INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 10/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mɔkpɔkpɔ Aɖe Li Na Kukuawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Kae Nye Tsitretsitsi La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 10/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe kukuawo agagbɔ agbea?

Ku le ko abe alɔ̃dɔdɔ ene le mɔ sia nu be kukuawo meganya neneke o, eye womate ŋu awɔ naneke hã o. Ke hã Ame si gbɔ agbe dzɔ tso la agate ŋu afɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. Mawu ɖo kpe esia dzi esi wòna ŋusẽ Yesu wòtsɔ fɔ ame vovovo siwo ku la ɖe tsitre.​—Xlẽ Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11, 43, 44.

Gɔmesese ka nue ku le abe alɔ̃dɔdɔ ene le?

Mawu do ŋugbe be yeafɔ ame siwo ku, siwo yemaŋlɔ be gbeɖe o la ɖe tsitre woava nɔ agbe le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me. Ele be ame siwo Mawu afɔ ɖe tsitre la nanɔ lalam va se ɖe esime wòava gbɔ agbe wo. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la le didim vevie be yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ afɔ ame kukuwo ɖe tsitre.​—Xlẽ Hiob 14:14, 15.

Aleke tsitretsitsia anɔ?

Ne Mawu fɔ amewo ɖe tsitre la, woakpɔ wo ɖokuiwo adze sii, eye woakpɔ wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo hã adze sii. Togbɔ be ame ƒe ŋutilã nyunyɔna ne eku hã la, Mawu agate ŋu agbɔ agbee ahana ŋutilã yeyee.​—Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:35, 38.

Ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ ʋɛ aɖewo anɔ agbe le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 20:6) Ame akpa gãtɔ anɔ agbe le paradiso si woagbugbɔ aɖo anyi ɖe anyigba dzi la me. Ame siawo agadze agbea gɔme yeyee, eye mɔnukpɔkpɔ anɔ ʋuʋu ɖi na wo be woanɔ agbe tegbee.​—Xlẽ Psalmo 37:29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 6 kple 7 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe