INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb21 January axa 5
  • Kpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be Yeagblẽ
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Le Srɔ̃kpekpea Vɔ Megbe
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
mwb21 January axa 5
Ŋutsu aɖe nɔ anyi ɖe srɔ̃a gbɔ eye wole nu nyam ɖekae kple dzidzɔ.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Kpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta

Yehowa bua srɔ̃ɖetamkaka ŋkubiãnyae. Egblɔ be ele be ŋutsu kple srɔ̃a naku ɖe wo nɔewo ŋu. (Mt 19:5, 6) Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me. Ke hã, srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo o. Kuxiwo te ŋu doa mo ɖa. Mele be míasusui be kaklã alo srɔ̃gbegbee akpɔ kuxiawo gbɔ abe ale si ame geɖe susunɛ ene o. Aleke srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu akpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea ta?

Bu mɔ vevi atɔ̃ siawo ŋu kpɔ.

  1. Ƒo asa na ahiãmoɖoɖo kple modzakaɖeɖe siwo me woɖea gbɔdɔnuwɔnawo le be nàkpɔ wò dzi ta, elabe nu siawo gblẽa srɔ̃ɖeɖe me.—Mt 5:28; 2Pe 2:14.

  2. Na wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli, eye nàna didi si le mewò be yeana yeƒe srɔ̃ɖeɖea nadze eŋu la nu nasẽ ɖe edzi.—Ps 97:10.

  3. Yi edzi nàdo amenyenye yeyea, eye nàwɔ nu suesuesue aɖewo atsɔ anyo dɔme na srɔ̃wò be agbea nanɔ bɔbɔe nɛ vie wu.—Kol 3:8-10, 12-14.

  4. Ðo dze tuameɖowo kple srɔ̃wò le bubu me.—Kol 4:6.

  5. Na srɔ̃nua le lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu me.—1Ko 7:3, 4; 10:24.

Kristotɔ siwo dea bubu woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋua le bubu dem Yehowa, ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyia ŋu.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ELE BE ‘MÍATSƆ DZIDODO ANƆ DUÐIMEKEKEA DZI’—WƆ ÐE HOƲIƲLIA ƑE SEWO DZI, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Foto si tso video si nye ‘Ele Be ‘Míatsɔ Dzidodo Anɔ Duɖimekekea Dzi’—Wɔ Ðe Hoʋiʋlia Ƒe Sewo Dzi’ me. Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Agbanyo le alɔgbɔnu kom le Fiaɖuƒe Akpata me esi woƒo woƒe srɔ̃ɖenuƒoa vɔ.

    Ne srɔ̃ɖeɖe dze egɔme nyuie hãa, kuxi kawoe ate ŋu ava do mo ɖa?

  • Foto si tso video si nye ‘Ele Be ‘Míatsɔ Dzidodo Anɔ Duɖimekekea Dzi’—Wɔ Ðe Hoʋiʋlia Ƒe Sewo Dzi’ me. Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Agbanyo le nu ƒom tso woƒe kuxiwo ŋu le dzigbɔɖi me. Woʋu Biblia da ɖe kplɔ̃a dzi.

    Aleke Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ame siwo se le wo ɖokui me be lɔlɔ̃ megale yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me o ŋu?

  • Foto si tso video si nye ‘Ele Be ‘Míatsɔ Dzidodo Anɔ Duɖimekekea Dzi’—Wɔ Ðe Hoʋiʋlia Ƒe Sewo Dzi’ me. Nɔviŋutsu Agbanyo le ‘Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo’ xlẽm na srɔ̃a kple vianyɔnuvi eveawo.

    Wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi be dzidzɔ nanɔ wò srɔ̃ɖeɖea me

    Se kawoe Yehowa de ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

  • Nu kae wòle be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ be srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe