INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 3/15 axa 3-6
  • “Vivisese Le Wò Nuɖusi Me Tegbee”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Vivisese Le Wò Nuɖusi Me Tegbee”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MƆÐEÐEDƆA WƆWƆ
  • MÍEWƆ DƆ GEÐE LE MƆZƆZƆDƆA ME
  • SUBƆSUBƆ LE BETEL
  • TƆTRƆ BUBU—UKRAINE
  • NUWO TRƆ KPATA
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Nusi Wòle Be Míawɔ Koe Míewɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðe Esia Ate Ŋu Anye Agbemedɔ Nyuitɔ Kekeake na Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Wole Ame Sia Ame Kpem!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 3/15 axa 3-6

Agbemeŋutinya

“Vivisese Le Wò Nuɖusi Me Tegbee”

Abe ale si Lois Didur gblɔe ene

‘Ne ɖe menya la, anye ne nyemewɔ tiatia sia o.’ Zi nenie nègblɔ nya sia tɔgbi le wò agbe me kpɔ? Enyo, mele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 50 ye nye esia, gake nyemese veve aɖeke le esi metiae be manɔ Yehowa ƒe nuɖusi me ta o. Mina magblɔ nu si tae la na mi.

WODZIM le ƒe 1939 me, eye mía kple nɔvinyenyɔnu ene kpakple nɔvinyeŋutsu ɖeka míetsi le Saskatchewan, si nye kɔƒenuto aɖe, si le Canada la me. Agbenɔnɔ le agbleta afi ma vivi ŋutɔ. Gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefowo va mía ƒe me eye esi wonɔ nu ƒom na fofonye la, mebia wo be ŋkɔ le Mawu si hã. Wotsɔ ŋkɔ Yehowa fia mí le Psalmo 83:19. Esia ʋãm medi be manya nu geɖe tso Mawu kple eƒe Nya la ŋu.

Ɣeyiɣi mawo me la, ɖevi siwo le agblekɔƒewo me la dea suku siwo wotuna wonyea sukuxɔ ɖeka pɛ ko la, tso xɔ ɖeka va se ɖe sekɛndrisuku (kɔledzi). Wodoa sɔ alo toa afɔ kilometa geɖewo yia sukua. Ƒome siwo le nutoa me lae naa xɔ nufiala la ɖe wo nɔewo yome, eye wokpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ. Le ƒe aɖe me la, eva ɖo dzinyelawo dzi be woana xɔ nufiala yeye aɖe si ŋkɔe nye John Didur.

Nyemenya kura be nufiala sia hã tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me vevie o. Gbe ɖeka la, menɔ kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖu kple dziɖuɖu si me nuwo katã nyea dziɖuɖua tɔ, siwo ta fofonye ʋlina ɣemaɣi, la kafum na nufiala la. John ɖo eŋu nam kple gbe blewu be: “Gome mele amegbetɔ aɖeke si be wòaɖu amegbetɔ bubuwo dzi o. Mawu ɖeka ko sie gome ma le.” Esia na míeɖo dze vivi geɖe.

Esi wònye be ƒe 1931 mee wodzi John ta la, ese nɔnɔme sesẽ siwo aʋawɔwɔ he vae la ŋuti nya. Esi Korea Ʋaa dze egɔme le ƒe 1950 me la, ebia nya subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖe ku ɖe woƒe nudede aʋaa me ŋu. Wo katã wogblɔ be esɔ be Kristotɔwo nakpɔ gome le aʋawɔwɔ me. Emegbe la, ebia nya ma ke Yehowa Ðasefowo hã. Wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ fia nyametsotso si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ku ɖe aʋawɔwɔ ŋu lae. John xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, nye hã mexɔ nyɔnyrɔ. Mí ame evea siaa míekpɔe be mí katã míedi be míasubɔ Yehowa kple míaƒe ŋusẽ blibo le míaƒe agbe me katã. (Ps. 37:3, 4) Eya ta le July 1957 me la, mía kple John míeɖe mía nɔewo.

Ƒe sia ƒe kloe la, míaƒe srɔ̃ɖezã dzea míaƒe takpekpeŋkeke dzi. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be míenɔa ame akpe geɖe siwo dea bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu la dome. Ƒe 1958 mee míede míaƒe dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ. Mí ame atɔ̃ míetsɔ ʋu tso Saskatchewan hedze mɔ yina New York City. Míezɔ mɔa kwasiɖa ɖeka, míekua ʋua le ŋkeke me, eye míemlɔa avɔgbadɔ me le zã me. Bu ale si gbegbe wòwɔ nuku na mí esi nɔviŋutsu aɖe si míedo go le Bethlehem, Pennsylvania, la kpe mí be míava mlɔ yeƒe ƒomea ƒe aƒe me zã ma me ŋu kpɔ! Ale si wòtso le eɖokui si nyo dɔme na mí la kpe ɖe mía ŋu be míenɔ dzadzɛe eye míeƒo ɖi hafi va ɖo New York City o. Takpekpe gã nyadri ma na míekpɔ ale si gbegbe dzidzɔ gã manyagblɔ aɖe le Yehowa subɔsubɔ me la dze sii! Abe ale si hakpalaa gblɔe ene la, “vivisese le [Yehowa ƒe] nuɖusi me tegbee.”—Ps. 16:11.

MƆÐEÐEDƆA WƆWƆ

Ƒe ɖeka megbe, le ƒe 1959 me la, míezu mɔɖelawo, eye míenɔ kekexɔ aɖe me le togbɛ gbadzaa aɖe, si le Saskatchewan la, tame. Ne ame aɖe tɔ ɖe togbɛa tame la, ate ŋu akpɔ didiƒe ʋĩi kilometa geɖewo, eye míaƒe anyigbamamaa lɔ nuto mawo ƒe akpa aɖewo ɖe eme.

Gbe ɖeka la, míexɔ lɛta dodzidzɔname aɖe tso alɔdzedɔwɔƒea. Meɖe abla yi ɖe John gbɔ le afi si wònɔ dɔ wɔm le anyigbadzobomɔ̃ aɖe ŋu le. Womia asi mí le lɛtaa me be míava zu mɔɖela veviwo le Red Lake, Ontario. Esi míenya afi si teƒe ma le o ta la, míeɖe anyigbatatawo ɖe go enumake be míakpɔ afi si wòle ɖa.

Esi míeva ɖo teƒea la, eto vovo na agbleta si míenɔ la kura! Avetsu gãgãwo kple du sue siwo wotso ɖe sikakuƒewo gbɔ la sɔ gbɔ ɖe afi sia. Esi míele xɔ dim le ŋkeke gbãtɔa dzi la, nyɔnuvi sue aɖe se dze si ɖom míele kple woƒe aƒelika aɖe. Eƒu du yi ɖagblɔe na dadaa be míele xɔ dim, eye dadaa na dzeƒe mí zã ma me dɔmenyotɔe. Aba si dzi míemlɔ la nɔ xɔ ƒoɖi aɖe me. Esi ŋu ke la, míekpɔ atixɔ aɖe si me xɔdɔme eve le, si me pɔmpi mele o, eye xɔmenu aɖeke hã mele eme o, negbe gamlekpui aɖe si me wodoa nakedzo le wònaa dzoxɔxɔ la ko. Míeyi ɖaƒle nu ʋɛ aɖewo le fiase aɖe si me wodzraa nu siwo wozã kpɔtɔ le la me, eye eteƒe medidi o, míaƒe dzi dze eme.

Hame aɖeke metsɔ ɖe mía gbɔ o; afi si míakpɔ hame aɖe le la gbɔ didi wu kilometa 209. Dɔwɔla siwo le sikakuƒea la dometɔ geɖe tso Europa, eye wobia mí be míate ŋu akpɔ Biblia na yewo le yewo degbe me hã. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, Biblia nusrɔ̃vi dovevienu 30 sɔŋ su mía si. Ɣleti ade megbe la, míeɖo hame sue aɖe.

Nyɔnu aɖe si míenɔ nu srɔ̃m kplii la srɔ̃ŋutsu ƒo ka na eƒe nunɔla be wòava kpe ɖe ye srɔ̃a ŋu wòakpɔe be nu si srɔ̃m wònɔ la nye alakpanya. Esi nunɔlaa va la, egblɔ be ele be míanɔ Mawuɖekaetɔ̃ kple bubuawo fiam. Nyɔnua tsɔ woƒe Katoliko Biblia na nunɔlaa be wòatsɔ aɖo kpe nya si gblɔm wòle la dzi. Etsɔ Biblia ƒu gbe ɖe kplɔ̃a dzi sesĩe hegblɔ be mehiã be yeaɖo kpe naneke dzi o. Esi wòdzo yina la, egblɔ le Ukrainegbe me be woanya mí le aƒea me eye woagaɖe mɔ na mí míage ɖe eme ake gbeɖe o. Menya be John se Ukrainegbe o!

Esia megbe kpuie la, míeʋu le Red Lake, elabena John yina hehe xɔ ge be wòazu nutome sue dzikpɔla. Gake le ƒe ɖeka lɔƒo megbe, esi John nɔ nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo ƒom le nutome gã takpekpe aɖe me la, nyɔnua srɔ̃ hã nɔ nyɔnyrɔxɔlawo dome! Ale si nunɔla la wɔ nui gbe ma gbe la ʋãe be eya ŋutɔ hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

MÍEWƆ DƆ GEÐE LE MƆZƆZƆDƆA ME

Le míaƒe nutome sue dzikpɔkpɔ dɔa me la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su mía si míedze ƒome vovovowo gbɔ. Mía kple ame siwo ɖe mɔ míedze woƒe aƒewo me eye míewɔ nu sia nu ɖekae kpli wo la dome va nɔ kplikplikpli ŋutɔ. Ɣeaɖeɣi le vuvɔŋɔli aɖe la, míenɔ dziƒoxɔ aɖe si me naneke meli si ana dzoxɔxɔ mí o la me. Ŋdi kanya la, míesea nɔvinyɔnu tsitsia ŋkɔ wògena ɖe míaƒe xɔa me eye wòva doa dzo ɖe mlekpui sue aɖe me. Eteƒe medidina o, etrɔna gbɔna kple gagba aɖe si me tsi dzodzoe le la, ale be míate ŋu alé tsi ahadzra ɖo ɖe ŋkekea ŋu. Mesrɔ̃ nu geɖe tso ale si wòwɔa nu le tufafa kple ameŋububu me la me.

Mɔzɔzɔdɔa kpe ɖe ŋunye mete ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Nɔvinyɔnu aɖe nɔ du aɖe si me wokua tomenu le le Dziehe Ʋĩ ke la me, le nutome sue aɖe si le Alberta la me. Alekee Yehowa ƒe habɔbɔa bu nɔvinyɔnu saɖeaga ma? Ɣleti ade sia ɣleti ade la, míeɖoa yameʋu yina ɖasrãnɛ kpɔ kwasiɖa ɖeka hewɔa subɔsubɔdɔa kple kpekpeawo kplii, abe ale si ko míewɔnɛ na hame blibowo le dugã me ene. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa léa be na eƒe alẽvi ɖe sia ɖe.

Kadodo yi edzi nɔ mía kple ame siwo na dzeƒe mí la dometɔ geɖe dome. Esia ɖoa ŋku nunana gbãtɔ si John nam la dzi nam—enye aɖakago dzeani aɖe si yɔ kple lɛtaŋlɔgbalẽwo. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne míezã lɛtaŋlɔgbalẽ mawo tsɔ ŋlɔ lɛta ɖo ɖe mía xɔlɔ̃wo. Megadea asixɔxɔ lɛtago ma ŋu vevie ŋutɔ.

Esi míenɔ nutome sue aɖe subɔm le Toronto la, nɔviŋutsu aɖe ƒo ka na mí tso Canada Betel eye wòbia mí be míalɔ̃ ava subɔ le Betel hã. Ɣekaɣie wòdi be míana ŋuɖoɖoa ye? Egblɔ be: “Etsɔ, ne anya wɔ!” Míeɖo eŋu nɛ le ŋufɔke.

SUBƆSUBƆ LE BETEL

Ɣesiaɣi si míaƒe dɔdeasi trɔ la, míekpɔa vivisese si le Yehowa gbɔ la ƒe akpa vovovowo. Vivisese sia yi edzi esi míeyi Betel le ƒe 1977 me. Menye amesiamina aɖewo ƒe amenyenye vovovowo koe hadede kpli wo kpe ɖe mía ŋu míekpɔ o, ke míekpɔ ale si wodea bubu Mawu ƒe Nya la ŋui hã.

Agbenɔnɔ le Betel vivi. Le kpɔɖeŋu me, azɔ la, míaƒe awuwo nɔa drɔ̃wo me, ke menye mɔzɔkplo me o, eye míeva le hame ɖeka aɖe koŋ me. To vovo na dɔ si mewɔna le Betel la, ame siwo va tsa ɖi ge le Betel la kpɔkplɔ ɖi tsae doa dzidzɔ nam ɣesiaɣi. Meɖea dɔ siwo wɔm míele le Betel la me na wo, mesea nya siwo wogblɔna tso sasrãkpɔa ŋu, eye meɖoa woƒe nyabiasewo hã ŋu na wo.

Ƒewo va yi kabakaba, eye le ƒe 1997 me la, wokpe John be wòayi aɖade Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Ƒe Suku le Patterson, New York. Esia megbe la, wobia mí ne míadi be míaʋu ayi Ukraine. Wode dzi ƒo na mí be míabu eŋu nyuie ahado gbe ɖa tso eŋu. Hafi míayi anyimlɔƒe zã ma me la, míenyae be míalɔ̃ aʋu.

TƆTRƆ BUBU—UKRAINE

Míede dukɔwo dome takpekpe gã si wowɔ le St. Petersburg, Russia, le ƒe 1992 me, eye míede esi wowɔ le Kiev, Ukraine, le ƒe 1993 me hã. Takpekpe mawo na mía nɔvi siwo le Ɣedzeƒe Europa la ƒe nu va lé dzi na mí. Aƒe yeye si me míeʋu yi le Lviv, Ukraine, la nye dziƒoxɔ xoxo aɖe ƒe dzisasrã evelia. Aƒea ƒe fesreawo trɔ ɖe teƒe aɖe si abɔ sue aɖe si me koklotsu dzĩ gã aɖe kple koklonɔ gbogbo aɖewo le la. Ðeko wòle abe ɖe míegale Saskatchewan ƒe agbletawo ene. Mí ame 12 ye nɔ aƒe ma me. Ŋdi kanya ɖe sia ɖe la, wotsɔa ʋu kɔa mí toa dua me yia Betel míeɖawɔa dɔ.

Ŋusẽ kae Ukraine nɔnɔ kpɔ ɖe mía dzi? Ame siawo siwo to dodokpɔwo, mɔxeɖenuwo, kple gaxɔmenɔnɔwo me la dome nɔnɔ na míebɔbɔ mía ɖokui. Ke hã wogalé woƒe xɔse me ɖe asi sesĩe. Ne míekafu wo la, wogblɔna be, “Yehowa ye míewɔe na.” Womese le wo ɖokuiwo me kpɔ gbeɖe be Yehowa gblẽ yewo ɖi o. Egbea kura gɔ̃ hã la, ne èda akpe na ame aɖe ɖe dɔmenyonu aɖe si wòwɔ ta la, aɖo eŋu na wò be, “Da akpe na Yehowa boŋ.” Esia ɖenɛ fiana be wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye nu nyuiwo katã Dzɔtsoƒe.

Le Ukraine la, ame geɖe toa afɔ yia kpekpeawo, eya ta wokpɔa ɣeyiɣi ɖoa dze hedea dzi ƒo na wo nɔewo. Wozɔna gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ. Hame siwo wu 50 sɔŋ ye le Lviv dua me; eye wo dometɔ 21 zãa xɔ gã ɖeka si me Fiaɖuƒe Akpatawo sɔ gbɔ ɖo. Kwasiɖagbewo la, ne nɔviawo tɔ ka gbɔna kpekpeawo bibibi la, enya kpɔna ŋutɔ.

Medidi kura hafi míeɖe dzi ɖi le nɔvi fatu siawo siwo léa be na ame bubuwo vevie la dome o. Ne nya aɖe gɔmesese sesẽ nam le woƒe gbea me, abe ale si ko wògale nam fifia ene la, wogbɔa dzi ɖi blewuu nam. Woƒe dɔmenyonyo kple dzigbɔɖi la dzena le woƒe moɖoɖo me abe ale si ko wòdzena le woƒe nuƒoƒo me ene.

Mía nɔviwo ƒe kaka ɖe wo nɔewo dzi ƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖe dze le ƒe 2003 dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Kiev la me. Esi míeva tɔ ɖe tomeketekedzeƒe aɖe si amewo sɔa gbɔ ɖo fũu teti ko la, nyɔnuvi sue aɖe zɔ va mía gbɔ, eye wògblɔ na mí kple gbe blewu be, “Mebu. Nyemele mamanye kpɔm o.” Nyɔnuvi sue la kpɔ míaƒe akɔtagbalẽvia eye wòde dzesii be Ðasefowoe míenye. Dzi nɔ eƒo ŋutɔ eye mefa avi hã o. Nutome sue dzikpɔla aɖe srɔ̃ si hã nɔ eteƒe la kplɔ ɖevia yi ɖe Nu Bubúwo Daɖoƒe Kple Wo Diƒe Dɔwɔƒea le bɔlƒoƒe la lɔlɔ̃tɔe. Eteƒe medidi o, nyɔnuvia mamaa va kplɔe. Kakaɖedzi wɔnuku si nɔ nyɔnuvi sue sia si, togbɔ be enɔ ame akpe geɖewo dome hã wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.

Nɔviwo tso dukɔ geɖewo me va Ukraine le May 2001 me hena míaƒe alɔdzedɔwɔƒe yeyea ŋu kɔkɔ. Le nuƒo tɔxɛ si woƒo le bɔlƒoƒea le Kwasiɖagbe ŋdi megbe la, nɔvi akpe geɖewo zɔ bibibi to mɔdodoa dzi va ɖi tsa le Betel yeyea. Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi maŋlɔbegbeɖe aɖee wònye! Nɔvi siawo siwo wɔ nu le ɖoɖoezizi me henɔ ɖoɖo nu la kpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Nu sia na nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe vivisese si le Mawu subɔsubɔ me ŋu la gadzi ɖe edzi.

NUWO TRƆ KPATA

Nublanuitɔe la, le ƒe 2004 me la, wokpɔ kansa le John ŋu. Míetrɔ yi Canada be woada dɔ nɛ. Kansadɔlékuiwutike siwo wozã nɛ gbã la wu tsɔtsɔ na eƒe ŋutilã ale gbegbe be, wòyi ɖi me kwasiɖa aɖewo, eye ɖɔktawo nɔ agbagba dzem le eŋu ʋuu keke wòva nyɔ mlɔeba. Togbɔ be esesẽna nɛ be wòaƒo nu hã la, eƒe mo ɖenɛ fiana be ekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo katã va srãnɛ kpɔ la ŋu.

Gake mete ŋu fɔ tso dɔbaa dzi o, eye wòku le ƒe ma ƒe kele me. Mese le ɖokuinye me be nye ametia ƒe akpa aɖe bu. Nye kple John míese vivi geɖe le Yehowa subɔsubɔ ɖekae me. Nu kae mawɔ azɔ? Metiae be matrɔ ayi Ukraine. Lɔlɔ̃ si gbegbe Betel ƒomea kple hamea ɖe fiam le Ukraine la do dzidzɔ nam ŋutɔ.

Ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ gbeɖe si tiatia siwo míewɔ la ve mí o. Ɣeyiɣi siwo me yɔ fũu kple vivisese kpakple hadede nyuitɔwo kekeakee wònye. Menyae be nu geɖe gali masrɔ̃ tso Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ŋu, eye mele mɔ kpɔm be mayi edzi asubɔe ɖaa tegbee, elabena ‘mese vivi le Yehowa ƒe nuɖusi me’ vavã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Ɣeyiɣi aɖeke meva kpɔ gbeɖe si tiatia siwo míewɔ la ve mí o”

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Gbe si gbe mía kple John míeɖe mía nɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Esime menye mɔɖela vevi le Red Lake, Ontario

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mía kple John, le Ukraine, ƒe 2002

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe