INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 9/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Video Si Nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Srɔ̃ Nu Tso Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • 2A Ale Si Míase Ezekiel Ƒe Nyagblɔɖiawo Gɔme
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 9/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae nyagblɔɖiwo le Biblia me ɖo?

Yesu le nu ƒom na eƒe apostolo aɖewo le Amitoa dzi

Nu ka tae Biblia gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la ɖi?—Luka 21:10, 11.

Nya siwo wogblɔ ɖi tsitotsito wova eme la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ etsɔme ɖi tsitotsito o. Eya ta ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee la ɖo kpe edzi kɔtɛ be Biblia nye Mawu ƒe Nya.—Xlẽ Yosua 23:14; 2 Petro 1:20, 21.

Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme xoxo la nye susu nyui aɖe si ta míaxɔ Mawu dzi ase. (Hebritɔwo 11:1) Eye wona míeka ɖe edzi hã be ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe etsɔme nyui aɖe ŋu la ava eme. Eya ta Biblia me nyagblɔɖiwo naa mɔkpɔkpɔ vavã mí.—Xlẽ Psalmo 37:29; Romatɔwo 15:4.

Aleke Biblia me nyagblɔɖiwo kpena ɖe mía ŋui?

Nyagblɔɖi aɖewo nyea nuxlɔ̃ame na Mawu ƒe amewo be woaɖe afɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, esi Kristotɔ gbãtɔwo de dzesi nyagblɔɖi aɖewo me vava la, woʋu dzo le Yerusalem. Emegbe esi wotsrɔ̃ dua le esi emetɔ akpa gãtɔ gbe Yesu ta la, Kristotɔawo ya nɔ dedie le teƒe bubu sãa.—Xlẽ Luka 21:20-22.

Egbea, nyagblɔɖi siwo le eme vam la le eɖem fia be Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo kple dziɖuɖuwo ɖa kpuie. (Daniel 2:44; Luka 21:31) Eya ta ehiã kpata be ame sia ame naɖe afɔ fifia be Yesu Kristo, si nye Fia si Mawu ɖo la, nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu.—Xlẽ Luka 21:34-36.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 2 lia me.  Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe