INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 8/1 axa 28-31
  • Mɔkpɔkpɔ Vevi Kple Dzidzɔ Gã Ƒe Ŋkeke

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔkpɔkpɔ Vevi Kple Dzidzɔ Gã Ƒe Ŋkeke
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Woayra Ame Siwo Katã Kpɔa” Yehowa Si Nu
  • “Yehowa Ƒe Ŋɔdzi Nelé Mi”
  • “Mide Asixɔxɔ Dɔ Si Wode Mia Si Ŋu”
  • Wɔnaa Ƒe Akpa Vevi Etɔ̃ Bubuwo
  • Nuteƒekpɔkpɔ Kple Gbebiamewo
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Wodɔ Dutanyanyuigblɔlawo Ða Be ‘Woawɔ Nusrɔ̃lawo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Sukunuwuŋkeke—Ŋkeke Nyui Aɖee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 8/1 axa 28-31

Gilead Suku Ƒe Klass 130 Lia Nu Wuwu

Mɔkpɔkpɔ Vevi Kple Dzidzɔ Gã Ƒe Ŋkeke

ÐIKEKE mele eme o be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 130 lia ƒe sukunuwuwu wɔna la na ame geɖe nɔ mɔkpɔkpɔ me vevie kple dzidzɔ. Le Memleɖa, March 12, 2011 dzi la, ame 8,500 kple edzivɔ ƒo ƒu na wɔna sia, eye sukuviawo, woƒe ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo hã nɔ wo dome. Ame sia ame nɔ mɔkpɔkpɔ me vevie, menye le wɔnaa ɖeɖe ko ta o, ke dutanyanyuigblɔla siwo wona hehee nyuie siwo woaɖo ɖe xexea ƒe teƒe vovovowo kpuie be woaɖafia Biblia me nyateƒea amewo la hã ƒe etsɔme tae.

“Woayra Ame Siwo Katã Kpɔa” Yehowa Si Nu

Nya fakɔname mawo siwo dze le Yesaya 30:18 lae nye Geoffrey Jackson ƒe nuƒoa ƒe tanya. Enye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ, eye wòganye wɔnaa ƒe zimenɔla. Eƒo nu lɔlɔ̃tɔe hedo vivi ɖe vavalawo ŋu, ekafu sukuviawo ɖe ale si woku kutri hekpɔ dzidzedze le Gilead sukua ƒe nusɔsrɔ̃ me ta, eye wòka ɖe edzi na wo be nuwo ayi na wo nyuie le dzidzɔŋkeke sia hã dzi. Nu kawoe sukuviawo ate ŋu akpɔ mɔ na le dɔ si woava de wo si la wɔwɔ me? Nuƒolaa zã Yesaya 30:18-21 me nyawo tsɔ he susu nya vevi etɔ̃ aɖewo dzi.

Gbã la, Nɔviŋutsu Jackson gblɔ be, “Mika ɖe edzi be Yehowa ase miaƒe gbedodoɖawo.” Ehe susu yi kakaɖedzinya si le kpukpui 19 lia me dzi, si gblɔ be: “[Mawu] ave nuwò vavã le wò aƒadodo ta.” Nɔviŋutsu Jackson ɖe eme be le Hebrigbe si me woŋlɔ nya sia ɖo zi gbãtɔ me la, nya si gɔme woɖe be “nuwò” la fia be Yehowa sea ame ɖekaɖekawo ƒe gbedodoɖa wotɔwotɔwoe. “Abe Vifofo ene la, Yehowa mebiana be, ‘Nu ka tae mète ŋu le dzi dom abe ame kemɛ ene o?’ Ke boŋ eléa to ɖe ame sia ame ƒe gbedodoɖa ŋu nyuie, eye eɖoa wo ŋu hã.”

Evelia, nuƒolaa gblɔ be ele be míakpɔ mɔ na kuxiwo. “Yehowa medo ŋugbe be agbea anɔ bɔbɔe o, ke hã, akpe ɖe mía ŋu.” Le kpukpui 20 lia me la, Mawu gblɔe ɖi be ne woɖe to ɖe Israel viwo la, xaxa kple teteɖeanyi axɔ aƒe ɖi abe ale si abolo kple tsi bɔ ene. Ke hã, Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeaxɔ na yeƒe amewo. Gilead sukunuwulawo hã ado go kuxiwo, gake ɖewohĩ womanye esiwo wole mɔ kpɔm na o! Nɔviŋutsu Jackson gblɔ kpee be, “Ke hã, miate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mia ŋu mianɔ te ɖe kuxi ɖe sia ɖe nu.”

Etɔ̃lia, Nɔviŋutsu Jackson ɖo ŋku edzi na sukuviawo be, abe ale si kpukpui 20 kple 21 lia ɖee fia ene la, “mɔfiamewo li miaxɔ, eya ta midi wo!” Egblɔ be egbea, ele be Kristotɔwo katã nalé to ɖe nu ŋu nyuie esime Yehowa le nu ƒom na mí to Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo dzi. Ede dzi ƒo na sukuviawo be woayi edzi anɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, elabena esia anye agbe na wo.

“Yehowa Ƒe Ŋɔdzi Nelé Mi”

Anthony Morris, si nye Dziɖuhaa me tɔ, ɖe nu si “Yehowa ƒe ŋɔdzi” fia me. (2 Kronika 19:7) Menye ŋɔdzi si tsoa dzika ƒo na amee wònye o, ke boŋ efia didi vevie be yeawɔ nu si le eteƒe, eye didia nu asẽ ale gbegbe be amea anɔ dzodzom nyanyanya. Nɔviŋutsu Morris xlɔ̃ nu sukuviawo gblɔ bena, “Vɔvɔ̃ sia nenɔ mia me miatsɔ awɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. Mɔ kawo nue woaɖe Yehowa vɔvɔ̃ sia afia le? Nuƒolaa te gbe ɖe mɔ eve aɖewo dzi.

Gbã, Nɔviŋutsu Morris de dzi ƒo na sukuviawo be woawɔ mɔfiame si le Yakobo 1:19 la dzi, si gblɔ be: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” Egblɔ be sukuviawo srɔ̃ nu geɖe ŋutɔ le ɣleti atɔ̃awo me, gake ele be woakpɔ wo ɖokui dzi nyuie be womagayi aɖatsɔ nu siwo wosrɔ̃ la anɔ adegbe ƒomee o. Egblɔ be: “Ele be miaɖo to gbã. Miɖo to nya si hame si me miayi la me tɔwo agblɔ na mi, eye miaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le dukɔ siwo me woaɖo mi ɖo la me; Miɖo to nya si woagblɔ tso dukɔa kple eme kɔnuwo ŋu. Megasesẽ na wò be nàgblɔ be ‘Nyemenya o.’ Ne nu si wofia mi la de edeƒe la, ke zi ale si miele nu srɔ̃m la, zi nenemae miade dzesii be nu geɖe li mienya o.”

Evelia, Nɔviŋutsu Morris xlẽ Lododowo 27:21, si gblɔ be: “Sonu ɖe klosalo ŋu, eye kpo ɖe sika ŋu, nenema ŋutsu le ɖe eƒe ŋkɔxɔxɔ [alo kafukafu] ŋui.” Egblɔ be abe ale si wòhiã be woakɔ sika kple klosalo ŋu ene la, nenema kee kafukafu hã ate ŋu akɔ mía ŋui. Le mɔ ka nu? Kafukafu ate ŋu ado míaƒe amenyenye akpɔ. Ate ŋu ana ame nado eɖokui ɖe dzi, eye wòana wo kple Mawu dome nagblẽ, alo ate ŋu ana míakpɔe adze sii be míenyi fe le Yehowa ŋu, eye wòana míaɖoe kplikpaa be míalé eƒe dzidzenuwo me ɖe asi goŋgoŋ. Eya ta Nɔviŋutsu Morris de dzi ƒo na sukuviawo be woaɖe nɔnɔme nyuitɔ afia ne wokafu wo, eye woakpɔe be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoaɖee afia be “Yehowa ƒe ŋɔdzi” lé yewo abe ale si dze ene.

“Mide Asixɔxɔ Dɔ Si Wode Mia Si Ŋu”

Dziɖuha me tɔ bubu, si ŋkɔe nye Guy Pierce, ye na wɔnaa ƒe nuƒo vevitɔ. Tanya sue si le etame la ŋue wòƒo nu tsoe. Egblɔ be nya “dutanyanyuigblɔla” fia “ame si wodɔ ɖe dɔ aɖe gbe.” Egblɔ be esia tae mewɔ nuku o be subɔsubɔha vovovowo dɔa woƒe dutanyanyuigblɔlawo ɖe dɔ vovovowo gbe ɖo. Nu si nɔa vevie na wo dometɔ geɖee nye gbedada le ŋutilã me gome, kpakple xexea me ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ to dunyaheɖoɖowo dzi. Egblɔ be, “Mieto vovo.” Le mɔ ka nu?

Sukuviawo srɔ̃ nu geɖe tso ŋutilãmegbedada ŋu le woƒe Biblia sɔsrɔ̃ me. Esi Yesu fɔ nyɔnuvi aɖe ɖe tsitre la, “gbɔgblɔ bu ɖe [edzilawo] le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la ta.” (Marko 5:42) Nenema kee esi wòda gbe le ŋkuagbãtɔwo ŋu la, wokpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Susu siwo ta Kristo wɔ nukunu mawo dometɔ ɖekae nye be wòafia mí nu siwo yeava wɔ le xexe yeye si gbɔna me. Le xexe yeye ma me la, woada dɔléle ƒomevi ɖe sia ɖe le “ameha gã” la, alo ame dzɔdzɔe siwo atsi agbe le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu la ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Eye woƒe ame vevi siwo woafɔ ɖe tsitre tso ku me la hã anɔ lãmesẽ me le ŋutilã me. Dzidzɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye!

Ke hã, Nɔviŋutsu Pierce ɖe eme be menye ŋutilãmedɔdadae anye vevitɔ wu o. Dɔnɔ siwo ŋu Yesu da gbe le la gadze dɔ ake. Ame siwo wòfɔ ɖe tsitre la gaku ake. Ŋkuagbãtɔ siwo ŋu wòda gbe le la gɔ̃ hã ƒe ŋku gagbã ake esi woku. Dɔdada si le vevie wue nye ale si wòda gbe na amewo le gbɔgbɔ me gome, si fia ale si wòkpe ɖe wo ŋu wodzra wo kple Mawu dome ɖo. Dɔdada sia ƒomevi dze ŋgɔ Gilead dutanyanyuigblɔlawo hã. Wokpena ɖe amewo ŋu wodzraa wo kple mía Fofo si le dziƒo la dome ɖo ale be woagbɔ agbe le gbɔgbɔ me. Ame siwo ŋu woda gbe le alea la koe anɔ agbe tegbee. Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be “Dɔdada sia ƒomevie nyea kafukafu na Mawu. Eɖenɛ fiana be wò subɔsubɔdɔa le dzidzedze kpɔm.”

Wɔnaa Ƒe Akpa Vevi Etɔ̃ Bubuwo

“Ðe Wòanye Ŋkeke Nyuia?” Robert Rains, si nye United States Alɔdzedɔwɔƒea Ƒe Kɔmiti me tɔe dzro biabia sia me. Ede dzi ƒo na sukuviawo be woakpɔ egbɔ be ŋkeke sia ŋkeke le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me nye ŋkeke nyui. Woawɔ esia to ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔwɔ nyuie, Mawu ƒe Nyaa me dzodzro ne wodo go agbemedzimaɖitsitsiwo, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me.

“Ðe Nàna Nu Xoxo La Nazu Yeyea?” Gilead sukunufiala Mark Noumair bia nya sia le eƒe nuƒoa me. Edzro 1 Yohanes 2:7, 8 me. Le afi ma la, apostolo Yohanes ƒo nu tso se aɖe ŋu be enye “se xoxo” heganye “se yeye” hã. Se ɖeka ko ŋue wòle nu ƒom tsoe, si nye be Kristo yome dzelawo nalɔ̃ wo nɔewo ɖokuitɔmadimaditɔe, eye woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia. (Yohanes 13:34, 35) Enye se xoxo le gɔmesesea nu be Yesu Kristo ŋutɔe de se ma na eyomedzelawo ƒe blananewo do ŋgɔ; eganye se yeye hã, elabena Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la nɔ go dom kuxi yeyewo, eye wòhiã be woaɖe lɔlɔ̃ afia le mɔ yeyewo nu le mɔ siwo le blibo wu nu. Dutanyanyuigblɔlawo hã doa go kuxi yeyewo, eye ehiã be woasrɔ̃ ale si woaɖe lɔlɔ̃ afia le mɔ yeyewo nu. Nu kae akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia?

Nuxlɔ̃amenya si Nɔviŋutsu Noumair tsɔ ɖo nya sia ŋue nye, “Migazu nu si mielé fui la o.” Egblɔ be ne míede dzesi nɔnɔme aɖe si míelé fui la le ame aɖe ŋu, gake míawo ŋutɔ hã míeɖe nɔnɔme ma fia la, ke míele nu si míelé fui la zum, eye esia gblẽa nu le ame ŋu. Ke hã, ne míedo go nɔnɔme mawo eye míeto mɔ yeye aɖewo dzi ɖe lɔlɔ̃ fia la, míana “kekeli vavãtɔ” naklẽ, eye kekeli sia anyã gbɔgbɔmeviviti ɖa.

“Tsɔ Agba Kpekpe La.” Gilead sukunufiala bubu, si ŋkɔe nye Michael Burnett, dzro tanya vevi sia me. Eƒo nu tso ale si amewo tsɔa agba kpekpewo ɖe ta le Afrika dukɔwo me ŋu. Wohea tsihe hafi droa agba ɖe edzi, si wɔnɛ be agbaa tsɔtsɔ nɔa bɔbɔe, eye wotea ŋu ɖoa gbagba. Agba kpekpe anɔ dutanyanyuigblɔlawo dzi le dukɔ siwo me woadɔ wo ɖo, gake nane si le abe tsihe ene la su wo si: eyae nye nu geɖe siwo wosrɔ̃ tso Biblia me. Ne wotsɔ nu siwo wosrɔ̃ wɔa dɔe la, woate ŋu atsɔ woƒe agbanɔamedziwo nyuie.

Nuteƒekpɔkpɔ Kple Gbebiamewo

Le Gilead Sukua me la, hehexɔxɔa ƒe akpa aɖee nye be sukuviawo nabɔ ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le nutoa me la me tɔwo le gbeƒãɖeɖedɔa me. William Samuelson, si nye dzikpɔla le Teokrasi Sukuwo Ƒe Dɔdzikpɔƒea, ƒo nu tso sukuviawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu. Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye “Mègadzudzɔ O.” (Nyagblɔla 11:6) Sukuviawo wɔ nu siwo teƒe wokpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe wɔwɔfia wɔdɔɖeamedziwo. Wɔwɔfiaawo ɖe ale si woku kutrii la fia. Wodze agbagba to mɔnu aɖewo dzi ɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le yameʋu me, le nuɖuɖudzraƒewo, kple mɔ̃memidzeƒewo. Wogblɔ nya nyuia na ame siwo wodo goe le vo me, wogblɔe na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, eye wogblɔe na amewo to lɛtaŋɔŋlɔ dzi hã. Vavãe, woƒe alɔwo medo agblɔ o, eye nu nyuiwo do tso eme.

Eyome Gilead sukunufiala Kenneth Stovall bia gbe ŋutsu etɔ̃ siwo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe geɖe—Barry Hill wɔe le Ecuador kple Dominican Republic, Eddie Mobley wɔe le Côte d’Ivoire, eye Tab Honsberger wɔe le Senegal, Benin, kple Haiti. Wo ame etɔ̃a wodzro tanya si nye “Do Yehowa Kpɔ Ne Nàkpɔ Yayra Geɖe” me wònya se ŋutɔ. (Maleaxi 3:10) Le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Hill ƒo nu tso ale si wòhiã be wo kple srɔ̃a woanɔ tɔtrɔm ɖe nɔnɔmeawo ŋu le Ecuador ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, enyena dzogbɔgbɔ kple ʋuʋu, ke ɣebubuɣiwo la, enyena dzogbɔgbɔ kple ba. Egblɔ be ƒe eve kple afã sɔŋ la, tɔkpoe yewozãna tsɔ lea tsii. Ke hã, medzro yewo kpɔ be yewoadzo le afi ma o; wose le wo ɖokui me be yewoƒe dɔdeasia nye yayra tso Yehowa gbɔ. Wogblɔ be: “Míaƒe agbee wònye.”

Hafi wɔnaa nawu enu la, sukuviawo dometɔ ɖeka xlẽ lɛta wɔdɔɖeamedzi aɖe si sukunuwulaawo ŋlɔ si me woda akpe ɖe sukua ta tso dzi me le. Wogblɔ le lɛtaa me be: “Míaƒe xɔse gasẽ ŋu ɖe edzi, ke hã míenya be nu geɖe gali míasrɔ̃.” Sukuviawo katã xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽviwo, eye woyɔ dukɔ vovovo siwo me woaɖo sukuviawo ɖo. Nɔviŋutsu Jackson va ƒo wɔnaa ta. Eka ɖe edzi na sukuviawo be Yehowa akpe ɖe wo ŋu le dɔ si dze ŋgɔ wo la me, vevietɔ ne wodo go kuxiwo. Kaka wɔnaa nawu enu la, vavalawo katã tsɔ dzidzɔ nɔ mɔ kpɔm be eme anyo na sukuviawo. Ðikeke mele eme o be Yehowa ato dutanyanyuigblɔla yeye siawo dzi awɔ dɔ nyui geɖe.

[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 31]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

9 Dukɔ siwo me wotso

34.0 Woƒe ƒe le mama dedie nu

18.6 Ƒe ale si nu va yi tso esime woxɔ nyɔnyrɔ

13.1 Ƒe si wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le mama dedie nu

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Woɖo sukuviawo ɖe dukɔ siwo dze le afi sia me

DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO

ARGENTINA

ARMENIA

BURKINA FASO

BURUNDI

CONGO (KINSHASA)

CZECH REPUBLIC

HAITI

HONG KONG

INDONESIA

KENYA

LITHUANIA

MALAYSIA

MOZAMBIQUE

NEPAL

PAPUA NEW GUINEA

ROMANIA

SENEGAL

TANZANIA

UGANDA

ZIMBABWE

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 130 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbe, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Molina, Z.; Bassolino, S.; Alatsis, C.; Arroyo, A.; Niño, L.; Merkling, S.; Clark, M.

(2) Little, C.; Tibaudo, S.; Jakobsson, S.; Moreno, J.; Rodriguez, A.; Lee, K.; Cárdenas, H.; Aguilar, L.

(3) Clairbush, A.; Polley, A.; Caldwell, S.; Adame, J.; Hildebrandt, S.; Shoemaker, I.; Grohman, N.; Galvez, G.

(4) Clark, J.; Bassolino, A.; Packham, K.; Adame, J.; Knaus, M.; Niño, M.; Moreno, R.; Galvez, J.

(5) Rodriguez, D.; Geynes, M.; Molina, J.; Aguilar, A.; Alatsis, I.; Manno, A.; Grohman, R.; Packham, J.

(6) Geynes, S.; Cárdenas, M.; Arroyo, C.; Manno, C.; Merkling, J.; Lee, H.; Clairbush, X.; Jakobsson, P.

(7) Little, J.; Hildebrandt, B.; Shoemaker, M.; Knaus, K.; Caldwell, J.; Tibaudo, F.; Polley, C.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe