INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 10/1 axa 16-17
  • Ðe Nàte Ŋu Anɔ Agbe Tegbeea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàte Ŋu Anɔ Agbe Tegbeea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Anɔ Agbe Tegbee?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Míate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ðe Míate Ŋu Anɔ Agbe Mavɔ Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mawu Ƒe Ŋutifafa Xexeme Yeyea—Àte Ŋu Anɔ Eme
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 10/1 axa 16-17

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Ðe Nàte Ŋu Anɔ Agbe Tegbeea?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Nu ka tae wòdze abe míaƒe agbenɔƒewo le kpuie?

A tortoise

Klo aɖewo nɔa agbe ƒe 150, eye ati aɖewo nɔa anyi ƒe 3,000 sɔŋ. Ke amegbetɔwo ƒe agbenɔƒewo ya le ʋɛ wu kura. Gake viɖe ate ŋu anɔ míaƒe agbe ŋu wu ale si wòle le nuwɔwɔ mawo gome. Yehowa Mawu na ŋutete amegbetɔwo be woate ŋu ase vivi na haƒoƒo, kamedefefewo, nuɖuɖu, nusɔsrɔ̃, mɔzɔzɔ kpakple hadede kple ame bubuwo. Mawu de agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi míaƒe dzi me.—Xlẽ Nyagblɔla 3:11.

2. Ðe míate ŋu anɔ agbe tegbee vavã?

Yesu le ŋutsu aɖe fɔm tso ku me

Yehowa li tegbee. Mekuna o. Eyae nye Agbedzɔtsoƒe la, eya ta ate ŋu ana agbe mavɔ ame bubuwo. (Psalmo 36:10; Xabakuk 1:12) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edo ŋugbe be yeana ame siwo ɖoa to ye la nanɔ agbe tegbee. Ana ame siwo ku amegã la nagava nɔ abe ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo ene.—Xlẽ Hiob 33:24, 25; Yesaya 25:8; 33:24.

Yesu to eƒe nukunuwo wɔwɔ dzi ɖee fia be míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Mawu do be míava nɔ agbe tegbee ahanɔ lãmesẽ nyui me la dzi. Yesu da dɔléle ƒomevi vovovowo, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Xlẽ Luka 7:11-15, 18, 19, 22.

3. Ɣekaɣie ŋugbedodo si nye be woanɔ agbe tegbee la ava eme?

Paradisonyigba dzie Mawu di be míanɔ agbe tegbee le, ke menye xexe si me teteɖeanyi kple ŋutasesẽ xɔ aƒe ɖo o. Edi be míanɔ dedie. (Psalmo 37:9, 29; Yesaya 65:21, 22) Woafɔ ame kuku miliɔn geɖe ɖe tsitre le ɣeyiɣi si me wole anyigba dzram ɖo be wòazu Paradiso. Ame siwo wofɔ ɖe tsitre siwo asubɔ Mawu ahawɔ eƒe gbe dzi la anɔ agbe tegbee.—Xlẽ Luka 23:42, 43; Yohanes 5:28, 29.

4. Aleke míawɔ anɔ agbe tegbee?

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm

Agbagbadzedze be naÌnya Mawu nyuie aɖe vi geɖe na wò

Mawu koe ate ŋu ana míakpɔ agbe mavɔ. Eya ta anyo ŋutɔ be míate ɖe Mawu ŋu to nusɔsrɔ̃ tso eŋu me. Biblia tsɔ sidzedze Mawu sɔ kple nuɖuɖu. (Mateo 4:4) Míesea vivi na nuɖuɖu, ke hã nuɖuɖu didi kple eɖaɖa bia agbagbadzedze. Nenema kee nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu hã bia agbagbadzedze. Ke hã, ɖe nane gali si nyo wu tete ɖe Mawu ŋu bene míakpɔ agbe mavɔa?—Xlẽ Luka 13:23, 24; Yohanes 6:27; 17:3.

Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe