Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nu kae wòle be mawɔ ne nyabiase aɖe le asinye ku ɖe nane si mexlẽ le Biblia me ŋu, alo ne mehiã aɖaŋuɖoɖo hena nye ŋutɔ nye kuxi aɖe gbɔ kpɔkpɔ?
Lododowo 2:1-5 de dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe be ‘míadi’ gɔmesese kple nunya abe ale si wodia “kesinɔnu, si le to me” ene. Esia fia be, ele be míadze agbagba vevie awɔ numekuku adi ŋuɖoɖo na biabia siwo le mía si ku ɖe Biblia me nyawo ŋu kpakple ale si míakpɔ míawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔe ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esia?
Agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, ƒe axa 33 va se ɖe 38, dzro “Ale si Nàwɔ Numekukui” to agbalẽ siwo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” ta dzi la me. (Mat. 24:45) Axa 36 lia fia ale si nàzã Watch Tower Publications Index (Index des publications Watch Tower) atsɔ awɔ numekukui; eƒe tata ɖe sia ɖe me nyawo le akpa eve me: nyatiwo diƒe le vovo, eye mawunyakpukpuiwo diƒe hã le vovo. Esia nana wònɔa bɔbɔe be nàte ŋu azã nya si dim nèle la me nya veviwo alo mawunyakpukpuiwo, atsɔ adi agbalẽ alo nyati si me wodzro wo me le. Gbɔ dzi ɖi ne èle ŋuɖoɖo aɖe alo mɔfiame aɖe koŋ dim. Ðo ŋku edzi be, “kesinɔnu, si le to me,” si bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi woake ɖe eŋu la dim nèle.
Enye nyateƒe be míaƒe agbalẽwo meƒo nu tso nya aɖewo kple mawunyakpukpui aɖewo ŋu tẽe o. Eye ne míeƒo nu tso mawunyakpukpui aɖe si ŋu nèle numekuku wɔm le ŋu hã la, ɖewohĩ míeƒo nu tso nyabiase si koŋ le susu me na wò la ŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia me nuŋlɔɖi aɖewo fɔa nyabiasewo ɖe te, elabena menye eŋu nyatakakawo katãe woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me o. Eya ta míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia ɖe sia ɖe si fɔ ɖe te la enumake o. Le go sia me la, ele be míaƒo asa na nuwo susu gblɔ le nya siwo womate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na o la ŋu, ne menye nenema o la, míava nɔ glãka hem le “biabia manyatalenuwo” ŋu le esi teƒe be ‘míana amewo nanya nane tso Mawu ŋu wòado ŋusẽ woƒe xɔse.’ (1 Tim. 1:4; 2 Tim. 2:23; Tito 3:9) Alɔdzedɔwɔƒea alo habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã la gɔ̃ hã mate ŋu alé ŋku ɖe nyabiase siawo katã, siwo ŋu womeƒo nu tsoe le míaƒe agbalẽwo me o la ŋu ahaɖo wo ŋu o. Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be nu gbogbo siwo afia mɔ mí le agbe me la le Biblia la me, gake womena nyatakaka deto geɖewo hã o, ale be míate ŋu atu xɔse sẽŋu ɖo ɖe Mawu, ame si nye Eŋlɔla la, me.—Kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, axa 185 va se ɖe axa 187.
Ke ne èwɔ nu sia nu si nàte ŋui ku nu me le nya si le fu ɖem na wò ŋu gake mèkpɔ mɔfiafia si dim nèle o, alo mèkpɔ kuxia gbɔ kpɔnu o ya ɖe? Te ɖe nɔviwò haxɔsetɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me la ŋu faa, ate ŋu anye hamemetsitsi siwo le miaƒe hamea me la dometɔ ɖeka. Biblia ŋuti sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Ne èhiã aɖaŋuɖoɖo tso wò ŋutɔ wò kuxi alo nyametsotso aɖe ŋu la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò, elabena wote ɖe ŋuwò eye wonya wò kple nɔnɔme si me tom nèle la nyuie. Eye mègaŋlɔ be gbeɖe o, do gbe ɖa na Yehowa tso nu si koŋ le fu ɖem na wò ŋu eye nàbiae be wòafia mɔ wò tamesusuwo to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi, ‘elabena Yehowae naa nunya . . . kple gɔmesese.’—Lod. 2:6; Luka 11:13.