INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/1 axa 30-31
  • Ale Si Nàɖu Tetekpɔ Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàɖu Tetekpɔ Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woda Alakpa Ðe Esi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Ale Si Nàɖu Tetekpɔ Dzi

YOSEF—AKPA 1

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Yosef, Potifar srɔ̃

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Yosef ɖu tetekpɔ dzi, medɔ kple Potifar srɔ̃ o.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 39:1-12.

Ƒo nu tso ale si nèsusu be Potifar ƒe aƒea ƒe lolome kple atsyɔ̃ nɔ ŋu.

․․․․․

Aleke nèsusu be Yosef ƒe dzedzeme nɔ? (Kpekpeɖeŋu: Gaxlẽ kpukpui 6 lia.)

․․․․․

Le kpukpui 8 kple 9 lia me la, gbe ka ƒomevie nèsusu be Yosef tsɔ ƒo nu na Potifar srɔ̃?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na Yosef be wòanɔ agbe nyui hafi? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ Filipitɔwo 2:12, eye nàde ŋugble le Yosef ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɣemaɣi la, afi kae Yosef ƒe ƒometɔwo kple ame siwo wo kpli wo wodea ta agu na Yehowa ɖekae la nɔ?)

․․․․․

Le wò susu nu la, nu ka tae Yosef se le eɖokui me be ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu, togbɔ be ɣemaɣi la Mawu mede se ɖe ahasiwɔwɔ ŋu o hã? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ mawunyakpukpui siawo, eye nàde ŋugble le wo ŋu: 1 Mose 2:24; 12:17, 18; Romatɔwo 2:14, 15; kple Hebritɔwo 5:14.)

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Ƒomedodo si le ɖokuidziɖuɖu kple bubu ƒe ame ŋu nɔnɔ dome.

․․․․․

Yayra siwo dona tsoa eme na ame siwo wɔa Mawu ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi.

․․․․․

Nu si ta wòle be nàna hehe wò “nugɔmesese ƒe ŋutetewo.” (Hebritɔwo 5:14)

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Nu kawo mee wòate ŋu ahiã le be nàɖe afɔ enumake be nàte ŋu aɖu gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔ dzi? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ mawunyakpukpui siawo, eye nàde ŋugble le wo ŋu: Hiob 31:1; Psalmo 119:37; Efesotɔwo 5:3, 4.)

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le yehowa ɖasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe