Yehowa Ƒoa Eƒe Ame Kpɔdzidzɔwo Nu Ƒu
“Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro, siwo le wò duwo me la nu ƒu.”—5 MOSE 31:12.
1, 2. Nu kawoe míasrɔ̃ tso takpekpewo ŋu le nyati sia me?
ƑE GBOGBO aɖee nye esia Yehowa Ðasefowo ƒoa ƒu le dukɔwo dome takpekpewo kple nutome gã takpekpewo me. Mía dometɔ geɖe de takpekpe mawo ƒe ɖewo, alo ɖewohĩ wo dometɔ geɖe gɔ̃ hã, kpɔ.
2 Ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la, Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema la wɔa takpekpe kɔkɔewo. Míasrɔ̃ nu tso takpekpe aɖewo, siwo wowɔ do ŋgɔ na míaƒe ɣeyiɣia, siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu; míakpɔ nu siwo sɔ kple wo nɔewo le takpekpe mawo kple esiwo míewɔna egbea la me, eye míadzro nu si tae takpekpewo dede ɖea vi na mí la hã me.—Ps. 44:2; Rom. 15:4.
TAKPEKPE ÐEDZESIWO—BLEMATƆWO KPLE EGBETƆWO
3. (a) Nu kae ɖe dzesi le takpekpe gbãtɔ si Yehowa ƒe amewo wɔ, si ŋu nya woŋlɔ ɖe Biblia me, la ŋu? (b) Aleke woyɔa Israel viwo wova ƒoa ƒu ɖekae?
3 Takpekpe si Mawu ƒe amewo wɔ le Sinai Toa gbɔ lae nye takpekpe gã gbãtɔ si ŋu woƒo tsoe le Biblia me. Enye takpekpe ɖedzesi le tadedeagu dzadzɛa ƒe ŋutinya me vavã. Le wɔna wɔdɔɖeamedzi ma si eteƒekpɔla aɖeke maŋlɔ be gbeɖe o me la, Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia Israel viwo eye wòna eƒe Se la woamawo. (2 Mose 19:2-9, 16-19; mixlẽ 2 Mose 20:18; 5 Mose 4:9, 10.) Ƒomedodo tɔxɛ aɖe va nɔ Mawu kple Israel viwo dome tso ŋkeke ma dzi. Esia megbe la, eteƒe medidi o, Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe si dzi wòtona ƒoa eƒe dukɔ la nu ƒu. Ede se na Mose be wòatsɔ klosalo awɔ kpẽ eve, siwo woaku atsɔ aƒo “ha blibo la” nu ƒu ɖe “Mawu ƒe agbadɔ la nu.” (4 Mose 10:1-4) Dze agbagba nàkpɔ ale si wokpɔa dzidzɔe ne wova ƒo ƒu alea la le susu me ɖa!
4, 5. Nu ka tae takpekpe siwo Mose kple Yosua wɔ kple Israel viwo la ɖe dzesi ŋutɔ?
4 Le Israel viwo ƒe mɔzɔzɔ le gbeadzi ƒe 40 ƒe nuwuwu, si nye ɣeyiɣi vevi aɖe le Israel dukɔ yeye ma ƒe ŋutinya me la, Mose ƒo ehati Israel viwo nu ƒu. Wonɔ klalo na Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi. Ɣeyiɣia sɔ nyuie be Mose naɖo ŋku nu siwo katã Yehowa wɔ na wo kple nu siwo katã wɔ ge wòala na wo la dzi na nɔviawo.—5 Mose 29:1-15; 30:15-20; 31:30.
5 Ðewohĩ le takpekpe ma ke me la, Mose ƒo nu tso ɖoɖo si Mawu wɔ be yeƒe amewo nanɔ ƒu ƒom edziedzi hena yeƒe nufiamewo xɔxɔ la ŋu na wo. Le Sabat-ƒewo me, le Agbadɔŋkekenyuiɖuɣiwo la, wobia tso ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, kple amedzro siwo le Israel viwo dome la si be woaƒo ƒu ɖe teƒe si Yehowa tia ‘ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, eye woalé se la ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.’ (Mixlẽ 5 Mose 31:1, 10-12.) Eya ta edze ƒãa le Mawu ƒe amewo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze be ele be woanɔ ƒu ƒom edziedzi be woadzro Yehowa ƒe nya kple eƒe tameɖoɖowo me. Esi Israel viwo xɔ Ŋugbedodonyigba bliboa vɔ gake trɔ̃subɔdukɔwo gakpɔtɔ ƒo xlã wo la, Yosua ƒo Israel dukɔ blibo la nu ƒu kple taɖodzinu be yeado ŋusẽ wo woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Dukɔa ka atam gbe ma gbe be yewoasubɔ Mawu.—Yos. 23:1, 2; 24:1, 15, 21-24.
6, 7. Takpekpe ɖedzesi kawoe wowɔ le míaƒe ŋkekea me?
6 Egbea hã la, Yehowa ƒe amewo wɔa takpekpe ɖedzesiwo. Le takpekpe mawo me la, wonaa nyatakakawo tso tɔtrɔ siwo wowɔ le hakplɔɖoɖowo ŋu kple gɔmesese yeye siwo su mía si le mawunyakpukpui aɖewo ŋu la ŋuti. (Lod. 4:18) Takpekpe gã gbãtɔ si Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ le Xexemeʋa I megbe lae nye esi wowɔ le ƒe 1919 me le Cedar Point, Ohio, U.S.A. Nu ɖedzesi si yi edzi le takpekpe ma, si ame 7,000 de, mee nye be woɖe gbeƒãe be Mawu ƒe amewo adze agbagba vevie aɖe gbeƒã le xexe bliboa katã me. Le ƒe 1922 me, esime wowɔ ŋkeke asieke ƒe takpekpe aɖe le teƒe ma ke la, Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford ƒo nuƒo ʋãme aɖe eye wòde dzo yeye nyasela siwo nɔ to ɖom vevie la me ɖe dɔ sia ŋu esime wògblɔ be: “Mienye Aƒetɔ la ƒe ɖasefo nuteƒewɔla vavãwo. Miyi edzi miawɔ aʋa la va se ɖe esime Babilon ƒe akpa sia akpa nazu aƒedo keŋkeŋ. Mikaka gbedeasia ɖe didiƒe kple kpuiƒe. Ele be xexea me nanyae be Yehowa ye nye Mawu eye be Yesu Kristo ye nye fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ. Ŋkeke siae nye esi ƒo ɖe sia ɖe ta. Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe nyakakalawo. Eya ta miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe Fiaɖuƒe la.” Takpekpea valawo tsɔ dzo ɖe dɔa ŋu kple dzidzɔ, eye nenema kee Mawu ƒe ame siwo le xexea me godoo la hã wɔe.
7 Le Columbus, Ohio, le ƒe 1931 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo lɔ̃ ɖe edzi dzidzɔtɔe be woayɔ yewo be Yehowa Ðasefowo. Emegbe le ƒe 1935 me, le takpekpe si wowɔ le Washington, D.C. me la, Nɔviŋutsu Rutherford de dzesi ame siwo “ameha gã” si ŋuti woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be wole “tsitre ɖe fiazikpui la ŋkume kple Alẽvi la ŋkume” la nye. (Nyaɖ. 7:9-17) Le ƒe 1942 me, esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr ƒo nuƒo ʋãme si nye “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” Le nuƒo sia me la, ede dzesi nu si “lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ,” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 17, la le tsitre ɖi na, eye wòɖee fia be gbeƒãɖeɖedɔ geɖe agayi edzi le aʋaa megbe.
8, 9. Nu ka tae takpekpe aɖewo wɔ dɔ ɖe ame dzi etɔxɛ?
8 Takpekpe si gaɖe dzesi ŋutɔe nye Ƒe 1946 “Dukɔ Kpɔdzidzɔwo” Teokrasi Takpekpe si wowɔ le Cleveland, Ohio. Le takpekpe ma me la, Nɔviŋutsu Knorr ƒo nuƒo aɖe si ƒe tanyae nye “Xɔtutu Kple Kekeɖenudɔwo Ŋuti Kuxiwo.” Esi nɔviŋutsu aɖe si nɔ eteƒe la nɔ nu ƒom tso ale si nuƒoa wɔ dɔ ɖe nyaselawo dzii ŋu la, eŋlɔ bena: “Mɔnukpɔkpɔ su asinye menɔ emegbe le nuƒolanɔƒea fiẽsi ma, eye esi wònɔ nu ƒom tso dɔ si woawɔ ŋu eye wòƒo nu tso ɖoɖo siwo wowɔ ɖe Brooklyn Betel-ƒea kple agbalẽtaƒea kekeɖenudɔa ŋu la, nyasela gbogboawo ƒo asikpe ɣeyiɣi didi aɖe, wogaƒoe ake enuenu zi gbɔ zi geɖe. Togbɔ be ame aɖeke mate ŋu akpɔ ame ɖeka gɔ̃ hã adze sii le nyaselawo dome tso nuƒolanɔƒea o hã la, ele bɔbɔe be woade dzesi ale si gbegbe dzi nɔ wo dzɔmee.” Le dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le New York City le ƒe 1950 me la, nyaselawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi woxɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si nye egbegbe Eŋlisigbe me Biblia si me wogbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋlɔ ɖe afi si wòdze be wòanɔ le eƒe Nya la me la ƒe akpa gbãtɔ.—Yer. 16:21.
9 Wowɔ takpekpewo le dukɔ siwo me woti Yehowa Ðasefowo yome alo xe mɔ ɖe woƒe dɔa nu le hena ɣeyiɣi didi aɖe la hã me. Takpekpe mawo wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, Adolf Hitler ka atam be yeatsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo ɖa le Germany, gake le takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1955 me la, Ðasefo 107,000 ƒo ƒu ɖe teƒe si Hitler ƒe asrafowo kpea ta le tsã le Nuremberg. Vavalawo dometɔ geɖe fa avi, elabena wokpɔ dzidzɔ wòtso eme! Le “Mawusosroɖa” nutome gã takpekpe etɔ̃ siwo wowɔ le Poland le ƒe 1989 me la, Ðasefo gbogbo aɖewo siwo tso Soviet Union kple Czechoslovakia, siwo nɔ anyi ɣemaɣi, kpakple Ɣedzeƒe Europa dukɔwo me la nɔ vavala 166,518 la dome. Le wo dometɔ aɖewo gome la, emae nye zi gbãtɔ si wode kpekpe aɖe si me Mawu ƒe ame siwo ƒo ƒu la sɔ gbɔ wu ame 15 alo 20. Eye bu ale si gbegbe dzi anya dzɔ ame siwo de Ƒe 1993 “Mawu ƒe Nufiafia” Dukɔwo Dome Takpekpe si wowɔ le Kiev, Ukraine, esime wonyrɔ ame 7,402 sɔŋ, si nye ame agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si wonyrɔ le ŋkeke ɖeka dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya me, ŋu kpɔ.—Yes. 60:22; Hag. 2:7.
10. Takpekpe kawo dzie nèɖoa ŋkui vevie, eye nu ka tae?
10 Ðewohĩ ègakpɔtɔ ɖoa ŋku nutome gã takpekpe aɖe alo dukɔwo dome takpekpe aɖe si nède kpɔ la dzi kokoko. Èɖo ŋku takpekpe gbãtɔ si nède alo esi me nèxɔ nyɔnyrɔ le la dzia? Esiawo nye nudzɔdzɔ vevi aɖewo siwo teƒe nèkpɔ le wò tadedeagu na Yehowa me, eye mele be nàŋlɔ wo be gbeɖe o. Na woanye ŋkuɖodzi veviwo na wò!—Ps. 42:5.
TAKPEKPE SIWO MÍEWƆNA EDZIEDZI SIWO ME MÍEKPƆA DZIDZƆ LE
11. Ŋkekenyui kawo ɖuƒee Mawu bia tso blema Israel viwo si be woade ƒe sia ƒe?
11 Yehowa bia tso Israel viwo si be woaƒo ƒu ɖe Yerusalem hena ŋkekenyui etɔ̃ ƒe sia ƒe—woawoe nye Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui, Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui (si wova yɔ emegbe be Pentekoste), kple Agbadɔŋkekenyui. Mawu de se na wo le ŋkekenyui siawo ŋu be: “Wò ŋutsuwo katã nava Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkume zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.” (2 Mose 23:14-17) Esi ƒome ƒe ta geɖewo kpɔ ale si ŋkekenyui siawo le vevie le woƒe tadedeagu na Yehowa me dze sii ta la, wokplɔa woƒe ƒome bliboa yia ŋkekenyui mawo ɖuƒe.—1 Sam. 1:1-7; Luka 2:41, 42.
12, 13. Nu kae mɔzɔzɔ ayi ŋkekenyuiwo ɖuƒe ƒe sia ƒe biana tso Israel viwo si?
12 Bu nu si gbegbe wòbiana tso Israel viwo ƒe ƒomewo si be woazɔ mɔ mae ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yosef kple Maria zɔa mɔ kilometa 100 tso Nazaret yia Yerusalem; yiyi dzaa koe nye ema. Bu eŋu kpɔ, ne wòahiã be nàto afɔ azɔ mɔ ma ahakplɔ ɖevi suewo ɖe asi la, ɣeyiɣi didi kae nèsusu be mɔzɔzɔa axɔ? Ŋutinya si gblɔ be wokplɔ Yesu yi Yerusalem esime wònye ɖevi la ɖee fia be ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo tea ŋu zɔa mɔa le ƒuƒoƒo me. Bu ale si nɔnɔmea anya nɔ na wo be woazɔ mɔ ɖekae, aɖa nu ɖekae ahawɔ ɖoɖo ɖekae ɖe afi si sɔ nyuie be woamlɔ ŋu le nuto siwo womenya nyuie o la me ŋu kpɔ. Ke hã teƒeawo nɔ dedie ale gbegbe be wona ablɔɖe Yesu ƒe 12 vi la va se ɖe afi aɖe ya teti. Womaŋlɔ ŋkekenyui siawo be gbeɖe o, vevietɔ ɖeviawo!—Luka 2:44-46.
13 Tso esime Israel viwo kaka ɖe dukɔ bubuwo dome la, ame siwo vaa ŋkekenyuiwo ɖuƒe la tsoa dukɔ geɖewo me. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi la, Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la zɔ mɔ tso Italia, Libia, Kreta, Asia Sue, kple Mesopotamia yi Yerusalem.—Dɔw. 2:5-11; 20:16.
14. Aleke ŋkekenyuiɖuƒe siwo Israel viwo dena ƒe sia ƒe la ɖea vi na woe?
14 Nu si nɔa vevie hedoa dzidzɔ na Israel vi wɔnuteƒewo wu le mɔ siawo tɔgbi zɔzɔ mee nye ale si wodea ta agu na Yehowa aduadui kple wo nɔvi akpe geɖe siwo hã lɔ̃e la. Aleke ame siwo dea teƒe siawo la sena le wo ɖokuiwo me? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le mɔfiame siwo Yehowa na eƒe dukɔa ku ɖe Agbadɔŋkekenyuia ŋu la me; egblɔ be: “Mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyui la dzi. Ŋkeke adre sɔŋ nàɖu ŋkekenyui na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia; elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nu siwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nàkpɔ dzidzɔ wòatso me.”—5 Mose 16:14, 15; mixlẽ Mateo 5:3.
NU KA TAE WÒLE BE MÍADE ASIXƆXƆ TAKPEKPE SIWO MÍEWƆNA EGBEA ŊU?
15, 16. Nu kawoe wòhiã be nàtsɔ asa vɔe hafi ate ŋu ade takpekpewo? Nu ka tae agbagbadzedze ma ɖea vi?
15 Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi takpekpe siwo wowɔna le blema la nye na Mawu ƒe amewo egbea! Togbɔ be wowɔ asitɔtrɔ geɖe le takpekpeawo ŋu le ƒe alafa geɖe siwo va yi me hã la, nu si le vevie wu le wo ŋu ya metrɔ o. Le blema la, ele be takpekpea delawo natsɔ nu geɖewo asa vɔe hafi ate ŋu adee. Nenema kee ame geɖe wɔnɛ egbea hã. Ke hã agbagbadzedze alea ɖea vi geɖe. Takpekpe siawo nye tadeaguwɔna vevi aɖewo le blema, eye nenema kee wogale egbea hã. Le takpekpe siawo me la, wonaa nyatakaka kple nugɔmesese siwo míehiã vevie be ƒomedodo kplikplikpli nayi edzi anɔ mía kple Mawu dome la mí. Takpekpewo dede dea dzi ƒo na mí be míawɔ nu siwo míesrɔ̃ la ŋu dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, wokpena ɖe mía ŋu be míaƒo asa na kuxiwo, eye wodea dzi ƒo na mí be míayi edzi ati taɖodzinu siwo ana míakpɔ dzidzɔ le agbe me, ke menye nu siwo aɖe dzi le mía ƒo o, la yome.—Ps. 122:1-4.
16 Ɣesiaɣi si amewo de takpekpewo la, wokpɔa dzidzɔ. Nyatakaka aɖe si ku ɖe takpekpe gã aɖe si wowɔ le ƒe 1946 me ŋu la gblɔ be: “Enye dzidzɔ geɖe be nàkpɔe be ɖasefo akpe geɖewo nɔ anyi le dziɖeɖi me, eye esi gadoa dzidzɔ na ame geɖe wue nye be nàsee haƒoha gã aɖe nanɔ ha ƒom esime hadzila gbogboawo le ha dzim ale be Fiaɖuƒeha viviawo naɖi nyuie hena Yehowa ƒe kafukafu.” Nyatakakaa yi edzi be: “Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea kpɔ dɔwɔlawo tso vavalawo dome be woawɔ dɔ le dɔdzikpɔƒeawo katã; wotsɔ wo ɖokuiwo na faa le dzidzɔ si woakpɔ le wo hati ɖasefowo subɔsubɔ me ko ta.” Ðe wò hã èse vivi le nutome gã takpekpewo alo dukɔwo dome takpekpewo me nenema kpɔa?—Ps. 110:3; Yes. 42:10-12.
17. Aleke wotrɔ asi le ale si wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpewo ŋui la ŋu le ƒe ʋɛ siwo va yi me?
17 Nanewo trɔ le ale si wowɔa ɖoɖo ɖe takpekpewo ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo ɖoa ŋku ɣeyiɣi si me takpekpewo xɔa ŋkeke enyi la dzi! Ɣemaɣi la, wowɔa takpekpeawo ŋdi, ŋdɔ, kple fiẽ siaa. Gbeadzisubɔsubɔdɔa hã nyea ɖoɖowɔɖia ƒe akpa aɖe ɣesiaɣi. Wodzea ɖoɖowɔɖia ƒe akpa ʋɛ aɖewo gɔme ŋdi ga asieke, eye zi geɖe la, eyia edzi va se ɖe zã ga asieke. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔa dɔ sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe heɖaa ŋdi, ŋdɔ, kple fiẽ nuɖuɖu na vavalawo. Fifia la, ŋkeke ʋɛ aɖewo koe takpekpewo xɔna, eye ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo ŋutɔwoe ɖaa nu tso aƒe me hafi vaa takpekpeawo, ale be woate ŋu akpɔ asinu alé to ɖe takpekpeawo me nya siwo nyia mí le gbɔgbɔ me la ŋu geɖe wu.
18, 19. Takpekpewo ƒe akpa kae nèkpɔa mɔ na vevie, eye nu ka tae?
18 Ðoɖowɔɖia ƒe akpa aɖewo li, siwo míekpɔa mɔ na vevie le míaƒe takpekpewo me ɣesiaɣi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Le kpɔɖeŋu me, míexɔa ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ le nuƒoawo kple agbalẽ yeye siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Bible me nyagblɔɖiwo kple nufiafiawo gɔme nyuie wu la me. (Mat. 24:45) Zi geɖe la, agbalẽ yeye mawo kpena ɖe ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo ŋu vavã la ŋu. Drama ʋãme siwo wotu ɖe Biblia ŋutinyawo dzi la dea dzi ƒo na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woadzro woƒe dzimedidiwo me eye woanɔ ŋudzɔ be xexe mavɔ̃mawua ƒe nuŋububuwo nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Nenema kee nyɔnyrɔxɔnuƒoa hã naa mɔnukpɔkpɔ mí katã be míagbugbɔ adzro nu siwo míebua nu veviwoe le agbe me la me eye ame geɖe siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe kpɔkpɔ doa dzidzɔ na mí.
19 Ɛ̃, takpekpewo wɔ akpa vevi aɖe le tadedeagu dzadzɛa me ƒe akpe geɖee nye esia. Wokpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ahawɔ nuteƒe na Yehowa le ɣeyiɣi sesẽwo me, eye wodea dzi ƒo na mí be míawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. Wonaa mɔnukpɔkpɔ sua mía si míedzea xɔlɔ̃ yeyewo eye wokpena ɖe mía ŋu míegakpɔa ŋudzedze ɖe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu geɖe wu. Takpekpewo nye mɔ vevi aɖe si dzi Yehowa tona yraa eƒe amewo heléa be na wo. Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖoe kplikpaa be yeakpɔ egbɔ be takpekpe aɖeke, alo eƒe akpa aɖeke gɔ̃ hã, nagato ye ŋu o.—Lod. 10:22.