INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 3
  • Mawue Le To Hem Na Mía?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawue Le To Hem Na Mía?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Biabia Si Ðea Fu Na Ame Wu
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 3

Mawue Le To Hem Na Mía?

“Togbɔ be ame siwo ku le afɔkua me ƒe nu wɔ nublanui nam hã la, ewɔ nam be tembatsu (tohehe si tso Mawu gbɔ) ye [wònye] ene.” Nya siae Japan ƒe dumegã aɖe gblɔ esi anyigbaʋuʋu gã aɖe si ƒe dzidze nye 9.0 kple ƒugɔmenyigbaʋuʋu, si na tsi ɖe ame geɖe la, gblẽ nu le dukɔ ma me le March 2011 me.

Esi ame 220,000 kple edzivɔwo ku le Haiti ƒe anyigbaʋuʋua me le January 2010 me la, television dzi mawunyagblɔla xɔŋkɔ aɖe gblɔ be esi ameawo “bla nu kple abosam” tae wòdzɔ ɖo, eya ta ele be “woatrɔ ɖe mawu ŋu.”

“Mawu di be míaƒe dzitsinya kuatri, si dzi naneke mewɔa dɔ ɖo o, la nagbɔ agbe.” Aleae Katoliko nunɔla aɖe gblɔ esi ame 79 ku le zitɔtɔ aɖe me le Manila, le Philippines. Dukɔ ma me nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be “ame tsitsi blaeve vɔ ɖekɛ le alafa me xɔe se be Mawue le eƒe dziku ɖem ɖe amewo ŋu to ahomwo, agaɖeviwo kple afɔku bubu” siwo gblẽa nu le dukɔ ma me enuenu la dzi.

TSO ɣeaɖeɣi kee amewo xɔe se be Mawue hea dzɔdzɔmefɔkuwo vanɛ be yeatsɔ ahe to na ame vɔ̃ɖiwo. Esi anyigbaʋuʋu, dzo, kple tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le Portugal ƒe dugã Lisbon me, le ƒe 1755 me, eye ame abe 60,000 ene ku la, xexemenunyala xɔŋkɔ Voltaire bia be: “Ðe Lisbon ƒe nu baɖa wɔwɔwo sɔ gbɔ wu Paris, afi si agbe blibaa nɔnɔ xɔ aƒe ɖo la, tɔa?” Ɛ̃, ame miliɔn geɖe kea ɖii nenye be Mawue hea to na amewo to dzɔdzɔmefɔkuwo dzi. Le dukɔ geɖe me la, amewo gblɔna be afɔku siawo nye Mawu ƒe nuwɔnawo.

Le esiawo katã ta la, ele be míabia be: Nyateƒee wònye be Mawue le to hem na amewo to dzɔdzɔmefɔkuwo dzia? Ðe afɔku gbogbo siwo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me la nye tohehe tso Mawu gbɔa?

Esi ame aɖewo di godoo be yewoada fɔbubua ɖe Mawu dzi ta la, wohea susu yia Biblia me nuŋlɔɖi siwo me Mawu he tsɔtsrɔ̃ vae to dzɔdzɔmenuwo dzi la dzi. (1 Mose 7:17-22; 18:20; 19:24, 25; 4 Mose 16:31-35) Ke hã, ŋkuléle ɖe Biblia me nudzɔdzɔ siawo ŋu ɖee fia be vovototo gã etɔ̃ aɖewo le nudzɔdzɔ mawo dometɔ ɖe sia ɖe kple egbetɔwo dome. Gbã, le Biblia me tɔwo gome la, woxlɔ̃a nu amewo doa ŋgɔ. Evelia, ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaae kuna le egbe ƒe dzɔdzɔmefɔkuwo me, gake menye ame sia ame koe kuna le tsɔtsrɔ̃ si tso Mawu gbɔ ya me o. Ame vɔ̃ɖi matrɔdzimewo alo ame siwo gbe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ la koe Mawu tsrɔ̃na. Etɔ̃lia, Mawu fiaa ame maɖifɔwo nu si woawɔ atsi agbe.—1 Mose 7:1, 23; 19:15-17; 4 Mose 16:23-27.

Naneke meɖo kpe edzi be dzɔdzɔmefɔku gbogbo siwo me ame miliɔn geɖe le kukum le egbea la tso Mawu gbɔ o. Ke nu ka tae wòdze abe dzɔdzɔmefɔkuwo dzi ɖe edzi alea ɖo? Aleke míanɔ te ɖe wo nui? Ðe dzɔdzɔmefɔkuwo nu ava yi gbe aɖe gbea? Àkpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le nyati siwo kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe