INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/1 axa 6-7
  • Tenɔnɔ Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tenɔnɔ Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/1 axa 6-7

Tenɔnɔ Ðe Dzɔdzɔmefɔkuwo Nu

Esi wònye dzɔdzɔmefɔkuwo le dzɔdzɔm kabakaba, eye wole nu gblẽm ɖe edzi wu ta la, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe wo nu? Na míadzro nu vovovo siwo míate ŋu awɔ la me kpɔ.

Ƒo asa na afɔkuteƒewo. Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Aɖaŋuɖoɖo sia si me nunya le la ate ŋu ana míaƒo asa na afɔkuwo. Ne woɖe gbeƒãe be to aɖe gbɔna wowó ge, tɔ aɖɔ, alo ahom sesẽ aɖe atu la, nunya anɔ eme be ame siwo le afi si afɔkua agblẽ nu le la naʋu ayi afi si woanɔ dedie wu le. Agbea le vevie wu aƒewo alo nunɔamesi bubuwo.

Le ame aɖewo gome la, anya wɔ be woatiae be yewomanɔ teƒe si afɔku tea ŋu dzɔna le bɔbɔe o. Afɔkuwo ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Nuto aɖewo koŋ mee afɔkuwo dzɔna le. Anyigba la ƒe akpa sue aɖe koe afɔku akpa gãtɔ dzɔna le, eye teƒe mawo kee afɔku gã bubuwo adzɔ le le etsɔme.” Esia le eme, vevietɔ le ƒutanuto siwo nye gbadzaƒewo la gome, alo teƒe siwo anyigba tea ŋu ʋuʋuna le bɔbɔe. Ne anya wɔ be nàƒo asa na afɔkuteƒe mawo nɔnɔ la, ɖewohĩ afɔkuwo maƒo go wò bɔbɔe o.

Dze aʋa ɖi. Ne èdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaƒo asa na afɔkuwo hã la, ate ŋu adzɔ be afɔku naɖi ɖe wò. Gake ne èdzra ɖo ɖe eŋu la, tenɔnɔ ɖe enu anɔ bɔbɔe wu. Esia hã wɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 22:3, si dzi míehe susu yii le dzia. Akplo si me nu vevi siwo nàhiã ne afɔku dzɔ kpata la le asitsɔƒe na wòa? Agbalẽ aɖe (1-2-3 of Disaster Education) ɖo aɖaŋu be nàde atikewo kple abiblanuwo, tsigoewo, nuɖuɖu si megblẽna bɔbɔe o, kple agbalẽ veviwo hã akplo ma me. Anyo ŋutɔ be mia kple wò ƒomea miadzro nu me tso afɔku siwo tɔgbi ate ŋu adzɔ, kple nu si miate ŋu awɔ ne wodzɔ la ŋu.

Na mia kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. Esia ɖea vi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be enye “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa[wo] katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” Kpukpui bubu hã gblɔ be Mawu nye ame “si faa akɔ na ame siwo ŋu nu te.”—2 Korintotɔwo 1:3, 4; 7:6.

Ɛ̃, Mawu nya nu siwo me tom ame siwo xɔ edzi se la le nyuie. Enye lɔlɔ̃ ƒe Mawu, eye enaa tutuɖo kple dzideƒo le mɔ vovovowo nu. (1 Yohanes 4:8) Le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, ne míedo gbe ɖa, menye ɖe nukunu ta o ke boŋ be Mawu nana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔa mí la, esia ɖea vi. Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana ame siwo le xaxawo me tom la naɖo ŋku Biblia me nya fakɔname siwo naa dzidzeme ame la dzi. Ɛ̃, mawusubɔla wɔnuteƒewo hã ate ŋu ase le wo ɖokui me abe blema Israel Fia David ene, ame si gblɔ be: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.”—Psalmo 23:4.

Kristotɔwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ nyagblɔɖila, si ŋkɔe nye Agabo, gblɔe ɖi be “dɔ gã aɖe ato le anyigba blibo la katã dzi; eye esia va eme vavã le Klaudio ƒe ɣeyiɣia me.” Dɔwuame sia gblẽ nu le Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yudea la dometɔ geɖe ŋu. Nu kae nusrɔ̃la siwo le teƒe bubuwo la wɔ esi wose nu tso nɔnɔme si me wo nɔvi Kristotɔwo nɔ ŋu? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nusrɔ̃lawo ɖoe kplikpaa, wo dometɔ ɖe sia ɖe ale si wòate ŋui, be yewoawɔ kpekpeɖeŋudɔ to nane ɖoɖo ɖe nɔvi siwo le Yudea la dzi.” (Dɔwɔwɔwo 11:28, 29) Wokpe ɖe wo nɔviwo ŋu lɔlɔ̃tɔe to nuhiahiãwo ɖoɖo ɖe wo me.

Mawu subɔlawo wɔa nu nenema ke ne afɔku gãwo dzɔ egbea. Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie be wokpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu ne afɔku dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ le Chile le February 27, 2010 dzi la, Yehowa Ðasefowo wɔ kaba yi ɖakpe ɖe ame siwo ŋu wògblẽ nu le la ŋu. Karla, si ƒe aƒe gbã le tsunami aɖe me la gblɔ be: “Akɔfafa kple dzideƒo gã aɖee wònye nam esi [mía tɔ Ðasefowo] tso teƒe bubuwo va do le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi be yewoakpe ɖe mía ŋu. Vavãe, Yehowa fa akɔ na mí to lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla mawo ƒe nyuiwɔwɔ dzi. Mese le ɖokuinye me be wolɔ̃m, eye mele dedie.” Etɔgbuia, si menye Ðasefo o la, kpɔ ale si wokpe ɖe amewo ŋui. Egblɔ be: “Nyemekpɔ nu sia tɔgbi aɖeke kpɔ le ƒe gbogbo siwo me mele sɔleme dem la kpɔ o.” Nu si teƒe wòkpɔ la ʋãe wòbia tso Yehowa Ðasefowo si be woava srɔ̃ Biblia kpli ye.

Hadede kple ame siwo lɔ̃ Mawu ate ŋu anye kpekpeɖeŋutsoƒe gã le xaxaɣiwo. Ke hã, ɖe ɣeyiɣi li gbɔna, esime afɔku aɖeke magadzɔ le anyigba dzi azɔ oa? Na míakpɔ nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu ɖa.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Akplo si me nu vevi siwo nàhiã ne afɔku dzɔ kpata la le asitsɔƒe na wòa?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Eɖea vi ɣesiaɣi ne míedo gbe ɖa, menye ɖe nukunu ta o, ke boŋ be míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Kristotɔwo kpena ɖe wo nɔewo ŋu ne afɔku dzɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

“Mese le ɖokuinye me be wolɔ̃m, eye mele dedie”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe