INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/1 axa 30-31
  • Woɖe Wo Tso Kpodzo Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖe Wo Tso Kpodzo Me!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nugbeɖoɖo Aɖe Si Trɔ Va Dze Eɖolawo Ŋutɔ Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Ale Si Wobu Paradiso Gbãtɔ Lae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Woɖe Wo Tso Kpodzo Me!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Sadrax, Mesax, Abed-Nego, kple Nebukadnezar

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Hebrivi ɖekakpui etɔ̃ ɖo xɔse ƒe dodokpɔ me.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ DANIEL 3:1-30.

Gbeɖiɖi kawo ƒomevie nèsusu be anya ɖi, esi nèxlẽ kpukpui 3-7?.

․․․․․

Kpɔ kpodzoa ɖaa le susu me, eye nàgblɔ ale si nèsusu be anya nɔ.

․․․․․

Seselelãme kae nèsusu be Nebukadnezar anya tsɔ ƒo nui esi wòɖe gbe be woado dzo ɖe kpoa me zi gbɔ zi adre wu ale si wodoe tsã? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 19 kple 20.)

․․․․․

Kpɔe ɖaa le susu me be alekee ame enelia si le kpodzoa me ƒe nɔnɔme le hã. (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 24 kple 25.)

․․․․․

Nɔnɔme nyui kae nède dzesi le Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ŋu esi wole nya ŋu ɖom na Nebukadnezar le kpukpui 16-18 me?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Wɔ numekuku nàkpɔe ɖa be aleke abɔklugui ƒe didime le hã, azɔ nabu akɔnta akpɔ ale si legba si Nebukadnezar li la ƒe kekeme kple kɔkɔme le. (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 1.)

․․․․․

Ne ètsɔ kpukpui 19 kple 20 sɔ kple kpukpui 28 kple 29 la, ame ka ƒomevie nàgblɔ be Nebukadnezar nye?

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Bubudede ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu.

․․․․․

Nu si ta wòle vevie be nàlé wò dzixɔse me ɖe asi goŋgoŋ.

․․․․․

Ale si Yehowa kpena ɖe ame ŋu le dodokpɔwo me.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Nɔnɔme kawo mee wò xɔse ate ŋu aɖo dodokpɔ me le?

․․․․․

Aleke Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe ŋutinya sia kpe ɖe ŋuwò be nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi?

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe