ŋu la, míate ŋu ado dziku vevie eye míagblɔ nya aɖe si mele be míagblɔ hafi o. Esia ave mí eye wòate ɖe ame si ɖo aɖaŋua na mí hã dzi. Gake ne míaƒe dzikua nu va fa la, míeva kpɔnɛ be aɖaŋuɖoɖoa sɔ hafi.
6. Aleke Mawu ƒe nya la ɖea “dzi me susuwo kple tameɖoɖowo” fiana?
6 Mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo la ɖoa ŋku edzi na mí be “ŋusẽ le” Mawu ƒe nya la ŋu. Nyateƒee ŋusẽ le Mawu ƒe nyaa ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ. Abe ale si ko ŋusẽ nɔ eŋu wòkpe ɖe mía ŋu míewɔ tɔtrɔ siwo hiã do ŋgɔ na míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ene la, nenema kee wògale le nyɔnyrɔxɔxɔa megbe. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, eŋlɔ hã be Mawu ƒe nya la “[ƒona] ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒewo kpakple ƒutomemi ke me, eye wòtea ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Heb. 4:12) Ne míagblɔe bubui la, ne míese tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu gɔme nyuie la, ale si míewɔa nu la ɖea ame si míenye le ememe la fiana. Le afi sia la, “luʋɔ” lae nye ale si míele le gotagome, nu si amewo ate ŋu akpɔ ne wokpɔ mí. Gbɔgbɔ lae nye ame si míenye le ememe, nu si amewo mate ŋu akpɔ o ne wokpɔ mí. Eya ta Paulo nɔ gbɔgblɔm be, ne míesrɔ̃ Biblia hekpɔ nu si Mawu di be míawɔ la, míaƒe nuwɔnawo ɖea ame si míenye le ememe la fiana. Ðe vovototo nɔa nu si amewo kpɔna le mía ŋu kple ame si míenye le ememe la domea? (Mixlẽ Mateo 23:27, 28.) De ŋugble le nu si nàwɔ le nɔnɔme siwo gbɔna me la ŋu kpɔ.
Zɔ Le Akasa Nu Kple Yehowa Ƒe Habɔbɔa
7, 8. (a) Anye nu kae ʋã Yudatɔ Kristotɔ aɖewo wolé nuwɔna aɖewo siwo Mose ƒe Sea bia la me ɖe asi goŋgoŋ? (b) Nu ka tae míagblɔ be wonɔ nu wɔm nɔ tsitre tsim ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu?
7 Mía dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu agblɔ Lododowo 4:18 me nyawo tso susu me be, “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Esia fia be míaƒe nuwɔna anɔ nyonyom ɖe edzi eye ale si míese Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme hã me anɔ kɔkɔm ɖe edzi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim.
8 Abe ale si míedzro eme le nyati si va yi me ene la, le Yesu ƒe ku megbe la, esesẽ na Yudatɔ Kristotɔ geɖe be woaɖe asi le Mose ƒe Sea ŋu. (Dɔw. 21:20) Togbɔ be Paulo ɖe eme nyuie be Kristotɔwo megale Se la te o hã la, wo dometɔ aɖewo gbe eƒe numeɖeɖe si tso gbɔgbɔ me la. (Kol. 2:13-15) Ðewohĩ wosusui be ne yewoyi edzi le Sea ƒe akpa aɖe ya teti dzi wɔm la, womagati yewo yome o. Aleke kee nyaa ɖale o, Paulo ŋlɔ na Hebri Kristotɔwo tẽe be, zi ale si wogbe nuwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam vivivi la, womate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me o.a (Heb. 4:1, 2, 6; mixlẽ Hebritɔwo 4:11.) Be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la, ele be woalɔ̃ ɖe nyateƒenya si nye be ele eƒe amewo kplɔm le mɔ bubu nu la dzi.
9. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ne wowɔ asitɔtrɔ le ale si míese Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo gɔme ŋu?
9 Egbea la, kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la gakɔa ale si míese Biblia me nufiafia aɖewo me la me ɖe edzi. Mele be esia naɖe fu na mí o; ke boŋ ele be wòana ale si míeka ɖe kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe haa dzi la me nagasẽ ɖe edzi. Ne “kluvi” la teƒenɔlawo, si nye Dziɖuha la, de dzesii be ehiã be woawɔ asitɔtrɔ alo awɔ ɖɔɖɔɖo le ale si míese nyateƒea ƒe akpa aɖe me ŋu la, womehena ɖe megbe kura o. Wonya be ame aɖewo aƒo nu atsi tsitre ɖe kluvi ƒe ha la ŋu le tɔtrɔ mawo ta, gake esia meɖea fu na wo o. Nu si le vevie na woe nye be woawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam la. Aleke nèwɔa nui ne wowɔ asitɔtrɔ le ale si míese Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo gɔme ŋu?—Mixlẽ Luka 5:39.
10, 11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si ame aɖewo wɔ nui esi wogblɔ na wo be woakpɔ gome le gbeƒãɖeɖemɔnu yeyewo me la me?
10 Na míade ŋugble tso kpɔɖeŋu bubu ŋu. Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu kple 20 lia ƒe gɔmedzedze la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo, siwo nye dutoƒonuƒoƒola bibiwo la, susui be yewoate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wode yewo si la nyuie wu ne yewoƒoa nuƒo siwo yewodzra ɖo nyuie la na nyasela siwo tsɔ ɖe le eme. Nuƒoƒo le dutoƒo doa dzidzɔ na wo, eye edoa dzidzɔ na wo dometɔ aɖewo ŋutɔ ne amewo kafu wo ɖe woƒe nuƒowo ta. Ke hã eva dze ƒãa be Yehowa di be yeƒe amewo naɖe gbeƒã le mɔ vovovowo nu, eye woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me hã. Dutoƒonuƒoƒola bibi aɖewo gbe kura be yewomate gbeƒãɖeɖemɔnu yeye aɖeke kpɔ gɔ̃ hã o. Wodzena le amewo ŋkume abe gbɔgbɔmeme siwo tsɔ wo ɖokuiwo na Aƒetɔ la bliboe ene. Gake ale si wowɔ nu le nɔnɔme sia me la ɖe woƒe dzimesusu, woƒe tameɖoɖo, kple nu si ʋãa wo wowɔa nu la fia. Aleke Yehowa se le eɖokui me le wo ŋu? Mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu kura o. Eye wodo le habɔbɔa me.—Mat. 10:1-6; Dɔw. 5:42; 20:20.
11 Esia mefia be enɔ bɔbɔe na ame siwo wɔ nuteƒe na habɔbɔa la katã be woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o. Dɔ sia wɔwɔ sesẽ na wo dometɔ geɖe, vevietɔ le gɔmedzedzea me. Gake woɖo to. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖu woƒe dzimaɖitsitsia dzi, eye Yehowa yra wo geɖe. Aleke nèwɔa nui ne wode dzi ƒo na wò be nàkpɔ gome le gbeƒãɖeɖemɔnu si mète kpɔ o la me? Ðe nèlɔ̃na faa be yeate mɔnu yeyewo kpɔa?
Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ La Gbe Yehowa
12, 13. (a) Susu ka tae Yehowa na woɖea nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ɖa le hamea me? (b) Nɔnɔme sesẽ kae ate ŋu ado dzila Kristotɔwo kpɔ, eye nu kae ana nɔnɔme sia me toto asesẽ na wo ŋutɔ?
12 Ðikeke mele eme o be, mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be ele be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, le gbɔgbɔ me, kple agbe nyui nɔnɔ gome hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu. (Mixlẽ Tito 2:14.) Ke hã ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo tea ŋu wɔnɛ be esia wɔwɔ sesẽna. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be viŋutsu ɖeka si ko le atsu kple asi Kristotɔ kpɔɖeŋu nyui ɖola aɖe si la gbe nyateƒea. Elɔ̃ “nu vɔ̃ ƒe vivisese” si wòakpɔ “hena ɣeyiɣi vi aɖe ko” la wu ƒomedodo tɔxɛ si le eya kple Yehowa kpakple edzila mawuvɔ̃lawo dome, eye le esia ta, woɖee le hamea me.—Heb. 11:25.
13 Esia anye nuxaxa gã aɖe na edzilawo! Wonya nyuie be Biblia gblɔ le ameɖeɖelehame ƒe nya sia ŋu be: “Miadzudzɔ hadede kple ame aɖe si woyɔna be nɔvi, evɔ wònye agbe gbegblẽ nɔla alo ŋuklẽla alo trɔ̃subɔla alo amedzula alo ahamula alo adzodala, eye migaɖu nu kple nenem me sia kura gɔ̃ hã o.” (1 Kor. 5:11, 13) Wode dzesii hã be nyagbɔgblɔ “ame aɖe,” si dze le mawunyakpukpuia me la, lɔ ƒometɔ siwo mele aƒe ɖeka me kpli wo o hã ɖe eme. Ke hã wolɔ̃ wo viŋutsua ale gbegbe! Lɔlɔ̃ deto si le wo si na wo via ate ŋu awɔe be woanɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Aleke míate ŋu awɔ akpe ɖe mía viŋutsua ŋu be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ ne míetso kadodo ɖe sia ɖe kloe me kplii? Ne míeƒoa nu kplii edziedzi la, menye eya boŋue ana míakpe ɖe eŋu oa?’b
14, 15. Nu ka dzie wòle be dzilawo naɖo ŋku ne wole didim be yewoaƒo nu kple yewo vi si woɖe le ha me?
14 Míesea veve ɖe dzila mawo nu ale gbegbe. Ke hã gome le wo via si be wòatia agbe si ƒomevi wòanɔ, eye etiae be yeanɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi tsɔ wu be yeanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple edzilawo kpakple haxɔsetɔwo. Gake edzilawo ya mate ŋu awɔ naneke le esia ŋu o. Mewɔ nuku o be esia do vevesese na wo ŋutɔ!
15 Gake nu kae dzila lɔ̃ame siawo ate ŋu awɔ? Ðe woawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia si me kɔ la dzia? Alo ɖe woatsɔ nanewo anɔ taflatsɛ dom anɔ ha dem kple wo vi si woɖe le ha me la edziedzi ahanɔ gbɔgblɔm ko be “ƒomenya vevi” aɖewo gbɔ kpɔm yewolea? Ne wole nyametsotso wɔm le nya sia ŋu la, mele be woaŋlɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me le nu si wɔm wole ŋu la be o. Edi be yeana yeƒe habɔbɔa nanɔ dzadzɛ, eye edi hã be, ne anya wɔ la, yeakpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu wòatrɔ dzi me. Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu akpe asi ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo sia ŋu?
16, 17. Ne míede ŋugble tso Aron ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?
16 Mose nɔviŋutsu, Aron, to nɔnɔme sesẽ aɖe me le viaŋutsu eve aɖewo ta. Bu ale si wòanya se le eɖokui me esi Nadab kple Abihu tsɔ dzo si ŋu Yehowa meɖe mɔ ɖo o la va eŋkume eye wòɖe woƒe agbe ɖa la ŋu kpɔ. Enye nyateƒe be esia na Aron magate ŋu aƒo nu na via siawo o. Gake nu bubu aɖe hã wɔe be nɔnɔmea sesẽ nɛ. Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsu wɔnuteƒeawo be Yehowa medi be woawɔ naneke si aɖee afia be wolé blanui o. Mose gblɔ na wo be: “Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o.” (3 Mose 10:1-6) Nufiamea dze ƒãa. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la nu nasẽ wu lɔlɔ̃ si le mía si na míaƒe ƒometɔ mawɔnuteƒewo.
17 Egbea, Yehowa menaa ame siwo da le eƒe sewo dzi la ƒe agbe nu tsona enumake o. Enaa mɔnukpɔkpɔ wo lɔlɔ̃tɔe be woatrɔ dzi me tso nu gbegblẽ si wowɔ me. Gake aleke Yehowa ase le eɖokui me ne nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime aɖe si woɖe le ha me la dzilawo yi edzi le ha dem kplii madzemadzee tsɔ le Yehowa tem kpɔ?
18, 19. Yayra kawoe ƒometɔ siwo wɔna ɖe mɔfiame siwo Yehowa na ku ɖe ameɖeɖelehame ŋu dzi la ate ŋu akpɔ?
18 Ame siwo woɖe le ha me kpɔ la dometɔ geɖe gblɔna egbea be ale si yewoƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo tɔ afɔ to sesĩe lae kpe ɖe yewo ŋu yewotrɔ gbɔ. Esi hamemetsitsiwo nɔ ekafum be woagbugbɔ axɔ ɖetugbui aɖe ɖe ha me la, woŋlɔ tso eŋu be nu siwo kpe ɖe eŋu wòɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo la “dometɔ aɖee nye nɔviaŋutsu ƒe zɔzɔ ɖe ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa dzi.” Woŋlɔ be le ɖetugbuia ƒe nya nu la, “[ye nɔviŋutsua ƒe] wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ ye kpe ɖe ye ŋu yedi be yeatrɔ agbɔ.”
19 Nya ta kae míaƒo? Eyae nye be, ehiã be míaʋli vevie be míagaɖe mɔ míaƒe dzi madebliboa nana míadze aglã agbe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ o. Ele be míaka ɖe edzi bliboe be mɔ si dzi Mawu tona kpɔa nyawo gbɔ lae nye nyuitɔ ɣesiaɣi.
“Mawu Ƒe Nya La Le Agbe”
20. Mɔ eve kawo nue míate ŋu ase nya si le Hebritɔwo 4:12 la gɔme le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
20 Esi Paulo ŋlɔ bena “Mawu ƒe nya la le agbe” la, menye Mawu ƒe Nya, Biblia la, si woŋlɔ ɖi lae wòwɔnɛ o.c Nya siwo ƒo xlã nya la fia be Mawu ƒe ŋugbedodowoe wòwɔnɛ. Nya si gblɔm Paulo nɔe nye be Mawu medoa ŋugbe eye wòŋlɔa edziwɔwɔ be o. Yehowa ɖo kpe nya sia dzi to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nye nya . . . magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko . . . wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yes. 55:11) Eya ta mehiã be míatsi dzimaɖi ne eƒe ŋugbedodowo meva eme le ɣeyiɣi si míawo míedii me o. Yehowa “le dɔ wɔm” kple susu be yeana yeƒe tameɖoɖo nava eme bliboe.—Yoh. 5:17.
21. Alekee Hebritɔwo 4:12 me nyawo ate ŋu ade dzi ƒo na “ameha gã” me tɔ wɔnuteƒe siwo zu ame tsitsiwo?
21 “Ameha gã” la me tɔ wɔnuteƒe siwo zu ame tsitsiwo la subɔ Yehowa ƒe blananewo. (Nyaɖ. 7:9) Wo dometɔ geɖe mekpɔ mɔ be yewoaku amegã alo nyagã le nuɖoanyi sia me o. Ke hã dzi meɖe le wo ƒo o. (Ps. 92:15) Wonyae be Mawu ƒe nya la le agbe, eye Yehowa ƒe ŋugbedodowo ava eme godoo. Esi wònye be tameɖoɖo si le Mawu si la le vevie nɛ ŋutɔ ta la, edoa dzidzɔ nɛ ne míena wònye nu vevitɔ na mí le míaƒe agbe me. Le ŋkeke adrelia sia si me Yehowa le eɖokui dzudzɔm me la, naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòana eƒe tameɖoɖoa nava eme bliboe o. Eye enya be yeƒe amewo ayi edzi awɔ nu le ɖekawɔwɔ kple yeƒe tameɖoɖoa abe ƒuƒoƒo ene. Ke wò ya ɖe? Ðe wò ŋutɔ nèyi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la mea?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔla geɖe wɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi pɛpɛpɛ, gake esi Mesia la va la, womedi be yewoaxɔ edzi ase o. Wowɔ nu wòtsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu.
b Kpɔ “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me,” axa 207-209.
c Egbea, Mawu ƒoa nu na mí to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi, si ŋu ŋusẽ le be wòatrɔ míaƒe agbenɔnɔ, la dzi. Eya ta ne míagblɔe la, nya si Paulo gblɔ le Hebritɔwo 4:12 la ate ŋu aku ɖe Biblia bliboa hã ŋu.
Mègada Taɖodzinu Si Le Eŋu La Ƒu O
• Nu kae wòhiã be míawɔ hafi ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me egbea?
• Kadodo kae le Mawu ƒe tameɖoɖo kple míaƒe lɔlɔ̃ faa axɔ Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo dome?
• Nu kawo mee Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiafiawo dzi wɔwɔ tea ŋu sesẽna le, gake nu ka tae wòle vevie be míawɔ ɖe wo dzi?
• Mɔ eve kawo nue míate ŋu ase nya si le Hebritɔwo 4:12 la gɔme le?
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Eƒe afɔɖeɖe nye nuxaxa gã aɖe na edzilawo!