INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/15 axa 16-20
  • Wole Xexe Vɔ̃ɖi Aɖe Me “Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wole Xexe Vɔ̃ɖi Aɖe Me “Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wonɔ Agbe Abe “Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La” Ene
  • Nuxlɔ̃amenya Aɖe Si Wogblɔ Na Israel Viwo
  • “Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”
  • Womewɔa Xexea Ŋu Dɔ Bliboe O
  • Womeɖea Mɔ Agbe Me Dzimaɖitsitsiwo Tea Woƒe Dzi Ðe To O
  • “Xexea Nu Va Yina”
  • Míayi Edzi Anɔ Anyi Abe “Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe” Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo Le Ŋkeke Mamlɛawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • “Miaƒe Anyinɔnɔ Le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðeɖi Megate Ŋuwò Le Nu Nyui Wɔwɔ Me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/15 axa 16-20

Wole Xexe Vɔ̃ɖi Aɖe Me “Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe”

“Le xɔse me ame siawo katã . . . [ɖe] gbeƒãe le dutoƒo be, yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.”—HEB. 11:13.

1. Nya kae Yesu gblɔ tso akpa si eyomedzelawo le na xexea la ŋu?

YESU gblɔ tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be, “Wole xexea me.” Gake egblɔ kpee be: “Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yoh. 17:11, 14) Eya ta Yesu ɖe akpa si eyomedzela vavãwo le na “nuɖoanyi sia,” si ƒe mawue nye Satana la, me eme kɔ nyuie. (2 Kor. 4:4) Togbɔ be wole xexe vɔ̃ɖi sia me hã la, womanye eƒe akpa aɖeke o. Ðeko woanɔ abe “amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la” ene le nuɖoanyi sia me.—1 Pet. 2:11.

Wonɔ Agbe Abe “Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La” Ene

2, 3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ tso Henox, Noa, kple Abraham kpakple Sara ŋu be wonɔ agbe abe “amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe” ene?

2 Tso blema ke la, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo to vovo tso xexe mavɔ̃mawu si me wole la gbɔ. Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Henox kple Noa “[wozɔ] kple Mawu” vavã la. (1 Mose 5:22-24; 6:9) Wo ame evea siaa woɖe gbeƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa ahe ava Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia dzi la dzinɔameƒotɔe. (Mixlẽ 2 Petro 2:5; Yuda 14, 15.) Esi wozɔ kple Mawu le xexe mavɔ̃mawu me ta la, Henox ƒe “nu dze Mawu ŋu nyuie,” eye Noa nye “ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.”—Heb. 11:5; 1 Mose 6:9.

3 Esi Mawu yɔ Abraham kple Sara la, wolɔ̃ faa gblẽ nu siwo katã na agbea nɔ bɔbɔe na wo le Ur dua me le Kaldeanyigba dzi la ɖi, eye wolɔ̃ be yewoanɔ agbe abe tsatsalawo ene le dzronyigba dzi. (1 Mose 11:27, 28; 12:1) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le xɔse me Abraham, esime woyɔe la, eɖo to hedo go yi teƒe si woɖo be wòaxɔ wòanye eƒe domenyinu la; eye wòdo go, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã. Le xɔse me enye amedzro nɔ ŋugbedodonyigba la dzi, abe dzronyigba dzi ene, eye woa kple Isak kpakple Yakob, ame siwo nye ŋugbedodo ma tututu ƒe domenyilawo kpe ɖe eŋu la, nɔ agbadɔwo me.” (Heb. 11:8, 9) Paulo gblɔ tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe mawo ŋu be: “Le xɔse me ame siawo katã ku togbɔ be woƒe asi mesu ŋugbedodoawo me vava dzi o hã, gake wokpɔ wo ɖaa le adzɔge, eye wodo ɖoaƒe na wo, eye woɖe gbeƒãe le dutoƒo be, yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.”—Heb. 11:13.

Nuxlɔ̃amenya Aɖe Si Wogblɔ Na Israel Viwo

4. Nuxlɔ̃amenya kae wogblɔ na Israel viwo hafi wova xɔ Ŋugbedodonyigba la?

4 Israel viwo, siwo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo la, va sɔ gbɔ, eye mlɔeba wova zu dukɔ ɖeka eye wona se kple anyigba woamawo. (1 Mose 48:4; 5 Mose 6:1) Mele be Israel viwo naŋlɔ be gbeɖe be Yehowa tɔe anyigba si dzi yewole la nye o. (3 Mose 25:23) Wole abe xɔhayala siwo wòle na be woawɔ ɖe woƒe Aƒetɔ ƒe sededewo dzi ene. Gawu la, ele be woaɖo ŋku edzi be, “amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o”; mele be woaɖe mɔ ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ nana be woaŋlɔ Yehowa be o. (5 Mose 8:1-3) Hafi Israel viwo naxɔ Ŋugbedodonyigbaa la, woxlɔ̃ nu wo be: “Ne Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò va anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob bena, yeatsɔe na wò dzi, afi si du gã nyui, siwo menye wòe tso wo o la le, eye xɔwo yɔ fũu kple nu nyui, siwo menye wòe de wo me o, afi si vudo, siwo menye wòe ɖe wo o, kple waingble kpakple amitibɔ, siwo menye wòe tso wo o la le, eye nèɖu nu ɖi ƒo la, ekema kpɔ nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa . . . be o.”—5 Mose 6:10-12.

5. Nu ka tae Yehowa gbe Israel dukɔa, eye dukɔ yeye kae wòtia ɖe wo teƒe?

5 Israel viwo wɔ nu si tututu Yehowa xlɔ̃ nu wo be woagawɔ o la. Le Nexemiya ŋɔli la, Lewi viwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖo ŋku agbe si ƒomevi Israel viwo nɔ esime woxɔ Ŋugbedodonyigbaa megbe la dzi kple ŋukpe. Esi Israel dukɔa va nɔ aƒe nyuiwo me, eye nuɖuɖu kple wain geɖe su wo si la, “woɖu nu ɖi ƒo da ami.” Wodze aglã ɖe Mawu ŋu, eye wowu nyagblɔɖila siwo wòdɔ be woaxlɔ̃ nu wo la gɔ̃ hã. Esia wɔe be Yehowa tsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. (Mixlẽ Nexemiya 9:25-27; Hos. 13:6-9) Le ƒe geɖe megbe, le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te la, Yudatɔ xɔsemanɔsitɔwo wɔ nu si gavɔ̃ɖi wu esi wowu Mesia si ŋugbe wodo la! Yehowa gbe wo, eye wòtia dukɔ yeye, si nye gbɔgbɔ me Israel, ɖe wo teƒe.—Mat. 21:43; Dɔw. 7:51, 52; Gal. 6:16.

“Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”

6, 7. (a) Aleke nàɖe nya si Yesu gblɔ tso akpa si eyomedzelawo le na xexea ŋu la me? (b) Nu ka tae mele be Kristotɔ vavãwo nanye Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa aɖeke o?

6 Abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, Yesu Kristo, si nye Kristo hamea ƒe Ta la, na eme kɔ nyuie be ye yomedzelawo aɖe wo ɖokuiwo ɖe vovo tso xexe si nye Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia gbɔ. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ vevie. Azɔ esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o, gake metia mi tso xexea me la, esia tae xexea léa fu mi ɖo.”—Yoh. 15:19.

7 Esi Kristotɔwo ƒe dzixɔsea nɔ ta kekem ta la, ɖe wòfia be ele be woawɔ ɖeka kple xexea, asrɔ̃ xexea ƒe agbenɔnɔ ahanye eƒe akpa aɖea? Kpao! Afi ka kee woɖale o, ele be woaɖe wo ɖokuiwo ɖe vovo tso Satana ƒe nuɖoanyia me tɔwo gbɔ. Ƒe 30 aɖewo le Kristo ƒe ku megbe la, apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ siwo kaka ɖe Roma fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo la be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene, be miayi edzi atsri ŋutilã ƒe nudzodzrowo; nu siawo tututue le avu wɔm kple luʋɔ la. Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome.”—1 Pet. 1:1; 2:11, 12.

8. Aleke ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒo nu tso ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nu ɖe xexea ŋui la ŋu?

8 Esi ŋutinyaŋlɔla Kenneth Scott Latourette nɔ kpe ɖom edzi be Kristotɔ gbãtɔwo nɔ agbe abe “amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” ene le Roma fiaɖuƒea me la, eŋlɔ bena: “Enye ŋutinya si ame sia ame nya nyuie be, le ƒe alafa etɔ̃ gbãtɔwo me la, wotsi tsitre ɖe Kristotɔwo ŋu eye woti wo yome vevie zi geɖe . . . Nutsotsoawo nɔ vovovo. Esi Kristotɔwo gbe be yewomakpɔ gome le trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo me o ta la, wogblɔna be wonye mawudzimaxɔselawo. Esi womekpɔa gome le hadomenuwɔnawo, siwo nye trɔ̃subɔlawo ƒe azãwo kple hahoo modzakaɖeɖe, siwo Kristotɔwo buna be wonye nuwɔna siwo me trɔ̃subɔlawo ƒe dzixɔsewo, woƒe nuwɔnawo, kple gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo bɔ ɖo, me o ta la, wogblɔna tso wo ŋu be wolé fu wo havi amegbetɔwo.”

Womewɔa Xexea Ŋu Dɔ Bliboe O

9. Aleke mí Kristotɔ vavãwo míeɖenɛ fiana be ‘míelé fu mía havi amegbetɔwo’ o?

9 Ke egbea ya ɖe? Ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nu ɖe “fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia” ŋui la, nenema tututue míawo hã míewɔnɛ. (Gal. 1:4) Le esia ta la, ame geɖewo mesea nu gɔme na mí o, eye wo dometɔ aɖewo léa fu mí gɔ̃ hã. Ke hã menye nyateƒee wònye be ‘míelé fu mía havi amegbetɔwo’ o. Esi míelɔ̃ mía havi amegbetɔwo ta la, míeyina tso aƒe me yi aƒe me hedzea agbagba vevie be míake ɖe aƒemenɔla ɖe sia ɖe ŋu ahagblɔ Mawu “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la nɛ. (Mat. 22:39; 24:14) Esi míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si le Kristo si me la aɖe amegbetɔ madeblibowo ƒe dziɖuɖuwo ɖa kpuie eye wòatsɔ nuɖoanyi dzɔdzɔe aɖe aɖo wo teƒe la tae míewɔa dɔ sia ɖo.—Dan. 2:44; 2 Pet. 3:13.

10, 11. (a) Aleke míawɔ xexea ŋu dɔ va se ɖe afi aɖe ko? (b) Mɔ kawo nue Kristotɔ siwo le ŋute la ƒoa asa na xexea ŋu dɔ wɔwɔ bliboe le?

10 Esi míenyae be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe ale gbegbe ta la, mí Yehowa subɔlawo míekpɔe be, menye fifiae wòle be míadi be nu nadze edzi na mí le xexe sia si le kudɔ ƒom la me o. Míewɔna ɖe apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Nɔviwo, mele esia gblɔm be, ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. Eya ta ame siwo . . . le nu ƒlem la nenɔ abe ame siwo si nu mele o ene, eye ame siwo wɔa xexe sia ŋuti dɔ la nenɔ abe ame siwo mele eŋuti dɔ wɔm bliboe o ene; elabena xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” (1 Kor. 7:29-31) Gake aleke Kristotɔ siwo li egbea la wɔa xexea ŋu dɔe? Wowɔa esia to ale si wozãa egbegbe mɔɖaŋununya kple kadodomɔnuwo tsɔ kakaa Biblia me nyateƒea le xexea me godoo le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me la dzi. Wowɔa xexea ŋu dɔ va se ɖe afi aɖe ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe bolo. Woƒlea nu siwo wodzrana le xexe sia me, siwo wohiã. Ke hã woƒoa asa na xexea ŋu dɔ wɔwɔ bliboe le mɔ sia nu be, wotsɔa xexea me nunɔamesiwo kple dɔwɔnawo ɖoa nɔƒe si wodze na.—Mixlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.

11 Mɔ bubu aɖe si dzi Kristotɔ siwo le ŋute la tona ɖenɛ fiana be yewomewɔa xexea ŋu dɔ bliboe o ye nye be womedea asixɔxɔ xexe sia me sukudede ŋu fũu akpa o. Xexea me tɔ geɖewo bua suku kɔkɔ dede be enye mɔ vevi aɖe si dzi yewoato axɔ ŋkɔ eye ga geɖe nasu yewo si. Gake mí Kristotɔwo míenɔa agbe abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene eye míetia taɖodzinu siwo to vovo la yome. Míeƒoa asa na ‘nu kɔkɔwo ŋu bubu.’ (Rom. 12:16; Yer. 45:5) Esi míenye Yesu yomedzelawo ta la, míeɖoa to eƒe nuxlɔ̃amenya si nye be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Esia ta míele dzi dem ƒo na mi sɔhɛ Kristotɔwo be miati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome, eye miade suku va se ɖe afi si sɔ be miate ŋu akpɔ miaƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, miaƒe susu nanɔ ale si miawɔ asu te nyuie be miate ŋu asubɔ Yehowa kple miaƒe ‘dzi blibo, luʋɔ blibo, ŋusẽ blibo kpakple tamesusu blibo’ la ŋu. (Luka 10:27) Ne miewɔe alea la, mianye “kesinɔtɔ le Mawu gbɔ.”—Luka 12:21; mixlẽ Mateo 6:19-21.

Womeɖea Mɔ Agbe Me Dzimaɖitsitsiwo Tea Woƒe Dzi Ðe To O

12, 13. Aleke nya si Yesu gblɔ le Mateo 6:31-33 la dzi wɔwɔ nana míetoa vovo na xexea me tɔwo?

12 Nɔnɔme si le Yehowa subɔlawo si ɖe ŋutilãmenuwo ŋu la to vovo na xexea me tɔwo tɔ. Yesu gblɔ na eyomedzelawo le esia ŋu be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. Elabena nu siawo katã nye nu siwo yome dukɔwo nɔna vevie. Elabena mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã. Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mat. 6:31-33) Nu siwo me haxɔsetɔ geɖewo to la na wokpɔe be mía Fofo si le dziƒo la naa nu siwo yewohiã la yewo.

13 “Mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ [ɖe nu si le ame si ŋu] nye viɖe gã.” (1 Tim. 6:6, Agbenya La) Gake nukpɔsusu si le xexea me tɔwo si la to vovo kura. Le kpɔɖeŋu me, ne sɔhɛwo ɖe srɔ̃ la, wodina be nu sia nu nasu yewo si enumake—aƒe, xɔ siwo me xɔmenu gãgãwo le, ʋu nyui aɖe, kple elektrɔnikmɔ yeyewo. Ke hã Kristotɔ siwo nɔa agbe abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene la menɔa nu siwo dzi woƒe asi mate ŋu asu o la dim o. Edea dzi ƒo ŋutɔ be mía dometɔ geɖe tsɔa ŋutilãmenu siwo ana agbea nanɔ bɔbɔe na wo hafi la saa vɔe hewɔa woƒe ɣeyiɣiwo kple ŋusẽ ŋu dɔ bliboe le Yehowa subɔsubɔ me abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienuwo ene. Ame bubuwo subɔna abe mɔɖelawo, Betel dɔwɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo dutanyanyuigblɔlawo ene. Mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe mía hati Yehowa subɔla siawo ƒe subɔsubɔdɔ siwo wowɔna tso dzi blibo me la ŋu ale gbegbe!

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe lododo si ku ɖe nukuwula ŋu la me?

14 Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe nukuwulaa ŋu me la, egblɔ be “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate ŋu avu atsyɔ Mawu ƒe nya la dzi le míaƒe dziwo me eye wòana be míatse ku o. (Mat. 13:22) Ne míenɔa agbe abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene eye míena nu si le mía si la dze mía ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na mɔ̃ sia. Enana hã be míaƒe “ŋku nɔa nu ɖeka ŋu”; enɔa Mawu Fiaɖuƒea kple ale si míawɔ ana wòanye nu vevitɔ na mí le míaƒe agbe la dzi.—Mat. 6:22.

“Xexea Nu Va Yina”

15. Apostolo Yohanes ƒe nya kawoe ɖe ale si wòle be Kristotɔ vavãwo nanɔ agbe le fifi xexe sia me la fia?

15 Susu vevi aɖe si tae mí Kristotɔ vavãwo míebua mía ɖokuiwo abe “amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” le xexe sia me enee nye kakaɖedzi si le mía si be xexe sia awu enu kpuie. (1 Pet. 2:11; 2 Pet. 3:7) Míeɖenɛ fiana be míexɔ esia dzi se to ale si míenɔa agbee, nu siwo míedina, kple taɖodzinu siwo míeɖona na mía ɖokuiwo la me. Apostolo Yohanes ɖo aɖaŋu na ehati xɔsetɔwo be woagalɔ̃ xexea alo nu siwo le eme o, elabena “xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.”—1 Yoh. 2:15-17.

16. Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye ame siwo woɖe ɖe vovo?

16 Yehowa gblɔ na Israel viwo be, ne woɖo to ye la, woanye ‘ye tɔ koŋ le dukɔwo katã dome.’ (2 Mose 19:5) Ne Israel viwo wɔ nuteƒe la, woƒe tadedeagu kple agbenɔnɔ toa vovo tso dukɔ bubuwo katã tɔ gbɔ. Nenema kee egbea hã la, Yehowa tia ame aɖewo siwo to vovo kura tso Satana ƒe xexea gbɔ la na eɖokui. Biblia gblɔ na mí be: “[Míagbe] mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye . . . míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me, esime míele dzidzɔmɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kpakple mía Xɔla Kristo Yesu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖe fia la lalam, ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta, bene wòaɖe mí tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye wòakɔ dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui.” (Tito 2:11-14) Kristotɔ amesiaminawo kple Yesu ƒe ‘alẽ bubu’ miliɔn geɖeawo, siwo kpea asi ɖe wo ŋu lae ƒo ƒu wɔ “dukɔ” sia.—Yoh. 10:16.

17. Nu ka tae mave amesiaminawo alo woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo gbeɖe be yewonɔ agbe abe ame siwo nɔ xexe vɔ̃ɖi sia me hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene o?

17 Amesiaminawo ƒe “dzidzɔmɔkpɔkpɔ” ye nye be yewoaɖu fia kple Kristo le dziƒo. (Nyaɖ. 5:10) Ne agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa va eme na alẽ bubuawo la, womaganye ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe le xexe vɔ̃ɖi aɖe me azɔ o. Aƒe dzeaniwo anɔ wo si, eye nuɖuɖu kple nunono gbogbo aɖe asu wo si. (Ps. 37:10, 11; Yes. 25:6; 65:21, 22) Womaŋlɔ be gbeɖe be nu siawo katã tso Yehowa, ‘xexe blibo la ƒe Mawu’ la gbɔ abe ale si Israel viwo ya wɔe ene o. (Yes. 54:5) Mave amesiaminawo alo alẽ bubuawo me tɔwo gbeɖe be yewonɔ agbe abe ame siwo nɔ xexe vɔ̃ɖi sia me hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene o.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Mɔ kawo nue nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la nɔ agbe abe ame siwo nɔ anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene le?

• Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nu ɖe xexea ŋui?

• Aleke Kristotɔ vavãwo wɔa xexea ŋu dɔ va se ɖe afi aɖe ko?

• Nu ka tae mave mí gbeɖe be míenɔ agbe abe ame siwo nɔ xexe vɔ̃ɖi sia me hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene o?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kristotɔ gbãtɔwo tsri modzakaɖeɖe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple gbɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo le

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe