INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 4/1 axa 3
  • Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Viɖe Anɔ Míaƒe Agbe Ŋu​—Ne Míesrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Agbe Si Ŋu Viɖe Le Tso Fifia Yi Mavɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Yesu​—Nu Si Na Viɖe Nɔ Eƒe Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nu Ka Tae Wòdze Abe Ðe Viɖe Mele Agbea Ŋu O Ene?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 4/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI: ÀTE ŊU ANƆ AGBE SI ŊU VIÐE LE

Ðe Viɖe Le Agbea Ŋu Vavã?

“Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒãa la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye [woƒe] adegbeƒonu.”​—Psalmo 90:10.

ALEKE gbegbe nya mawo nye nyateƒee nye esi! “Fuɖename kple hiã” xɔ aƒe ɖe xexe sia me ŋutɔ. Ðewohĩ èbia ɖokuiwò kpɔ be, ‘Ðe ame aɖe ate ŋu akpɔ dzidzeme le agbe me vavã?’

Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ ɖe Maria dzi ŋu kpɔ. Enye ame si ŋu ŋusẽ nɔ si tea ŋu wɔa nu sia nu le eɖokui si, gake fifia esi wòxɔ ƒe 84 la, etsi teƒe ɖeka. Eƒe susu ya le te, gake ɖeɖi te eƒe ŋutilã ŋu. Ðe wòanya wɔ be wòagase vivi na agbea?

Ke wò ya ɖe? Anɔ eme be èbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe viɖe le yeƒe agbe ŋu hã. Ðewohĩ dɔ si nèwɔna la nye nu ɖeka wɔwɔ atraɖii, etea ɖeɖi ŋuwò, eye wòtia wò hã. Anɔ eme be amewo medea dzesi wò agbagbadzedzewo gɔ̃ hã o. Ne èkpɔ dzidzedze aɖe si nu le agbe me gɔ̃ hã la, ɖewohĩ ètsia dzi ɖe wò etsɔme ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be nàtsi akogo alo nu nate ɖe dziwò. Masɔmasɔwo kple dzre ate ŋu anɔ wò ƒomea me. Alo ɖewohĩ wò ame vevi aɖe ku. Le kpɔɖeŋu me, tsi metoa ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye André kple fofoa dome o, ke hã fofoa va dze dɔ heku kpata. Esia gbã dzi na André ale gbegbe be wòse le eɖokui me be yeƒe blanuilélea nu mayi akpɔ o.

Xaxa ka ke me tom míeɖale o, nya aɖe li si wòhiã vevie be míakpɔ ta na: Ðe viɖe le agbea ŋu vavã? Ŋutsu aɖe si nɔ agbe ƒe 2,000 aɖewoe nye esi va yi la ƒe agbemeŋutinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia—ŋutsu lae nye Yesu Kristo. Togbɔ be Yesu to nɔnɔme sesẽ geɖewo me hã la, enɔ agbe si ŋu viɖe le vavã. Aleae wòanɔ na míawo hã ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe