INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 3/15 axa 10-14
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu ‘Woanyɔ Tso Alɔ̃ Me’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Amewo Ŋu ‘Woanyɔ Tso Alɔ̃ Me’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE NYE GBƆGBƆMELƆ̃DƆDƆ?
  • ELE BE MÍAWO ŊUTƆWO MÍANƆ ŊUDZƆ
  • NU KA TAE MÍAƑE SUBƆSUBƆDƆA LE VEVIE?
  • LÉ ŊKU ÐE NU ŊU LE SUBƆSUBƆDƆA ME
  • TSƆ ÐE LE EME NA AMEWO
  • TUFAFA KPLE AÐAŊUDZEDZE HIÃ
  • NYƆ WÒ ƑOMETƆWO AMEŊUBUBUTƆE
  • Aleke Míaɖi Ðase na Míaƒe Ƒometɔwoe?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Alɔ̃dɔdɔ—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe?
    Nyɔ!—2003
  • Alesi Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie
    Nyɔ!—2004
  • Alɔ̃dɔdɔ Aleke Gbegbee Wòle Vevie?
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 3/15 axa 10-14

Kpe Ðe Amewo Ŋu ‘Woanyɔ Tso Alɔ̃ Me’

“Mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la, be gaƒoƒo la de xoxo be mianyɔ tso alɔ̃ me.”—ROM. 13:11.

ÀTE ŊU AÐE WO MEA?

Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

Nu ka tae gbeƒãɖela siwo le ŋudzɔ la ɖoa to amewo heléa ŋku ɖe nu ŋu?

Akpa kae ameŋububu kple tufafa wɔna le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

1, 2. Gɔmesese ka nue wòhiã be ame geɖe nanyɔ tso alɔ̃ me le?

ƑE SIA ƒe la, ʋukula akpe geɖe kuna le esi wodɔ akɔlɔ̃e alo alɔ̃ fi wo gɔ̃ hã esime wole ʋua kum ta. Dɔ ge le ame bubuwo si, le esi womete ŋu fɔ ɖe game dzi yi dɔ me o alo esi wodɔ alɔ̃ le dɔa gbɔ ta. Gake gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ ya ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu kura wu ema. Susu vevi siawo tae Biblia gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si nɔa ŋudzɔ.”—Nyaɖ. 16:14-16.

2 Esi Yehowa ƒe ŋkeke gã la le aƒe tum la, ameƒomea tɔ akpa gãtɔ le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔla aɖewo gɔ̃ hã gblɔ tso woƒe hameviwo ŋu be wonye ‘alɔ̃ tsu dɔlawo.’ Nu kae nye gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ? Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔ vavãwo nanɔ ŋudzɔ? Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woanyɔ tso alɔ̃dɔdɔ sia me?

NU KAE NYE GBƆGBƆMELƆ̃DƆDƆ?

3. Aleke nàɖɔ ame aɖe si le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me lae?

3 Ne ame le alɔ̃ dɔm la, metea ŋu wɔa dɔ aɖeke kura o. Gake nu si to vovo na esia ye nye be, ame siwo le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me la ate ŋu anɔ dɔ dzi vevie—gake menye le nu siwo ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu me o. Woate ŋu anɔ hloloe tsom le agbemenuhiahiãwo ŋu alo le dzidzɔkpɔkpɔ, ŋkɔxɔxɔ, alo gakpɔkpɔ ŋu. Wotsia dzi ɖe nu siawo ŋu ale gbegbe be wometsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me boo o. Gake ame siwo le ŋute le gbɔgbɔ me ya kpɔe dze sii be míele “ŋkeke mamlɛawo me,” eya ta wodoa vevie nu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ale si woate ŋui.—2 Pet. 3:3, 4; Luka 21:34-36.

4. Nu kae aɖaŋuɖoɖo si nye, “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ale si ame susɔeawo le alɔ̃ dɔm ene o” la fia?

4 Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:4-8. Le afi sia la, apostolo Paulo le dzi dem ƒo na haxɔsetɔwo be woaganɔ “alɔ̃ dɔm abe ale si ame susɔeawo le alɔ̃ dɔm ene o.” Nu kae wòwɔnɛ? Mɔ ɖeka aɖe si nu míate ŋu ava nɔ “alɔ̃ dɔm” lee nye aɖabaŋeŋe ƒu Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo dzi. Mɔ bubu si nu míate ŋu anɔ “alɔ̃ dɔm” lee nye be míanɔ susum be ɣeyiɣi si Yehowa ɖo ɖi be yeatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo la gale adzɔge ʋĩi. Ele be míakpɔ egbɔ be ame mavɔ̃mawu mawo nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ne míasrɔ̃ woƒe agbenɔnɔ kple woƒe nɔnɔmewo o.

5. Nɔnɔme kawoe ɖea dzesi le ame siwo le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me la ŋu?

5 Ame aɖewo susuna be Mawu aɖeke meli si abia akɔnta yewo o. (Ps. 53:2) Ame bubuwo susuna be Mawu metsɔ ɖeke le amegbetɔwo ƒe nyawo me o, eya ta mehiã kura be míabu eya hã ŋu o. Eye ame bubuwo hã sena le wo ɖokuiwo me be ne yewonya le subɔsubɔha aɖe me ko la, esia ana yewoazu Mawu xɔlɔ̃wo. Ame siawo katã le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me. Ehiã be woanyɔ tso alɔ̃ me. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

ELE BE MÍAWO ŊUTƆWO MÍANƆ ŊUDZƆ

6. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nadze agbagba vevie anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

6 Hafi míate ŋu anyɔ ame bubuwo tso alɔ̃ me la, ele be míawo ŋutɔwo míanɔ ŋudzɔ. Nu kawoe ŋudzɔnɔnɔ lɔ ɖe eme? Mawu ƒe Nya la tsɔ gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ do ƒome kple “viviti me dɔwɔwɔwo”—aglotutu siwo gbɔ eme, ahamumuwo, gbɔdɔdɔ manɔsenu, ŋukpenanuwɔwɔwo, dzrewɔwɔ, kple ŋuʋaʋã. (Mixlẽ Romatɔwo 13:11-14.) Asaƒoƒo na nuwɔna siawo ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Ŋudzɔnɔnɔ le vevie vavã! Ne ame aɖe le ʋu kum la, ele be wòanɔ susu me nɛ be yeate ŋu aku bɔbɔe ne yedɔ alɔ̃ esime yele ʋua kum. Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be Kristotɔ nanyae be gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ ate ŋu ahe ku avae na ye!

7. Ne nukpɔsusu masɔmasɔ le mía si ɖe amewo ŋu la, aleke wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

7 Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe ate ŋu anɔ susum be yeƒe anyigbamamaa me tɔwo katã gbe nya nyuia eye womele to ɖo ge gbeɖe o. (Lod. 6:10, 11) Ate ŋu agblɔ na eɖokui be, ‘Esi wònye be ame aɖeke mele to ɖo ge o ɖe, nu ka tae wòle be maku kutri be make ɖe amewo ŋu alo akpe ɖe wo ŋu?’ Enye nyateƒe be ame geɖe le alɔ̃ dɔm le gbɔgbɔ me fifia, gake nɔnɔme si me wole la ate ŋu ava trɔ eye ale si wobua nuwo ŋui hã ate ŋu atrɔ. Ame aɖewo va nyɔna tso alɔ̃ me eye woɖoa to nya nyuia. Eye míate ŋu akpe ɖe wo ŋu ne míawo ŋutɔwo míele ŋudzɔ; míate ŋu awɔ esia ne míedzea agbagba trɔa asi le ale si míegblɔa míaƒe Fiaɖuƒegbedeasiae ŋu be wòadzro amewo. Nu siwo ŋudzɔnɔnɔ lɔ ɖe eme dometɔ aɖee nye ŋkuɖoɖo nu si tae míaƒe subɔsubɔdɔa le vevie ɖo la dzi.

NU KA TAE MÍAƑE SUBƆSUBƆDƆA LE VEVIE?

8. Nu ka tae Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa le vevie ŋutɔ?

8 Nenɔ susu me na wò be aleke kee amewo ɖale nu wɔm ɖe gbedeasia ŋu fifiae o, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dea bubu Yehowa ŋu eye wòwɔa akpa vevi aɖe le eƒe tameɖoɖo me vava me. Eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ ame siwo gbe toɖoɖo nya nyuia. Ale si amewo wɔ nu ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋui dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. (2 Tes. 1:8, 9) Gakpe ɖe eŋu la, anye vodada be Kristotɔ aɖe nasusui be mehiã be míaku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me o, le esi “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” ta. (Dɔw. 24:15) Mawu ƒe Nya la na míenya be ame siwo woabu abe “gbɔ̃wo” ene le ʋɔnudɔdrɔ̃a me la ayi ɖe ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.’ Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖea Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ fiana heʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na amewo be woatrɔ dzi me eye woakpɔ “agbe mavɔ.” (Mat. 25:32, 41, 46; Rom. 10:13-15) Ne míeɖe gbeƒã o la, aleke mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu amewo si be woase gbedeasi si ate ŋu ana woakpɔ agbe lae?

9. Aleke gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me ɖea vi na wò ŋutɔ kple ame bubuwoe?

9 Gbeƒãɖeɖe nya nyuia gaɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. (Mixlẽ 1 Timoteo 4:16.) Ðe mèkpɔe be nuƒoƒo tso Yehowa kple Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ŋu doa ŋusẽ wò xɔse kpakple wò lɔlɔ̃ na Mawu oa? Ðe dɔ sia mekpe ɖe ŋuwò nètu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo oa? Eye ɖe mèkpɔa dzidzɔ geɖe wu ne èɖe lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu la fia to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ veviedodotɔe me oa? Edoa dzidzɔ na ame geɖe siwo si mɔnukpɔkpɔ su wole nyateƒea fiam ame bubuwo ne wokpɔ eteƒe Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe woƒe nusrɔ̃viwo ŋu wowɔ tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me.

LÉ ŊKU ÐE NU ŊU LE SUBƆSUBƆDƆA ME

10, 11. (a) Aleke míewɔ nya be Yesu kple Paulo nɔ ŋudzɔ eye wotsɔ ɖe le amewo ƒe nuhiahiãwo me? (b) Wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ŋudzɔnɔnɔ kple ŋkuléle ɖe nu ŋu ate ŋu ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi.

10 Míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi ana amewo natsɔ ɖe le nya nyuia me. Eya ta ele be Kristotɔ gbeƒãɖelawo nanye ame siwo léa ŋku ɖe nu ŋu. Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. Esi wònye ame deblibo ta la, ete ŋu de dzesii be Farisitɔ aɖe do dziku togbɔ be meɖee fia o gɔ̃ hã. Yesu te ŋu kpɔe dze sii be nyɔnu aɖe si nye nu vɔ̃ wɔla la trɔ dzi me vavã, eye wòkpɔe dze sii hã be ahosi aɖe tsɔ nu siwo katã le esi la de nudzɔɖaka me. (Luka 7:37-50; 21:1-4) Yesu te ŋu kpɔ ame ɖe sia ɖe ƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔ nɛ. Ke hã mehiã be Mawu subɔla nade blibo hafi ate ŋu anye ame si léa ŋku ɖe nu ŋu nyuie o. Apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu ɖi le esia gome. Eɖe gbeƒã le mɔ vovovowo nu ale be wòate ŋu akpe ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu.—Dɔw. 17:22, 23, 34; 1 Kor. 9:19-23.

11 Ne míedzea agbagba nɔa ŋudzɔ heléa ŋku ɖe nu ŋu abe Yesu kple Paulo ene la, míate ŋu ade dzesi mɔ nyuitɔ si dzi míato ana woatsɔ ɖe le gbedeasia me. Le kpɔɖeŋu me, ne èle tetem ɖe ame aɖe ŋu la, ɖɔ ŋu ɖo nàde dzesi nu siwo akpe ɖe ŋuwò nanya afi si wòtso, nu siwo me wòtsɔ ɖe le, alo eƒe ƒomea ƒe nɔnɔme. Ðewohĩ àte ŋu ade dzesi nu si wɔm amea le le ɣeyiɣi ma me eye nàgblɔ nya aɖe tso eŋu bubutɔe atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme.

12. Ne míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me la, nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie le míaƒe dzeɖoɖo ŋu?

12 Ame aɖe si nɔa ŋudzɔ heléa ŋku ɖe nu ŋu la ƒoa asa na susuhenuwo. Ne míele subɔsubɔdɔa wɔm la, míate ŋu akpɔ tutuɖo tso dzeɖoɖo kple míaƒe zɔhɛa me. Ke hã anyo be míaɖo ŋku edzi be taɖodzinu si tae míedea gbeadzi ɖoe nye be míaɖe gbeƒã na amewo. (Nyagb. 3:1, 7) Eya ta ele be míakpɔ nyuie be, ne míetso aƒe aɖe me yina bubu me la, míaƒe dzeɖoɖoa nagahe míaƒe susu ɖa le míaƒe taɖodzinua dzi o. Dzeɖoɖo tso nya siwo míate ŋu agblɔ na ɖetsɔlemetɔwo ŋu anye mɔ nyuitɔ si dzi míato ana míaƒe susu nanɔ míaƒe taɖodzinua ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be asitelefon ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi míakpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me hã la, ele be míaɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ egbɔ be ne woƒo ka na mí la, mahe aƒemenɔlaa ƒe susu ɖa le dzeɖoɖoa dzi o.

TSƆ ÐE LE EME NA AMEWO

13, 14. (a) Aleke míate ŋu awɔ anya nu si me ame aɖe tsɔa ɖe le? (b) Nya kawoe míate ŋu agblɔ na amewo ale be woadi be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?

13 Gbeƒãɖela siwo nɔa ŋudzɔ heɖɔa ŋu ɖo la léa to ɖe ame siwo wodoa goe la ŋu nyuie. Nya kawoe nàte ŋu abia be nàna wò anyigbamama me tɔ aɖe naɖe eƒe seselelãmewo agblɔ? Ðe wòtsi dzi ɖe subɔsubɔhawo ƒe agbɔsɔsɔ, ŋutasẽnu siwo le edzi yim le nutoa me, alo dziɖuɖua ƒe kpododonu ŋua? Ðe nàte ŋu agblɔ nya aɖe tso ale si Mawu wɔ nuwo nukutɔe ŋu alo ale si Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ɖea vii ŋu atsɔ anyɔ didi ɖe ame aɖewo me woadi be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋua? Dukɔ ɖe sia ɖe kloe me tɔwo lɔ̃a gbedodoɖa, mawudzimaxɔsela aɖewo gɔ̃ hã. Ame geɖe biaa wo ɖokuiwo be, Ðe ame aɖe sea gbedodoɖawoa? Eye ame bubuwo ate ŋu anɔ ŋugble dem le biabia siwo gbɔna ŋu: Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã? Ne Mawu meɖoa to wo katã o la, ke nu kae míawɔ be wòaɖo to míaƒe gbedodoɖawo?

14 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le ale si míawɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee ŋu tso gbeƒãɖela bibiwo gbɔ. Lé ŋku ɖe ale si wobiaa nya amewo evɔ womewɔnɛ be ameawo nade vovo ge le wo ɖokuiwo me do kpoe o ŋu. Aleke gbe si wotsɔ ƒoa nui kple ale si woɖoa moe la ɖenɛ fiana be wodi be yewoase aƒemenɔlaa ƒe nukpɔsusuwo gɔme?—Lod. 15:13.

TUFAFA KPLE AÐAŊUDZEDZE HIÃ

15. Nu ka tae wòle be míawɔ nu tufafatɔe ne míele agbagba dzem be míaɖe gbeƒã na amewo?

15 Ne èdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, ɖe wòdoa dzidzɔ na wò ne wonyɔ wòa? Ame geɖe mewɔa nu nyuie ne ame aɖe nyɔ wo kpata o. Gake zi geɖe la, wodina be woanyɔ yewo ameŋububutɔe. Nya sia nye nyateƒe ne míele agbagba dzem be míanyɔ amewo tso gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ hã me. Le kpɔɖeŋu me, ne èyi gbeƒã ɖe ge na ame aɖe eye wòdo dziku la, nu kae nye nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ? De bubu amea ƒe seselelãme ŋu, da akpe nɛ, eye nàdzo le egbɔ kpoo. (Lod. 15:1; 17:14; 2 Tim. 2:24) Wò nuwɔwɔ tufafatɔe alea ate ŋu aʋã ame ma be wòaɖo to ne Ðasefo aɖe gava egbɔ ɣebubuɣi.

16, 17. Aleke míate ŋu awɔ nuŋububu nyuie ŋu dɔ le subɔsubɔdɔa me?

16 Le nɔnɔme aɖewo me la, ɖewohĩ àte ŋu akpɔ kuxia gbɔ. Ne èdi be yeaɖe gbeƒã na ame aɖewo la, woate ŋu agblɔ be, “Ao, akpe na wò. Mele subɔsubɔha aɖe me xoxo,” alo woagblɔ be, “Nyemedi be masee o,” le esi wokpɔe be emae nye mɔ bɔbɔetɔ si dzi yewoato atsi dzeɖoɖoa nu ko ta. Ke hã àte ŋu atsɔ aɖaŋudzedze abia nya aɖe aƒemenɔlaa tufafatɔe si anyɔ eƒe ɖetsɔleme wòadi be yease Biblia me gbedeasia.—Mixlẽ Kolosetɔwo 4:6.

17 Ɣeaɖewoɣi la, ne míedo go ame aɖewo siwo gblɔ be vovo mele yewo ŋu kura ne yewoaɖo to o la, zi geɖe la, eɖea vi wu ne míese woƒe nɔnɔmea gɔme na wo eye míedzo. Gake ɣeaɖewoɣi hã la, àte ŋu ade dzesii be yeate ŋu agblɔ nya kpui aɖe si me susu le na amea. Nɔvi aɖewo tea ŋu ʋua Biblia kaba hexlẽa mawunyakpukpui nyui aɖe, eye wogblẽa nyabiase aɖe ɖe aƒemenɔlaa gbɔ hafi dzona—wowɔa esiawo katã le ɣeyiɣi kpui aɖe si medea miniti ɖeka o me. Eye etea ŋu dzɔna be woƒe ɖaseɖinya kpui ma nyɔa aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme ale gbegbe be ekpɔnɛ be yemexaxa nenema gbegbe be yewomate ŋu aɖo dze ɣeyiɣi kpui aɖe o. Ðe manyo be wò hã nàte esia kpɔ ne nɔnɔmea ɖe mɔ oa?

18. Nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔ dzidzedze geɖe wu le vomeɖaseɖiɖi me?

18 Zi geɖe la, ne míedzra ɖo ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋu la, míate ŋu anyɔ ame siwo míedoa goe le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me la ƒe ɖetsɔleme ɖe nya nyuia ŋu. Nɔvi geɖewo tsɔa agbalẽ aɖewo dea woƒe kotoku alo akplo me. Mawunyakpukpui aɖe koŋ si woadi be yewoaxlẽ na amewo ne mɔnukpɔkpɔa su yewo si la hã tea ŋu nɔa susu me na wo. Àte ŋu aɖo dze kple subɔsubɔdɔdzikpɔla alo mɔɖela siwo le miaƒe hamea me la tso ale si nàte ŋu adzra ɖo awɔ esiae la ŋu.

NYƆ WÒ ƑOMETƆWO AMEŊUBUBUTƆE

19. Nu ka tae mele be míadzudzɔ agbagbadzedze be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu o?

19 Le dzɔdzɔmenu la, míadi be míakpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu woaxɔ nya nyuia. (Yos. 2:13; Dɔw. 10:24, 48; 16:31, 32) Ne wogbe toɖoɖo le gɔmedzedzea me la, esia ate ŋu awɔe be magadzro mí be míaɖe gbeƒã na wo ake o. Míate ŋu asusu be nu boo aɖeke meli míawɔ o, alo míagblɔ be womate ŋu atrɔ woƒe nɔnɔme o. Ke hã ɖewohĩ nanewo va dzɔ siwo na wò ƒometɔawo trɔ woƒe nɔnɔme alo woƒe nukpɔsusu. Alo ɖewohĩ wò ŋutɔ èva bi ɖe nyateƒea me ɖeɖe na amewo me, eye esia ate ŋu awɔe be nu nyuiwo nado tso wò agbagbadzedzewo me azɔ.

20. Nu ka tae wòle vevie be míaƒo nu na míaƒe ƒometɔwo ŋuɖɔɖotɔe?

20 Ele be míade bubu míaƒe ƒometɔwo ƒe seselelãmewo ŋu. (Rom. 2:4) Ðe manyo be míaƒo nu na wo ameŋububutɔe abe ale si míeƒoa nu na ame siwo míedoa goe le gbeadzi ene oa? Ƒo nu tufafatɔe le bubumɔ nu. Ðewohĩ mahiã be nàƒo nu na wo tso nyateƒea ŋu ɣesiaɣi o. Gake àte ŋu ato wò agbenɔnɔ dzi ana woakpɔ ale si nyateƒea le vi ɖem na wòe. (Ef. 4:23, 24) Na wòanɔ bɔbɔe na wò ƒometɔwo be woakpɔe adze sii be esi Yehowa ‘fiaa nu si nyo na wò la wò’ tae wò agbenɔnɔ ɖɔʋu ɖo. (Yes. 48:17) Na wò ƒometɔwo nakpɔ ale si Kristotɔwo nɔa agbee ƒe kpɔɖeŋu le wò agbenɔnɔ me.

21, 22. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe agbagbadzedze kutrikukutɔe le kpekpe ɖe míaƒe ƒometɔwo ŋu me ƒe vevienyenye fia.

21 Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ nyitsɔ laa be: “Medzea agbagba ɣesiaɣi be maɖi ɖase na nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu 13 la katã to nye nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Ƒe aɖeke meva yina si nyemeŋlɔa lɛta na wo dometɔ ɖe sia ɖe o. Ke hã ƒe 30 sɔŋ va yi, eye nye ƒometɔ aɖeke meva zu Ðasefo o.”

22 Nɔvinyɔnua yi edzi be: “Gbe ɖeka la, meƒo ka na nɔvinyenyɔnu si le teƒe aɖe si gbɔ didi kilometa alafa geɖe la. Egblɔ nam be yegblɔ na yewoƒe osɔfo be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye, gake mele naneke wɔm tso eŋu o. Esi megblɔ nɛ be ado dzidzɔ nam be makpe ɖe eŋu la, egblɔ be: ‘Enyo, gake magblɔe na wò zi ɖeka: Nyemele Yehowa Ðasefo zu ge gbeɖe o.’ Esi meɖo agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ɖee to posu dzi megbe la, meƒoa ka nɛ ɣesiaɣi, le ŋkeke ɖeka alo eve aɖewo megbe. Ke hã nɔvinyenyɔnua meda ŋku ɖe agbalẽa me zi ɖeka teti hã kpɔ o. Mlɔeba esi meƒo ka nɛ gbe ɖeka la, mebia tso esi be wòatsɔ agbalẽa, eye míexlẽ mawunyakpukpui aɖewo siwo me nyawo woŋlɔ ɖe eme la hedzro wo me abe miniti 15 ene. Esi megaƒo ka nɛ zi ɖeka zi eve aɖewo megbe la, ebia be míasrɔ̃ nua wòadidi wu miniti 15 ko. Eyome la, eya ŋutɔ ƒoa ka nam be masrɔ̃ nu kpli ye, ɣeaɖewoɣi la, hafi mafɔ le aba dzi gɔ̃ hã; eye ɣeaɖewoɣi la, eƒoa ka nam zi eve gbe ɖeka. Ƒe si kplɔe ɖo me la, exɔ nyɔnyrɔ, eye ƒe si gakplɔe ɖo me la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.”

23. Esi míele agbagba dzem be míanyɔ amewo tso gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me la, nu ka tae mele be ɖeɖi nate mía ŋu o?

23 Kpekpe ɖe amewo ŋu be woanyɔ tso gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me bia aɖaŋudzedze kple nuwɔwɔ kutrikukutɔe. Ke hã míaƒe agbagbadzedzewo na ame fafawo le nyɔnyɔm. Le mama dedie nu la, ame siwo wu 20,000 xɔa nyɔnyrɔ zua Yehowa ƒe Ðasefowo ɣleti sia ɣleti. Eya ta mina aɖaŋu si Paulo ɖo na mía nɔviŋutsu Arxipo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be, “Yi edzi nàlé be na subɔsubɔdɔ, si nèlɔ̃ xɔ le Aƒetɔ la me la, be nàwɔe ade goe,” la nade dzi gbɔ na mí. (Kol. 4:17) Nyati si kplɔe ɖo la akpe ɖe mí katã ŋu míase nu si wòfia be míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi veviedodotɔe la me.

[Aɖaka si le axa 13]

ALE SI NÀWƆ ANƆ ŊUDZƆ

▪ Yi edzi nàdo vevie nu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me

▪ Ƒo asa na vivitimedɔwo

▪ Afɔku si le gbɔgbɔmelɔ̃dɔdɔ me nenɔ susu me na wò

▪ Nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò le ame siwo le wò anyigbamama me ŋu

▪ Dze agbagba nàtrɔ asi le ale si nèɖea gbeƒã na amewoe la ŋu

▪ Wò subɔsubɔdɔa ƒe vevienyenye nenɔ susu me na wò

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe