Amesi Nye Ŋubiãla
NYA ɖeka koe le Hebrigbe me si gɔme woɖena be “ŋuʋaʋã.” Ne wole nu ƒom tso nuvɔ̃wɔlawo ŋuti la, woɖea Hebrigbe me nya la gɔme be “ŋubiabiã” alo “ŋuʋaʋã.” (Mose I, 26:14; Nyagblɔla 4:4) Gake menye Helagbe me nya ɖeka koe li si gɔme woɖena be “ŋuʋaʋã” o. Nya zeʹlos kple esi sɔ kpli le Hebrigbe me fia asi ŋuʋaʋã nyuitɔ kple vɔ̃ɖitɔa siaa. Woɖea Helagbe me nya bubu, phthoʹnos, gɔme koŋ be ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi. Woɖea egɔme ɣesiaɣi le New World Translation me be “ŋubiabiã.”
Aleke wozã nya phthoʹnos le blema Helagbe mee? The Anchor Bible Dictionary gblɔ be: “Amesi me phthonos le mele abe ŋuklẽla ene o, eya medina be nusi le ame bubu si la nasu ye si kokoko o; ɖeko medina be nu mawo nasu ame kemea si o. Eto vovo na hoʋlila elabena menye eya ƒe taɖodzinue nye be wòasu ye si abe alesi hoʋlila ya dina ene o, ke boŋ be yeaxe mɔ na ame bubuwo be wòagasu wo si o.”
Zi geɖe la, amesi nye ŋubiãla medea dzesii be ye ŋutɔ yeƒe nuwɔnae hea yeƒe kuxiawo vɛ o. Nyagɔmeɖegbalẽ ma ke ɖe eme be: “Nusiwo na phthonos to vovo dometɔ ɖekae nye be amea ŋutɔ medzea sii o. Ne wobia amesi me phthoneros le be wòaɖe eƒe nɔnɔmea nu la, agblɔ na eɖokui kple ame bubuwo be amesiwo ŋu yetsia tre ɖo la dze nɛ, eye be nu madzɔmadzɔ si wowɔ lae ʋã ye be yeaƒo nu tsi tre ɖe wo ŋu. Ne wobiae nusitae wòle nu ƒom le xɔlɔ̃a ŋu nenema la, agblɔ be eƒe nyonyo tae.”
Nyanyuigbalẽŋlɔla siwo nye Mateo kple Marko zã Helagbe me nya phthoʹnos tsɔ ɖɔ nusi ʋã amesiwo wu Yesu. (Mateo 27:18; Marko 15:10) Ẽ, ŋubiabiãe na wowɔe. Seselelãme gbegblẽ sia kee na xɔsegbelawo va léa fu amesiwo nye wo nɔviwo tsã la vɔ̃ɖitɔe. (Timoteo I, 6:3-5) Mewɔ nuku o be ŋubiãlawo mayi Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me o! Yehowa de se be amesiwo yi edzi yɔ ‘fũ kple ŋubiabiã’ la, “wodze ku.”—Romatɔwo 1:29, 32; Galatiatɔwo 5:21.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Mègana ŋubiabiã nagblẽ wò agbe dome o