Ame Kae Ate Ŋu Aɖe Nyagblɔɖi Gɔme?
Wotua xo be Gordian ƒe kɔsasa lae nye ka siwo womate ŋu atu bɔbɔe o le Aleksanda Gãtɔ ŋɔli la dometɔ ɖeka. Amewo xɔe se be ame si ate ŋu atu ka ma ava nye nunyala, eye wòaxɔ duwo.a Wogblɔ bena, Aleksanda da eƒe yi zi ɖeka pɛ ko hetso kaa, ale wòtui.
TSO blema ke la, menye ka sakɔwo koe nunyalawo dzea agbagba be yewoatu o, ke wotena kpɔ be yewoaɖe adzowo kple nyagblɔɖiwo gɔme ahagblɔ etsɔme hã ɖi.
Ke hã, zi geɖe la, wodoa kpo nu. Le kpɔɖeŋu me, Babilon ƒe nunyalawo mete ŋu ɖe asinuŋɔŋlɔ si dze le gli ŋu le Fia Belsazar ƒe fiasãa me nukutɔe le azã gã aɖe ɖuɣi la gɔme o. Daniel, si nye Yehowa Mawu ƒe nyagblɔɖila tsitsi, si wonya nyuie be etea ŋu “tua nya sakɔwo” la koe te ŋu ɖe nyagblɔɖi me gbedeasi la gɔme. (Daniel 5:12, NW) Nyagblɔɖi ma, si ku ɖe ale si Babilon Fiaɖuƒea amui ŋu la, va eme le zã ma ke me!—Daniel 5:1, 4-8, 25-30.
Nu Kae Nye Nyagblɔɖi?
Woɖe nyagblɔɖi gɔme be enye etsɔme ɖeɖe fia, si fia be woagblɔ nu si ava dzɔ la ɖi hafi wòadzɔ. Nyagblɔɖi vavãtɔa nyea gbedeasi si tso Mawu gbɔ, enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu alo tameɖoɖo si woɖe gblɔ alo ŋlɔ ɖi. Mesia la ƒe vava, ame si wònye, “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi,” kpakple Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo ŋuti nyagblɔɖiwo le Biblia me.—Mateo 24:3; Daniel 9:25.
Ame siwo wobuna “nunyalawo” egbea, abe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, dunyahelawo, ame siwo bi ɖe ganyawo, atikewɔwɔ kple bubuawo me la, dzea agbagba be yewoagblɔ etsɔme ɖi. Ame siawo ƒe nyawo ɖina hoo le nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me, eye ame geɖe xɔa wo dzi sena ya, gake ne edze abe woƒe nyawo va eme le mɔ aɖe nu hã la, nususugblɔ si wotu ɖe nu si wonya xoxo la dzi koe wonye. Azɔ hã, ame geɖewo ƒe susu mewɔa ɖeka kple woamawo tɔwo o, eye woƒoa nu tsia tre ɖe wo ŋu zi geɖe. Nyateƒee, ame si le agbagba dzem be yeagblɔ etsɔme ɖi la ate ŋu ado kpo nu bɔbɔe.
Ame Si Gbɔ Nyagblɔɖi Vavãtɔ Tsona
Ekema ame ka gbɔe nyagblɔɖi vavãtɔ tsona, eye ame kae ate ŋu aɖe wo gɔme? Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖi aɖeke metso ame ŋutɔ ƒe gɔmeɖeɖe gbɔ o.” (2 Petro 1:20) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “gɔmeɖeɖe” la fia “egbɔkpɔnu, alo ɖeɖefia,” le gɔmesesea nu be “nu si wotu alo ɖe ɖe go la nu nɔ tetre hafi.” Eya ta Biblia gɔmeɖeɖe aɖe (The Amplified New Testament) ɖe Petro ƒe nyawo gɔme ale: “Ame aɖeke . . . mate ŋu atu Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖi aɖeke le eɖokui si o.”
Tsɔe be ƒudzidela aɖe le asi trɔm le ka aɖe ŋu aɖaŋutɔe be wòazu kɔ si womate ŋu atu bɔbɔe o. Ne ewɔ vɔ la, ame si menya naneke tso kɔsasa ŋu o la akpɔ ale si kaa troe, gake manya ale si wòawɔ atui o. Nenema kee togbɔ be amewo tea ŋu léa ŋku ɖe nu ŋu hedea dzesii be kuxi sesẽwo le ŋgɔ hã la, wometea ŋu nyana ale si tututu nuwo ava nɔ mlɔeba o.
Le Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blema, abe Daniel ene gome la, menye woawo ŋutɔwoe lé ŋku ɖe ale si nuwo nɔ edzi yim le woƒe ŋkekea me ŋu hete kpɔ be yewoaɖe etsɔme doviviti afia to nyagbɔgblɔɖi dzi o. Ne ɖe wodze agbagba be yewoaɖe etsɔme afia to mɔ sia dzi la, ke woawo ŋutɔwo ƒe nuŋububu dzie nyagblɔɖiawo anɔ te ɖo. Woƒe nyagblɔɖia anye amegbetɔ ƒe nususugblɔ si wotu ɖe gɔmeɖoanyi si meli ke o la dzi. Le ema teƒe la, Petro yi edzi ɖe nu me be: “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 Petro 1:21.
‘Gɔmeɖeɖe La Nye Mawu Tɔ’
Ƒe 3,700 aɖewoe nye esi va yi la, ŋutsu eve aɖewo nɔ gaxɔ me le Egipte. Wo ame evea woku drɔ̃e siwo gɔme womese o. Esi manya wɔ be woate ɖe dua me nunyalawo ŋu o ta la, wogblɔ drɔ̃eawo, si nu womenya ta le o la, ŋu nya na gamenɔla bubu, si nye Yosef, gblɔ bena: “Míeku drɔ̃e, gake ame si aɖe egɔme, meli o.” Mawusubɔla Yosef de dzi ƒo na wo be woalĩ drɔ̃eawo na ye. Egblɔ be: “Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu tɔe oa?” (1 Mose 40:8) Yehowa Mawu koe ate ŋu aɖe nyagblɔɖiwo gɔme, abe ale si ko ƒudzidela bibi tea ŋu tua ka siwo menya tuna bɔbɔe o la ene. Ɛ̃, Mawu koe ate ŋui, elabena eya gbɔe wòtso be nyagblɔɖia gɔmeɖeɖe le ɣaɣla. Eya ta esɔ be míakpɔ esi nu be wòaɖe egɔme. Esia tae wònyo ŋutɔ be Yosef tsɔ kafukafua na Mawu ɖo.
Gake gɔmesese ka nue ‘gɔmeɖeɖe la nye Mawu tɔ’ le? Gɔmeɖeɖea nye Mawu tɔ le mɔ vovovowo nu. Le Biblia me nyagblɔɖi aɖewo gome la, wogblɔa ale si wòava emee la kpena ɖe nyagblɔɖia ŋu. Míagblɔ be nyagblɔɖi siawo le abe ka si woate ŋu atu bɔbɔe ene, abe ale si ko ƒudzidela ate ŋu alɔ̃ faa afia ame bubu ale si wòatu ka si wòsa la ene.—1 Mose 18:14; 21:2.
Le nyagblɔɖi bubuwo gome la, woate ŋu aɖe wo me to ŋkuléle ɖe nya bubu siwo ƒo xlã nyagblɔɖia ŋu dzi. Nyagblɔɖila Daniel kpɔ nyagblɔɖi me ŋutega aɖe si me wòkpɔ ‘agbo aɖe si to dzo eve’ le. Ke “gbɔ̃tsu” aɖe si “to dzo sesẽ aɖe ɖe ŋugbladome” la va tu dzo agbo la ƒu anyi henyã avuzi le edzi. Nya siwo ƒo xlã nyagblɔɖia ɖee fia be agbo dzoevee la le tsitre ɖi na “Media kple Persia fiawo,” eye gbɔ̃tsu la nye “Hela-nyigba ƒe fia.” (Daniel 8:3-8, 20-22) Ƒe 200 kple edzivɔ megbe la, “dzo gã la,” si tsi tre ɖi na Aleksanda Gãtɔ la, ho ɖe Persia Fiaɖuƒea ŋu hexɔe. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be esi Aleksanda nɔ aʋa wɔm le Yerusalem nutoa me la, wotsɔ nyagblɔɖi sia tututu fiae, eye wòxɔe se be ye ŋue wòku ɖo.
‘Gɔmeɖeɖe la nye Mawu tɔ’ le gɔmesese bubu aɖe hã nu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yosef, si nye Yehowa Mawu subɔla wɔnuteƒe la, be wòte ŋu se drɔ̃e siwo gɔme ame aɖeke mese o, siwo etɔ gamenɔlawo lĩ nɛ, la gɔme. (1 Mose 41:38) Ne Mawu subɔla siwo li egbea mese nyagblɔɖi aɖe gɔme tututu o la, wodoa gbe ɖa biana Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔa yewo, eyome wosrɔ̃a Mawu ƒe Nya, si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la, hewɔa numekuku tso eme. Le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, wotea ŋu kena ɖe mawunyakpukpui bubu siwo nana nyagblɔɖi aɖewo me kɔna la ŋu. Gɔmeɖeɖea mevana na amegbetɔ aɖeke to nukumɔ dzi o. Mawu gbɔe gɔmeɖeɖea tso, elabena eƒe gbɔgbɔ kple Nya la dzie wòto na be amewo se egɔme. Biblia dzie wotu gɔmeɖeɖea ɖo, ke menye amegbetɔ siwo nye etsɔmegblɔɖilawo ƒe nyawo dzie o.—Dɔwɔwɔwo 15:12-21.
Mɔ bubu si nu ‘gɔmeɖeɖe la nye Mawu tɔ’ lee nye be eyae ɖoa ɣeyiɣi si wòle be esubɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi la nase nyagblɔɖi aɖe gɔme. Woate ŋu ase nyagblɔɖi aɖe gɔme hafi wòava eme, esime wòle eme vam, alo le emevava megbe. Esi wònye Mawue tre nyagblɔɖiawo nu ta la, eya kee aɖe wo gɔme le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.
Le Yosef kple gamenɔla eveawo ƒe ŋutinyaa me la, Yosef ɖe drɔ̃eawo gɔme ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na wo me vava. (1 Mose 40:13, 19) Emegbe esi wokplɔ Yosef va ŋusẽtɔ Farao ŋkume be wòaɖe Farao ƒe drɔ̃ewo gɔme la, ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la nɔ egɔme dzem koe nye ema. Mawu ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe Yosef ŋu wòɖe Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme, ale be wote ŋu wɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu si ado agbogbo, le nyagblɔɖia nu la, dzadzraɖo ɖi ŋu.—1 Mose 41:29, 39, 40.
Le nyagblɔɖi bubuwo gome la, ne wova eme vɔ hafi Mawu subɔlawo sea wo gɔme bliboe. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ nu siwo dzɔ ɖe Yesu dzi la dometɔ geɖe ɖi ƒe alafawo hafi wova dzii, gake eƒe nusrɔ̃lawo mese wo gɔme bliboe o va se ɖe esime wofɔe ɖe tsitre hafi. (Psalmo 22:19; 34:21; Yohanes 19:24, 36) Ƒo eta la, Daniel 12:4 me nyawo ɖee fia be ‘woatre’ nyagblɔɖi aɖewo nu “va se ɖe nuwuɣi,” si nye ɣeyiɣi si ŋu Daniel gblɔ le be “sidzedze adzi ɖe edzi.” Ɣeyiɣi si tututu me nyagblɔɖi mawo le eme vam la mee míele fifia.b
Ale Si Biblia Me Nyagblɔɖiwo Ka Wò
Le Yosef kple Daniel gome la, wotsi tsitre ɖe fia siwo nɔ dzi ɖum le wo ŋɔli la ŋkume hegblɔ nyagblɔɖi me gbedeasi siwo va eme ɖe dukɔwo kple fiaɖuƒewo dzi. Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la tsi tsitre ɖe wo ŋɔlimetɔwo ŋkume abe Yehowa, nyagblɔɖi ƒe Mawu la, teƒenɔlawo ene hegblɔ nya siwo ɖe vi geɖe na ame siwo ɖo to woƒe gbedeasiwo.
Egbea, Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo la le gbeƒã ɖem nyagblɔɖi me gbedeasi aɖe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eye wole egblɔm na amewo be Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” ŋu la le eme vam. (Mateo 24:3, 14) Ðe nènya nu tso nyagblɔɖi ma, kpakple ale si wòka wòe la ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàse nyagblɔɖi ma, si ɖikeke mele eme o be enye Biblia me nyagblɔɖi vevitɔwo dome ɖeka la, gɔme be wòaɖe vi na wò.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Helatɔwo ƒe xotutu nu la, wosa ka ɖe Gordius, ame si tsò Phrygia ƒe dugã Gordium la, ƒe tasiaɖam ŋu hetsi ɖe ati aɖe ŋu, eye wosa kɔe ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu atui o, negbe ame si ava ɖu Asia dzi la koe ate ŋui.
b Kpɔ magazine sia ƒe May 1, 2011 tɔ la ƒe gɔmedzenyati siwo nye “Biblia Me Nyagblɔɖi Ade Siwo Le Eme Vam Fifia.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]
Yosef kple Daniel siaa tsɔ kafukafua na Mawu ɖe nyagblɔɖiwo gɔmeɖeɖe ta