INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 28-31
  • Wodɔ Dutanyanyuigblɔlawo Ða Be ‘Woawɔ Nusrɔ̃lawo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodɔ Dutanyanyuigblɔlawo Ða Be ‘Woawɔ Nusrɔ̃lawo’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nusrɔ̃lawo Kpɔe Be Yewomate Ŋu Anɔ Anyi Ði O’
  • “Miyi Ðaƒo Adegbe”
  • “Àwɔ Dɔ Si Wode Asi Na Wò La Ade Goea?”
  • Nuƒo Bubuwo
  • Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo
  • Mɔkpɔkpɔ Vevi Kple Dzidzɔ Gã Ƒe Ŋkeke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Woɖo Dutanyanyuigblɔlawo “Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 28-31

Gilead Suku Ƒe Klass 128 Lia Nu Wuwu

Wodɔ Dutanyanyuigblɔlawo Ða Be ‘Woawɔ Nusrɔ̃lawo’

“HAFI dukɔwo katã me tɔwo nase nya nyuia la, Kristotɔ aɖewo lɔ̃ faa dzo le woƒe me kple ƒometɔwo gbɔ, ale be woayi aɖaɖe gbeƒã nya nyuia le duta.” Nya siawoe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ David Splane gblɔ tsɔ dzra amewo ƒe susu ɖo ɖe gbɔgbɔmewɔna vevi aɖe ŋu.

Ame 8,000 kloe ye ƒo ƒu le March 13, 2010, be woakpɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 128 lia nu wuwu wɔnawo teƒe. Sukuviawo xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple ame kpekpewo tso dukɔ 27 me va kpɔ wɔnaa teƒe.

‘Nusrɔ̃lawo Kpɔe Be Yewomate Ŋu Anɔ Anyi Ði O’

Nɔviŋutsu Splane ye nɔ zi me na wɔnaawo, eye wòdzro Yesu ƒe sedede sia me tsɔ dze wɔnaawo gɔme be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19, 20) Ete gbe ɖe edzi be Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe amewo gbɔ. Ele eme baa be le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, amewo tso Mesopotamia, Dziehe Afrika, kple Roma Fiaɖuƒea ƒe teƒe vovovowo va Yerusalem va se nya nyuia ya. Gake nuƒolaa gblɔ be: “Nusrɔ̃lawo kpɔe be yewomate ŋu anɔ anyi ɖi ko anɔ lalam be amewo ŋutɔ natso dukɔwo katã me ava yewo gbɔ o. Ehiã be woayi anyigba ƒe seƒe ke aɖadi ameawo.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

Nɔviŋutsu Splane gblɔ be: “Menye ɖeko Yesu gblɔ nu si eƒe nusrɔ̃lawo awɔ la na wo ko o. Ke boŋ efia ale si woawɔe hã wo. Menye ɖeko wòfia wo be woado gbe ɖa o; efia ale si woado gbe ɖae hã wo. Menye ɖeko wògblɔ na wo be woayi aɖaɖe gbeƒã o; efia ale si woaɖe gbeƒãe hã wo. Menye ɖeko wògblɔ na wo be woanye nufiala nyuiwo o; efia mɔ nyui siwo dzi woato afia nu wòaɖe vii hã wo.”

Wɔnaa ƒe zimenɔla yɔ nya siwo Yesu gblɔ tsɔ na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo la tsɔ de dzi ƒo na sukuviawo dzilawo be: “Kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mateo 28:20) Nɔviŋutsu Splane ka ɖe edzi na nyaselawo be Yesu anɔ be lém na sukuviawo le dukɔ siwo me woadɔ wo ɖo la me.

“Miyi Ðaƒo Adegbe”

Anthony Morris, si hã nye Dziɖuha la me tɔ, de dzi ƒo na sukuviawo be: “Miyi ɖaƒo adegbe.” Egblɔ be adegbeƒoƒo si sɔ li, hafi adegbeƒoƒo si mesɔ o hã li. Adegbeƒoƒo si mesɔ o lae nye ale si ame aƒo adegbe be amewo nakafu ye. Woƒo nu tso adegbeƒoƒo si sɔ ŋu le 1 Korintotɔwo 1:31 be: “Ame si ƒoa adegbe la, neƒo adegbe le Yehowa me.” Nɔviŋutsu Morris gblɔ be: “Nu si dzi ame ada ɖoe ma—be yedze si Yehowa Mawu hese eƒe nuwɔnawo gɔme nyuie. Nya lae nye be, mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si wona mia kpli nye siaa ye nye be ŋkɔ kɔkɔe ma le mía ŋu, be míenye Yehowa Ðasefo.”—Yeremiya 9:24.

Azɔ nuƒolaa gblɔ dutanyanyuigblɔla aɖe si le subɔsubɔm le Afrika ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe tsɔ te gbe ɖe edzi be ehiã be míana woanya Yehowa ƒe ŋkɔ la. Dutanyanyuigblɔla ma kple srɔ̃a yina nuƒo aɖe ƒo ge, si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi. Esi wova ɖo kpovitɔwo nɔƒe aɖe la, ɖekakpui asrafo aɖe ɖe tu ɖe nɔvia dzi hebiae be ame kae wònye hã. Esi srɔ̃a ɖo ŋku hehe si wonae le Gilead dzi la, ebi kɔ ɖe nɔviŋutsua gbɔ hedo dalĩ nɛ be: “Gblɔ nɛ be Yehowa Ðasefoe yenye, eye be yeyina nuƒo aɖe ƒo ge, si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi.” Nɔviŋutsua wɔ ɖe srɔ̃a ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye woɖe mɔ na wo wova yi. Esi ŋu ke la, atsu kple asi sia se le radio dzi be dukplɔla gblɔ na eƒe asrafowo be woalé amewula siwo le wo ɖokuiwo yɔm be dutanyanyuigblɔlawo! Ale si wogblɔ be Yehowa Ðasefowoe yewonye, ke menye be dutanyanyuigblɔlawoe yewonye o, lae nye akpe na wo. Nɔviŋutsu Morris gblɔ nya siawo tsɔ wu eƒe nuƒoa nu be: “Ne mieɖo dukɔ si me wole mia dɔm ɖo me ko la, miyi ɖaƒo adegbe. Miƒo adegbe le nu siwo katã Yehowa ato mia dzi awɔ hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la ŋu.”

“Àwɔ Dɔ Si Wode Asi Na Wò La Ade Goea?”

Geoffrey Jackson, si hã nye Dziɖuha la me tɔ, eye wònye dutanyanyuigblɔla hã kpɔ la, kpe ɖe sukuviawo ŋu be woabu nyabiase ma ŋu. Ebia wo be: “Ne míegblɔ be ame aɖe nye dutanyanyuigblɔla la, nu kae wòfia?” Eɖe eme be, nya “dutanyanyuigblɔla” fia ame alo ƒuƒoƒo aɖe si wodɔ ɖe dɔ tɔxɛ aɖe wɔƒe. Mí Yehowa Ðasefowo ƒe dɔe nye be míagblɔ nya nyuia ahakpe ɖe amewo ŋu woadze si Mawu ahaku ɖe eŋu. Dɔ si koŋ ta Yesu Kristo va anyigba dzi ɖo la nɔ susu me nɛ ɣesiaɣi, eye eƒe kpɔɖeŋue míesrɔ̃na. Yesu gblɔ na Romatɔ Nutomefia Pontio Pilato be: “Nu si tae . . . meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la.”—Yohanes 18:37.

Nuƒolaa kpe ɖe sukuviawo ŋu be woabu aʋa si wowɔ le Yerixo, si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu. Ŋkeke ade sɔŋ Israel vi aʋawɔlawo fɔna ŋdi kanya, kplaa woƒe aʋawɔnuwo heƒoa xlã Yerixo, ke wotrɔ yi aƒe me. Nuƒolaa gblɔ be: “Amegbetɔwo asusui be woƒe nuwɔnaa wɔ nuku, eye susu mele eme o.” Egblɔ be asrafoawo dometɔ aɖewo anya bu be: ‘Ɣeyiɣi ko gblẽm míele.’ Gake le ŋkeke adreagbe la, wogblɔ na Israel viwo be woaƒo xlã dua zi gbɔ zi adre sɔŋ; emegbe woado aʋaɣli sesĩe. Nu kae do tso eme? Yerixo gliawo mu heɖo baba ɖi!—Yosua 6:13-15, 20.

Nɔviŋutsu Jackson gblɔ be nusɔsrɔ̃ ene le Yerixo ŋuti nya sia me. (1) Ele vevie be míaɖo to. Ele be míawɔ nu abe ale si Yehowa dii ene, eye míagabu be míate ŋu awɔe wòanyo wu o. (2) Ele vevie be míaxɔ Yehowa dzi ase ahaɖo ŋu ɖe eŋu. Biblia gblɔ be: “Le xɔse me Yerixo gliawo mu,” ke menye aʋawɔnuwoe wotsɔ mu wo o. (Hebritɔwo 11:30) (3) Ele be míagbɔ dzi ɖi. Ne míewɔe alea la, Yehowa ƒe yayra ‘ava tu mí.’ (5 Mose 28:2, NW) (4) Mègana ta o. Mègaŋlɔ dɔ si wode asiwò la be gbeɖe o. Nɔviŋutsu Jackson to eƒe nyawo ɖe eme kpuie ale: “Ne nya vevi mawo le susu me na wò la, ekema àwɔ dɔ si wode asi na wò la ade goe godoo.”

Nuƒo Bubuwo

“Lɔ̃ Biblia La Kple Eŋlɔla.” Emae nye nuƒo si Amerika Alɔdzekɔmitia me tɔ Maxwell Lloyd ƒo la ƒe tanya. Egblɔ na sukuviawo be: “Mina agbe naɖo Biblia la ŋu na mi.” Azɔ exlɔ̃ nu wo be: Ale si mielɔ̃ Yehowa Mawu la nu megatsi o. Migatsɔe ko be ame sia ame ase nu si miafia la gɔme o. Mito mɔ bɔbɔe dzi miakpe ɖe miaƒe nusrɔ̃viwo ŋu woasrɔ̃ nu si tututu Biblia fia, ale be nyaa naɖo woƒe dzi gbɔ. Mibɔbɔ mia ɖokui. Migawɔ mia ɖokui agbalẽnyalagãwo le amewo ŋkume o. Miwɔ ɖe nu siwo miefiana dzi wòanye kpɔɖeŋu na amewo. Miaƒe nusrɔ̃viwo nekpɔe be mielɔ̃ Biblia la ale gbegbe.

“Mide Dzesi Akpaviãwo Nyuie.” Esiae nye nuƒo si sukuviawo ƒe nufiala Michael Burnett, si ŋutɔ hã nye dutanyanyuigblɔla kpɔ la, ƒo ƒe tanya. Egblɔ be míatsi dzimaɖi ɣeaɖewoɣi godoo. Gake ɖo ŋku aɖaŋu si Yesu ɖo la dzi be: “Mide dzesii nyuie be akpaviãwo meƒãa nu alo ŋea nu o, . . . ke hã Mawu nyia wo.” (Luka 12:24) Le Mose ƒe Sea nu la, akpaviãwo nye lã makɔmakɔwo, eye medze be woaɖu wo o. Ele be woanyɔ ŋu wo. (3 Mose 11:13, 15) Togbɔ be ele alea hã, Mawu nyia wo. Nɔviŋutsu Burnett gblɔ be: “Eya ta ne mieva tsi dzimaɖi vevie le nane ŋu le etsɔ me la, mibu akpaviãwo ŋu. Ne Mawu léa be na xe makɔmakɔ nyɔŋu ɖe, ekema ɖe malé be na mi ame siwo wòbuna ame kɔkɔewo la geɖe wu oa?”

“Nyemeda Vo O.” Mark Noumair, si hã nye Gilead sukua ƒe nufiala bubu, kpe ɖe nyaselawo ŋu be woabu kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le waingble me dɔwɔlawo ŋu la ŋuti. Dɔwɔlaawo dometɔ aɖewo kpe fu ŋkeke bliboa. Gaƒoƒo ɖeka ƒe dɔ ko ɖewo hã wɔ. Gake woxe fe na wo katã sɔsɔe! Ale ame siwo wɔ dɔ wòdidi la de asi liʋiliʋilili me. Waingbletɔ la gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: “Nyemeda vo aɖeke ɖe ŋuwò o ɖe. Denario ɖeka ƒe asi dzie mía kpli wò míelɔ̃ ɖo, alo menye nenemae oa? Xɔ tɔwò nàdzo.” (Mateo 20:13, 14) Nusɔsrɔ̃ kae le eme? Mègatsɔ ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o. Nɔviŋutsu Noumair gblɔ be: “Ne ètsɔa ɖokuiwò sɔna kple ame bubuwo madzemadzee la, ɖeko wòaxɔ dzidzɔ si nàkpɔ la le asiwò. Esi gavlo wue nye be, ana nàdzudzɔ dɔa ahaɖe asi le subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia ŋu.” Nuƒolaa ɖo ŋku edzi na sukuviawo be, Yesue le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ la nu egbea, eye ate ŋu awɔ nu ɖe eyomedzelawo ŋu ale si dze eŋu. Ne Yehowa kple Yesu ɖoe be yewoawɔ nu tɔxɛ aɖe na ame aɖewo la, manye vo wònye woda o. Kpɔ tɔwò gbɔ, eye mègaɖe mɔ ame bubuwo ƒe “fetu” nahe wò susu ɖa le dɔ si Yehowa de asi na wò la ŋu o.

Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo

Ne Gilead sukuviwo mele nu srɔ̃m alo le dɔ si wode wo si be woawɔ le aƒe me la wɔm o la, ekema wowɔa ɖeka kple Yehowa Ðasefowo le nutoa me heɖea gbeƒã kpli wo. Sam Roberson, si nye Gilead nufialawo dometɔ ɖeka, bia gbe sukuvi aɖewo le nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Alessandra Kirchler do go nyɔnu aɖe si tsi dzi vevie ɖe viaŋutsu si atamanono zu numame na la ŋu. Emegbe Alessandra tsɔ Nyɔ! aɖe si me nyati aɖe ƒo nu tso nya sia ŋu la yi nɛ. Ame aɖeke menɔ aƒea me o, gake egblẽ magazinea ɖi. Mlɔeba Alessandra va tu nyɔnua le aƒe me, eye nyɔnua xɔe. Ekpɔ dzidzɔ ɖe nyatia ŋu hegblɔ be: “Nyemenya nu si mewɔ na Mawu hafi wòhe tetekpɔ siawo katã le dzinye vam o.” Alessandra tsɔ Biblia ɖo kpe edzi nɛ be menye Mawue nana nu gbegblẽwo dzɔna ɖe mía dzi o. (Yakobo 1:13) Wole Biblia srɔ̃m kple nyɔnu ma kpakple via fifia.

Melvin Jones, si wɔa dɔ le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea, bia gbe Gilead sukuvi xoxo etɔ̃: Jon Sommerud, si le subɔsubɔm le Albania; Mark Anderson, si le subɔsubɔm le Kenya; kple James Hinderer, si wɔa dɔ le Teokrasi Sukuwo ƒe Dɔdzikpɔƒea. Wo ame etɔ̃a katã gblɔ be menye nufiafia vevi siwo le Biblia me la koe wofiana le Gilead sukua o, ke boŋ wofiaa ale si sukuviawo atsɔ nufiafia mawo awɔ dɔe hã, eɖanye ame kae wonye alo afi kae wole subɔsubɔm le o.

Emegbe sukuviawo dometɔ ɖeka xlẽ agbalẽ ʋãme si klass la ŋlɔ tsɔ da akpe na habɔbɔa. Mlɔeba John Barr, si xɔ ƒe 96, eye wònye Dziɖuha la me tɔ tsitsitɔ, do gbe ɖa bia Yehowa be wòayra ɖe dɔ si Gilead sukua ƒe klass 128 lia delawo awɔ la dzi tsɔ wu wɔnaawo nu.

[Nyaɖoɖo/​Anyigbatata si le axa 31]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

8 dukɔ siwo me wotso

54 sukuvi

27 atsu kple asi

35.2 woƒe ƒe le mama dedie nu

19.1 ƒe ale si nu va yi tso esime woxɔ nyɔnyrɔ

13.8 ƒe si wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le mama dedie nu

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Woɖo sukuviawo ɖe dukɔ 25 siwo dze le afi sia me:

DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO

ALBANIA

ARUBA

BOLIVIA

CAMBODIA

CÔTE D’IVOIRE

DOMINICAN REPUBLIC

ECUADOR

GHANA

GUATEMALA

GUINEA

GUYANA

HONDURAS

INDONESIA

KOSOVO

LATVIA

LIBERIA

MADAGASCAR

MONGOLIA

NAMIBIA

NICARAGUA

PARAGUAY

ROMANIA

RWANDA

SERBIA

TAIWAN

(DUKƆ SIA LE AUSTRALIA ALƆDZEDƆWƆƑEA TE)

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Gilead sukuviwo gbugbɔ ale si woɖe gbeƒãe le nutoa mee la wɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 128 Lia Nu Wulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbe, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Keller, E.; Ostopowich, I.; Jacobsen, S.; Arias, M.; Dieckmann, Y.; Tanaka, J.; Harada, K.

(2) Camacho, L.; Kirchler, A.; Rodríguez, S.; Ward, B.; Trenalone, K.; Victoria, V.; Oxley, F.; Nguyen, K.

(3) Oxley, O.; De Dios, A.; Lindström, C.; Allen, J.; Meads, T.; Waddington, J.; Victoria, E.

(4) Harada, H.; Lindström, A.; Orsini, E.; Logue, D.; Missud, T.; Bergeron, S.; Camacho, G.; Ward, T.

(5) Kirchler, W.; Nguyen, H.; Kremer, E.; Burgaud, C.; Titmas, N.; De Dios, C.; Rodríguez, A.; Waddington, M.

(6) Dieckmann, J.; Allen, C.; Titmas, R.; Arias, J.; Bergeron, E.; Keller, J.; Ostopowich, F.; Burgaud, F.

(7) Tanaka, K.; Kremer, J.; Jacobsen, R.; Trenalone, J.; Logue, J.; Meads, D.; Missud, D.; Orsini, A.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe