Ŋubiabiã—Nɔnɔme Aɖe Si Ate Ŋu Agblẽ Míaƒe Susu
Napoleon Bonaparte biã ŋu. Julius Caesar biã ŋu. Eye Aleksanda Gãtɔ hã biã ŋu. Togbɔ be ŋutsu siawo kpɔ ŋusẽ geɖe eye wodea bubu wo ŋu hã la, nɔnɔme aɖe, si ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe susu ŋu la, nɔ wo me. Ɛ̃, wo ame etɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe biã ŋu ame aɖe.
Eŋlisiawo ƒe xexemenunyala Bertrand Russell ŋlɔ bena: “Napoleon biã ŋu Caesar, Caesar biã ŋu Aleksanda [Gãtɔ], eye mexɔe se be Aleksanda biã ŋu Hercules, si menye ame ŋutɔŋutɔ si nɔ anyi kpɔ o.” Aleke kee ame aɖe ɖakpɔ gae o, nɔnɔme nyui ka kee ɖale esi o, eye aleke kee wòɖakpɔ dzidzedze le agbe me o, ate ŋu abiã ŋu ame bubuwo.
Ŋubiabiã nye fuléle ame bubuwo ɖe woƒe nunɔamesiwo, dzidzedzekpɔkpɔ, mɔnukpɔkpɔwo, kple bubuawo ta. Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe ɖe vovototo si le ŋubiabiã kple ŋuʋaʋã dome la me ale: “‘Ŋuʋaʋã’ . . . nye didi be nu si le ame aɖe si la nasu ye hã ye si, eye nya ‘ŋubiabiã’ ya fiaa didi be yeaxɔ nu si nye ame aɖe tɔ la le esi.” Menye ɖeko ŋubiãla ʋãa ŋu nu si le ame bubuwo si ko evɔ o, ke edina be yeaxɔe le wo si hã.
Nunya le eme be míadzro ale si wòate ŋu adzɔe be míava nɔ ŋu biãm ame bubuwo kple nu gbegblẽ siwo dona tso eme la me. Eye ehiã vevie ŋutɔ be míanya afɔ siwo wòle be míaɖe atsɔ akpɔ egbɔ be ŋubiabiã nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o.
NƆNƆME AÐE SI ATE ŊU AƑLƆ DZO ÐE ŊUBIABIÃ TE
Togbɔ be ‘ŋubiabiã ƒe didi’ le amegbetɔ madeblibowo me hã la, nu vovovowo ate ŋu aƒlɔ dzo ɖe ete ahana didi sia nu nagasẽ ɖe edzi. (Yak. 4:5) Apostolo Paulo de dzesi wo dometɔ ɖeka esime wòŋlɔ bena: “Migana míazu ame siwo dia bubu dzodzro, ʋlia ho kple wo nɔewo, biãa ŋu wo nɔewo o.” (Gal. 5:26) Hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ ate ŋu ana míaƒe blibomademade ƒe nɔnɔme si nye ŋubiabiã la naganyra ɖe edzi. Kristotɔ eve aɖewo siwo ŋkɔwoe nye Cristina kple Joséa la kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii.
Cristina, si nye gbesiagbe mɔɖela la, gblɔ be: “Zi geɖe la, kaka manya la, meva nɔa ŋu biãm ame bubuwo. Metsɔa ɖokuinye nɔa sɔsɔm kpli wo hekpɔnɛ be nanewo le wo si siwo mele nye ya asinye o.” Gbe ɖeka la, Cristina kpakple atsu kple asi aɖe siwo si mɔnukpɔkpɔ su wole mɔzɔzɔdɔa wɔm la le nu ɖum ɖekae. Esi Cristina nyae be ƒe ɖekae ye kple ye srɔ̃ Eric, kpakple dzikpɔla mɔzɔlaa kple srɔ̃a siaa yewoxɔ eye subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ɖeka tɔgbi su yewo si kpɔ ta la, Cristina gblɔ be: “Hamemetsitsie srɔ̃nye hã nyee! Ke nu ka tae miawo miele subɔsubɔm le mɔzɔzɔdɔa me eye mɔnukpɔkpɔ aɖeke mesu míawo ya si o?” Hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ ƒlɔ dzo ɖe ŋubiabiã te le eme, egbã ŋku nɛ be mete ŋu kpɔ dɔ nyui si wɔm woa kple srɔ̃aŋutsua wole la dze sii o, eye esia wɔe be nu si le wo si la medze eŋu o.
José di be yeasubɔ abe subɔsubɔdɔwɔla ene le hamea me. Esi woɖo ame bubuwo subɔsubɔdɔwɔlawoe gake womeɖo eya o la, eva nɔ ŋu biãm woamawo eye hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔlaa ƒe nu va nɔ dɔme vem nɛ. José ʋu eme be: “Ŋubiabiã na meva lé fu nɔviŋutsu sia eye mesusuna be medi be woaɖom subɔsubɔdɔwɔlae o. Ne ŋubiabiã ƒe asi su dziwò la, àva zu ɖokuitɔdila eye màganɔ nuwo ŋu bum nyuie o.”
NUFIAME SIWO LE ŊƆŊLƆAWO ME KPƆÐEŊUWO ME NA MÍ
Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me. (1 Kor. 10:11) Wo dometɔ aɖewo ɖe ale si ŋubiabiã dzea egɔme heƒoa ke ɖe to ɖe ame me la fia. Woɖee fia hã be, ne ame aɖe ɖe mɔ ŋubiabiã kpɔ ŋusẽ ɖe edzi bliboe la, ate ŋu asii abe aɖi wuame ene.
Le kpɔɖeŋu me, Adam kple Xawa ƒe ŋgɔgbevi, Kain, do dziku esi Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe vɔsaa ŋu eye mekpɔ ŋudzedze ɖe etɔa ŋu o. Kain ate ŋu aɖɔ nɔnɔmea ɖo ahawɔ nu nyui hafi, gake ŋubiabiã gbã ŋku nɛ ale gbegbe be wòwu nɔvia. (1 Mose 4:4-8) Mewɔ nuku o be Biblia gblɔ tso Kain ŋu be ‘etso vɔ̃ɖitɔ, Satana, me’!—1 Yoh. 3:12.
Yosef nɔviŋutsu ewoawo biã ŋu ƒomedodo tɔxɛ si nɔ Yosef kple fofoa dome la. Woƒe fuléle eyama nu gasẽ ɖe edzi esi wòlĩ drɔ̃e siwo wòku, siwo nye nyagblɔɖi, la na wo. Wodi kura gɔ̃ hã be yewoawui. Mlɔeba la, wodzrae kluvie eye woble wo fofo tagbɔsesẽtɔe wòxɔe se be Yosef ku. (1 Mose 37:4-11, 23-28, 31-33) Ƒe geɖe megbe la, wova lɔ̃ ɖe woƒe nu vɔ̃a dzi henɔ gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Nyateƒe, mía nɔvi tae nu sia va mía dzi ɖo; elabena esi míekpɔ, ale si dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko na mí la, míedo tokui!”—1 Mose 42:21; 50:15-19.
Le Korax, Datan, kple Abiram gome la, ŋubiabiã ge ɖe wo me esi wotsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si nɔ wo si la nɔ sɔsɔm kple Mose kple Aron tɔwo. Wotso Mose nu be ‘ele amegã ɖum’ ɖe dukɔ la dzi eye wòle eɖokui dom ɖe edzi akpa. (4 Mose 16:13) Gake esia menye nyateƒe o. (4 Mose 11:14, 15) Yehowa ŋutɔe ɖo Mose dukɔa nu. Gake aglãdzela siawo nɔ ŋu biãm ɖoƒe si Mose nɔ la. Mlɔeba la, woƒe ŋubiabiã na Yehowa ŋutɔ tsrɔ̃ wo ɖa.—Ps. 106:16, 17.
Fia Salomo kpɔ nu gbegblẽ si gbegbe ŋubiabiã ate ŋu ana amewo nawɔ la teƒe. Nyɔnu aɖe si ƒe vidzĩ ku la dze agbagba be yeaflu yeƒe zɔhɛ wòasusu be via boŋ ye ku. Eyome esi wonɔ nyaa drɔ̃m la, nyɔnu alakpatɔ la lɔ̃ be woawu ɖevi gbagbe la. Ke hã Salomo kpɔ egbɔ be wotsɔ ɖevia na dadaa si dzii la.—1 Fia. 3:16-27.
Ŋubiabiã ate ŋu agblẽ nu ale gbegbe. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo me míedzro la ɖee fia be ate ŋu ahe fuléle, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, kple amewuwu avae. Gakpe ɖe eŋu la, menye ɖe ame si wole ŋu biãmee la wɔ nane si tae wòdze be woawɔ nu ɖe eŋu vɔ̃ɖitɔe nenema ɖo o. Ðe nane li míawɔ be ŋubiabiã nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi oa? Afɔ kawoe míate ŋu aɖe atsɔ axe mɔ ɖe ŋubiabiã nu?
MƆ VEVI SIWO DZI MÍATO AXE MƆ ÐE ŊUBIABIÃ NU!
Tu lɔlɔ̃ kple nɔvilɔlɔ̃ ɖo. Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Azɔ esi miekɔ miaƒe luʋɔwo ŋu to miaƒe toɖoɖo nyateƒea me, si wɔe be nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o va le mia dome la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.” (1 Pet. 1:22) Ke nu kae lɔlɔ̃ nye? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o.” (1 Kor. 13:4, 5) Ne míelɔ̃ amewo alea tso dzi me la, ɖe maxe mɔ ɖe ŋubiabiã ƒe didi si le mía me la nu oa? (1 Pet. 2:1) Yonatan mebiã ŋu David o, ke boŋ ‘elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.’—1 Sam. 18:1.
De ha kple mawuvɔ̃lawo. Ame si kpa Psalmo 73 lia la biã ŋu ame vɔ̃ɖi siwo nu dzea edzi na eye wòdze abe womekpea fu aɖeke o ene la. Gake eɖu ŋubiabiã si nɔ eme la dzi esi wòyi ɖe “Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.” (Ps. 73:3-5, 17) Hadede kple hati tadeagulawo kpe ɖe hakpala la ŋu wòkpɔ yayra siwo wòkpɔna tso ‘Mawu gbɔ nɔnɔ me’ la dze sii. (Ps. 73:28) Hadede kple haxɔsetɔwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me edziedzi ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.
Dze agbagba nàwɔ nyui. Esi Mawu kpɔ ŋubiabiã kple fuléle si xɔ Kain ƒe dzi me la, egblɔ nɛ be ‘wòatrɔ ahawɔ nyui.’ (1 Mose 4:7) Nu kae wòfia be Kristotɔ ‘nawɔ nyui’? Yesu gblɔ be ele be ‘míalɔ̃ Yehowa mía Mawu kple míaƒe dzi blibo kple míaƒe luʋɔ blibo kple míaƒe tamesusu blibo eye míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene.’ (Mat. 22:37-39) Dzidzɔ si míekpɔna ne míena Yehowa subɔsubɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu nye nu vevitɔ le míaƒe agbe me la xea mɔ na ŋubiabiã ƒe didi si le mía me la. Ne míekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me bliboe la, esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona subɔa Mawu kple mía haviwo, eye esia ana míakpɔ “Yehowa ƒe yayra.”—Lod. 10:22.
‘Kpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.’ (Rom. 12:15) Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me la, ekpɔ dzidzɔ kpli wo eye wògblɔ na wo be woawɔ dɔ siwo lolo wu esiwo yewɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Luka 10:17, 21; Yoh. 14:12) Mí Yehowa subɔlawo míewɔ ɖeka; eya ta ne mía dometɔ aɖe kpɔ dzidzedze la, enyea yayra na mí katã. (1 Kor. 12:25, 26) Eya ta ne mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su mía nɔvi aɖewo si la, mele be wòabiã ŋu na mí o, ke ele be wòado dzidzɔ na mí boŋ.
MELE BƆBƆE BE MÍAÐU ŊUBIABIÃ DZI O!
Ele be míayi aʋa si wɔm míele kple ŋubiabiã la dzi ɖaa. Cristina lɔ̃ ɖe edzi be: “Ŋubiabiã ƒe didi sẽŋu aɖe gakpɔtɔ le menye kokoko. Togbɔ be melé fui hã la, seselelãmea gakpɔtɔ li, eye ele nam be manɔ enu lém ɖaa.” Nenemae wòle le José hã gome. Egblɔ be: “Yehowa kpe ɖe ŋunye mekpɔ nɔnɔme nyui siwo le hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔlaa si la dze sii. Ƒomedodo nyui si le mía kple Mawu dome la kpe ɖe ŋunye ale gbegbe.”
Ŋubiabiã nye “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dometɔ ɖeka si wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ aʋa kplii. (Gal. 5:19-21) Ne míeɖe mɔ ŋubiabiã kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me eye Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]
‘Kpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm’