“Mienya Ŋkeke La Alo Gaƒoƒo La O”
“Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—MAT. 25:13.
1-3. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖe nya vevi si dze le Yesu ƒe lododo eve aɖewo me la fia? (b) Nyabiase kawo ŋu wòhiã be míaɖo?
TSƆE be amegã aɖe bia tso asiwò be nàkɔ ye ɖe ʋu me ayi takpekpe vevi aɖe. Gake esi wòsusɔ miniti ʋɛ aɖewo be nàyi aɖakɔe yi takpekpea la, èkpɔe be ami si le ʋua me la made na mɔzɔzɔa o. Ehiã be nàwɔ kaba aɖadze ɖe akpee. Esi nèdzo yi amia dze ge la, amegã la va ɖo. Edi wò ʋuu do kpoe. Mate ŋu alala o, eya ta ebia tso ame bubu aɖe si be wòatsɔ ʋu akɔ ye ayi teƒea. Eteƒe medidi o, ètrɔ gbɔ hekpɔe be amegã la dzo hegblẽ wò ɖi. Aleke nàse le ɖokuiwò me?
2 Fifia tsɔe be wòe nye amegã la, eye ètia ŋutsu bibi etɔ̃ hetsɔ dɔ vevi aɖewo de wo si. Èɖe nu si dɔa bia la me na wo eye wo ame etɔ̃ la katã lɔ̃ be yewoawɔe. Ke hã esi nètrɔ gbɔ la, ame eve koe wɔ woƒe dɔawo. Gawu la, ame si mewɔ etɔ o la le taflatsɛ dom. Le nyateƒe me la, metee kpɔ be yeawɔ dɔa teti gɔ̃ hã o. Aleke nàse le ɖokuiwò me?
3 Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui leaƒewo ŋu kple esi ku ɖe talentowo ŋu me la, ewɔ kpɔɖeŋu siwo ɖi kpɔɖeŋu siwo míewɔ fifia tsɔ ɖe nu si tae le nuwuɣia me la, Kristotɔ amesiamina aɖewo anye nuteƒewɔlawo kple aɖaŋudzelawo, gake manɔ alea le bubuwo ya gome o la fia.a (Mat. 25:1-30) Ete gbe ɖe eƒe nyaa dzi esi wògblɔ be: “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” Yesu nɔ gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃lawo menya ɣeyiɣi si tututu dzi yele Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ he ge ava Satana ƒe xexea dzi o. (Mat. 25:13) Míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi egbea. Aleke ŋudzɔnɔnɔ abe ale si Yesu de dzi ƒo na mí ene ate ŋu aɖe vi na mí? Ame kawoe le dzadzraɖoɖi na agbetsitsi? Eye nu kae wòle be míawɔ fifia be míayi edzi anɔ ŋudzɔ?
NA ŊUDZƆNƆNƆ NAÐE VI NA WÒ
4. Nu ka tae ‘ŋudzɔnɔnɔ’ mefia gamekpɔkpɔ o?
4 Nanewo wɔwɔ, abe dɔwɔwɔ le adzɔnuwɔƒewo, ɖɔktakpɔkpɔ, alo dɔmeʋuɖoɖo ene, biana be woanɔ game dzi. Gake le dɔwɔna bubuwo, abe dzotsitsi ne dzo dze aƒe, alo amewo xɔxɔ ɖe agbe ne dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ ene, gome la, gamekpɔkpɔ enuenu ate ŋu awɔe be ame ƒe susu manɔ dɔa dzi o, alo vɔ̃ɖitɔe la, ahe afɔku vɛ. Le nɔnɔme mawo tɔgbi me la, ele vevie ŋutɔ be woatsɔ susu aɖo dɔ si biã ŋku la ŋu tsɔ wu be woatsi dzi ɖe gamedzinɔnɔ ŋu. Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum geɖe wu la, kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la le vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Be míanɔ ŋudzɔ abe Kristotɔwo ene mefia be míanɔ game kpɔm o. Le nyateƒe me la, esi míenya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu dzi nuwuwua ava o la, eɖea vi na mí le mɔ atɔ̃ ya teti nu.
5. Aleke ŋkeke la alo gaƒoƒo la manyamanya naa míeɖea nu si le míaƒe dzi me fiana?
5 Gbã la, ɣeyiɣi si nuwuwua ava manyamanya na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe nu si tututu le míaƒe dzi me afia. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi sia manyamanya dea bubu mía ŋu, eɖea mɔ na mí be míawɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ le nuteƒewɔwɔ na Yehowa me. Togbɔ be míele mɔ kpɔm be míatsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwua hã la, esi míelɔ̃ Yehowa tae míesubɔnɛ ɖo, ke menye agbetsitsi ko tae o. (Mixlẽ Psalmo 37:4.) Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi na mí, eye míekpɔnɛ be Mawu le nu fiam mí be wòaɖe vi na míawo ŋutɔwo. (Yes. 48:17) Míekpɔnɛ be eƒe sededewo nye agba na mí kura o.—1 Yoh. 5:3.
6. Aleke Mawu sena le eɖokui me ne míesubɔnɛ le esi míelɔ̃e ta, eye nu ka tae?
6 Viɖe evelia si míekpɔna esi míenya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o ye nye be ena mɔnukpɔkpɔ mí be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Ne míesubɔnɛ le esi míelɔ̃e ta, ke menye esi nuwuwua ava kpuie, alo le teƒeɖoɖo si míaxɔ ko ta o la, míekpena ɖe Yehowa ŋu wòɖoa kpe edzi be eƒe futɔ Satana nye alakpatɔ. (Hiob 2:4, 5; mixlẽ Lododowo 27:11.) Ne míede ŋugble tso fukpekpe kple nuxaxa siwo katã do tso Abosam ƒe nuwɔna me ŋu la, míenɔa Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi kple dzidzɔ, eye míegbea Satana ƒe dziɖuɖu vɔ̃ɖi la.
7. Nu ka tae nèdi be yeazã yeƒe agbe atsɔ asubɔ Mawu ahakpe ɖe amewo ŋu?
7 Etɔ̃lia, nyateƒe si wònye be míenya ɣeyiɣi si tututu dzi nuwuwua ava o la naa wònɔa bɔbɔe na mí be míatsɔ mía ɖokuiwo aɖo anyi na Mawu subɔsubɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ame aɖewo siwo menya Mawu o hã xɔe se be xexea magate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi o. Wole vɔvɔ̃m be dzɔdzɔmefɔku aɖe ate ŋu atsrɔ̃ anyigba la le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, eya ta nɔnɔme si woɖena fiana koe nye: “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” (1 Kor. 15:32) Gake míawo ya míele vɔvɔ̃m o. Eye míenye ɖokuitɔdilawo hã o. (Lod. 18:1) Ke boŋ míetsɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ɖoa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me, eye míelɔ̃na faa zãa nu sia nu si le mía si, siwo dome míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ hã le, tsɔ ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo. (Mixlẽ Mateo 16:24.) Subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu naa míekpɔa dzidzɔ, vevietɔ ne míekpe ɖe amewo ŋu wova nyae.
8. Biblia me kpɔɖeŋu kae ɖe nu si tae wòhiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋu geɖe wu la fia?
8 Viɖe enelia si míekpɔna le ŋkeke la alo gaƒoƒo la manyamanya mee nye be ekpena ɖe mía ŋu míekana ɖe Yehowa dzi bliboe, eye wònana hã be míedzea agbagba vevie wɔa eƒe Nya la ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me. Nɔnɔme aɖe si ɖe dzesi le mí amegbetɔ madeblibowo ŋue nye be míedina be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokuiwo ŋu. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.” Eƒo nu tso Israel vi 23,000 siwo gbe toɖoɖo Yehowa eye woku do ŋgɔ teti na dukɔa ƒe Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi la ŋu. Paulo gblɔ be: “Nu siawo dzɔ . . . , eye woŋlɔ wo ɖi be woanye nuxɔxlɔ̃ na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.”—1 Kor. 10:8, 11, 12.
9. Aleke nɔnɔme sesẽwo ate ŋu adza mía ŋu ahana míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu?
9 Mɔ atɔ̃lia si nu ɣeyiɣi si nuwuwua ava manyamanya ɖea vi na mí lee nye be enaa míesrɔ̃a nu tso dodokpɔwo me eye míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse. (Mixlẽ Psalmo 119:71.) Nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo nye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” vavã. (2 Tim. 3:1-5) Ame geɖe lé fu mí le Satana ƒe xexea me, eya ta woate ŋu ati mía yome le míaƒe xɔse ta. (Yoh. 15:19; 16:2) Ne míebɔbɔ mía ɖokuiwo eye míedi Mawu ƒe mɔfiafia le dodokpɔɣi mawo me la, ana míaƒe xɔse naganyo wu eye wòagasẽ wu, abe ɖe wodza eŋu le dzo me ene. Míana ta o. Ke boŋ ana míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu ale si míesusui.—Yak. 1:2-4; 4:8.
10. Nu kae naa wòdzena abe ɖe ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba ene?
10 Ate ŋu awɔ na mí be ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba alo be ɣeyiɣia mele abla ɖem o. Ne míele dɔ aɖe wɔm vevie eye míele game kpɔm enuenu o la, ewɔna na mí be ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba ŋutɔ. Nenema kee, ne míaƒe ŋku biã ɖe dɔ si Yehowa de asi na mí la wɔwɔ ŋu la, ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ate ŋu ava kaba wu ale si míesusui. Amesiamina akpa gãtɔ ɖo kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe ɖi le esia gome. Mina míadzro nu si dzɔ esime woɖo Yesu zi dzi abe Fia ene le ƒe 1914 me megbe la me kpuie, ne míakpɔ ale si ame aɖewo nɔ ŋudzɔ eye bubuwo menɔ ŋudzɔ o ɖa.
AMESIAMINAWO NƆ DZADZRAÐOÐI
11. Le ƒe 1914 megbe la, nu ka tae amesiaminawo dometɔ aɖewo ƒo nya ta be Aƒetɔ la tsi megbe?
11 Ðo ŋku Yesu ƒe lododo siwo ku ɖe ɖetugbui leaƒeawo kple talentoawo ŋu la dzi. Ne ɖe ɖetugbuiawo alo kluviawo nya ɣeyiɣi si ŋugbetɔsrɔ̃ la alo aƒetɔ la ava la, mahiã be woanɔ ŋudzɔ o. Gake womenyae o, eya ta ehiã be woanɔ dzadzraɖoɖi. Togbɔ be amesiaminawo nɔ mɔ kpɔm hena ƒe geɖe be ƒe 1914 anye ƒe ɖedzesi aɖe hã la, womese nu si tututu adzɔ le ƒe ma me la gɔme nyuie o. Esi nuwo meva yi abe ale si wokpɔ mɔ nɛ ene o la, ate ŋu awɔ na wo abe ɖe Ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi megbe ene. Nɔviŋutsu aɖe ɖo ŋku edzi be, “Mía dometɔ ʋɛ aɖewo susu vevie be míele dziƒo yi ge le October [1914] ƒe kwasiɖa gbãtɔ me.”
12. Aleke amesiaminawo wɔ nuteƒe hedze aɖaŋui?
12 Wò ya bu ale si gbegbe wòate ŋu aɖe dzi le ame ƒoe ne wokpɔ mɔ be nuwuwua ava eye meva o ŋu kpɔ! Gakpe ɖe eŋu la, woti nɔviawo yome le Xexemeʋa I me. Gbeƒãɖeɖedɔa tɔ keŋkeŋ kloe. Ðeko wòwɔ abe ɖe amesiaminawo dɔ alɔ̃ ene. Gake le ƒe 1919 me la, ɣli aɖe ɖi be woanyɔ! Yesu va Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me, eye ɣeyiɣia de be wòalé ŋku ɖe nuwo ŋu. Ke hã ekpɔe be wo dometɔ aɖewo mewɔ nuteƒe o, eya ta mɔnukpɔkpɔ megasu wo si be woayi edzi akpɔ gome le Fia la ƒe ‘dɔa’ me o. (Mat. 25:16) Womenɔ ŋudzɔ o; wowɔ nu abe ɖetugbui bometsila siwo metsɔ ami bubu ɖe asi akɔ ɖe woƒe akaɖiawo me o la ene. Eye abe kluvi kuviatɔ la ene la, womedi be yewoatsɔ naneke asa vɔe ɖe Fiaɖuƒea ta o. Gake amesiaminawo dometɔ akpa gãtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi sesĩe eye wodi vevie be yewoasubɔ yewoƒe Aƒetɔ la le aʋawɔɣi sesẽawo gɔ̃ hã me.
13. Nɔnɔme kae kluvi ƒe haa ɖe fia le ƒe 1914 megbe teti, eye nɔnɔme kae woɖena fiana egbea?
13 Le ƒe 1914 megbe la, Gbetakpɔxɔ magazinea ƒo nu tso nɔnɔme si amesiaminawo dometɔ akpa gãtɔ ɖe fia ŋu ale: “Dzi meɖe le mí ame siwo si nɔnɔme nyui le ɖe Mawu ŋu la ƒo le Eƒe ɖoɖowo dometɔ aɖeke ta o. Míenɔ mɔ kpɔm be míawo ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu nava eme o; eya ta esi míekpɔe be nu siwo míenɔ mɔ kpɔm na le October, 1914, me la mesɔ o la, dzi dzɔ mí be Aƒetɔ la metrɔ Eƒe Ðoɖowo be woasɔ ɖe míaƒe didi nu o. Míedi be wòawɔe nenema o. Ðeko míedi be míase Eƒe ɖoɖowo kple tameɖoɖowo gɔme.” Aƒetɔ la ƒe amesiamina siwo li egbea la hã ɖea ɖokuibɔbɔ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme sia ke fiana. Womeƒua asi akɔ be gbɔgbɔ la ʋãa yewo o, gake woɖoe kplikpaa be yewoayi ‘dɔ’ si Aƒetɔ la de asi na yewo le anyigba dzi la dzi. Eye fifia, “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã aɖe,” siwo nye Kristotɔ siwo si anyigbadzimɔkpɔkpɔ le, la le woƒe ŋudzɔnɔnɔ kple dzonɔameme srɔ̃m.—Nyaɖ. 7:9; Yoh. 10:16.
MÍEÐENƐ FIANA BE MÍELE DZADZRAÐOÐI
14. Nu ka tae wònyo be míaɖo to kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe nufiafiawo?
14 Mawu tia kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yeƒe amewo. Abe ale si ko Kristotɔ amesiaminawo wɔna ɖe kluvi la ƒe nufiafiawo dzi ene la, ameha gã la me tɔ siwo le ŋudzɔ la hã wɔna nenema ke. Ðeko wòle abe ɖe wole ami dem woƒe akaɖiwo me ene. (Mixlẽ Psalmo 119:130; Yohanes 16:13.) Esia doa ŋusẽ wo, eye woawo hã woɖenɛ fiana be yewole dzadzraɖoɖi na Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ, eye woyia dɔ dzi vevie le dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake me. Le kpɔɖeŋu me, le Nazitɔwo ƒe gakpɔ aɖe me la, Biblia ɖeka pɛ koe nɔ nɔviawo si. Eya ta wodo gbe ɖa bia gbɔgbɔmenuɖuɖu bubuwo. Eteƒe medidi o, wosee be nɔviŋutsu aɖe si wolé va gakpɔa me yeyee la dze agbagba tsɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata yeye aɖewo de eƒe afɔ wɔwɔe la me va gakpɔa me. Agbetsilawo dometɔ ɖeka, si nye amesiamina, si woyɔna be Ernst Wauer la, ɖo ŋku edzi emegbe be: “Yehowa kpe ɖe mía ŋu le mɔ wɔnuku aɖe nu be míelé nya siwo doa ŋusẽ ame, siwo le nyatiawo me, la ɖe susu me.” Eyome egblɔ be: “Egbea la, ele bɔbɔe ŋutɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu nasu mía si, gake ɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ɣesiaɣia? Meka ɖe edzi be yayra geɖe le Yehowa si na ame siwo kana ɖe eyama dzi, siwo wɔa nuteƒe nɛ heɖua nu le eƒe kplɔ̃ ŋu la.”
15, 16. Aleke woyra atsu kple asi aɖe ɖe dzonɔameme si woɖe fia le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ta, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ mawo me?
15 Ameha gã la me tɔwo kpena ɖe Kristo nɔviwo ŋu ne wowɔa dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me. (Mat. 25:40) Womele abe kluvi vɔ̃ɖi kple kuviatɔ si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la ene o, ke boŋ wolɔ̃na faa wɔa dɔ sesĩe eye wotsɔa woƒe nuwo saa vɔe be yewoatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, esi wobia tso Jon kple Masako si be woaʋu ayi Kenya aɖakpe ɖe Chinagbedolawo ŋu la, womeka ɖe edzi be esɔ be yewoʋu ayi o. Gake esi wodo gbe ɖa hede ŋugble le woƒe nɔnɔmewo ŋu la, wotso nya me be yewoaʋu ayi ɖanɔ afi ma.
16 Wokpɔ yayra geɖe ŋutɔ. Wogblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le afi sia wɔ nuku ŋutɔ.” Wodze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame adre. Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo kplɔ ema ɖo. Wogblɔ kpee be: “Míedaa akpe na Yehowa gbe sia gbe be ekpe ɖe mía ŋu míeva le afi sia.” Le nyateƒe me la, nɔvi geɖewo li siwo ƒe nyametsotsowo ɖenɛ fiana be woɖoe kplikpaa be yewoanɔ geɖe wɔm le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me va se ɖe nuwuwu, eɖanye ɣeyiɣi ka kee nuwuwua ava o. Bu nɔvi akpe geɖe siwo wu Gilead Suku nu eye wole dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm la ŋu kpɔ. Ðe manyo be nàxlẽ nu tso subɔsubɔdɔ tɔxɛ sia ŋu le nyati si nye “Míewɔa Míaƒe Ŋutete Ðe Sia Ðe!” si dze le October 15, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me oa? Esi nèle nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedzi ma si ƒo nu tso nu si gbegbe dutanyanyuigblɔlawo wɔna le ŋkeke ɖeka dzi ŋu xlẽm la, de ŋugble tso mɔ siwo dzi nàte ŋu ato adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi hena Mawu ƒe kafukafu la ŋu, eye àkpɔ dzidzɔ geɖe le esia wɔwɔ me.
MIAWO HÃ MINƆ ŊUDZƆ
17. Aleke ŋkeke la alo gaƒoƒo la manyamanya nye yayra na mí?
17 Edze ƒãa be ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu dzi xexe sia awu enu la manyamanya nye yayra na mí. Esia metena ɖe mía dzi loo, alo ɖea dzi le mía ƒo o, ke boŋ enaa míetena ɖe Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame la, ŋu geɖe wu, esi míaƒe susu katã le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ta. Esi míena míaƒe asi kpɔtɔ le kodzia dzi le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye míeƒoa asa na susuhenuwo la, ewɔe be míele dzidzɔ geɖe kpɔm le míaƒe Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔa me.—Luka 9:62.
18. Nu ka tae míedi be míayi edzi awɔ nuteƒe le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me?
18 Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la le du dzi gbɔna. Mía dometɔ aɖeke medi be yeado ŋukpe Yehowa alo Yesu o. Wotsɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo de asi na mí le ŋkeke mamlɛ siawo me. Eye míedea asixɔxɔ ale si gbegbe woka ɖe mía dzii la ŋu ŋutɔ!—Mixlẽ 1 Timoteo 1:12.
19. Aleke míate ŋu aɖee afia be míele dzadzraɖoɖi?
19 Eɖanye agbenɔnɔ le dziƒo alo anyigba dzi Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, mina míaɖoe kplikpaa awɔ nuteƒe le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe dɔ si Mawu de asi na mí la me. Míenya ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu dzi Yehowa ƒe ŋkekea ava o, alo ɖe wòhiã be míanyaea? Míate ŋu anɔ ŋudzɔ fifia va se ɖe ɣemaɣi. (Mat. 24:36, 44) Míeka ɖe edzi be zi ale si míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye míetsɔa eƒe Fiaɖuƒea ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, míaɖu ŋukpe gbeɖe o.—Rom. 10:11.