INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/1 axa 3
  • Ðe Ŋuɖoɖoa Nyanya Le Veviea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ŋuɖoɖoa Nyanya Le Veviea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Yɔe Be “Fiavinyɔnu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ðe Wòle Be Míanɔ Agbe Ðe Biblia Ƒe Dzidzenuwo Nua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Nyɔnu Dzetugbee Nènye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/1 axa 3

Ðe Ŋuɖoɖoa Nyanya Le Veviea?

“Esi mexɔ ƒe ewo la, mete hadede kple ŋutsuviwo. Gbã la, míeléa asi na mía nɔewo eye míegbugbɔa nu na mía nɔewo. Gake eteƒe medidi o, míeva nɔ teƒeteƒewo lém na mía nɔewo eye míeva te gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔna vovovowo me. Esi mexɔ ƒe wuiatɔ̃ la, mete dɔwɔwɔ, eye ŋutsu siwo mewɔa dɔ kpli la doa ahiãnya ɖe gbɔnye. Medina be mate nu kpɔ, eya ta mekpɔa gome le nu sia nu si nye dɔwɔhatiwo wɔna me. Didi be madze xɔ̃nyewo ŋu wɔe be meva ƒo ɖokuinye ɖe gbɔdɔnuwɔna geɖewo me.”—SARA,a AUSTRALIA.

ÐE WÒAWƆ nuku na wò be nàsee be mawusubɔla adodoeawoe nyi Sara? Edzilawo dze agbagba be yewoamlae ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo nu. Gake Sara menɔ agbe ɖe dzidzenu mawo nu o.

Ame geɖe agblɔ be naneke megblẽ le agbe si Sara nɔ ŋu o. Woƒe susue nye be se siwo Biblia de tso gbɔdɔdɔ ŋu la zu tsigãdzinu. Ame bubuwo hã gblɔna be naneke megblẽ le eŋu be mawusubɔla nakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple ame sia ame si wòlɔ̃ o.

Ðe wòle vevie be nànya nu si Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu ahanɔ agbe ɖe enua? Biblia ŋutɔ ƒe akpa aɖe gblɔ be Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.” (2 Timoteo 3:16) Ne èka ɖe edzi be Mawue wɔ amegbetɔwo eye be Biblia nye eƒe Nya la, ke ele be nàdze agbagba anya nu si wògblɔ tso nya sia ŋu.

Nublanuitɔe la, ame geɖe tɔtɔ le nu si Biblia fia tso gbɔdɔnyawo ŋu me. Togbɔ be subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be yewodea bubu Biblia ŋu hã la, wotrɔa gbo nu si Biblia fia tso gbɔdɔdɔ ŋu. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, nya sia de mama sɔlemeha gã geɖe me tɔwo dome.

Le esi teƒe be nàkplɔ amewo ƒe nya ɖo la, ɖe manyo be wò ŋutɔ nàzã miniti ʋɛ aɖewo atsɔ aku nya sia me oa? Nyati si kplɔ esia ɖo dzro nya ewo aɖewo siwo amewo lɔ̃a biabia tso nu si Biblia fia tso gbɔdɔdɔ ŋu la me. Woɖe nu si tututu Biblia fia tso nya sia ŋu me nyuie le nyatia me. Nyati etɔ̃lia aɖe nu si tae wòle vevie be nàwɔ tiatia nyuitɔ ɖo la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe