Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
ÐEWOHĨ mèdo go nu vlo wɔhawo ƒe ŋgɔnɔla aɖeke kpɔ o. Ke ɖe esia fia be womeli oa? Nu vlo wɔlawo ƒe amegãwo nya ale si woaɣla wo ɖokuiwo alo anɔ gaxɔ me vɔ aganɔ ŋgɔ xɔm na wo teviwo. Ke hã, nyadzɔdzɔgbalẽwo me nyatakaka siwo ku ɖe atike vɔ̃ɖi dzralawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔwo, gbolowɔhawo, amefilawo, hekpe ɖe nu vlo wɔwɔ bubuwo ŋu la ɖoa ŋku ale si nu vlo wɔla siawo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi, eye wògblẽa nui la dzi na mí. Ale si nu vlo wɔlawo ƒe ŋgɔnɔla siawo ƒe nuwɔnawo gblẽa nu le amewo ŋui la na míenya be woli vavã.
Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖee fia be Satana li vavã, eye abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe tatɔ sẽŋuwo wɔa nui ene la, eya hã toa “amebeble ƒe dzesiwo” kple “madzɔmadzɔnyenye ƒe beble” mɔnuwo dzi nana eƒe tameɖoɖowo vaa eme. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be etrɔa “eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10; 2 Korintotɔwo 11:14) Nenema kee Abosam ƒe nuwɔnawo me tsonuwo ɖoa kpe edzi be eli. Ke hã, esesẽna na ame geɖe be woaxɔe ase be gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe si womekpɔna o la li. Hafi míadzro nu me tsitotsito ku ɖe nu si Biblia gblɔ tso Abosam ŋu la, na míalé ŋku ɖe nukpɔsusu totro kple nu bubu siwo wɔnɛ be ame geɖe metea ŋu xɔnɛ sena be Abosam li ŋutɔŋutɔ o la dometɔ aɖewo ŋu.
◼ “Aleke wòanya wɔ be Mawu lɔ̃ame nawɔ Abosam?” Esi Biblia gblɔ be Mawu nyo, eye wòde blibo ta la, ame aɖewo ƒoa nya ta be manya wɔ be wòawɔ ame aɖe si baɖa hevɔ̃ɖi, eye wònye ŋutasẽla o. Nyateƒeae nye be Biblia megblɔ be Mawu wɔ ame sia tɔgbi o. Nu si wògblɔ tso Mawu ŋu boŋue nye: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.”—5 Mose 32:4; Psalmo 5:5.
Nu si ŋu wòle be míade ŋugble le boŋue nye be ɖe wòanya wɔ be ame deblibo si Mawu wɔ la nawɔ nu tovoa? Nya lae nye be Mawu mewɔ amewo kple gbɔgbɔmenuwɔwɔwo wole abe robɔt alo mɔ̃wo ene o, ena tiatiawɔblɔɖe wo, si fia be ŋutete le wo ŋu be woawo ŋutɔwo natia nu si wodi be yewoawɔ. Eya ta nuwɔwɔ si si nunya le, si de blibo la, ate ŋu atiae be yeawɔ nu nyui alo nu vɔ̃. Le nyateƒe me la, nuwɔwɔ siwo si nunya le siwo si tiatiawɔblɔɖe le, eɖanye amegbetɔ alo gbɔgbɔ o, ƒe nuwɔnawo ko ŋue woate ŋu agblɔ le be enye nyui alo vɔ̃.
Eya ta susu le eme be míagblɔ be esi wònye Mawu na tiatiawɔblɔɖe eƒe nuwɔwɔwo ta la, mate ŋu axe mɔ na wo ne wotiae be yewoawɔ nu vɔ̃ɖi o. Yesu ƒo nu tso tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu ŋu esi wògblɔ tso Abosam ŋu be: “Meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.” (Yohanes 8:44) Edze kɔtɛ le nya mawo me be ame si va zu Abosam emegbe la li “ke ɖe nyateƒe la me” le gɔmedzedzea me hafi.a Nu si tae Mawu na tiatiawɔblɔɖe eƒe nuwɔwɔwo ɖoe nye be elɔ̃ wo, eye wòka ɖe wo dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Nuwɔwɔ Deblibo Ate Ŋu Ava Zu Nuwɔwɔ Madebliboa?” le axa 6 lia.
◼ “Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla” Ame aɖewo susui be nya sia ŋuti kpeɖodzi le Biblia gbalẽ si nye Hiob me. Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be nya si Abosam gblɔ be yetso “tsatsa ge le anyigba dzi” la wɔ ɖeka kple dɔ si Persia ŋkutsalawo wɔna, si nye be wova toa nu siwo wokpɔ le woƒe mɔzɔzɔwo me na fia la. (Hiob 1:7) Ke hã, ne vavãe Abosam nye Mawu ƒe ŋkutsala la, ke nu ka tae wòagahiã be wòaɖe nu me na Mawu be yetso “tsatsa ge le anyigba dzi”? To vovo kura na susu si nye be Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla la, woyɔ Abosam le Hiob ƒe agbalẽa me be Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula,” eye esia fia be enye Mawu ƒe Adikãtɔ boŋ. (Hiob 1:6) Ekema afi kae nukpɔsusu si nye be Abosam nye Mawu ƒe dɔtsɔla la tso?
Tso keke ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me ke la, blemagbalẽ siwo metso Mawu gbɔ o, abe “Ƒezãwo Ƒe Agbalẽ” kple “Dukplɔsewo” ene, si Qumran kɔmama me tɔwo zãna la gblɔ tso Abosam ŋu be enɔa nya ʋlim kple Mawu, ke hã ebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu te. Ŋutinyaŋlɔla J. B. Russell gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Mephistopheles me be Protestantɔwo ƒe Ðɔɖɔɖowɔla Martin Luther xɔe se be Abosam nye dɔwɔnu na Mawu, “abe hɛ gobɛ alo kodzi si wòzãna tsɔ wɔa dɔ le eƒe abɔ me ene.” Russell gblɔ kpee be esia fia be “edzea kodzi la ŋu be yeaɖe gbe wuwluiawo ɖa,” gake egakpɔtɔ le Mawu ƒe asi sesẽ la me, eya ta ewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Franseawo ƒe mawunyafiala John Calvin va xɔ Luther ƒe nufiafia sia de eme, ke hã medze xɔsetɔ geɖe ŋu o, le esi wokpɔe be esia nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta. Wokpɔe be esia afia be menye ɖeko Mawu lɔ̃ame la ɖea mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu o, ke ehenɛ vanɛ hã. (Yakobo 1:13) Nufiafia sia, hekpe ɖe ŋutasẽnu dziŋɔ siwo wowɔ le ƒe alafa 20 lia me la, na ame geɖe megava xɔe se be Mawu alo Abosam li o.
◼ “Vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu koe Abosam nye” Ne míebui be vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu koe Abosam nye la, ke manya wɔ be míase Biblia me nya aɖewo gɔme o. Le kpɔɖeŋu me, le Hiob 2:3-6 la, ame kae Mawu nɔ nu ƒom kplii? Ðe wòanye be vɔ̃ɖinyenye ƒe susu aɖe si le Hiob mee wònɔ nu ƒom kpliia, alo eya ŋutɔ ɖokuie wònɔ nu ƒom na? Gawu la, ɖe Mawu akafu nɔnɔme nyui siwo le Hiob si, eye ema megbe kpuie ko wòaɖe mɔ be vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu aɖe natee akpɔa? Susu siawo bubu ɖe Mawu ŋu afia be míele gbɔgblɔm be enye Ame si wɔa nu tovo, eye esia afia be menye Mawu “si ŋu fɔɖiɖi aɖeke mele o” ye wònye o. (Psalmo 92:16) Ðe Mawu gbe boŋ be ‘yemado asi ɖa’ agblẽ nu le Hiob ŋu o. Eya ta edze kɔtɛ be menye vɔ̃ɖinyenye ŋuti nukpɔsusu alo nane si menyo le Mawu ƒe amenyenye ŋu o ye Abosam nye o, ke boŋ gbɔgbɔ aɖe si wɔ eɖokui Mawu ƒe Adikãtɔe wònye.
Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
Egbea, ame geɖe sena le wo ɖokui me be be woagblɔ be Abosam li la nye tsigãdzinya. Ke hã, ne míegblɔ be Abosam meli o la, numeɖeɖe ɖe sia ɖe si míana ku ɖe nu si gbɔ vɔ̃ɖinyenye tso ŋu la made edeƒe o. Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be Abosam meli o wɔe be ame geɖe mexɔ Mawu dzi se o, eye wometsɔa agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame aɖeke wɔa dɔe o.
Ƒe alafa 19 lia me hakpanyaŋlɔla Charles-Pierre Baudelaire, ŋlɔ bena “abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃ɖitɔ kekeakee nye be yeable mí be yemeli o.” Le nyateƒe me la, esi Abosam ɣla eɖokui ta la, ewɔe be amewo ke ɖi Mawu hã ƒe anyinɔnɔ. Ne Abosam meli o la, ɖe esia mafia be Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye katã tso oa? Ðe menye aleae Abosam di be míasusu oa?
Abe ale si nu vlo wɔlawo ƒe tatɔ aɖe aɣla eɖokui ene la, Abosam hã ɣlaa eɖokui bene wòate ŋu aɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Nu kae nye taɖodzinu ma? Biblia gblɔ be: “Nuɖoanyi sia ƒe mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu . . . bene Kristo la, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ŋuti ŋutikɔkɔe nya nyui la ƒe kekeli nagaklẽ ɖe wo me o.”—2 Korintotɔwo 4:4.
Biabia vevi aɖe gakpɔtɔ li. Nu kae Mawu awɔ na adzameŋgɔxɔla sia si le megbe na vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe siwo katã le edzi yim? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Be nàse nu si tae Mawu meɖe Abosam ɖa enumake esi wòdze aglã o gɔme la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Mawu ƒe dɔtsɔlae Abosam nye loo alo eƒe tsitretsiɖeŋulae?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ðe Nuwɔwɔ Deblibo Ate Ŋu Ava Zu Nuwɔwɔ Madebliboa?
Blibonyenye si Mawu na eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la mefia be seɖoƒe meli na nu si woate ŋu awɔ o. Togbɔ be Adam de blibo hã la, mele be wòagbɔ seɖoƒe si Ewɔla ɖo nɛ la ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ne eɖu ke, kpekuiwo, alo atikpo la, nuvevi awɔe godoo. Ne eŋe aɖaba ƒu nuheŋusẽ dzi eye wòti kpo tso to kɔkɔ aɖe tame la, aku alo adze afɔku vevie.
Nenema kee nuwɔwɔ deblibo aɖeke meli, eɖanye amegbetɔ alo mawudɔla o, si ate ŋu agbɔ seɖoƒe si Mawu ɖo nɛ la ŋu si makpɔ etɔnua o. Eya ta ne amegbetɔ alo mawudɔla aɖe wɔ eƒe tiatiawɔblɔɖea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu la, azu vodala kple nu vɔ̃ wɔla bɔbɔe.—1 Mose 1:29; Mateo 4:4.