INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 9/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Be Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Kpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Alesi Woawɔ Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖe Me
    Nyɔ!—2006
  • Na Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke Eye Dzidzɔ Nanɔ Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 9/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu kae srɔ̃tɔwo awɔ be woakpɔ dzidzɔ?

Aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso. Ale si míatu nɔnɔme nyui siwo nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me ɖo la ƒe mɔfiamewo le Biblia me, eye exlɔ̃a nu mí tso nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu la ŋu. Mɔ nyuitɔ si nu wòle be srɔ̃tɔwo naƒo nu na wo nɔewo le be dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me hã le eme.​—Xlẽ Kolosetɔwo 3:8-10, 12-14.

Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo nade bubu kple asixɔxɔ wo nɔewo ŋu. Ne wo ame evea siaa lɔ̃ faa wɔ akpa si Mawu di be woawɔ le srɔ̃ɖeɖea me la, woakpɔ dzidzɔ.​—Xlẽ Kolosetɔwo 3:18, 19.

Nu kae nana srɔ̃ɖeɖe lia ke?

Ne srɔ̃tɔwo lɔ̃ wo nɔewo la, woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa. Mawu fiaa ale si míalɔ̃ amee la mí. Woa kple Via, Yesu, woɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le ale si míalɔ̃ mía nɔewo ɖokuitɔmadimaditɔe la ŋu.​—Xlẽ 1 Yohanes 4:7, 8, 19.

Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo bua srɔ̃ɖeɖe be Mawu ƒe ɖoɖoe wònye eye wodea bubu eŋu la, woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa. Ðe Mawu ɖoe be ne ŋutsu kple nyɔnu woɖe wo nɔewo la, woanɔ wo nɔewo gbɔ ɖaa ale be ƒomewo nanɔ dedie. Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu anɔ anyi ɖaa, elabena ɖe Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu wosɔ nyuie be woakpe ɖe wo nɔewo ŋu eye woafa akɔ na wo nɔewo. Ewɔ wo ɖe eƒe nɔnɔme nu hã, si fia be ena ŋutete wo be woasrɔ̃ yeƒe lɔlɔ̃.​—Xlẽ 1 Mose 1:27; 2:18, 24.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 14 me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe