‘Mikpɔ Nyuie Le Farisitɔwo Ƒe Amɔwɔʋãnu La Ŋuti’
Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu, si nye alakpanuwɔwɔ, la ŋuti.” (Luka 12:1) Yesu ƒe nya sia ke ŋuti nuŋlɔɖi bubu ɖee fia eme kɔ ƒãa be Farisitɔwo ƒe “nufiafia” ŋue wòtsi tsitre ɖo.—Mat. 16:12.
Ɣeaɖewoɣi la, wozãa “amɔwɔʋãnu” le Biblia me abe gbegblẽ ƒe dzesi ene. Ðikeke mele eme o be, Farisitɔwo ƒe nuwɔnawo kple nufiafiawo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame siwo ɖoa to wo la dzi. Nu ka tae Farisitɔwo ƒe nufiafiawo gblẽa nu le ame ŋu?
1 Farisitɔwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wobunɛ be yewole dzɔdzɔe henyo wu ame bubuwo.
Yesu ƒo nu tso nɔnɔme gbegblẽ sia ŋu le eƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me. Egblɔ be: “Farisitɔ la nɔ tsitrenu, eye wòde asi nya siawo gbɔgblɔ me na eɖokui be: ‘Oo, Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo, akpasesẽnuxɔlawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo nudzɔla sia kura gɔ̃ hã, ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, menana nu siwo katã mekpɔ la ƒe ewolia.’ Gake nudzɔlaa, si le tsitre ɖe adzɔge ke la, medi be yeawu mo dzi gɔ̃ hã akpɔ dziƒo o, ke enɔ eƒe akɔta ƒom nɔ gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui nam, nye, nu vɔ̃ wɔla.’”—Luka 18:11-13.
Yesu kafu nudzɔlaa ƒe ɖokuibɔbɔ esi wògblɔ be: “Mele egblɔm na mi be: Ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu ame ma [Farisitɔ la]; elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, gake ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.” (Luka 18:14) Togbɔ be wonya nudzɔlawo be wonye anukwaremaɖilawo hã la, Yesu dze agbagba be yeakpe ɖe wo dometɔ siwo lɔ̃ yeƒe nufiafia ŋu. Ne mede ɖeke o la, nudzɔla eve—Mateo kple Zaxeo—va zu eyomedzelawo.
Ke ne míeva le susum be míenyo wu ame bubuwo, le ŋutete aɖe si Mawu na mí alo mɔnukpɔkpɔ aɖe si su mía si ta, alo le esi míeva nya ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple gbagbãƒewo ta ya ɖe? Ele be míaɖe susu mawo ɖa kaba, elabena Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o. Meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o, ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu.”—1 Kor. 13:4-6.
Ele be nɔnɔme si nɔ apostolo Paulo si la tɔgbi nanɔ mía si. Esi Paulo gblɔ be “Kristo Yesu va xexea me be yeaɖe nu vɔ̃ wɔlawo” vɔ megbe la, egblɔ kpee be: “Le ame siawo dome la, nyee nye gãtɔ.”—1 Tim. 1:15.
Biabiawo hena ŋugbledede:
Ðe melɔ̃ ɖe edzi be nu vɔ̃ wɔla menye, eye be Yehowa ƒe amenuveve koe ana be makpɔ ɖeɖea? Alo ɖe nye subɔsubɔ ƒe geɖe nuteƒewɔwɔtɔe, mɔnukpɔkpɔ siwo su asinye le Mawu ƒe habɔbɔa me, alo nye dzɔdzɔmeŋutetewo na mebunɛ be menyo wu ame bubuwoa?
2 Farisitɔwo dina be amewo nakpɔ yewo to wo ɖokui wɔwɔ ame dzɔdzɔewoe le dutoƒo me. Wodia ɖoƒe gãwo kple dzesideŋkɔ tɔxɛwo.
Gake Yesu xlɔ̃ nu be: “Dɔ siwo katã wowɔna la, wowɔnɛ be amewo nakpɔ yewo; elabena wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo le la wòkekena, eye wònɔa wo ŋu be woakpɔ yewo ta, eye wowɔa woƒe awutogawo wokekena. Wolɔ̃a bubunɔƒenɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo kple ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, kple gbedonamewo le asiwo me, eye be amewo nayɔ yewo be Rabi.” (Mat. 23:5-7) Tsɔ woƒe nuwɔnawo sɔ kple Yesu tɔ nàkpɔ. Togbɔ be Mawu ƒe Vi debliboe Yesu nye hã la, ebɔbɔ eɖokui. Esi ame aɖe yɔe be nufiala “nyui” la, egblɔ be: “Nu ka tae nèle yɔyem be nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka hɔ̃ ko, si nye Mawu.” (Mar. 10:18) Ɣebubuɣi la, Yesu klɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo, eye wòto esia dzi ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na eyomedzelawo.—Yoh. 13:1-15.
Ele be nyateƒe Kristotɔ nasubɔ eƒe haxɔsetɔwo. (Gal. 5:13) Nenemae wòle be wòanɔ, vevietɔ le ame siwo le agbagba dzem be yewoazu dzikpɔlawo le hamea me la gome. Esɔ be ame aɖe ‘nanɔ dzikpɔladɔ minyam,’ ke hã didi be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋue wòle be wòaʋãe wòadi be yeaɖo taɖodzinu sia gbɔ. “Dɔ” sia menye ŋkɔxɔxɔ alo ŋusẽ ƒe ɖoƒe o. Ehiã be ame siwo le subɔsubɔm abe dzikpɔlawo ene la, ‘nabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le dzi me’ abe ale si Yesu wɔe ene.—1 Tim. 3:1, 6; Mat. 11:29.
Biabiawo hena ŋugbledede:
Ðe medoa vivi ɖe ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la ŋu wu ame bubuwo, ɖewohĩ kple susu be woana subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo nasu asinyea? Dɔ siwo ana amewo nakpɔm ahakafum lae medina be mawɔ le hamea mea? Ðe medzea agbagba be maɖe dzesi le ame bubuwo domea?
3 Farisitɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo na be Sea dzi wɔwɔ zu agba na ame tsɛwo.
Mose ƒe Sea gblɔ nu siwo Israel viwo awɔ le tadedeagu na Yehowa me la na wo. Ke hã womena numeɖeɖe ku ɖe nu suesue ɖe sia ɖe ŋu le eme o. Le kpɔɖeŋu me, Se la meɖe mɔ ɖe dɔwɔwɔ le Sabat dzi ŋu o, gake meɖe nu si woabu be enye dɔwɔwɔ kple nu si menye dɔwɔwɔ o la me tsitotsito o. (2 Mose 20:10) Farisitɔwo tsɔ woawo ŋutɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo kpe Sea, elabena wosusu be Sea meɖe nu me tsitotsito ku ɖe nanewo ŋu o. Togbɔ be Yesu mewɔ ɖe Farisitɔwo ƒe sedede kpaɖii mawo dzi o hã la, ewɔ ɖe Mose ƒe Sea ya dzi. (Mat. 5:17, 18; 23:23) Yesu nya Sea ƒe taɖodzinu. Enya susu si tae wode Sea ɖo eye wòde dzesii be ehiã be woaɖe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmetɔtrɔ afia. Esea nu gɔme, ne eyomedzelawo mewɔ nu si wòkpɔ mɔ be woawɔ o gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be ede dzi ƒo na eƒe apostolowo dometɔ etɔ̃ le zã si me wolée me be woanɔ ŋudzɔ hã la, wodɔ alɔ̃ enuenu. Ke hã egblɔ veveseɖeamenutɔe be: “Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Mar. 14:34-42.
Biabiawo hena ŋugbledede:
Ðe medea se kpaɖiwo hezia ame bubuwo dzi be woawɔ wo dzia? Ðe medina ɣesiaɣi be amewo nawɔ nu si nye ya mesusu be enyoa? Ðe mesea nu gɔme na amewo le nu siwo mele mɔ kpɔm be woawɔ mea?
De ŋugble le vovototo si le Yesu ƒe nufiafiawo kple Farisitɔwo tɔwo dome ŋu nàkpɔ. Èkpɔ nu siwo me nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ lea? Ne nenemae la, ɖe manyo be nàdze agbagba awɔe oa?
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Farisitɔawo tsɔa ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo dea nugoe me blana ɖe ŋgonu.—Mat. 23:2, 5
[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]
To vovo na Farisitɔ dadalawo la, Kristotɔ hamemetsitsi bɔbɔɖokuiwo subɔa ame bubuwo
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Ðe nèsea nu gɔme na amewo le nu siwo nèkpɔa mɔ be woawɔ me abe Yesu enea?