INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 2/15 axa 10-14
  • “Lé Dzi Ðe Ƒo, Eye Nàsẽ Ŋu Vevie”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Lé Dzi Ðe Ƒo, Eye Nàsẽ Ŋu Vevie”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ÐASEFO DZINƆAMEƑOTƆ SIWO NƆ XEXE MAVƆ̃MAWU AÐE ME
  • WOÐE XƆSE KPLE DZINƆAMEƑO FIA
  • NYƆNU SIWO WƆ NU DZINƆAMEƑOTƆE
  • MÍAƑE NYAWO ATE ŊU ANA DZI NAÐO AME BUBUWO ƑO
  • ESTER—FIANYƆNU DZINƆAMEƑOTƆ
  • “MILÉ DZI ÐE ƑO”
  • “LÉ DZI ÐE ƑO!”
  • “Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Dzi Ate Ŋu Anɔ Ƒowò
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • “Milé Dzi Ðe Ƒo, Eye Misẽ Ŋu!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 2/15 axa 10-14

“Lé Dzi Ðe Ƒo, Eye Nàsẽ Ŋu Vevie”

“Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu vevie . . . Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò.”—YOS. 1:7-9.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

Mɔ kawo nue Henox kple Noa ɖe dzinɔameƒo fia le?

Aleke nyɔnu siwo nɔ anyi le blema la dometɔ aɖewo ɖo xɔse kple dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

Dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu siwo ɖeviwo ɖo ɖi la dometɔ kae wɔ dɔ ɖe dziwò?

1, 2. (a) Nu kae míehiãna ɣeaɖewoɣi be míate ŋu ayi edzi awɔ nu si le eteƒe le míaƒe agbenɔnɔ me? (b) Nu kawo me dzro ge míala le nyati sia me?

DZINƆAMEƑO to vovo sãsãsã na vɔvɔ̃ kple ŋukpe. Míate ŋu abu dzinɔameƒotɔ be enye ame sesẽ kple kalẽtɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, nu si tae míehiãa dzinɔameƒo koe nye be míate ŋu ayi edzi awɔ nu si le eteƒe le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe.

2 Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ aɖewo nɔ te sesĩe vɔvɔ̃manɔmee le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔ me. Wo dometɔ bubuwo nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siwo Yehowa subɔlawo doa goe gbe sia gbe la nu dzinɔameƒotɔe. Nu kae míate nu asrɔ̃ tso dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la me? Aleke míate ŋu awɔ be dzi nanɔ mía ƒo?

ÐASEFO DZINƆAMEƑOTƆ SIWO NƆ XEXE MAVƆ̃MAWU AÐE ME

3. Nya kae Henox gblɔ ɖi ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ŋu?

3 Ehiã be dzi nanɔ ame ƒo hafi wòate ŋu anye Yehowa ƒe ɖasefo le ame vɔ̃ɖi siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa la dome. Ke hã Henox, “ame si nye adrelia tso Adam dzi” la, gblɔ nyagblɔɖigbedeasi sia dzinɔameƒotɔe be: “Kpɔ ɖa! Yehowa va kple eƒe aʋakɔ kɔkɔe akpeakpewo, be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo katã, eye yeabu fɔ ame mavɔ̃mawuwo katã le woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃nuwɔna siwo wowɔ le mawumavɔ̃mavɔ̃ me, kple nya baɖa siwo katã nu vɔ̃ wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ tso eŋuti, la ta.” (Yuda 14, 15) Henox gblɔ nya la abe ɖe wòdzɔ xoxo ene, elabena eka ɖe edzi be nyagblɔɖia ava eme godoo. Eye ame mavɔ̃mawuwo tsrɔ̃ le xexea me katã ƒe tsiɖɔɖɔ aɖe me vavã!

4. Nɔnɔme kawoe nɔ edzi yim hafi Noa te ŋu “zɔ kple Mawu”?

4 Tsiɖɔɖɔa va le ƒe 2370 D.M.Ŋ. me, si nye ƒe 650 kple edzivɔ le Henox ƒe nyagblɔɖidɔa wɔwɔ megbe. Tso Henox ƒe ku megbe va ɖo Tsiɖɔɖɔa dzi la, wodzi Noa, eya hã dzi viwo, eye woa kple viaŋutsuwo wokpa aɖakaʋua. Mawudɔla vɔ̃ɖiwo do amegbetɔ ƒe ŋutilã, wodɔ kple nyɔnu dzetugbewo, eye wodzi ame dzɔtsu siwo nye Nefilimwo. Gawu la, amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ eye ŋutasesẽ xɔ anyigba la dzi. (1 Mose 6:1-5, 9, 11) Togbɔ be nɔnɔmeawo nɔ alea hã la, “Noa zɔ kple Mawu” eye wòɖi ɖase na amewo dzinɔameƒotɔe abe “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ene. (Mixlẽ 2 Petro 2:4, 5.) Míehiã dzinɔameƒo ma tɔgbi le ŋkeke mamlɛ siawo me.

WOÐE XƆSE KPLE DZINƆAMEƑO FIA

5. Aleke Mose ɖe xɔse kple dzinɔameƒo fiae?

5 Mose ɖo xɔse kple dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu ɖi. (Heb. 11:24-27) Tso ƒe 1513 va se ɖe ƒe 1473 D.M.Ŋ. me la, Mawu zã Mose wòɖe Israel viwo tso Egipte eye wòkplɔ wo le gbea dzi. Mose susui be ŋutete mele ye si hena dɔdeasi sia wɔwɔ o, gake elɔ̃ xɔe. (2 Mose 6:12) Eya kple nɔviaŋutsu, Aron, wodo ɖe Egipte fia Farao ŋutasẽla la ŋkume enuenu, eye wona wònya Fuwuame Ewo siwo Yehowa tsɔ do vlo Egipte mawuwo heɖe Eƒe dukɔa la. (2 Mose, ta 7-12) Mose ɖe xɔse kple dzinɔameƒo fia le esi Mawu nɔ megbe nɛ ɣesiaɣi ta, abe ale si ko wòle le míawo hã gome egbea ene.—5 Mose 33:27.

6. Ne eva dzɔ be dziɖuɖumegãwo bia gbe mí la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase na wo dzinɔameƒotɔe?

6 Ehiã be dzi nanɔ mía ƒo abe ale si dzi nɔ Mose ƒo ene, elabena Yesu gblɔ be: “Woakplɔ mi ayi nutomefiawo kple dufiawo ŋkume le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple dukɔwo. Gake ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o; elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me; elabena menye miawo koe le nu ƒom o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ lae le nu ƒom to mia dzi.” (Mat. 10:18-20) Ne eva dzɔ be dziɖuɖumegãwo bia gbe mí la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase na wo bubutɔe le xɔse me dzinɔameƒotɔe.—Mixlẽ Luka 12:11, 12.

7. Nu ka tae dzi nɔ Yosua ƒo eye wòkpɔ dzidzedze?

7 Mawu ƒe Se la sɔsrɔ̃ edziedzi do ŋusẽ Yosua, si va xɔ ɖe Mose teƒe la, ƒe xɔse eye wòna dzi ɖo eƒo geɖe wu. Le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me la, Israel viwo nɔ klalo na Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi. Mawu gblɔ na Yosua be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu vevie.” Ne Yosua wɔ ɖe Sea dzi la, awɔ nu le nunya me eye wòakpɔ dzidzedze. Mawu gblɔ nɛ be: ‘Ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò o. Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afi sia afi, si nàyi.’ (Yos. 1:7-9) Aleke gbegbee nya mawo anya do ŋusẽ Yosua enye esi! Mawu nɔ kplii vavã, elabena kaka ƒe 1467 D.M.Ŋ. naɖo la, woxɔ Ŋugbedodonyigba la ƒe akpa gãtɔ xoxo—esia fia be ƒe ade koe wotsɔ wɔ esiae.

NYƆNU SIWO WƆ NU DZINƆAMEƑOTƆE

8. Aleke Raxab ɖo xɔse kple dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí?

8 Tso blema ke la, nyɔnu geɖewo wɔ nu dzinɔameƒotɔe le Yehowa subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Raxab, si nye gbolo aɖe si nɔ Yerixo la, xɔ Mawu dzi se, eye wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòɣla ŋkutsala eve siwo Yosua dɔ ɖe dua me la; eyome efia mɔ bubu ame siwo dua me fia dɔ be woadi ŋkutsalaawo la. Wokpɔ eya kple eƒe ƒometɔwo ta esime Israel viwo xɔ Yerixo. Raxab ɖe asi le nu vɔ̃ gbe si nɔm wònɔ la ŋu, esubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòva zu Mesia la mama. (Yos. 2:1-6; 6:22, 23; Mat. 1:1, 5) Kpɔ ale si gbegbe woyrae ɖe eƒe xɔse kple dzinɔameƒo tae ɖa!

9. Aleke Debora, Barak, kple Yael siaa ɖe dzinɔameƒo fiae?

9 Le Yosua ƒe ku megbe le ƒe 1450 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Mawu ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo le Israel. Kanaan Fia Yabin te Israel viwo ɖe anyi ƒe 20 sɔŋ. Eye Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyɔnunyagblɔɖila Debora wògblɔ na Ʋɔnudrɔ̃la Barak be wòawɔ aʋa kple fia sia. Barak ƒo ŋutsu 10,000 nu ƒu ɖe Tabor Toa gbɔ, eye wonɔ klalo be yewoawɔ aʋa kple Yabin ƒe aʋafia Sisera. Sisera kpakple eƒe asrafowo va Kison tɔʋu la nu kple woƒe aʋatasiaɖam 900 la. Esi Israel viwo zɔ yi balia me la, Mawu na tsi ɖɔ enumake, eye anyigba zu ba finyafinya, si wɔe be Kanaantɔwo ƒe tasiaɖamawo mete ŋu nɔ zɔ ɖem o. Barak ƒe amewo ɖu dzi, eye “Sisera ƒe aʋakɔ blibo la tsi yi nu.” Sisera ŋutɔ di sitsoƒe le nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Yael, ƒe agbadɔ me, gake Yael wui esime wònɔ alɔ̃ dɔm. Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖinya siwo Debora gblɔ na Barak la, dziɖuɖua ƒe “bubu” la yi na Yael. Esi Debora, Barak, kple Yael siaa wɔ nu dzinɔameƒotɔe ta la, Israel “anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.” (Ʋɔn. 4:1-9, 14-22; 5:20, 21, 31) Mawuvɔ̃la geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ɖe xɔse kple dzinɔameƒo ma tɔgbi fia.

MÍAƑE NYAWO ATE ŊU ANA DZI NAÐO AME BUBUWO ƑO

10. Aleke míewɔ nya be míaƒe nyawo ate ŋu ana dzi naɖo ame bubuwo ƒo?

10 Nya siwo míegblɔna la ate ŋu ana dzi naɖo hati Yehowa subɔlawo ƒo. Le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Fia David gblɔ na via Salomo be: “Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye nàwɔe ade goe; mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, va se ɖe esime nàwu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!” (1 Kron. 28:20) Salomo wɔ nu dzinɔameƒotɔe, eye wòtu gbedoxɔ gã dzeani aɖe na Yehowa le Yerusalem.

11. Aleke nya siwo Israel nyɔnuvi aɖe gblɔ dzinɔameƒotɔe la kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋui?

11 Le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me la, nya siwo Israel nyɔnuvi aɖe gblɔ dzinɔameƒotɔe la zu yayra na anyidzela aɖe. Adzohawo lé nyɔnuvia eye wòzu Siriatɔwo ƒe aʋafia Naeman, si nye anyidzela, ƒe aƒemesubɔvi. Esi wònya nukunu siwo Yehowa wɔ to Elisa dzi ta la, egblɔ na Naeman srɔ̃ be, ne srɔ̃aŋutsua yi ɖe Israel la, Mawu ƒe nyagblɔɖila ada dɔ nɛ. Naeman yi Israel le nyɔnuvi la ƒe nya nu, woda dɔa nɛ nukutɔe, eye wòzu Yehowa subɔla. (2 Fia. 5:1-3, 10-17) Ne ɖevie nènye eye nèlɔ̃ Mawu abe nyɔnuvi sia ene la, Mawu ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò nàɖi ɖase na nufialawo, sukuhatiwo, kple ame bubuwo.

12. Dɔ kae Fia Xizkiya ƒe nyawo wɔ ɖe dukɔa dzi?

12 Le nɔnɔme sesẽwo me la, nya siwo ŋu míebu nyuie hafi gblɔ la ate ŋu ana dzi naɖo amewo ƒo. Esi Asiriatɔwo ho ɖe Yerusalem ŋu le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Fia Xizkiya gblɔ na dukɔa be: “Milé dzi ɖe ƒo, misẽ ŋu, eye migavɔ̃ o; Asur-fia kple ame gbogbo, siwo katã le eŋu la, megadzi ŋɔ na mi o, elabena ame si le mía dzi la, ƒo ame si le edzi la ta. Eya la amegbetɔ ƒe alɔe li kplii, ke míawo la Yehowa, mía Mawu lae, li kpli mí, ne wòakpe ɖe mía ŋu, eye wòawɔ míaƒe aʋawo.” Dɔ kae nya mawo wɔ ɖe dukɔa dzi? “Tete dukɔ la ɖo ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu”! (2 Kron. 32:7, 8) Nya mawo tɔgbi ate ŋu ana dzi naɖo míawo ŋutɔwo kple Kristotɔ bubuwo ƒo ne wole mía yome tim.

13. Dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu kae Fia Axab ƒe aƒedzikpɔla Obadiya ɖo ɖi na mí?

13 Ɣeaɖewoɣi la, míeɖea dzinɔameƒo fiana ne míeɣla nya. Le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me la, Fia Axab ƒe aƒedzikpɔla Obadiya wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi wòtsɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖila alafa ɖeka ɣla “ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃” ale be Fianyɔnu Izebel vɔ̃ɖi la nagana woawu wo o. (1 Fia. 18:4) Abe Mawu vɔ̃la Obadiya ene la, Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe siwo li egbea la kpɔa woƒe haxɔsetɔwo ta esi womenaa nyatakaka si dim yometilawo le la tso wo ŋu o ta.

ESTER—FIANYƆNU DZINƆAMEƑOTƆ

14, 15. Aleke Fianyɔnu Ester ɖe xɔse kple dzinɔameƒo fiae, eye nu kae do tso eme?

14 Fianyɔnu Ester ɖe xɔse kple dzinɔameƒo wɔnuku aɖe fia esime Haman vɔ̃ɖi la ɖo nugbe be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le Persia Fiaɖuƒea me, le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me. Eya ta mewɔ nuku o be wota akpanya eye wotsi nu dɔ, eye ɖikekemanɔmee la, wodo gbe ɖa tso dzi blibo me! (Est. 4:1-3) Fianyɔnu Ester xa nu vevie. Mardoxai, si nye tɔgãa ƒe vi la, tsɔ se si wode la ƒe agbalẽ yi nɛ, eye wòbia tso esi be wòayi ɖe fia la gbɔ aɖaɖe kuku ɖe nɔvia Yudatɔwo ta. Gake ɖoɖoae nye be, ne ame aɖe yi fia la gbɔ evɔ womeyɔe hafi o la, woawui.—Est. 4:4-11.

15 Ke hã Mardoxai gblɔ na Ester be: ‘Ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubu aɖe ava na Yudatɔwo. Ðewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.’ Ester gblɔ na Mardoxai be wòaƒo Yudatɔ siwo le Susa la nu ƒu be woatsi nu adɔ ɖe ye ta. Egblɔ be: ‘Nye hã matsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!’ (Est. 4:12-17) Ester wɔ nu dzinɔameƒotɔe, eye Biblia gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la ɖee fia be Mawu ɖe Eƒe amewo. Le míaƒe ŋkekea me la, Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ siwo ɖe adzɔgbe na Mawu la hã wɔa nu dzinɔameƒotɔe alea le dodokpɔwo me—eye ‘Gbedodoɖasela’ la kpena ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.—Mixlẽ Psalmo 65:3; 118:6.

“MILÉ DZI ÐE ƑO”

16. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na ɖevi siwo le mía dome?

16 Ɣeaɖeɣi, le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me, esime Yesu xɔ ƒe 12 la, “wokpɔe le gbedoxɔa me wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialawo dome, eye wònɔ to ɖom wo henɔ nyawo biam wo.” Gakpe ɖe eŋu la, “eƒe nugɔmesese kple eƒe nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na ame siwo katã nɔ to ɖomee.” (Luka 2:41-50) Togbɔ be ɖevi ko Yesu nye hã la, xɔse kple dzideƒo nɔ esi ale gbegbe be wòte ŋu bia nya ame tsitsi siwo nye nufialawo le gbedoxɔa me. Ne ɖevi siwo le Kristo hamea me la ɖoa ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋua dzi la, woawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi na wo la ŋu dɔ atsɔ ‘aʋli mɔkpɔkpɔ si le wo si la ta le ame sia ame si abia nya wo tso eŋu la ŋkume.’—1 Pet. 3:15.

17. Nu ka tae Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woalé dzi ɖe ƒo,’ eye nu ka tae wòhiã be míawɔ nu dzinɔameƒotɔe?

17 Yesu de dzi ƒo na ame bubuwo be ‘woalé dzi ɖe ƒo.’ (Mat. 9:2, 22) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Kpɔ ɖa! Gaƒoƒo la gbɔna, ɛ̃, ede vɔ hã, esime woaka mi ahlẽ, eye ame sia ame ayi eƒe aƒe me, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi; ke hã, menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kplim. Megblɔ nya siawo na mi, bene miato dzinye akpɔ ŋutifafa. Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Meɖu xexea dzi.” (Yoh. 16:32, 33) Xexea léa fu míawo hã egbea abe ale si wòlé fu Yesu yomedzela gbãtɔwo ene, gake migana míasrɔ̃ xexea o. Ne míedea ŋugble le dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Mawu ƒe Vi la ɖo ɖi na mí ŋu la, ate ŋu ana dzi nanɔ mía ƒo be míanɔ anyi ɖimaƒomaƒoe tso xexea me. Eɖu xexea dzi, eye míawo hã míate ŋui.—Yoh. 17:16; Yak. 1:27.

“LÉ DZI ÐE ƑO!”

18, 19. Aleke apostolo Paulo ɖe xɔse kple dzinɔameƒo fiae?

18 Apostolo Paulo do dzi le dodokpɔ geɖewo me. Ɣeaɖeɣi la, ne menye Roma asrafowoe va xɔ nɛ o la, anye ne Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem la wui. Gake le zã me la, “Aƒetɔ la va tsi tsitre ɖe egbɔ, eye wògblɔ [nɛ] be: ‘Lé dzi ɖe ƒo! Elabena ale si nèle ɖase ɖim tsitotsito tso ŋunye le Yerusalem la, nenema kee wòle be nàɖi ɖase le Roma hã.’” (Dɔw. 23:11) Nu ma tututue Paulo wɔ.

19 Paulo ka mo na yeaɖi “apostolo deŋgɔ” siwo di be yewoagblẽ nu le Korinto hamea ŋu la vɔvɔ̃manɔmee. (2 Kor. 11:5; 12:11) To vovo na wo la, Paulo ya te ŋu fia asi nu siwo ɖee fia be enye apostolo la—gaxɔmenɔnɔ, ƒoƒo, mɔzɔzɔ siwo me afɔku le, kple xaxa bubuwo; dɔ wui, tsikɔ wui, etsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wòtsi dzi vevie le haxɔsetɔwo hã ta. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 11:23-28.) Xɔse kple dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu ka gbegbee nye esi! Esia katã ɖo kpe edzi be Mawue do ŋusẽe.

20, 21. (a) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ele be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu ato nɔnɔme sesẽwo me. (b) Nɔnɔme vovovo kawo mee míahiã dzideƒo le, eye kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?

20 Menye Kristotɔwo katãe ato yometiti sesẽwo me o. Ke hã ele be mí katã míalé dzi ɖe ƒo be míate ŋu ato nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me: Ðekakpui aɖe si le Brazil la nɔ gbevuviwo ƒe ha aɖe me. Esi wòte Biblia sɔsrɔ̃ la, ekpɔe be ehiã be yeado le haa me, evɔ zi geɖe la, ne ame aɖe di be yeado le ha ma me la, wowunɛ. Edo gbe ɖa le nyaa ŋu, eye wòzã ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe nu si tae magate ŋu anɔ haa me o la me na woƒe amegã. Woɖe asi le ɖekakpuia ŋu, eye womewɔ nu vevi aɖekee o, eye wòzu Fiaɖuƒegbeƒãɖela.

21 Míehiãa dzideƒo le nɔnɔme vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be dzi nanɔ mía ƒo hafi míate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia. Sɔhɛ Kristotɔwo hiã dzideƒo be woate ŋu ayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le suku. Ebia dzinɔameƒo hã be míabia mɔ le dɔ me be míade míaƒe takpekpewo ƒe ŋkekeawo katã. Gake kuxi ka kee ɖadze ŋgɔ mí o, Yehowa ase ‘gbe siwo míado ɖa le xɔse me la.’ (Yak. 5:15) Eye kakaɖedzitɔe la, ate ŋu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be míate ŋu ‘alé dzi ɖe ƒo, eye míasẽ ŋu vevie’!

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Henox ɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe le xexe mavɔ̃mawu aɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yael sẽ ŋu eye wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe