Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
EDZE abe afɔkuwo ŋuti nyatakakawo bɔ ɖe nyadzɔdzɔwo me ŋutɔ ene. Afɔku vovovowo le nu gblẽm le ame geɖe ŋu egbea wu tsã. Habɔbɔ aɖe si le Belgium (Centre for Research on the Epidemiology of Disasters) ka nya ta be le ƒe 2010 ɖeɖe dzaa me la, afɔku 373 ye dzɔ, eye ne mede ɖeke o la, ame siwo ku le wo me la ade 296,000.
Nyatakakawo ɖee fia be ƒe blananewoe nye esia la, afɔkuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, afɔku siwo dzɔ ƒe sia ƒe tso ƒe 1975 va ɖo ƒe 1999 me la mede 300 gɔ̃ hã o. Gake tso ƒe 2000 va ɖo ƒe 2010 la, afɔku siwo dzɔna ƒe sia ƒe le mama dedie nu la de 400 kloe. Ðewohĩ wò hã èle ame siwo biana be, ‘Nu ka tae afɔkuwo dzi ɖe edzi fifia alea gbegbe ɖo?’ la dome.
Togbɔ be amewo gblɔna zi geɖe be “Mawu ƒe nuwɔnawoe” afɔku mawo nye hã la, nya ma menye nyateƒe o. Menye Mawu gbɔe afɔku siwo le nu gblẽm le ame geɖe ŋu egbea la tso o. Ke hã, Biblia gblɔe ɖi be afɔkuwo adzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ le Mateo 24:7, 8 be: “Nuɖuɖu ave, eye anyigba aʋuʋu, le teƒeteƒewo. Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” Nu kae na Yesu gblɔ nya mawo ɖi, eye gɔmesese kae le nya mawo ŋu na mí?
Nya aɖe si wobia Mawu Vi, Yesu, la ŋu ɖomee wònɔ esi wògblɔ nya mawo. Wobiae be: “Nu kae anye . . . nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mateo 24:3) Eƒo nu tso nu vovovo siwo adzɔ ŋu, eye afɔku siwo le abe esiwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã le wo dome. Ema yomee wògblɔ nya vevi sia bena: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, minyae be Mawu fiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:31) Eya ta gɔmesese vevi aɖe le dzɔdzɔmefɔku mawo ƒe dzɔdzɔ ŋu na mí. Wonye kpeɖodzi be tɔtrɔ gãwo ava kpuie.
Nu Siwo Gbɔ Afɔkuawo Tso
Gake ame geɖe gabiana be, Ne menye Mawue nana afɔkuwo dzɔna o ɖe, ke nu ka gbɔe wotso? Hafi míase ŋuɖoɖoa gɔme la, ehiã be míalɔ̃ ɖe Biblia me nyateƒenya vevi aɖe dzi. Eyae nye be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Kpukpui sia le eɖem fia be menye Mawue le megbe na nɔnɔme wɔnublanui si me ameƒomea le la o, ke boŋ zi geɖe la, eƒe futɔ, si nye “vɔ̃ɖitɔ la,” si wogayɔna le Biblia me be “Abosam” ye.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.
Esi Mawu ƒe futɔ sia nye ɖokuitɔdila ta la, mebua ame ƒe agbe ɖe naneke me o. Eye esi xexe bliboa le eƒe ŋusẽ te ta la, eƒã nɔnɔme ma ke ɖe amewo me. Le nyateƒe me la, Biblia he susu yi esia dzi esi wògblɔ ɖi be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, [dadalawo].” (2 Timoteo 3:1, 2) Eya ta mewɔ nuku o be Abosam trɔ asi le xexe sia ŋu ale gbegbe be nɔnɔme mawo kple mawumavɔ̃mavɔ̃nuwɔna bubuwo xɔ aƒe ɖi. Edea ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi nuwɔnawo ƒe dzi ƒo, eye esiawo wɔnɛ be ame bubuwo ƒe agbe ɖoa afɔku me.
Mɔ ka nue egbe ƒe xexe si me ŋukeklẽ xɔ aƒe ɖo la wɔa akpa aɖe le afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ me le? Wogblɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe si ku ɖe xexea me ƒe afɔkuwo ŋu be: “Wona ame geɖe akpa va le aƒe tsom ɖe afɔkuteƒewo, abe afi siwo tɔ ɖɔna le bɔbɔe ne tsi dza ene. Azɔ hã, ale si wole avewo tsrɔ̃m hele tagbawo dome gblẽm la le nu gblẽm le ŋutete si le anyigba ŋu be wòanɔ te ɖe afɔkuwo nu la ŋu. Gawu la, aɖiya si le agbɔ sɔm ɖe yamenutowo me . . . le amegbetɔwo ƒe nuwɔna ta la le nu gblẽm le yame ƒe nɔnɔme ŋu le xexea me godoo, si wɔe be atsiaƒu le ɖɔɖɔm hele amewo ɖem.” Togbɔ be wogblɔna be ale si ganyawo nade ame dzi tae “amegbetɔwo ƒe nuwɔna” mawo yia edzi ɖo hã la, le nyateƒe me la, ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ si xɔ aƒe ɖe xexea me la gbɔe wotso.
Eya ta ame siwo srɔ̃ nu tso afɔkuwo ŋu la dometɔ geɖe kpɔe be amegbetɔwo ƒe nuwɔna siwo gbɔ eme la gbɔe wòtso be afɔkuwo gblẽa nu le amewo ŋu vevie. Le nyateƒe me la, amegbetɔwo le asi kpem ɖe Abosam ŋu le mɔnu siwo ŋu dɔ wɔm wòle tsɔ le amegbetɔwo ƒe fukpekpe dzim ɖe edzi to afɔkuwo dzi la me.
Eya ta edze ƒãa be amegbetɔwo ƒe ɖekematsɔlemenuwɔnawo gbɔe afɔku geɖe tsona. Afi si afɔku aɖewo dzɔ le la hã wɔa akpa aɖe le ale si gbegbe wògblẽa nui me. Le xexea ƒe teƒe geɖewo la, ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔnawo na afɔkuwo gagblẽ nu ɖe edzi, alo ganyawo ƒe sesẽ kple nɔnɔme madeamedzi siwo xɔ aƒe ɖe xexea me la ƒoe ɖe ame geɖewo nu wotso duwo ɖe afɔkuteƒewo. Ke hã, le ame bubuwo gome la, menye ame aɖe ƒe vodada alo ɖekematsɔleme tae wokpea fu ne afɔku dzɔ ɖo o, ke boŋ esi “azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã” tae.—Nyagblɔla 9:11.
Ne dzɔdzɔmefɔku aɖe gblẽ nu le ŋuwò la, aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu? Míadzro nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe wò fukpekpewo dzi akpɔtɔ la me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Avewo tsɔtsrɔ̃
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ðiƒoƒo anyigba
[Nɔnɔmetatawo Tsoƒe si le axa 5]
Mia me: © Mark Henley/Panos Pictures
Titina: © Jeroen Oerlemans/Panos Pictures