Nɔ Tsitre Sesĩe Eye Nàƒo Asa Na Satana Ƒe Mɔtetrewo!
‘Mitsi tsitre sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu.’—EF. 6:11.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Nu kae Yehowa subɔla aɖe ate ŋu awɔ be ŋutilãmenudidi ƒe mɔ nagaɖee o?
Nu kae akpe ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖe ŋu be wòagage ɖe ahasiwɔwɔ ƒe ʋe la me o?
Nu ka tae nèxɔe se be eɖea vi ŋutɔ ne míetsi tsitre sesĩe ɖe ŋutilãmenudidi kple ahasiwɔwɔ ŋu?
1, 2. (a) Nu ka tae Satana mesea veve aɖeke ɖe amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ nu o? (b) Satana ƒe mɔtetre kawo mee míadzro le nyati sia me?
SATANA ABOSAM mesea veve ɖe amegbetɔwo nu o, vevietɔ Yehowa subɔlawo. Le nyateƒe me la, Satana le aʋa wɔm kple amesiamina susɔeawo. (Nyaɖ. 12:17) Kristotɔ dzinɔameƒotɔ mawo le ŋgɔ xɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le egbeŋkekeawo me la me eye woʋu goe na amewo be Satana ye nye xexe sia dziɖula. Lɔlɔ̃ aɖeke mele Abosam si na ‘alẽ bubu’ siwo kpea asi ɖe amesiaminawo ŋu siwo si agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã o, elabena mɔkpɔkpɔ sia megale eya Satana si o. (Yoh. 10:16) Mewɔ nuku o be dzi le ekum ŋutɔ! Dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ye ɖale mía si o, Satana mele míaƒe nyonyo dim o. Eƒe taɖodzinue nye be yealé mí.—1 Pet. 5:8.
2 Be Satana naɖo eƒe taɖodzinua gbɔ la etrea mɔ vovovowo na mí. Esi wònye be ‘egbã ŋku’ na dzimaxɔsetɔwo ta la, womexɔa nya nyui la o eye womate ŋu akpɔ eƒe mɔtetre siawo adze sii o. Ke hã Abosam ƒe mɔ ɖea ame siwo xɔ Fiaɖuƒegbedeasia la dometɔ aɖewo hã. (2 Kor. 4:3, 4) Nyati si do ŋgɔ la dzro ale si míaƒo asa na Satana ƒe mɔtetrewo dometɔ etɔ̃ la me: (1) aɖe la mazamazã nyuie, (2) vɔvɔ̃ kple nyaƒoɖeamenuwo, kpakple (3) fɔbuameɖokui si gbɔ eme. Azɔ mina míadzro ale si míate ŋu atsi tsitre sesĩe ɖe Satana ƒe mɔtetre eve bubu aɖewo—siwo nye ŋutilãmenudidi kple ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ—ŋu la me.
ŊUTILÃMENUDIDI—MƆ̃ SI VUNA TSYƆA NYA LA DZI
3, 4. Aleke nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi ate ŋu akplɔ ame ade ŋutilãmenudidi mee?
3 Le Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me la, eƒo nu tso nuku siwo wowu ɖe ŋúwo me ŋu. Egblɔ be etea ŋu dzɔna be ame aɖe se nya la, “gake nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ vuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o.” (Mat. 13:22) Ɛ̃, ŋutilãmenudidi nye Satana ƒe mɔtetrewo dometɔ ɖeka.
4 Nu eve ƒokpli ye tea ŋu vuna tsyɔa nya la dzi. Wo dometɔ ɖekae nye “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi.” Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ me la, nu geɖe li siwo ate ŋu ana nàtsi dzimaɖi. (2 Tim. 3:1) Le nuwo ƒe asixɔxɔ kple dɔmakpɔwɔe ƒe kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi ta la, ate ŋu anɔ sesẽm na wò be nàkpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ. Ðewohĩ àtsi dzimaɖi hã ɖe etsɔme ŋu ahanɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe makpɔ ga si asu na nye nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ le nye dzudzɔxɔxɔ le dɔme vɔ megbea?’ Le dzimaɖitsitsi ɖe nya siawo ŋu ta la, ame aɖewo ti kesinɔnuwo yome henɔa susum be ga geɖe kpɔkpɔ ana yewoanɔ dedie.
5. Mɔ ka nue “kesinɔnuwo” ate ŋu able ame le?
5 Yesu ƒo nu tso nu bubu aɖe hã ŋu—“kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ.” Ne esia hã kpe ɖe dzimaɖitsitsi ŋu la woate ŋu avu atsyɔ nya la dzi. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be “ga hã kpɔa ame ta.” (Nyagb. 7:12, NW) Ke hã nunya mele kesinɔnuwo yome titi me o. Ame geɖe de dzesii be zi ale si yewole kutri kum be kesinɔnuwo nasu yewo si la, zi nenemae ŋutilãmenudidi ƒe mɔ ɖea yewoe. Ame aɖewo va zua kesinɔnuwo ƒe kluviwo gɔ̃ hã.—Mat. 6:24.
6, 7. (a) Aleke ŋutilãmenudidi ƒe tetekpɔ ate ŋu adze ŋgɔ ame le dɔwɔƒe? (b) Nu kawo ŋue wòle be Kristotɔ nabu ne wotsɔ dɔwɔwɔ le kpakpã vɔ megbe ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖo eŋkume?
6 Didi be woazu kesinɔtɔ ate ŋu adze egɔme le ame ƒe manyamanya me. Le kpɔɖeŋu me, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Wò dɔtɔ te ɖe ŋuwò gbe ɖeka hegblɔ na wò be: “Mehe du nyui aɖe vɛ na wò! Míaƒe dɔwɔƒea xɔ dɔ gã aɖe. Esia abia be nàwɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe le ɣleti ʋɛ siwo gbɔna me. Gake mate ŋu aka ɖe edzi na wò be woaxe fe gbogbo aɖe ŋutɔ na wò.” Aleke nàwɔ nu ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu? Ele eme baa be wò ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo le vevie ŋutɔ ya, gake menye esia ɖeɖe koe nye wò agbanɔamedzi o. (1 Tim. 5:8) Nu bubuwo gali siwo ŋu wòle be nàbu. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae wòahiã be nàwɔ dɔ le kpakpã vɔ megbe? Ðe wò dɔwɔɖuia ana wòasesẽ na wò be nàkpɔ gome le wò gbɔgbɔmedɔwo, abe hamea ƒe kpekpewo kple miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo ene, mea?
7 Ne èle nyametsotso wɔm le nya sia ŋu la, nu kae nàbu be ele vevie wu—ga si nàkpɔ tso dɔwɔwɔ le kpakpã vɔ megbe me loo, alo ale si esia akpɔ ŋusẽ ɖe wò gbɔgbɔmemenyenye dzia? Ðe didi vevie be yeakpɔ ga geɖe awɔe be nàdzudzɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔa? Ðe nàte ŋu akpɔ ale si ŋutilãmenudidi ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò ne mègakpɔa wò ŋutɔ kple wò ƒomea ƒe gbɔgbɔmelãmesẽnyawo gbɔ o la adze siia? Ne esia le dzɔdzɔm ɖe dziwò fifi laa la, aleke nàte ŋu anɔ tsitre sesĩe be ŋutilãmenudidi ƒe mɔ nagaɖe wò o?—Mixlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.
8. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawo me dzodzroe akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble tso ale si míenɔa agbee ŋu?
8 Be ŋutilãmenudidi nagavu atsyɔ dziwò o la, ele be nàde ŋugble le ale si nènɔa agbee ŋu tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Mèganɔ abe Esau, ame si ƒe nuwɔnawo ɖee fia be medea bubu nu kɔkɔewo ŋu o, ene gbeɖe o! (1 Mose 25:34; Heb. 12:16) Eye mègawɔ nu abe ŋutsu kesinɔtɔ si Yesu gblɔ na be wòayi aɖadzra eƒe nunɔamesiwo, atsɔ wo ana ame dahewo, eye wòava dze ye yome la ene o. Le esi ŋutsua nawɔ nu si Yesu bia tso esi teƒe la, “edzo kple nuxaxa, elabena nu geɖe le esi.” (Mat. 19:21, 22) Esi kesinɔnuwo vu tsyɔ ŋutsu ma ta la, mɔnukpɔkpɔ gã—si nye be wòadze ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la yome—la to eŋu! Kpɔ nyuie be mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nènye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la la nagage le asiwò o.
9, 10. Nu kae nàgblɔ be eyae nye Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le ŋutilãmenuwo ŋu?
9 Be dzimaɖitsitsi ɖe kesinɔnuwo ŋu madzemadzee ƒe mɔ nagaɖe wò o la, wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo la dzi; egblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. Elabena nu siawo katã nye nu siwo yome dukɔwo nɔna vevie. Elabena mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã.”—Mat. 6:31, 32; Luka 21:34, 35.
10 Mègaɖe mɔ kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ ƒe mɔ naɖe wò o, ke boŋ dze agbagba be nukpɔsusu si nɔ Biblia ŋlɔla si ŋkɔe nye Agur si la nanɔ asiwò; Egblɔ be: “Mègana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nu si nye tɔnye.” (Lod. 30:8) Edze ƒãa be Agur nyae be yehiã ga sue aɖe si nu yeanɔ agbe ɖo, gake eganyae hã be kesinɔnuwo tea ŋu blea ame. Ele be nàde dzesii be nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le wò kple Yehowa dome la me. Dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu madzemadzee ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na wò, ana ŋusẽ navɔ le ŋuwò, eye wòana be didia maganɔ mewò be nàti Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome o. Eya ta ɖoe kplikpaa be yemaɖe mɔ Satana ƒe ŋutilãmenudidi ƒe mɔ la naɖe ye gbeɖe o!—Mixlẽ Hebritɔwo 13:5.
AHASIWƆWƆ—ƲE AÐE SI WOƔLA AÐAŊUTƆE
11, 12. Aleke wòate ŋu adzɔe be ahasiwɔwɔ ƒe mɔ naɖe Kristotɔ aɖe le eƒe dɔme?
11 Adela siwo di be yewoalé lã gã aɖe la tea ŋu ɖea ʋe ɖe mɔ si lã ma tona edziedzi la dzi. Zi geɖe la, wofɔa ati lɛlɛ aɖewo tsɔ xea ʋea nu eye wowua ke ɖe edzi. Satana ƒe mɔtetre siwo wòzãna dzidzedzetɔe la dometɔ ɖeka ɖi mɔ̃ sia. Eyae nye ahasiwɔwɔ. (Lod. 22:14; 23:27) Kristotɔ aɖewo ge ɖe ʋe sia me esi wotsɔ wo ɖokuiwo de nɔnɔme aɖewo siwo na wònɔ bɔbɔe be wowɔ ahasi la me. Srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo wɔ ahasi esi wo kple ame aɖe si menye wo srɔ̃ o dome va le kplikplikpli ta.
12 Srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu adze ahiã ame aɖe le eƒe dɔme. Le nyateƒe me la, numekukuwo ɖee fia be nyɔnu siwo wɔ ahasi la dometɔ siwo wu afã la wɔ esia kple woƒe dɔwɔhati aɖe eye ŋutsu siwo wɔ ahasi la dometɔ akpa gãtɔ wɔ esia kple woƒe dɔwɔhati aɖe. Ðe wò dɔwɔɖuia biana be nawɔ dɔ kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔwòa? Ne nenemae la, ƒomedodo ka tɔgbie le wò kpli wo dome? Ðe nèɖo liƒowo ɖi siwo wɔnɛ be ƒomedodo ma kuna ɖe dɔwɔwɔ ko ŋu ke menye be wòava nyɔ lɔlɔ̃ ɖe mia me oa? Le kpɔɖeŋu me, ne nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ɖoa dze kple eƒe dɔwɔhati aɖe si nye ŋutsu zi geɖe gake menye tso dɔ ŋu o la, nɔvinyɔnua ate ŋu ava ka ɖe ŋutsu ma dzi ale gbegbe be wòava nɔ eƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gɔ̃ hã gblɔm nɛ. Alo ne ŋutsu Kristotɔ aɖe va dze xɔlɔ̃ eƒe dɔwɔhati aɖe si nye nyɔnu la, ate ŋu anɔ gbɔgblɔm na eɖokui be: “Edaa asi ɖe nye susuwo dzi eye wòɖoa to nyuie ne mele nu ƒom nɛ. Ekpɔa ŋudzedze ɖe ŋunye hã. Ne ɖe srɔ̃nye wɔa nu ɖe ŋunye alea ɖe, anye ne manyo ŋutɔ oa?” Èkpɔ ale si gbegbe wòanɔ bɔbɔe be Kristotɔ siwo le nɔnɔme mawo tɔgbi me nawɔ ahasia?
13. Aleke ahiãdzedze ate ŋu ado mo ɖa le hamea me?
13 Ahiãdzedze ate ŋu ado mo ɖa le hamea me hã. Bu agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ sia ŋu kpɔ. Daniel kple srɔ̃a Saraa nye gbesiagbe mɔɖelawo. Daniel gblɔ be yenye hamemetsitsi aɖe si megbea dɔ aɖeke si wode ye si la wɔwɔ o. Elɔ̃na xɔa hamea me gbanɔamedzi ɖe sia ɖe si wotsɔ de esi. Le Daniel ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, esrɔ̃ Biblia kple ɖekakpui atɔ̃, eye wo dometɔ etɔ̃ va xɔ nyɔnyrɔ. Zi geɖe la, ehiãna be woade dzi ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ yeye siawo. Esi Daniel ƒe ŋku biãna ɖe teokrasidɔ vovovowo ŋu ta la, srɔ̃a Sara ye wɔa esia zi geɖe. Eya ta eva dzɔna be ɣesiaɣi si ame siwo Daniel srɔ̃ nu kplii la hiã akɔfafa la, wokpɔnɛ tso Sara gbɔ. Ne Sara hã hiã kpekpeɖeŋu la, ekpɔnɛ tso Daniel ƒe Biblia nusrɔ̃viwo gbɔ. Satana ɖe ʋe globo aɖe ɖe mɔ dzi na wo! Daniel gblɔ be: “Srɔ̃nye zã eƒe ŋusẽ katã tsɔ nɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu hena ɣleti geɖe si wɔe be eya ŋutɔ va hiã kpekpeɖeŋu le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, nyemenɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm nɛ o, eye esia he afɔku gã aɖe vɛ. Srɔ̃nye wɔ ahasi kple ɖekakpui siwo mesrɔ̃ nu kplii va yi la dometɔ ɖeka. Egbɔdzɔ le gbɔgbɔ me togbɔ be ele nye ŋkuta tututu hã, gake nyemede dzesii o, elabena mevu ɖe nye agbanɔamedziwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu.” Aleke nàwɔ aƒo asa na afɔku sia?
14, 15. Nu kae ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ŋu be woaƒo asa na ahasiwɔwɔ ƒe ʋe la?
14 Be nàƒo asa na ahasiwɔwɔ ƒe ʋea la, de ŋugble tso nu si kuku ɖe ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me fia la ŋu. Yesu gblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:6) Mègasusu gbeɖe be teokrasidɔ siwo wode asiwò la le vevie wu srɔ̃wò o. Gawu la, nyae be ne èdzona le srɔ̃wò gbɔ zi geɖe ɖanɔa nu siwo mele vevie o wɔm la, esia aɖee afia be miaƒe srɔ̃ɖeɖea me gbɔdzɔ eye ate ŋu akplɔ mi ade tetekpɔ me eye wòate ŋu ana miawɔ nu vɔ̃ gã.
15 Ne hamemetsitsie nènye la, ele be nalé be na alẽawo. Apostolo Petro ŋlɔ bena: ‘Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevie.’ (1 Pet. 5:2) Kakaɖedzitɔe la, mele be nàɖe kɔ ɖa le hamea me tɔwo ŋu o. Gake mele be nàtsi dzi ɖe ale si nànye alẽkplɔla nyui ŋu ale gbegbe be nàdo kpo srɔ̃ŋutsu ƒe agbanɔamedzi si le dziwò la tsɔtsɔ o. Susu aɖeke manɔ eme o—eye anye afɔku gɔ̃ hã—be wò susu katã nanɔ hamea nyinyi ŋu evɔ “dɔ nanɔ srɔ̃wò wum” le aƒe me. Daniel gblɔ be, ‘Mele be nàvu ɖe hamea me agbanɔamedziwo ŋu ale gbegbe be nàgblẽ wò ŋutɔ wò ƒomea ɖi o.’
16, 17. (a) Afɔ ŋutɔŋutɔ kawoe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu aɖe le woƒe dɔwɔƒe atsɔ ana amewo nanya nyuie be yewomedi ahiãdzedze ƒe nuwɔna aɖeke kura o? (b) Gblɔ nyati siwo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woaƒo asa na ahasiwɔwɔ la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.
16 Woɖo aɖaŋu nyui geɖewo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me be woakpe ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ŋu be woagage ɖe ahasiwɔwɔ ƒe mɔ̃ me o. Le kpɔɖeŋu me, September 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Le dɔwɔƒe kple teƒe bubuwo la, nɔ ŋudzɔ ɖe nu siwo ana be mia kple ame aɖe dome nava nɔ kplikplikpli la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dɔ wɔwɔ kplikplikpli kple ame si menye srɔ̃wò o le kpakpã vɔ megbe ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me bɔbɔe. Abe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ene la, ele be nàto wò nuƒoƒo kple nuwɔna dzi ana woanyae nyuie be yemedi ahiãdzedze nuwɔna aɖeke kura o. Esi nènye ame si sroa Mawu ɖa ta la, màdi be yeahe amewo ƒe susu ɖe ɖokuiwò ŋu madzemadzee to ahiãmoɖoɖo me loo alo to awudodo kple dzadzraɖo si mesɔ o me o. . . . Srɔ̃wò kple viwo ƒe fotowo dada ɖe wò dɔwɔƒea ate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi na wò kple ame bubuwo be yeƒe ƒomeae le vevie na ye wu. Ðoe kplikpaa be yemado ahiãdzedze ƒe nuwɔna aɖeke ɖe ame aɖeke gbɔ—alo aɖe mɔ woadoe ɖe ye gbɔ o.”
17 April 2009 ƒe yevugbe me Nyɔ! la me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Nuteƒewɔwɔ Na Ame Srɔ̃—Nu Kae Wòfia?” xlɔ̃ nu ku ɖe ame aɖe si menye srɔ̃wò o gbɔ dɔdɔ ŋu bubu ŋuti. Nyatia gblɔ be ame aɖe gbɔ dɔdɔ ŋu bubu ate ŋu ana nàwɔ ahasi bɔbɔe. (Yak. 1:14, 15) Ne srɔ̃tɔe nènye la, nunya anɔ eme be wò kple srɔ̃wò miadzro nyati mawo me ɖekae tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Yehowa ŋutɔe ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi, eye nu kɔkɔe wònye. Ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi be wò kple srɔ̃wò miaɖo dze tso miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu nye mɔ nyui aɖe si dzi miato aɖee afia be yewodea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu.—1 Mose 2:21-24.
18, 19. (a) Nu kawoe dona tso ahasiwɔwɔ me? (b) Nu kae dona tso nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃ me?
18 Ne èdo go ahiãdzedze ƒe tetekpɔ aɖe la, de ŋugble le matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ me tsonu gblẽnuwo ŋu. (Lod. 7:22, 23; Gal. 6:7) Ahasiwɔlawo ƒe nu medzea Yehowa ŋu o eye wowɔa nu vevi wo srɔ̃wo kple woawo ŋutɔwo ɖokui siaa. (Mixlẽ Maleaxi 2:13, 14.) Gabu viɖe siwo ame siwo nɔa agbe dzadzɛ la kpɔna hã ŋu. Agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le wo si, wonɔa agbe si me dzidzeme le wu fifia, eye dzitsinya dzadzɛ nɔa wo si.—Mixlẽ Lododowo 3:1, 2.
19 Hakpalaa dzi ha be: “Ŋutifafa gã le ame siwo lɔ̃a [Mawu ƒe] sea la si, eye nukikli aɖeke meli na wo o.” (Ps. 119:165) Eya ta lɔ̃ nyateƒe la, eye ‘nàkpɔ nyuie be ale si nèzɔna la naganye abe numanyala ene o, ke boŋ abe nunyala ene’ le ŋkeke vɔ̃ siawo me. (Ef. 5:15, 16) Satana tre mɔwo ɖe mɔ dzi na mí fũu be yeatsɔ wo alé mí tadeagula vavãwo. Míesu te be míakpɔ mía ɖokuiwo ta, elabena Yehowa na nu siwo katã míehiã be ‘míanɔ tsitre sesĩe’ eye ‘míatsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo nu’ la mí!—Ef. 6:11, 16.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ŋutilãmenudidi ate ŋu avu atsyɔ ame dzi le gbɔgbɔ me. Mègaɖe mɔ esia nadzɔ ɖe dziwò o
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ahiãmoɖoɖo—alo mɔɖeɖe ɖe eŋu—ate ŋu akplɔ ame ade ahasiwɔwɔ me