Lɛta Si Tso Congo (Kinshasa)
Gbeƒãɖeɖe Le Dzoto La Ƒe Vɔvɔli Te
NE AGU dze le Goma la, dziŋgɔlia biãna hẽe, eye eƒe akpa aɖewo ƒe amadede nyea aŋutiɖiɖi. Nyiragongo Toa kpɔkpɔ gbe sia gbe wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Enye dzoto siwo me tomeba xɔdzo gale dodom tsoe egbegbe la dometɔ ɖeka. Dzudzɔ dea dzi kɔtɔɔ tso toa titina ɣesiaɣi. Le zã me la, dzudzɔa nɔna hẽe le tomeba xɔdzɔ la ta.
Woyɔa to sia le Swahiligbe me be Mulima ya Moto, si gɔmee nye Dzoto. Ƒe 2002 mee tomeba xɔdzo gado tso Nyiragongo Toa me le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, eye míaƒe aƒelika kple xɔlɔ̃ siwo le Goma afi sia kpli mí la bu woƒe nunɔamesiwo katã. Le nuto siwo me mía kple nye aƒetɔ míeɖea gbeƒã le la, míezɔa tomeba si bla zu kpenyigba glidzaglidza la dzi. Esia na mebu ale si dzinudzizɔzɔ anɔ ŋu. Nutoa me tɔwo ya ƒe dzi me mesẽ abe tomeba si bla zu kpe la ene o. Wodoa vivi ɖe ame ŋu, eye wonye dzinyuitɔ siwo lɔ̃na faa ɖoa to nya nyui si míeɖea gbeƒãe la. Esia tae gbeƒãɖeɖe le Dzoto la ƒe vɔvɔli te dzɔa dzi na mí nenema gbegbe ɖo.
Esi mefɔ Memleɖa ŋdi la, menɔ mɔ kpɔm vevie na ale si nuwo ava yi le ŋkekea me. Mía kple nye aƒetɔ kple mía xɔlɔ̃ siwo va mía gbɔ, hekpe ɖe dutanyanyuigblɔla bubuwo ŋu míayi aɖaɖe gbeƒã le sitsoƒedilawo ƒe asaɖa aɖe me le Mugunga, le dua ƒe gbɔto le ɣetoɖoƒe gome. Ame geɖe va di sitsoƒe le teƒe ma esi amedzidzelawo va dze du siwo me wotso la dzi ŋutasesẽtɔe.
Míefɔ Biblia srɔ̃gbalẽ siwo le Fransegbe, Kiswahiligbe, kple Kinyarwandagbe me la kɔ ɖe agbatsɔʋu me hedze mɔ. Esi míenɔ Route Sake ƒe mɔdodo dzekpodzeʋeea dzi la, hoowɔwɔ nɔ dua me. Le ŋdi kanya ma me la, ɖekakpuiwo nɔ chukudu (agbatsɔkeke siwo wowɔ kple ati) siwo dzi agba kpekpewo le la tem. Nyɔnuwo ta avɔ siwo le amadede vovovowo me hedro agba kpekpewo ɖe ta le azɔli dzi afɔtsɔtsɔe. Dzokeke siwo wozãna abe taksiwo ene (zemidza) la kɔ amewo le dɔ me kple asi me yim. Atixɔ siwo le nutoa me la nyɔ yibɔ, eye wosi aŋɔ blɔtɔ ɖe wo kɔgowo keŋ tsɔ ɖo atsyɔ̃ na wo.
Esi míeɖo afi si Ndosho ƒe Fiaɖuƒe Akpataa le la, míekpɔ mía nɔvi Yehowa Ðasefo siwo mía kpli wo míaɖe gbeƒã le asaɖaa me la le afi ma. Esi mekpɔ ɖeviwo, ahosiwo, tsyɔ̃eviwo, kple ame tsitsiwo le wo dome la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe kpe fu manyagblɔwo, ke hã wowɔa Biblia me mɔfiamewo ŋu dɔ, si wɔe be nuwo ka ɖe eme na wo le agbe me. Wole mɔ kpɔm na Biblia ƒe ŋugbedodowo me vava vevie, eye wodi vevie be yewoagblɔ eŋunya na amewo. Esi míewɔ kpekpe kpui aɖe si me woƒo nu tso mawunyakpukpui siwo míate ŋu atsɔ ade dzi ƒo na amewo ŋu vɔ la, mí ame 130 míeɖo bɔsvi atɔ̃ kple agbatsɔʋu aɖe heɖo ta teƒea.
Anɔ abe miniti 30 megbe la, míeɖo asaɖaa me. Wotu avɔgbadɔ ɣi alafa geɖewo ɖe teƒe aɖe si tomeba bla zu kpe ɖo. Wotu dugazewo kple nunyaƒewo ɖe fli me le asaɖaa titina. Amewo le afi sia afi—wole nu nyam, amewo le nu ɖam, amewo le ayi klẽm, eye bubuwo hã le woƒe agbadɔwo ŋkume kplɔm.
Míedo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Papa Jacques, si nye asaɖaa ƒe akpa aɖe dzi kpɔla. Ale si wòahe viawo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me ŋue wòtsi dzi ɖo. Dzi dzɔe ŋutɔ esi míenae agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), eye wògblɔ be yeadi be yeaxlẽe ahaƒo ame ʋɛ aɖewo nu ƒu agblɔ nu si yesrɔ̃ tso eme na wo.
Esi míegayi ŋgɔ ʋɛ la, míekpɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mama Beatrice. Ebia be nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo hã. Esusui be Mawue anya le to hem na ye. Srɔ̃a ku le aʋaa me, vianyɔnu nye dzilaɖekɛ si le dagbadagbam be yeanyi ye vi le asaɖaa me. Azɔ hã, nu vlo wɔlawo lé viaŋutsu dzoe ɣleti nanewoe nye ema, eye menya afi si wòle o.
Mama Beatrice ƒe konyifafawo na nye susu yi ale si Hiob anya se le eɖokui me esi wòse nya vɔ̃ siwo katã dzɔ ɖe edzi la dzi. Míeɖe nu si tae fukpekpe li ɖo la me nɛ, eye míeka ɖe edzi nɛ be eƒe fukpekpewo menye tohehe tso Mawu gbɔ o. (Hiob 34:10-12; Yakobo 1:14, 15) Míegblɔ tɔtrɔ siwo Mawu ahe ava anyigba dzi kpuie to eƒe Fiaɖuƒea dzi la hã ŋu nya nɛ. Ale wòde asi alɔgbɔnukoko me, eye wògblɔ be yeayi Biblia sɔsrɔ̃a dzi ahanɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu.
Mí katã míese vivi na dɔ si míewɔ le ŋkekea me, eye míese le mía ɖokui me be Yehowae kpe ɖe mía ŋu míede dzi ƒo na ame siwo míedo goe la hena mɔkpɔkpɔ su wo si. Esi míenɔ dzodzom la, asaɖaa me nɔla geɖewo do agbalẽvi, magazine, kple agbalẽ siwo míena wo la ɖe dzi nɔ asi ʋuʋum na mí be míahede nyuie.
Mɔnukpɔkpɔ su asinye meyi ŋugble me esi míenɔ ʋua me trɔ yina aƒe. Dzi dzɔm ŋutɔ be mekpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me le ŋkeke sia dzi. Meɖoa ŋku ale si Papa Jacques kpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe vava ŋu, ale si Mama Beatrice ƒe dzi dze eme, kpakple ale si nyɔnu tsitsi aɖe si mete ŋu ƒo nu ŋutɔŋutɔ o, negbe alɔgbɔnu koe wòko la na asim sesĩe la dzi. Sɔhɛ siwo bia nya siwo me goglo heɖee fia be yewotsi le susu me wu ƒe si woxɔ la ƒe nu nɔa susu me nam. Ame aɖewo siwo kpe fu manyagblɔwo evɔ wogate ŋu ɖo nukomo henɔ nu kom la ƒe ŋusẽdodonu lé dzi nam.
Le xexea ƒe akpa sia la, míekpɔ ale si ame bubu siwo le agbagba dzem be yewoana gbɔdzɔe ame siwo le fu kpem la le kutri kumee. Egbea, mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be míazã Biblia atsɔ afia nu amewo tso nu si gbɔ wòatso be woƒe kuxiwo nu nayi tegbee ŋu. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be mele asi kpem ɖe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋunadɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ la ŋu.